Ŋuʋaʋã Ðe Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛ La Nu
“Yehowa enye ŋuʋãla, eƒe ŋkɔe nye Mawu ŋuʋãla.”—MOSE II, 34:14.
1. Nukae nye Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔ, eye aleke wòdo ƒome kple eƒe ŋuʋaʋãe?
YEHOWA yɔ eɖokui be “Mawu ŋuʋãla.” Ðewohĩ awɔ mo yaa na wò, elabena susu vɔ̃ɖiwo ŋue wozãa nya “ŋuʋaʋã” ɖo. Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃e nye Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔ. (Yohanes I, 4:8) Eyata ŋuʋaʋã ƒe seselelãme ɖesiaɖe si anɔ eme la ahe nyui vɛ na ameƒomea. Le nyateƒe me la, míava kpɔe be Mawu ƒe ŋuʋaʋã hiã bene ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ xexeame.
2. Mɔ siwo nu woɖea Hebrigbe me nya siwo wozã na “ŋuʋaʋã” gɔme la dometɔ aɖewo ɖe?
2 Hebrigbe me nya siwo do ƒome kple “ŋuʋaʋã” la dze zi 80 kple edzivɔ le Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Yehowa Mawu ŋue nya siawo ƒe afã kloe ku ɖo. G. H. Livingston ɖe eme be: “Ne wozã ŋuʋaʋã ɖe Mawu ŋu la, mefiaa seselelãme gbegblẽ o, ke boŋ efia tɔ tete ɖe tadedeagu na Yehowa ɖeka ko dzi.” (The Pentateuch in Its Cultural Environment) Eyata New World Translation Biblia la ɖea Hebrigbe me ŋkɔnya la gɔme ɣeaɖewoɣi be “tɔ tete ɖe eya ɖeka ko subɔsubɔ dzi.” (Xezekiel 5:13) Egɔmeɖeɖe bubu siwo hã sɔe nye “ŋusẽnuwɔwɔ” alo “dzonɔameme.”—Psalmo 79:5; Yesaya 9:7, NW.
3. Mɔ kawo nue woate ŋu aʋa ŋu nyuie le ɣeaɖewoɣi?
3 Wowɔ amegbetɔ hede ŋuʋaʋã ƒe seselelãme eme, gake ameƒomea ƒe nuvɔ̃medzedze gblẽ ŋuʋaʋã dome. Gake amegbetɔ ƒe ŋuʋaʋã ate ŋu ana woawɔ nu nyui. Ate ŋu aʋã ame wòakpɔ eƒe lɔlɔ̃tɔ ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, amegbetɔwo ate ŋu aʋã ŋu ɖe Yehowa kple eƒe tadedeagu nu. (Fiawo I, 19:10) Be ŋuʋaʋã ɖe Yehowa nu ƒe gɔmesese nyuitɔ nadze nyuie la, woate ŋu aɖe Hebrigbe me ŋkɔnya la gɔme be ‘mɔmaɖemaɖe be woagasubɔ nu bubu’ akpe ɖe ye ŋu o.—Fiawo II, 10:16.
Sikanyivi La
4. Ŋuʋaʋã nyui ŋuti sedede kae ɖe dzesi le Se si Mawu de na Israel la me?
4 Ŋuʋaʋã nyui ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye nusi dzɔ esi Israel-viwo xɔ Sea le Sinai Toa gbɔ megbe. Woxlɔ̃ nu wo enuenu be womegade ta agu na mawu siwo nye amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo o. Yehowa gblɔ na wo be: “Nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu [alo, (dzonɔamemetɔ) “Mawu si dina be woasubɔ ye ɖeka ko; Mawu si meɖea mɔ be woasubɔ nu bubu o” ye] menye.” (Mose II, 20:5, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ; tsɔe sɔ kple Mose II, 20:22, 23; 22:20; 23:13, 24, 32, 33.) Yehowa bla nu kple Israel-viwo eye edo ŋugbe na wo be yeayra wo ahakplɔ wo ayi Ŋugbedodonyigba la dzi. (Mose II, 23:22, 31) Eye dukɔa gblɔ be: “Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe, eye míalé eme ɖe asi!”—Mose II, 24:7.
5, 6. (a) Nuvɔ̃ gã kae Israel-viwo wɔ esi woƒu asaɖa anyi ɖe Sinai Toa gbɔ? (b) Aleke Yehowa kple esubɔla nuteƒewɔlawo ɖe ŋuʋaʋã nyui fia le Sinai-toa gbɔe?
5 Gake eteƒe medidi o Israel-viwo wɔ nuvɔ̃ ɖe Mawu ŋu. Sinai Toa gbɔ koe woganɔ. Mose yi toa dzi eye enɔ afima ŋkeke geɖe henɔ mɔfiafia bubuwo xɔm tso Mawu gbɔ, eye dukɔa ƒo nya ɖe Mose nɔvi Aron nu be wòawɔ mawu na yewo. Aron lɔ̃ ɖe edzi eye wòtsɔ sika si dukɔa tsɔ vɛ la wɔ nyivii. Wogblɔ be legba sia xɔ ɖe Yehowa teƒe. (Psalmo 106:20) Le ŋkeke eveagbe la, wosa vɔwo eye “wode ta agu nɛ.” Emegbe ‘wode asi fefe me.’—Mose II, 32:1, 4, 6, 8, 17-19.
6 Mose ɖi tso toa dzi esime Israel-viwo nɔ azã ɖum. Esi wòkpɔ ŋukpenanu si wowɔ la, egblɔ be: “Amesi ke le Yehowa dzi, neva gbɔnye afi!” (Mose II, 32:25, 26) Lewi-viwo ƒo ƒu ɖe Mose gbɔ, eye egblɔ na wo be woata yi ahawu trɔ̃subɔla vɔ̃ɖiawo. Lewi-viwo ɖe woƒe ŋuʋaʋã ɖe Mawu ƒe tadedeagu dzadzɛ nu fia hewu wo nɔvi fɔɖila siwo ade ame 3,000. Yehowa gaɖo kpe wɔna sia dzi esi wòna dɔvɔ̃ dze amesiwo tsi agbe la dzi. (Mose II, 32:28, 35) Emegbe Mawu gade sea be: “Megade ta agu na mawu bubuwo o, elabena Yehowa enye ŋuʋãla, eƒe ŋkɔe nye Mawu ŋuʋãla.”—Mose II, 34:14.
Baal-Peor
7, 8. (a) Aleke Israel-vi geɖe va subɔ trɔ̃ si nye Baal-Peor vɔ̃ɖitɔe? (b) Aleke wòdzɔe hafi dɔvɔ̃ si tso Yehowa gbɔ la nu tso?
7 Ƒe 40 megbe esi wòsusɔ vie Israel-dukɔa nage ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Moab kple Midian nyɔnu dzetugbewo ble Israel-vi geɖe nu be woava ne yewoawɔ amedzro na wo. Ðe wòle be ŋutsu siawo nagbe hadede kplikplikpli kple alakpamawuwo ƒe tadeagulawo hafi. (Mose II, 34:12, 15) Gake woƒu du abe ‘nyitsu siwo wokplɔ yina wuwu ge’ ene eye wova wɔ matre kple nyɔnuawo hewɔ ɖeka kpli wo de ta agu na Baal-Peor.—Lododowo 7:21, 22; Mose IV, 25:1-3.
8 Yehowa na dɔvɔ̃ wu amesiwo kpɔ gome le gbɔdɔdɔ ƒe tadedeagu vlo sia me. Mawu de se hã na Israel-vi maɖifɔwo be woawu wo nɔvi fɔɖilawo. Simri si nye Israel-megã aɖe ƒe vi la do dzi wɔ nu aglãdzedzetɔe hekplɔ Midian-fiavinyɔnu aɖe yi eƒe agbadɔ me be yeava dɔ kplii. Esi nunɔla Pinehas si vɔ̃a Mawu la kpɔ esia la, ewu agbegbegblẽnɔla eveawo. Tete dɔvɔ̃ la nu tso eye Mawu gblɔ be: “Pinehas . . . enye amesi na nye dɔmedzoe nu fa ɖe Israel-viwo ŋu, elabena eʋã ŋu ɖe nunye le wo dome; eyaŋuti nyemeʋã ŋu tsrɔ̃ Israel-viwo o.” (Mose IV, 25:11) Togbɔ be wokpɔ dukɔa ta eye wometsrɔ̃ wo o hã la, Israel-vi 23,000 ya teti ku. (Korintotɔwo I, 10:8) Wobu mɔkpɔkpɔ si ŋu wodo vivi ɖo ɣeyiɣi didi aɖe be woage ɖe Ŋugbedodonyigba dzi la.
Enye Nuxlɔ̃ame
9. Nukae dzɔ ɖe Israel kple Yuda tɔwo dzi le esi womeʋã ŋu ɖe Yehowa ƒe tadedeagu vavãtɔ ŋu o ta?
9 Nublanuitɔe la, eteƒe medidi hafi Israel-viwo ŋlɔ nufiame siawo be o. Womeʋã ŋu ɖe Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛ la nu o. “Wotsɔ woƒe nuxeƒewo do dziku nɛ, eye woƒe legbawo wotsɔ do [adã na Mawu].” (Psalmo 78:58) Nusi do tso emee nye be Yehowa ɖe mɔ Asiriatɔwo kplɔ Israel-to ewo yi aboyo me le ƒe 740 D.M.Ŋ. Tohehe ma ke va Yuda-to eve fiaɖuƒe si kpɔtɔ dzi esime wotsrɔ̃ woƒe fiadu Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. Wowu ame geɖe eye wokplɔ agbetsilawo yi aboyo me le Babilon. Nuxlɔãme ƒe kpɔɖeŋu kae nye si wonye na Kristotɔwo katã egbea!—Korintotɔwo I, 10:6, 11.
10. Nukae adzɔ ɖe trɔ̃subɔla matrɔdzimewo dzi?
10 Anyigbadzinɔlawo katã ƒe akpa etɔ̃lia—siwo ade ame miliɔn 1,900 la—gblɔna fifia be Kristotɔwoe yewonye. (1994 Britannica Book of the Year) Sɔlemeha siwo zãa nutatawo, numemewo, kple atitsogawo le woƒe tadedeagu me la mee amesiawo ƒe akpa gãtɔ le. Yehowa megbe tohehe na eya ŋutɔ ƒe ame siwo to trɔ̃subɔsubɔ me na wòʋã ŋu la o. Eye magbe tohehe na amesiwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye siwo toa ŋutilãmenuwo dzi dea ta agu la hã o. Yesu Kristo gblɔ be: “Mawue nye gbɔgbɔ, eye amesiwo le gbe dom ɖa nɛ la, ele be, woado gbe ɖa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:24) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woatsri trɔ̃subɔsubɔ. (Yohanes I, 5:21) Trɔ̃subɔla matrɔdzimewo le amesiwo manɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea me o la dome.—Galatiatɔwo 5:20, 21.
11. Togbɔ be Kristotɔ made ta agu na trɔ̃ o hã la, aleke wòaɖi trɔ̃subɔsubɔ ƒe fɔe, eye nukae ate ŋu akpe ɖe ame aɖe ŋu wòatsri trɔ̃subɔsubɔ sia tɔgbe? (Efesotɔwo 5:5)
11 Togbɔ be Kristotɔ vavãtɔ mabɔbɔ ade ta agu na trɔ̃ gbeɖe o hã la, ele be wòatsri nusianu si Mawu buna trɔ̃subɔsubɔ, nu makɔmakɔ, kple nuvɔ̃. Le kpɔɖeŋu me, Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ; nusiwo ta Mawu ƒe dziku [ava].” (Kolosetɔwo 3:5, 6) Nya siawo dzi wɔwɔ bia be míagbe agbegbegblẽ ƒe nuwɔnawo. Esia bia be míatsri modzakaɖeɖe si ŋu wotrɔ asi le be wòanyɔ gbɔdɔdɔ makɔmakɔ ƒe dzodzro ɖe ame me. Le esi teƒe be Kristotɔ naɖi kɔ na dzodzro sia la, eʋãa ŋu ɖe Mawu ƒe tadedeagu dzadzɛa nu boŋ.
Mawu ƒe Ŋuʋaʋã ƒe Kpɔɖeŋu Siwo Wogaɖo
12, 13. Aleke Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖedzesi ɖi le ŋuʋaʋã ɖe Mawu ƒe tadedeagu nu mee?
12 Yesu Kristoe nye amegbetɔ si ʋã ŋu ɖe Mawu ƒe tadedeagu dzadzɛ nu ƒe kpɔɖeŋu si ɖe dzesi wu. Le eƒe subɔsubɔdɔ ƒe ƒe gbãtɔ me la, ekpɔ asitsala ŋuklẽla siwo nɔ asi tsam le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu. Yudatɔ siwo va afima la anya di be gaɖɔlilawo naɖɔli yewoƒe dutaga kple ga si woate ŋu atsɔ axe gbedoxɔa ƒe adzɔ la na yewo. Ehiã hã be woaƒle lãwo kple xeviwo be woatsɔ asa vɔ siwo Mawu ƒe Sea bia. Gbedoxɔa godo ye wòle be woatsa asi siawo le hafi. Nusi gblẽ nya la ɖe edzie nye be, edze abe asitsalaawo nɔ viɖe kpɔm le wo nɔviwo ƒe subɔsubɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me madzemadzee to asi gã dodo ɖe nuwo ŋu me. Ŋuʋaʋã ɖe Mawu ƒe tadedeagu dzadzɛ nu yɔ Yesu fũ wòtsɔ atam ɖe alẽawo kple nyiawo ŋu nya wo do goe. Etrɔ gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo hã bu anyi hegblɔ be: “Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ nudzraƒee o!” (Yohanes 2:14-16) Yesu to ema me na nya siwo le Psalmo 69:10 va eme be: “Ŋuʋaʋã ɖe wò aƒe ŋu mim.”
13 Ƒe etɔ̃ megbe la, Yesu kpɔe be asitsala ŋuklẽlawo gava nɔ asi tsam le Yehowa ƒe gbedoxɔa me. Ðe wòagakɔ afima ŋu zi evelia? Eƒe ŋuʋaʋã ɖe Mawu ƒe tadedeagu vavãtɔ ŋu nu gasẽ abe alesi wònɔ le eƒe subɔsubɔdɔa gɔmedzeɣi ene. Enyã nudzralawo kple nuƒlelawo siaa do goe. Eye egblɔ susu si de ŋgɔ wu si ta wòwɔ nusiawo ɖo be: “Alo womeŋlɔ ɖi bena: Woayɔ nye aƒe la be gbedoxɔ na dukɔwo katã oa? Ke miawo la mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe doe.” (Marko 11:17) Mawu me ŋuʋaʋã ɖeɖefia kutrikukutɔe ƒe kpɔɖeŋu nyui kae nye si!
14. Aleke wòle be Yesu ƒe ŋuʋaʋã ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu nawɔ dɔ ɖe mía dzi?
14 Aƒetɔ Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na fifia ƒe amenyenye metrɔ o. (Hebritɔwo 13:8) Le ƒe alafa 20 lia sia me la, egaʋãa ŋu ɖe Fofoa ƒe tadedeagu vavãtɔ ŋu abe alesi wòwɔe esime wònɔ anyigba dzi ene. Míate ŋu akpɔ esia le gbedasi siwo Yesu ɖo ɖe hame adreawo siwo woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la me. Esiawo le eme vam fifia le mɔ si lolo wu nu le ‘Aƒetɔ ƒe ŋkekea’ me. (Nyaɖeɖefia 1:10; 2:1–3:22) Apostolo Yohanes kpɔ Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na la le ŋutega me eƒe “ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene.” (Nyaɖeɖefia 1:14) Esia fia be naneke meli si Kristo mate ŋu akpɔ o esi wòle ŋku lém ɖe hamewo ŋu be yeakpɔ egbɔ be woanɔ dzadzɛ ahadze na Yehowa subɔsubɔ. Ele be Kristotɔ siwo li egbea naɖo ŋku Yesu ƒe nuxlɔ̃ame be woagadze agbagba asubɔ aƒetɔ eve o la dzi—siwo nye Mawu kple kesinɔnuwo. (Mateo 6:24) Yesu gblɔ na Laodikea-hamea me tɔ ŋutilãmenudilawo be: “Esi nèle yɔyrɔe, mèdze dzo o, eye mèfa hã o ŋuti la, matu wò aƒu gbe atso nye nu me. . . . Do vevie, be natrɔ le wò dzi me.” (Nyaɖeɖefia 3:14-19) Ele be hamemegã siwo woɖo nato nyagbɔgblɔ kple kpɔɖeŋu me akpe ɖe haxɔsetɔwo ŋu be ŋutilãmenudidi ƒe mɔ̃ nagaɖe wo o. Ele be hamemegãwo nakpɔ alẽha la ta tso xexe sia si le gbɔdɔdɔ ƒe tsu kum la ƒe agbenɔnɔ gbegblẽwo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mele be Mawu ƒe amewo naɖe mɔ ɖe Yezebel ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi aɖeke ŋu le hamea me o.—Hebritɔwo 12:14, 15; Nyaɖeɖefia 2:20.
15. Aleke apostolo Paulo srɔ̃ Yesu le ŋuʋaʋã ɖe Yehowa ƒe tadedeagu nu mee?
15 Kristo-srɔ̃lae apostolo Paulo nye. Be wòakpɔ Kristotɔ siwo xɔ nyɔnyrɔ̃ yeyee la ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me la, egblɔ be: “Metsɔ Mawu ŋuʋaʋã le ʋu ʋãm le mia ŋu.” (Korintotɔwo II, 11:2) Do ŋgɔ na esia la, Paulo ƒe ŋuʋaʋã ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu ʋãe wògblɔ na hame sia ke be woaɖe matrewɔla matrɔdzime si ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi la le hamea me. Mɔfiafia siwo tso gbɔgbɔ me siwo wona ɣemaɣi la kpena ɖe hamemegãwo ŋu ŋutɔ egbea esi wole agbagba dzem be yewoana Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo wu 75,500 la nanɔ dzadzɛ.—Korintotɔwo I, 5:1, 9-13.
Mawu ƒe Ŋuʋaʋã Ðea Vi na Eƒe Amewo
16, 17. (a) Nɔnɔme kae dukɔwo ɖe fia esime Mawu he to na blema Yuda-dukɔa? (b) Aleke Yehowa ʋã ŋu ɖe Yerusalem nu le Yuda ƒe aboyomenɔnɔ ƒe 70 megbe?
16 Esime Mawu he to na Yudatɔwo esi wòɖe mɔ wokplɔ wo yi aboyo me le Babilon la, woɖu fewu le wo ŋu. (Psalmo 137:3) Le ŋuʋaʋã ƒe fuléle ta la, Edomtɔwo kpe ɖe Babilontɔwo ŋu wowɔ fu Mawu ƒe amewo, eye Yehowa kpɔ esia. (Xezekiel 35:11; 36:15) Amesiwo tsi agbe la trɔ dzi me le aboyo me, eye le ƒe 70 megbe la, Yehowa gakplɔ wo va woƒe anyigba dzi.
17 Gbã la, mɔkpɔkpɔ aɖeke menɔ Yudatɔwo si o. Wotsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔ la. Gake dukɔ siwo ƒo xlã wo tsi tre ɖe agbagba siwo katã wodze be woagbugbɔ gbedoxɔa atu ŋu. (Ezra 4:4, 23, 24) Aleke Yehowa se le eɖokui me le esia ŋu? Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la gblɔ be: “Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Maʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu vevie, eye dzi akum vevie ɖe dukɔ dadalawo ŋu; elabena esi dɔ me nya vem vie ko la, woawo kpe asi ɖe eŋu hetrɔ gbegblẽ la ɖo. Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Makpɔ nublanui na Yerusalem agatrɔ ɖe eŋu, woatu nye xɔ ɖe eme.” (Zaxarya 1:14-16) Ŋugbedodo sia va eme, eye wogbugbɔ gbedoxɔa tu hetso Yerusalem-dua dzidzedzetɔe.
18. Nuka teƒee Kristotɔ vavãwo kpɔ le xexemeʋa gbãtɔ me?
18 Kristotɔ vavãwo ƒe hamea kpɔ esia tɔgbe teƒe le ƒe alafa 20 lia me. Le xexemeʋa gbãtɔ me la, Yehowa he to na eƒe amewo elabena womeɖe akpaɖekedzimademade fia bliboe le xexemetɔwo ƒe aʋawɔwɔ ma me o. (Yohanes 17:16) Mawu ɖe mɔ dunyahedziɖulawo te wo ɖe anyi, eye Kristodukɔa ƒe osɔfowo kpɔ dzidzɔ ɖe woƒe fukpekpe sia ŋu. Le nyateƒe me la, osɔfowoe nɔ ŋgɔ na dunyahelawo woɖo asi Yehowa Ðasefo siwo woyɔna ɣemaɣi be Biblia Nusrɔ̃viwo la ƒe dɔ dzi.—Nyaɖeɖefia 11:7, 10.
19. Aleke Yehowa ʋã ŋu ɖe eƒe tadedeagu nu tso ƒe 1919 me ke?
19 Gake Yehowa ʋã ŋu ɖe eƒe tadedeagu nu eye wògakpɔ ŋudzedze ɖe eƒe ame siwo trɔ dzi me ŋu ake le aʋa la megbe le ƒe 1919 me. (Nyaɖeɖefia 11:11, 12) Nusi do tso emee nye be Yehowa kafulawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso amesiwo mede 4,000 o le ƒe 1918 me va ɖo amesiwo ade miliɔn 5 egbea. (Yesaya 60:22) Eteƒe madidi o Yehowa aʋã ŋu ɖe eƒe tadedeagu vavãtɔ nu wòawɔ dɔ ɖe ame dzi wu.
Mawu ƒe Ŋuʋaʋã Ðeɖefia le Etsɔme
20. Nukae eteƒe madidi o Mawu awɔ atsɔ aʋã ŋu ɖe tadedeagu vavãtɔ nui?
20 Ƒe alafa geɖe enye sia si Kristodukɔ ƒe sɔlemehawo wɔ nu abe Yudatɔ xɔsegbela siwo na Yehowa ʋã ŋu la ke ene. (Xezekiel 8:3, 17, 18) Eteƒe madidi o Yehowa Mawu awɔ nu to alesi wòade nya sesẽ aɖe dzi me na Dukɔ Ƒoƒuawo me tɔwo me. Esia aʋã dunyahedziɖuɖu siawo be woatsrɔ̃ Kristodukɔa kple alakpasubɔsubɔ ƒe akpa mamlewo. (Nyaɖeɖefia 17:16, 17) Tadeagula vavãwo atsi agbe le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dziŋɔ ma si wòahe vɛ me. Woawɔ ɖe dziƒonuwɔwɔwo ƒe nya siawo dzi be: “Mikafu Yehowa! . . . elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã [alakpasubɔsubɔ], si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ [eƒe alakpanufiafia kple alɔdodo dunyahehe gbegblẽ] gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi.”—Nyaɖeɖefia 19:1, 2.
21. (a) Nukae Satana kple eƒe nuɖoanyia awɔ ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔ vɔ? (b) Aleke Mawu awɔ nu ɖe enui?
21 Nukae adzɔ ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la vɔ? Satana adee dzime na dunyahedziɖuɖuwo be woaho ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu le anyigba dzi katã. Aleke nyateƒe Mawu la awɔ nu ɖe Satana ƒe agbagbadzedze be yeaɖe tadedeagu vavãtɔ ɖa le anyigba dzi la ŋu? Xezekiel 38:19-23 gblɔ na mí be: “Nye ŋuʋaʋã kple nye dziku ƒe dzo mee [nye Yehowa] meƒo nu le. . . . Matsɔ dɔvɔ̃ kple ʋu, tsidzadza gãwo kple tsikpewo adrɔ̃ [ʋɔnu Satana], eye mana dzo kple aŋɔ nadza ɖe eya kple eƒe aʋakɔ kpakple dukɔ geɖe, siwo kpe ɖe eŋu la dzi. Mado gã ɖokuinye, makɔ ɖokuinye ŋu, eye maɖe ɖokuinye afia le dukɔ geɖewo ŋku me, ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.”—Kpɔ Zefanya 1:18; 3:8 hã.
22. Aleke míate ŋu aɖee fia be míeʋãa ŋu ɖe Yehowa ƒe tadedeagu vavãtɔ nu?
22 Aleke wòfaa akɔ na amee nye si be míanya be xexeme katã ƒe Dziɖulagã la léa be na eƒe tadeagula vavãwo ŋuʋaʋãtɔe! Mina míatsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa Mawu ƒe amenuveve si míedze na hafi o ŋu aʋã ŋu ɖe eƒe tadedeagu vavãtɔ nu. Mina míatsɔ dzonɔameme ayi edzi aɖe gbeƒã nyanyuia eye míatsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔ na ŋkeke gã si dzi Yehowa ado kɔkɔ eƒe ŋkɔ gã la ahakɔ eŋu la.—Mateo 24:14.
Nya Vevi Siwo Ŋu Míade Ŋugbe Le
◻ Nukae wòfia be woaʋã ŋu ɖe Yehowa nu?
◻ Nukae míate ŋu asrɔ̃ le kpɔɖeŋu si blema Israel-viwo ɖo la me?
◻ Aleke míawɔ be míagana Yehowa naʋã ŋu o?
◻ Aleke Mawu kple Kristo ʋã ŋu ɖe tadedeagu vavãtɔ nui?
[Aɖaka si le axa 12]
Lɔlɔ̃ Meʋãa Ŋu O
ƑE ALAFA 19 lia me Biblia ŋuti nunyalagã Albert Barnes ŋlɔ le ŋuʋaʋã ŋu bena: “Ŋutasesẽ ɖeɖefia siwo bɔ wu dometɔ ɖekae wònye, eye eɖea alesi amegbetɔ vɔ̃ɖii fiana ƒã.” Egagblɔ be: “Awɔ mo yaa na amesi ate ŋu aku nu me ake ɖe nusiwo he aʋawɔwɔwo kple masɔmasɔwo kple xexeame ƒe ɖoɖowo katã vɛ ŋu—ne ate ŋu ake ɖe nusi he amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye gɔ̃ hã ƒe aɖaŋu kple tameɖoɖowo katã siwo gblẽa woƒe mawusubɔsubɔ me eye wòna wobua tame abe xexemetɔwo ene vɛ ŋu—be wòakpɔe be ŋuʋaʋã gbɔe wo dometɔ geɖe tso. Evea mí ne nu dze edzi na ame bubuwo wu mí; edzroa mí be nusi le ame bubuwo si nanɔ míawo hã si, togbɔ be mate ŋu asu mía si o hã; eye esia na míedia mɔ gbegblẽ siwo dzi míato ana be womagase vivi le eme o, alo be mía ŋutɔwo míaxɔe, alo míaɖee afia be nu mele wo si de alesi wòle be wòanɔ wo si hafi nu o. . . . eye míetoa esia me ɖia kɔ na ŋuʋaʋã ƒe gbɔgbɔ si xɔ aƒe ɖe mía me la.”—Romatɔwo 1:29; Yakobo 4:5.
Gake Barnes gblɔ nya dodzidzɔname aɖe le lɔlɔ̃ si “meʋãa ŋu o” ŋuti. (Korintotɔwo I, 13:4) Eŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu ame bubuwo ɖe dzidzɔ si wokpɔna ta o; ekpɔa dzidzɔ ɖe woƒe nyonyo ŋu; eye ne . . . wokpɔ dzidzɔ ɖe edzi la, amesiwo dzi lɔlɔ̃ kpɔ ŋusẽ ɖo la . . . menana wòbuna o; womedoa ŋukpe wo le woƒe nunɔamesiwo ta o; womenaa dzidzɔ ma dzi ɖena kpɔtɔna o; womelia liʋiliʋi alo dzi ɖena le wo ƒo le esi menye woa ŋutɔwo nue wove nenema o ta o. . . . Ne míelɔ̃ ame bubuwo—ne míekpɔa dzidzɔ ɖe woƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta la, ke mele be míaʋã ŋu wo o.”
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Pinehas ʋã ŋu ɖe Yehowa ƒe tadedeagu vavãtɔ nu