Alesi Kristotɔ Alẽkplɔlawo Subɔa Wòe
LE TEƑE geɖe la, ele bɔbɔe be woakpɔ alesi alẽkplɔlawo léa be na alẽhae. Wokplɔa alẽawo, kpɔa wo ta, hekpɔa woƒe hiahiãwo gbɔ. Nya sia ka Kristotɔ hamemegãwo elabena alẽkpɔkplɔ kpe ɖe woƒe dɔ ŋu. Nyateƒee, woƒe agbanɔamedzie wònye be ‘woanyi Aƒetɔ ƒe hame la’ eye ‘woakpɔ alẽha blibo la dzi.’—Dɔwɔwɔwo 20:28.
Ne Kristo-hamea me tɔe nènye la, aleke gbɔgbɔ me alẽkplɔlawo ate ŋu asubɔ wòe? Eye aleke wòle be nàwɔ nu ɖe agbagba si dzem wole ɖe ŋuwò ŋui? Nukatae hamea hiã woƒe kpekpeɖeŋu?
Takpɔkpɔ tso Nuka Me?
Le blema la, dzatawo kple lã wɔadã bubuwo nye afɔku na alẽhawo eye woléa alẽ ɖekaɖekawo ɖuna. Ele be alẽkplɔlawo nakpɔ wo ta. (Samuel I, 17:34, 35) Enye nyateƒe be Satana Abosam “le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim be yeavuvu ami ene.” (Petro I, 5:8) Menye Yehowa ƒe habɔbɔ blibo si le anyigba dzi ko ŋue wòho aʋa ɖo dzikutɔe o ke ɖe Mawu ƒe subɔla ɖekaɖekawo hã ŋu. Nukae nye Satana ƒe taɖodzinu? Edi be yeaɖe dzi le Yehowa ƒe amewo ƒo eye edi gɔ̃ hã be yeaxe mɔ ɖe wo be ‘woagalé Mawu ƒe sewo me ɖe asi o’ eye woagawɔ ‘Yesu ƒe ɖaseɖiɖidɔ la’ o.—Nyaɖeɖefia 12:17.
Yehowa he nya ɖe blema Israel ƒe dziɖula alẽkplɔlawo ŋu be wogblẽ yeƒe alẽwo ɖi wozu “nuɖuɖu na gbemelãwo katã.” (Xezekiel 34:8) Gake enye Kristotɔ hamemegãwo ƒe dzimedidi be yewoakpɔ amesiwo le hamea me la ta ale be ame aɖeke mabu to egbegblẽɖi alo to Satana, xexeame, alo xɔsegbela siwo nye ‘amegãxiwo’ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me o. (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Aleke alẽkplɔlawo kpena ɖe alẽha la me tɔwo katã ŋu be woanɔ ŋute ahanɔ ŋudzɔ? Mɔ ɖekae nye Ŋɔŋlɔawo me nuƒo siwo ŋu wodzra ɖo nyuie ƒoƒo le nuƒolanɔƒea le Fiaɖuƒe Akpata me. Mɔ bubue nye dzeɖoɖo nyui dedziƒonamewo do ŋgɔ na kpekpea kple ne wokpã. Gakpe ɖe eŋu la, mɔnu nyui bubu enye ‘alẽawo’ sasrãkpɔ ɖekaɖeka le aƒeme. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 95:7.) Gake nukae nye alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ? Aleke wòle be woawɔ sasrãkpɔ siawoe? Eye amekawoe wòle be woasrã kpɔ?
Nukae Nye Alẽkpɔkplɔ ƒe Sasrãkpɔ?
Menye tsaɖiɖi ƒe sasrãkpɔ si me woaɖo dze tso nu tsɛwo ŋue alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ nye o. Hamemegã aɖe de dzesii be: “Mawunyakpukpui aɖe xexlẽ alo ame aɖe si le Biblia me ƒe ŋutinya me dzodzro dzɔa dzi na gbeƒãɖela geɖe. Menye hamemegã la ɖeɖekoe ƒoa nu o. Edzɔa dzi na Fiaɖuƒegbeƒãɖela si wosrã kpɔ be wòaɖe nusi wòsusu tso Biblia me nya la ŋu agblɔ, eye esia wɔwɔ doa ŋusẽ eya ŋutɔ ƒe xɔse. Hamemegã la ate ŋu atsɔ Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! ɖe asi be woadzro nyati aɖe si atu amea ɖo me. Ðewohĩ gbɔgbɔ me numedzodzro siae dea vovototo alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ kple tsaɖiɖi dzro ko dome.”
Hamemegã bibi bubu gblɔ be: “Do ŋgɔ na sasrãkpɔa la, hamemegã la tsɔa ɣeyiɣi aɖe bua tame tso nusi hiã gbeƒãɖela si gbɔ yim wòle ŋu. Nukae ate ŋu atu gbeƒãɖela la ɖo? Amekafukafu anukwaretɔe nye alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ ƒe akpa vevi aɖe, elabena edoa ŋusẽ amea be wòado dzi.” Ẽ, menye xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe tsaɖiɖi dzro aɖe si hamea me tɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ ye alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ nye o.
Nukatae Alẽkplɔla Srãa Wò Kpɔna?
Ne hamemegã aɖe yi aƒe aɖe me la, enɔa klalo be yeade dzi ƒo na hati tadeagulawo eye yeakpe ɖe wo ŋu woasẽ ŋu le xɔse me. (Romatɔwo 1:11) Eyata ne hamemegã ɖeka alo eve di be yewoasrã wò kpɔ la, alekee nèwɔa nui? Dzikpɔla mɔzɔla aɖe gblɔ be: “Ne nane dzɔ ko hafi wowɔa alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ la, alesi ame ase le eɖokui me ne wobe woasrãe kpɔ enye be, ‘Nu gbegblẽ kae mewɔ?’” Gbɔgbɔ me alẽkplɔla lɔlɔ̃tɔwo srɔ̃a Yehowa ƒe kpɔɖeŋu, amesi lé be na hakpala la eye wòna eƒe “luʋɔ gbɔ ɖe eme” ɣesiaɣi, vevietɔ le ɣeyiɣi si me wòle fu kpem kple le hiahiã tɔxe aɖe me.—Psalmo 23:1-4.
Taɖodzinu si le alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ ŋue nye “hena ame ƒe ŋgɔgbedede, eye menye eƒe gbegblẽ o.” (Korintotɔwo II, 13:10) Nya siwo woagblɔ atsɔ aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia amesi wosrã kpɔ le eƒe dzidodo, eƒe dzonɔameme, kple dɔ si wɔm wòle nuteƒewɔwɔtɔe ta dea dzi ƒo nɛ vavã. Hamemegã aɖe gblɔ be: “Le alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ me la, menyo be woana ame nabui be kuxi aɖewo mee wova be woase alo adzro o. Anɔ eme be gbeƒãɖela la ŋutɔ adi be yeaƒo nu tso kuxi aɖe ŋu. Eye ne alẽa mele zɔzɔm nyuie o alo le eɖokui ɖem ɖe aga tso alẽha la gbɔ la, ehiã be hamemegã la nana kpekpeɖeŋui.”
Ðikeke mele eme o be Kristotɔ alẽkplɔlawo atsɔ beléle tɔxɛ ana amesiame si le abe amesiwo ŋu woƒo nu tsoe ene be: “[Nye Yehowa] madi esiwo bu, eye makplɔ esiwo ka hlẽ la agbɔe, mabla abi na esiwo ŋe ata, eye mado ŋusẽ esiwo ƒe lãme gblẽ.” (Xezekiel 34:16) Ẽ, ele be woadi alẽwo yome mɔ, akplɔ wo agbɔe, abla abi na wo, alo ado ŋusẽ wo. Alẽkplɔla siwo nɔ Israel gbe agbanɔamedzi siawo tsɔtsɔ. Dɔ siawo wɔwɔ bia be alẽkplɔla la nate ɖe alẽa ŋu eye wòakpɔ eƒe hiahiãwo gbɔ. Vevietɔ ele be akpa sia naɖe dzesi le alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ ɖesiaɖe si woawɔ egbea me.
Alẽ Siwo Le Lãmesẽ me Hiã Beléle
Ðe wòle be míaƒo nya ta be mele be gbɔgbɔ me alẽkplɔla siwo li egbea natsɔ beléle tɔxe ana alẽ siwo le lãmesẽ me oa? Ne alẽ ŋutɔ ɖo afɔku me la, enɔa bɔbɔe be woana kpekpeɖeŋui nenye be eka ɖe alẽkplɔla la dzi. Mɔfiamegbalẽ aɖe gblɔ be “le dzɔdzɔme nu la, alẽwo sina na ame, eye menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be woakpɔ woƒe kakaɖeamedzi o.” Agbalẽ ma ke ɖo aɖaŋu sia le mɔ si dzi woato akpɔ kakaɖedzi tso alẽawo gbɔ ŋu hekpe ɖe nya bubu geɖe ŋu be: “Ƒo nu na alẽawo edziedzi. Wova dzea si gbea, eye wònaa kakaɖedzi wo. Ði tsa yi wo gbɔ le woƒe gbeɖuƒe edziedzi.”—Alles für das Schaf. Handbuch für die artgerechte Haltung (Alẽ ƒe Nuhiahiã Ðesiaɖe. Alesi Woakpɔ Wo dzi Nyuie ƒe Mɔfiamegbalẽ).
Eyata kadodo kpli wo le vevie ne kakaɖeamedzi ƒe ƒomedodo nanɔ alẽkplɔla kple alẽa dome. Nenema ke wòle le Kristo-hamea me. Hamemegã aɖe de dzesii be: “Ne wodze si wò le hamea me be ènye hamemegã si srãa alẽwo kpɔna edziedzi la wɔnɛ be wònɔa bɔbɔe be nàyi amesi ɖo afɔku me gbɔ.” Eyata menye Fiaɖuƒe Akpata me koe wòle be gbɔgbɔ me alẽkplɔla nanyi alẽawo ahalé be na wo le o. Ele be hamemegãwo nadze si alẽawo to alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo wɔwɔ me le woƒe aƒeme alesi nɔnɔmea aɖe mɔe nu. Kristotɔ aɖe ɖo ŋkui be esime woɖo ye hamemegãe teti la, zimenɔla la ƒo ka na ye eye wòbia tso ye si be yeayi aɖade dzi ƒo na nɔviŋutsu aɖe si ƒe vinyɔnu ku teti le lɔrifɔku dziŋɔ aɖe me. Hamemegã la ɖee gblɔ be: “Ete ɖe dzinye ale gbegbe, elabena nyemeɖi tsa yi nɔviŋutsua gbɔ kpɔ o eye nyemenya afisi wòle gɔ̃ hã o! Mekpɔ gbɔdzɔe vie esime hamemegã bibi aɖe lɔ̃ be yeayi kplim.” Ẽ, hamemegãwo kpea asi ɖe wo nɔewo ŋu le alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo wɔwɔ me.
Ne hamemegã le dzadzram ɖo ɖe alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ aɖewo wɔwɔ ŋu kple le ewɔwɔ me la, subɔsubɔdɔwɔla aɖe si le ŋgɔyiyi wɔm hena dzikpɔla ƒe ‘dɔ nyui’ gbɔ ɖoɖo la ate ŋu akpe ɖe eŋu. (Timoteo I, 3:1, 13) Aleke gbegbe wòadzɔ dzi na subɔsubɔdɔwɔla be wòakpɔ alesi hamemegã subɔa alẽawo le alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo wɔwɔ me la teƒe enye si! Ewɔnɛ be hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo siaa tena ɖe hamea me tɔwo katã ŋu, wònyea ŋusẽdodo Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ ƒe nublanu la.—Kolosetɔwo 3:14.
Ɣeyiɣi Ðoɖo na Alẽkpɔkplɔ ƒe Sasrãkpɔwo Wɔwɔ
Esi hamemegãwo ƒe ha aɖe gblẽ alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo wɔwɔ ɖe Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo si me be woawɔe le wo ɖokui si la, wosrã amesiwo katã le ƒuƒoƒo ɖeka me kpɔ le ɣleti ade me evɔ womesrã ame aɖeke kpɔ le ƒuƒoƒo bubuwo ya me o. Esia ʋã hamemegã aɖe wògblɔ be: “Edze abe hamemegã aɖewo ŋutɔ tsona le wo ɖokui si hewɔa dɔ geɖe le alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ me ene, gake le wo dometɔ bubuwo gome la, ehiã be wo hati hamemegãwo nade dzi ƒo na wo be woawɔ esia.” Eyata hamemegãwo ƒe ha aɖewo wɔa ɖoɖo be alẽkplɔlawo nasrã gbeƒãɖelawo katã kpɔ le ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe dzi.
Enye nyateƒe be hamemegã alo gbeƒãɖela ɖesiaɖe ate ŋu asrã hamea me tɔ aɖe kpɔ eye malala be woawɔ ɖoɖo tɔxe aɖe hafi o. Hafi hamemegã aɖe nawɔ alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ la, eƒoa ka gblɔna be, “Mesrãna ƒome aɖe kpɔna le ɣleti ɖesiaɖe me. Mate ŋu asrã wò kpɔ abe gaƒoƒo ɖeka ene le ɣleti si gbɔna mea? Ɣekaɣie asɔ na wò?”
Yayra Siwo le Alẽkpɔkplɔ ƒe Sasrãkpɔwo Me
Esi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu le sesẽm ɖe edzi la, viɖe geɖe wu va le sasrãkpɔ siwo dea dzi ƒo si alẽkplɔla senugɔmewo wɔna ŋu. Ne woto alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo wɔwɔ dzi de dzi ƒo na amesiwo katã le alẽha la me hekpe ɖe wo ŋu la, alẽawo dometɔ ɖesiaɖe senɛ be yele dedie.
Woka nya ta tso hame aɖe si me alẽkplɔlawo srãa Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo katã kpɔna edziedzi ŋu be: “Susu si da sɔ va le gbeƒãɖelawo si ɖe alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo ŋu. Edzɔna zi geɖe be gbeƒãɖela aɖe nate ɖe hamemegã aɖe ŋu abiae be ɣekaɣie wòagasrã ye kpɔ hã, le esi amea kpɔ dzidzɔ ɖe dzeɖoɖo tuameɖo si wowɔ le sasrãkpɔ si va yi me ŋu ta. Alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwoe nye nusiwo wɔe be hamea ƒe gbɔgbɔ me nɔnɔme nyo ɖe edzi la dometɔ ɖeka.” Nyatakaka bubuwo ɖee fia be ne alẽkplɔlawo subɔ lɔlɔ̃tɔe alea la, hamea ate ŋu atsi le lɔlɔ̃, ɖekawɔwɔ, kple dzidzɔ me. Yayra ka gbegbee nye si!
Kristotɔ alẽkplɔlawo wɔa tsaɖiɖi be woatu alẽwo ƒe gbɔgbɔ me nyonyo ɖo. Hamemegãwo di be yewoade dzi ƒo na haxɔsetɔwo ahado ŋusẽ wo. Ne wode dzesi kuxi sesẽ aɖe si hiã nuxlɔ̃ame le sasrãkpɔa wɔwɔ me la, anyo wu ne wowɔ ɖoɖo na nya la me dzodzro ɣebubuɣi, vevietɔ ne hamemegã la kple subɔsubɔdɔwɔla aɖee yi. Le go ɖesiaɖe me la, asɔ be woatsɔ gbedodoɖa awu alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔa nui.
Ðe gbɔgbɔ me alẽkplɔla aɖe di be yeasrã wò kpɔ le aƒeme le ɣeyiɣi aɖe si gbɔna mea? Ne nenemae la, ke ele be nàtsɔ dzidzɔ anɔ mɔ kpɔm na dzideƒoname si xɔ ge nàla. Egbɔna be yeasubɔ wò eye yeado ŋusẽ wò le nyametsotso si nèwɔ be yeanɔ mɔ si ɖo ta agbe mavɔ me la dzi.—Mateo 7:13, 14.
[Aɖaka si le axa 26]
Alẽkpɔkplɔ Ƒe Sasrãkpɔ Ŋuti Aɖaŋuɖoɖowo
◻ Na wòanya do ŋgɔ: Zi geɖe la anyo be nàna wòanya do ŋgɔ. Ne hamemegã la ɖoe be yeakpɔ kuxi sesẽ aɖe gbɔ la, anyo be wòana gbeƒãɖela la nanya do ŋgɔ.
◻ Dzadzraɖo: De ŋugble tso amea ƒe amenyenye kple nɔnɔme si me wòle ŋu. Kafui tso dzi me. Wɔe wò taɖodzinui be nàtsɔ “gbɔgbɔ me nunana” dedziƒoname si atu eƒe xɔse ɖo la anɛ.—Romatɔwo 1:11, 12.
◻ Amesi nàkplɔ ɖe asi: Hamemegã bubu alo subɔsubɔdɔwɔla si dze.
◻ Le sasrãkpɔa me: Hamemegã la naɖe dzi ɖi, wòaɖe lɔlɔ̃ afia, wòase nu gɔme, eye wòatrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Bia ƒomea ta se, woƒe lãmesẽ, kple bubuawo. Ðo to nyuie. Ne kuxi sesẽ aɖe va dze la, anyo be woawɔ ɖoɖo ɖe alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ tɔxɛ bubu ŋu.
◻ Ɣeyiɣi didi si sasrãkpɔa axɔ: Wɔ ɖe game si mieɖo dzi, eye nàdzo esime amesi gbɔ nèyi kpɔtɔ le vivi sem le sasrãkpɔa me.
◻ Sasrãkpɔa ƒe nuwuwu: Gbedodoɖa asɔ eye wokpɔa ŋudzedze ɖe eŋu vavã.—Filipitɔwo 4:6, 7.
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Kristotɔ alẽkplɔlawo naa ametakpɔkpɔ le gbɔgbɔ me
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo nye mɔnukpɔkpɔ nyui be woado ŋusẽ ame le gbɔgbɔ me