INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 4/15 axa 22-27
  • Takeke si Dzi Yehowa ƒe Yayra Le

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Takeke si Dzi Yehowa ƒe Yayra Le
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Wɔna Dodzidzɔname Aɖe
  • Xɔ Siwo Ŋu Wokɔ
  • Nusita Xɔ Geɖe Hiã
  • Ŋutinya si Wogblɔ tso 90 Sands Ŋu
  • Yehowa ƒe Yayra Dze Ƒã
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 4/15 axa 22-27

Takeke si Dzi Yehowa ƒe Yayra Le

XƆŊUKƆKƆ ƒe wɔna si yi edzi le September 18, 1995 ƒe fiẽ la ɖo kpe edzi be Yehowa Mawu yra ɖe eƒe Ðasefowo ƒe takeke dzi le woƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York.

Amesiwo wu 6,000 se xɔŋukɔnuƒoawo. Wokpe ta le Brooklyn, afisi wɔnaa ŋutɔ yi edzi le, kple teƒe bubuwo, hekpe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xɔ siwo le Patterson kple Wallkill, New York ŋu, kpakple woƒe alɔdze si te ɖe Toronto ŋu le Canada. Amesiwo kpe ta ɖe teƒe bubuwo si menye Brooklyn o la se nuƒoawo to telefon kadodo dzi.

Wɔna Dodzidzɔname Aɖe

Beteltɔwo, si nye ŋkɔ si woyɔna na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo, nye xexeame katã ƒe Betel-ƒome si me nɔlawo wu ame 16,400 la ƒe akpa gã aɖe ɖo to wɔna la. Amesiawo le subɔsubɔm le dukɔ siwo ade alafa ɖeka me, afisi wotaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo eye wokpea asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo wu 78,600 le xexeame ŋu.

Wonɔ mɔ kpɔm vevie esime wodze xɔŋukɔkɔ ƒe wɔnaa gɔme kple hadzidzi le fiẽ ga 6:30 me, eye le ema megbe Karl Klein do gbe ɖa. Lloyd Barry si nye wɔnaa dzi kpɔla ƒo nu kpuie tso vevienyenye si le wɔnaa ŋu tsɔ do dzaa na wo katã. Albert Schroeder wɔ kwasiɖa la ƒe Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃ totoɖeme, eye emegbe Daniel Sydlik zã aɖabaƒoƒo 15 tsɔ ƒo nu tso tanya si nye “Míaƒe Subɔsubɔ Kɔkɔe le Betel” ŋu. Ame gbãtɔ siawo siwo ƒo nu la katã nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔwo.

Wɔna la ƒe akpa eve siwo kplɔe ɖo—“Míaƒe Xɔnyawo ƒe Hiahiã la Gbɔ Kpɔkpɔ, tso ƒe 1974 vaseɖe ƒe 1995,” kple “Betel-xɔwo Dzadzraɖo Kple Xɔtutu le Brooklyn Ŋuti Nya Veviwo”—ɖe xɔ siwo ŋu kɔm wole la tutu alo wo ƒeƒle kple wo dzadzraɖo ŋuti nya veviwo ɖe go. Woƒe nyawo ku ɖe xɔdɔme yeye si nu wowu nyitsɔ laa si me Betel-dɔwɔla abe akpe ɖeka ene le fifia ŋu. Xɔ sia si le 90 Sands Street si ƒe kɔkɔme enye meta 115 la tsia ɖe agbalẽtaƒea ŋu.

Wɔna la ƒe akpa vevi aɖe enye xɔŋukɔnuƒo si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla, Milton Henschel, ƒo. Ete gbe ɖe alesi wokɔa xɔ siwo ŋudɔ woawɔ le Yehowa subɔsubɔ me ŋu ƒe kpɔɖeŋu siwo le Biblia me la dzi. Le hadzidzi megbe la, Carey Barber, si hã nye Dziɖuha la me tɔ, tsɔ gbedodoɖa he wɔnawo va nuwuwui. Gake nukawoe nye wɔna la ƒe akpa vevi aɖewo?

Xɔ Siwo Ŋu Wokɔ

George Couch si nye Betel-ƒea dzi kpɔla ɖe eme be wotsɔ xɔ 17 kpe ɖe Betel-xɔdɔme siwo le Brooklyn ŋu tso esime wokɔ xɔ mamletɔ ŋu le May 2, 1969 dzi.a Xɔ siawo nye aƒe yeye siwo wotu alo esiwo woƒle eye wogbugbɔdzra ɖo. Xɔ 17 siawo ŋu kɔm wonɔ, kple xɔ sue eve—siwo woƒle le ƒe 1940-awo me gake wogbugbɔ trɔ asi le wo ŋu wozu Betel-xɔdɔmewo—kpakple agbalẽtaƒe kple ɔfis-xɔ siwo wotu alo woƒle tso esime wokɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã ƒe ɔfis-xɔwo ŋu le March 15, 1982 dzi.b

Xɔ siwo ŋu wokɔ la ƒe gãtɔ kekeakee nye esi le 360 Furman Street. Wotui le ƒe 1928 me eye Yehowa Ðasefowo ƒlee le March 15, 1983 dzi, eye wogbugbɔ dzrae ɖo keŋ. Xɔa me ƒe lolome katã anɔ meta 93,000 togodo, alo esusɔ vie wòade agbleka 23. Xɔ bubu siwo ŋu wokɔ enye agbalẽtaƒe si le 175 Pearl Street kple ʋutɔɖoƒe gã siwo wotu nyitsɔ laa.

Nusita Xɔ Geɖe Hiã

Esime wokɔ Brooklyn Betel ƒe xɔ ŋu zi mamletɔ le ƒe 1969 me la, Ðasefowo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si nye 1,336,112 ye nɔ gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le xexeame katã. Gake ame 5,199,895 ye le gbeƒã ɖem le ƒe 1995 me, si wu agbɔsɔsɔ ma ƒe teƒe etɔ̃ kple afã! Eyata be woakpɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo ƒe hiahiã si le dzidzim ɖe edzi gbɔ la, Brooklyn Betel ƒomea dzi ɖe edzi tso ame 1,042 le ƒe 1969 me va zu ame 3,360 kple edzivɔ siwo le xɔdɔme 22 me fifia!

George Couch ƒo nu tso alesi wokpɔ xɔ bubuwo ƒe hiahiã la gbɔe tso ƒe 1974 vaseɖe ƒe 1995 me ŋu. Le ƒe 1970-awo ƒe gɔmedzedze la, Yehowa Ðasefowo haya Towers Hotel ƒe tuɖedziawo dometɔ geɖe si te ɖe afima ŋu la be Betel-ƒome si nɔ dzidzim ɖe edzi la nanɔ eme. Le December 1973 me la, Nathan Knorr, si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ŋlɔ agbalẽ na Betel ƒe Dɔdzikpɔdɔwɔƒe kple Towers dzikpɔlawo henɔ nyanya nam wo be Habɔbɔa ɖoe be ‘kaka October 1, 1974 naɖo la, yewoaʋu le Towers Hotel.’

Nɔviŋutsu Couch gblɔ be ewɔ mo yaa na ye ŋutɔ elabena teƒe bubu aɖeke meli si Betel-dɔwɔla siwo le Towers la naʋu ayi o. Ewɔ mo yaa na Towers dzi kpɔlawo hã, elabena wonɔ ŋu ɖom ɖe Habɔbɔa ƒe xɔfetuwo ŋu be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoayi dɔ dzi. Nusi do tso esia me enye be Towers-dzikpɔlawo ƒoe ɖe Yehowa Ðasefowo nu be woaƒle amedzrodzeƒea. Wogblɔ be: “Miele dzidzim ɖe edzi tso esime míeva nuto sia me, eye xɔ sia hiã mi.”

Habɔbɔa teƒenɔlawo ɖo eŋu be: “Xɔhayala bubuwo le eme fũ. Ne míeƒlee la, míadi be míaƒe amewo nanɔ afima.”

Towers dzi kpɔlawo do ŋugbe be: “Míaɖe wo le xɔa me na mi.” Vavãe, le ema megbe kpuie la, Yehowa Ðasefowo ƒle Towers-xɔa ɖe asi nyui aɖe dzi. Couch bia eƒe nyasela siwo kpɔ dzidzɔ la be: “Nukatae Nɔviŋutsu Knorr ŋlɔ agbalẽ ma? Ðewohĩ eya ŋutɔ hã menya o, gake emae na wodzra Towers Hotel na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa.”

Nuƒola ƒo nu tso alesi Yehowa Ðasefowo ƒle 97 Columbia Heights, si nye teƒe si Margaret Hotel xɔŋkɔa nɔ tsã, le mɔdodo si to Betel-ƒe gbãtɔa ŋgɔ la ƒe akpa keme dzi ko la hã ŋu. Afisi wòle la sɔ nyuie, elabena woate ŋu aɖe mɔ to mɔdodoa te atsiae ɖe Betel-xɔawo nu. Le ɣeyiɣi si me wonɔ xɔa dzram ɖo le February 1980 me la, elé dzo eye wòbi. Esi xɔ yeye maganya tu na nutɔa ɖe teƒe ma o ta la, edzrae na Yehowa Ðasefowo.

Nɔviŋutsu Couch gblɔ be: “Ŋutinya dodzidzɔnamewo li woagblɔ tso xɔ siawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu si le kpe ɖom nu ɖeka dzi—be Yehowa Mawu enye amesi fia mɔ eƒe habɔbɔ si wokpɔna la be wòaƒle xɔ ma tututu.”

Ŋutinya si Wogblɔ tso 90 Sands Ŋu

Xɔdɔme yeyetɔ kple esi lolo wue nye esi le 90 Sands Street. Esi Yehowa Ðasefowo ƒle teƒea le December 1986 me la, enye agbalẽtaƒe gã si woyɔ be 160 Jay Street.c Wokaka agbalẽtaƒea eye le August 30, 1990 dzi la, wogblɔ na Betel-ƒomea be wona mɔɖegbalẽvi be woatu xɔdɔme si akɔkɔ tuɖedzi 30 ɖe anyigba la dzi.

Le gbebiame aɖe si dzi Dziɖuha la me tɔ Theodore Jaracz kpɔ me la, Habɔbɔa ƒe Brooklyn-gbalẽtaƒea dzi kpɔla, Max Larson, ƒo nu tso alesi woɖe mɔ be woatu 90 Sands Street ƒe xɔdɔmea ŋu. Nɔviŋutsu Larson ɖe eme be nusi dzɔ do ŋgɔ le ƒe 1965 me la nye ŋkubiãnya ŋutɔ.

Ɣemaɣi Habɔbɔa di be yeatu agbalẽtaƒe tuɖedzi ewo ɖe teƒe si te ɖe eƒe agbalẽtaƒe bubuawo ŋu, gake ɖoɖo si wowɔ ɖe dua ƒe akpa ma tsotso ŋu enye be woatu xɔ siwo kɔkɔ tuɖedzi eve ko. Xɔtala aɖe lɔ̃ be yeawɔ agbalẽtaƒe yeye si wodi be woatu la ƒe nɔnɔmetata, gake egblɔ be: “Nyemaɖe fu na ɖokuinye be mele wo tsɔm yi na dɔwɔƒea o.” Eka ɖe edzi be Dɔwɔƒe si Kpɔa Dzidzenuwo Kple Amewo ƒe Hiahiãwo Gbɔ la matrɔ ɖoɖo si wowɔ ɖe nuto ma me ŋu gbeɖe o. Esi woda asi ɖe xɔtumɔɖegbalẽvia dzi la, egblɔ be: “Ewɔ nuku ŋutɔ be miaƒe asi te ŋu su edzi!”

Larson yi edzi gblɔ be nusi gbɔ wòtso enye be esi wogbugbɔ trɔ asi le ɖoɖo si wowɔ ɖe nuto ma ŋu be woatu agbalẽtaƒe si kɔkɔ tuɖedzi ewo ɖe edzi la, wogbugbɔ trɔ asi le nuto siwo te ɖe afima ŋu la hã ŋuti, eye afisi xɔ si nye 160 Jay Street nɔ hã kpe ɖe eŋu. Eye nukutɔe la, ɖoɖo si wogbugbɔ wɔ ɖe nuto ma ŋu ɖe mɔ be woatu amedzrodzeƒe ɖe edzi. Gake nɔviŋutsu Larson de dzesii be, enye nusi ame aɖeke menya o—ne mede ɖeke o la, vaseɖe ƒe 25 megbe, esime míenɔ afisi míatu Betel-ƒe yeye ɖo dim hafi. Ɣemaɣie míeke ɖe ɖoɖo si wogbugbɔ wɔ ɖe teƒea ŋu la ŋuti!

Nɔviŋutsu Larson ɖe nusi dzɔ la me: “Esi míewɔ xɔdɔme tuɖedzi 30 ƒe nɔnɔmetata hetsɔe yi dɔwɔƒe si kpɔa xɔtunyawo gbɔe la, wogblɔ na mí be: ‘Miate ŋu atu xɔdɔmewo ɖe afisia o. Dɔwɔƒewo sɔŋ koe woɖo be teƒea nanye, eye womele ɖoɖo si wowɔ ɖe teƒea ŋu trɔ ge na mi o.’

Larson gblɔ tsɔ ƒo eta be: “Míegblɔ na dɔwɔlawo be, ‘Mahiã be woagatrɔe o. Wotrɔe xoxo be amedzrodzeƒe nanɔ afima.’ Esi wotsa woƒe nuŋlɔɖiwo me la, ewɔ nuku na wo ale gbegbe! Aleae wòdzɔe be míete ŋu tu xɔ tuɖedzi 30 lae.”

Yehowa ƒe Yayra Dze Ƒã

Biblia ƒe hakpala aɖe ŋlɔe be: “Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroe etulawo le agbagba dzem le eŋu.” (Psalmo 127:1) Edze ƒã be Yehowa ƒe yayra le Yehowa Ðasefowo ƒe xɔtudɔwo dzi be gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔ si Yesu de asi na eyomedzelawo be woawɔ la nanya wɔ le xexeame katã.—Mateo 24:14; 28:19, 20.

Edzɔ dzi na amesiwo si mɔnukpɔkpɔ su be wose wɔna si yi edzi le September 18, 1995 dzi be yayra sia gbegbe le Yehowa ƒe amewo ƒe takeke dzi. Yehowa ƒe amewo ate ŋu aka ɖe dzi be ayi edzi ayra yewo esi woyi edzi le eƒe sededewo dzi wɔm.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, June 15, 1969, axa 379-82.

b Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, December 1, 1982, axa 23-31.

c Eŋlisigbe me Nyɔ! December 22, 1987, axa 16-18.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

90 Sands St. • 1995

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24, 25]

Xɔdɔme bubu siwo ŋu wokɔ la dometɔ aɖewo

97 Columbia Hts. • 1986

Bossert hotel, 98 Montague St. • 1983

34 Orange St. • 1945

Standish Hotel, 169 Columbia Hts. • 1981

67 Livingston St. • 1989

108 Joralemon St. • 1988

Towers hotel, 79-99 Willow St. • 1975

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

175 Pearl St. • 1983

69 Adams St. • 1991

360 Furman St. • 1983

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe