INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 10/15 axa 25-29
  • Nɔnɔme Si Nyo na Dzidziɖedzi le Equatorial Guinea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔnɔme Si Nyo na Dzidziɖedzi le Equatorial Guinea
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nukuwo Ƒaƒa le Dɔa Gɔmedzeɣi
  • ‘Wotsɔa Ðe Le Woƒe Gbɔgbɔ me Nuhiahiã Me’
  • Nana be Woadzi Ðe Edzi to Ƒuƒoƒo Me
  • Tsidede Nukuwo Dzigbɔɖitɔe
  • Kpekpe Ðe Amewo Ŋu be Woaɖɔ Woƒe Agbenɔnɔ Ðo
  • Mawu ƒe Kluviwo Zuzu
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 10/15 axa 25-29

Nɔnɔme Si Nyo na Dzidziɖedzi le Equatorial Guinea

NUMIEMIE damawoe nye nu gbãtɔ si mɔzɔla kpɔna ne woƒe yameʋu dze ɖe Equatorial Guinea ƒe dukɔwo dome yameʋudzeƒe. Ati kɔkɔwo ƒo xlã yameʋuwo ƒe mɔdodoa, si na be yameʋudzeƒea ƒe xɔwo dzena sue. Nuwo mie vlɔvlɔvlɔ tso ƒutanyigbawo dzi yi towo tame, eye tsidzadza geɖe kple yame ƒe dzoxɔxɔ si nɔa dzeside 80 kple edzivɔ le ƒe bliboa me lae na nɔnɔmea de edzi.

Nuwo ƒe tsitsi ƒomevi bubu aɖe hã le edzi yim le Equatorial Guinea, si nye “tsitsi, si tsoa Mawu gbɔ.” (Kolosetɔwo 2:19) Ame geɖe tsi dzi be yewoase Ŋɔŋlɔawo gɔme le afisia abe alesi Etiopia-megã la di be Filipo nakpe ɖe ye ŋui ene. (Dɔwɔwɔwo 8:26-39) Ebɔ be ame aɖe nate ɖe Yehowa Ðasefo ŋu le ablɔ dzi agblɔ nɛ be neva srɔ̃ Biblia kpli ye. Ðasefo siwo ade 325 kloe le Equatorial Guinea la le Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo wu akpe ɖeka wɔm.

Nukuwo Ƒaƒa le Dɔa Gɔmedzeɣi

Equatorial Guinea si nye dukɔ suetɔ kekeake le Afrika la le Nigeria kple Cameroon ƒe anyiehe gome. (Kpɔ anyigbanɔnɔmetata dzi.) Ðasefo Nigeriatɔ siwo va be yewoawɔ dɔ le kokogblewo dzie tsɔ nyanyuia vɛ zi gbãtɔ. Togbɔ be woɖo Eŋlisigbe hamewo hã la, wokaka emegbe esi wòva hiã be nɔvi siawo natrɔ ayi Nigeria. Gake esi dukɔa xɔ ɖokuisinɔnɔ le ƒe 1968 megbe kpuie la, woɖo srɔ̃tɔ etɔ̃ siwo nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dutanyanyuigblɔlawo ɖe afisia. Dunyahehekuxiwo mena be wote ŋu nɔ anyi eteƒe didi o, gake woƒe ɖaseɖiɖi tse ku nyuiwo.

Santiago, dutanyanyuigblɔlawo dometɔ ɖeka do go Buenaventura, si nye ŋutsu kɔkɔ kako si dua me tɔwo yɔna be ŋutsu sesẽ. Enye amesi lɔ̃a mawunya eye wòdea bubu Biblia ŋu, gake dzi kunɛ kabakaba. Ne wodzui vie ko hã la, etua kɔ ame. Esi dzi kui le ahanoƒe aɖe la, amesiwo katã le afima ka hlẽ gbɛ̃, eye ame aɖewo to fesrɛ to gɔ̃ hã be eƒe kɔ nagalɔ yewo o. Le nyateƒe me esi wònɔ to ɖom Santiago la, eɖoe be ne mete ŋu zã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖo kpe nya siwo gblɔm wòle dzi o la, yeaƒoe. Egblɔ na eɖokui be, ‘Ame aɖeke maflu ŋutsu sesẽ o ɖe.’ Nusi wòse la lé dzi nɛ, vevietɔ esi ƒo nu le agbenɔnɔ tegbee le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ ŋu, eyata elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye.

Esi nusɔsrɔ̃a nɔ ŋgɔ yim la, Buenaventura ƒe didi be yeanɔ Paradiso me tegbee la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi, eye eva srɔ̃e be hafi fetu ma nasu ye si la, ele be yeanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu. Esi wòva dze sii be mele be Kristotɔ vavãwo naɖo “vɔ̃ vɔ̃ teƒe” o la, eva nɔ agbagba dzem vevie be yeaɖu yeƒe dzikudodoa dzi.—Romatɔwo 12:17.

Dodokpɔ ŋutɔŋutɔ va gbeɖeka esime wòlɔ nuƒlela aɖe ƒe kplu ƒu anyi le ahanoƒe aɖe esi menye ɖe wòɖoe wɔ o. Ŋutsua do dziku hetu kɔe. Enumake ame bubu siwo le ahanoƒea ka hlẽ, esi wonɔ mɔ kpɔm be woadze avuwɔwɔ gɔme ta. Gake Buenaventura tsɔ tufafa xe fe ɖe kplu si gbã la ta, edze aha bubu na ŋutsua, eye wòdo taflatse ɖe eɖokuimalémale nyuie ta. Esi nutoa me tɔwo kpɔ be Biblia sɔsrɔ̃e na wòwɔ tɔtrɔ mawo la, wo dometɔ geɖe lɔ̃ be nesrɔ̃ nu kpli yewo. Kaka Buenaventura naxɔ nyɔnyrɔ la, enɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ atɔ̃ wɔm xoxo. Enye hamemegã ƒe atɔ̃e nye sia, eye togbɔ be amewo gayɔnɛ be ŋutsu sesẽ hã la, fefenya koe wònyena fifia.

‘Wotsɔa Ðe Le Woƒe Gbɔgbɔ me Nuhiahiã Me’

Le ƒe 1970-awo me la, Ðasefo ʋee siwo nye afimatɔwo la yi edzi nɔ gbeƒã ɖem henɔ kpekpewo dem alesi woate ŋui. Emegbe la, srɔ̃tɔ Spaniatɔ dutanyanyuigblɔla geɖe va na kpekpeɖeŋu. Andrés Botella si subɔ le Equatorial Guinea ƒe 12 sɔŋ la ɖo ŋku edzi be esime ye va ɖo teti la, alesi ameawo “tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me” la wɔ dɔ ɖe ye dzi ŋutɔ. (Mateo 5:3, NW) Egblɔ be: “Biblia sɔsrɔ̃ kple amesiawo siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la doa dzidzɔ ŋutɔ.”

Nɔvinyɔnu Spaniatɔ si nye Mary nɔ Biblia srɔ̃m kple ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye María, amesi gblɔ be ye dzilawo, Francisco kple Fausta hã di be yewoasrɔ̃ nu. Esi Mary nɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ 15 wɔm eye María dzilawo gbɔ didi ŋutɔ ta la, exɔ kwasiɖa geɖe hafi wòte ŋu de wo gbɔ.

Esi Mary kple srɔ̃a Serafín va do go dzilaawo mlɔeba la, agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzia kple Biblia nɔ wo si xoxo, eye wodi vevie be yewoadze nusɔsrɔ̃ gɔme. Eyata wodze egɔme enumake. Serafín kpɔe be María dzilawo nya agbalẽa me nyawo nyuie. Zi evelia si wogayi wo gbɔ la, nu ma kee gadzɔ esime wosrɔ̃ ta evelia. Serafín gblɔ be: “Ðeko wòwɔ abe Ðasefo nyɔnyrɔxɔla evee míenɔ nua srɔ̃m kpli ene.” Le wo sasrãkpɔ zi etɔ̃lia me esi wonya agbalẽa me nyawo nyuie nenema ta la, Serafín doe ɖa be yewoatsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emee akpɔ alesi tututu wose nuwo gɔme nyuie ɖa. Eva kpɔe be Francisco kple Fausta srɔ̃ agbalẽ bliboa le wo ɖokui si!

Aleke sidzedze yeye si su wo si la wɔ dɔ ɖe wo dzii? Wowɔ ɖe nusi wosrɔ̃ la dzi eye wodzudzɔ gbɔgbɔyɔyɔ ƒe kpekpewo dede xoxo eye wotso kadodo ɖesiaɖe me kple Katoliko Sɔlemeha la. Gakpe ɖe eŋu la, Francisco dzudzɔ atamanono, eye womegaɖua lã tsiʋumewo o. Esi wòdze ƒã be wotsɔ nusianu si wosrɔ̃ la de dɔwɔwɔ me ta la, wode dzi ƒo na wo be woadze nusiwo wonya la gbɔgblɔ gɔme na amewo. Enumake wodze gbeƒãɖeɖe gɔme na woƒe aƒelikawo. Ɣleti etɔ̃ pɛ megbe la, wodze na nyɔnyrɔxɔxɔ. Fifia Francisco nye subɔsubɔdɔwɔla, eye le woƒe kpɔɖeŋu nyui kple dzonɔameme le gbeƒãɖeɖe me ta la, wo vinyɔnu etɔ̃ nye Ðasefowo, viŋutsu eve le kpekpewo dem, eye ƒometɔ ade bubuwo le nu srɔ̃m.

Esi Francisco xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o la, edo go Pablo, amesi nye Katolikotɔ akuakua si nye sɔlemenuwodzikpɔla le woƒe sɔleme. Pablo ye gblɔa mawunya ne nunɔla meva o. Ne sɔlemevi aɖe dze dɔ la, esrãnɛ kpɔna; ne Pablo mekpɔ ame aɖe le sɔleme o la, eyia egbɔ dea dzi ƒo nɛ; eye ne ame aɖe ku la, ewɔa nusianu si wòate ŋui atsɔ afa akɔ na ƒomea. Eme kɔ be sɔlemedela siwo katã le nutoa me lɔ̃a Pablo vevie.

Esi Pablo dea bubu Biblia ŋu vevie ta la, elɔ̃ faa esi Francisco gblɔ be yeasrɔ̃ nu kplii. Enumake Pablo kpɔ alesi Biblia ƒe gbedasia gɔme nya see, eye le nusɔsrɔ̃ ʋee aɖewo megbe la, eɖoe be yeazã ŋɔŋlɔ siwo yesrɔ̃ dometɔ aɖewo le eƒe “alẽwo sasrãkpɔdɔ” me esime sɔlemevi aɖe dze dɔ. Ema megbe kpuie le Pablo ƒe Kwasiɖagbe mawunyagbɔgblɔ aɖe me la, eɖe alesi wòle vevie be woazã Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, kple nusita mele be míazã nɔnɔmewɔwɔwo o la me.

Alesi wòxɔ nyateƒea kabae ta la, ekpɔ mɔ be woƒe sɔlemevi bubuwo hã axɔe nenema ke. Gake le mawunya etɔ̃ alo ene siawo siwo wònɔ te ɖe Biblia dzi gblɔ megbee Pablo kpɔe dze sii be nya siwo gblɔm yenɔ la mevivi ameawo nu o. Eyata eɖoe be yeado le sɔlemea me ade ha kple Yehowa Ðasefowo edziedzi. Ɣleti ʋee aɖewo megbe la, edze na nyɔnyrɔxɔxɔ, eye enye nyanyuigbeƒãɖela dovevienu fifia. Togbɔ be mete ŋu le gbeƒã ɖem ɣeyiɣiawo katã o hã la, ele Biblia-nusɔsrɔ̃ ewo wɔm.

Nana be Woadzi Ðe Edzi to Ƒuƒoƒo Me

Ðasefo siwo le Equatorial Guinea bu Biblia ƒe nuxlɔ̃ame be woagagblẽ ƒuƒoƒewo ɖi o la nu vevii. (Hebritɔwo 10:25) Tso ƒe 1994 esime dziɖuɖua da asi ɖe dɔa dzi le se nu la, nɔviawo di vevie be Fiaɖuƒe Akpata siwo nyo la nasu yewo si. Le nyateƒe me la, hameawo dometɔ akpa gãtɔ tu woa ŋutɔwo ƒe akpatawo alo wole etutu dzi.

Le Mongomo, afisi Kwasiɖagbe ƒe kpekpevalawo sɔa gbɔ dea Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme ƒe teƒe eve kple afã la, hamea le agbagba dzem vevie be yewoatu akpata si lolo wu. Zi geɖe la, subɔsubɔha bubu siwo le Mongomo hayana apadɔwɔlawo be woatu woƒe sɔlemexɔwo, eyata womegbe dzesidede afima Ðasefowo ƒe nuwɔna o. Gbeɖeka la, Iglesia Nueva Apostólica (Apostolik-ha Yeye) ƒe osɔfo va afima va bia hamemegãwo dometɔ ɖeka be ho neni xem wòle na dɔwɔla kutrikula siawo hã. Osɔfoa gblɔ be togbɔ be ɖe yehaya gliɖola aɖewo siwo nye yeƒe sɔlemeviwo hã la, dɔa menɔ afɔ tsɔm o. Ebu be anyo bene yeahaya dɔwɔla siwo le Fiaɖuƒe Akpata la tum hã. Esi wogblɔ nɛ be Ðasefoawo katã le dɔa wɔm fetu maxɔmaxɔe la, eƒe nu ku eye wòdzo.

Ahiã be amesiwo ƒe nɔƒe gbɔ didi tso Fiaɖuƒe Akpata gbɔ la natsɔ nu geɖe asa vɔe hafi ate ŋu ade kpekpewo. Nɔnɔme sia mee Juan, ɖekakpui si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1994 me la nɔ. Gabon ye wòse nya tso nyateƒea ŋu le, afisi wòsrɔ̃ Agbe Tegbee ƒe agbalẽa ƒe afã le. Emegbe etrɔ yi Equatorial Guinea, ɖe wo dekɔƒe si gbɔ didi abe kilometa 100 ene tso Mongomo. Esia va zu kuxi nɛ le alesi wòagate ŋu ayi eƒe nusɔsrɔ̃a dzi gome. Gake dzi meɖe le eƒo o. Ɣleti ɖesiaɖe la, edoa gasɔ gaƒoƒo enyi yia Mongomo, afisi Santiago si nye hamemegãwo dometɔ ɖeka le afima srɔ̃a nu kplii le. Enɔa Mongomo ŋkeke ʋee aɖewo eye wosrɔ̃a nu kplii zi etɔ̃ alo zi ene le eƒe anyinɔɣi. Eto mɔ sia nu wu eƒe nusɔsrɔ̃ nu eye wòdze na nyɔnyrɔxɔxɔ.

Nukae Juan wɔna hafi sẽa ŋu le gbɔgbɔ me esi medea ha kple Kristotɔ bubuwo boo o? Nusi ƒo wo katã tae nye be enye nyanyuigbeƒãɖela dovevienu. Eɖe gbeƒã na amesiwo katã le woƒe kɔƒea me, eye vaseɖe esime wòxɔ nyɔnyrɔ la, enɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ 13 wɔm. Eƒe nusrɔ̃viwo dometɔ ade kplɔe ɖo woyi ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ le Mongomo be woava kpɔ eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ teƒe. Fifia la, ewɔa Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ edziedzi kple ɖetsɔlemetɔ siwo le woƒe nutoa me, eye zi geɖe la, vavalawo dea ame 20.

Tsidede Nukuwo Dzigbɔɖitɔe

Menye gbɔgbɔ me tsitsi katãe tsɔna o. Ɣeaɖewoɣi la, dzigbɔɖi geɖe hiã hafi woate ŋu akpɔ be nukua va tse ku mlɔeba. Paca, amesi se nyanyuia zi gbãtɔ le ƒe 1984 me esime Edita si nye nɔvinyɔnu mɔɖela ɖi ɖase nɛ le asime gomee nusia dzɔ le. Esi Edita yi ɖasrã Paca kpɔ le eƒeme le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, Paca lɔ̃ be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli ye. Togbɔ be Paca menɔ ŋgɔyiyi wɔm boo o hã la, Edita nɔ edzi kokoko elabena ekpɔ nɔnɔme nyui aɖewo le eŋu. Edita gblɔ be: “Edze abe alẽme wònye ene, eye medo gbe ɖa na Yehowa be wòaʋu eƒe dzi me.”

Paca nɔ eƒe nusɔsrɔ̃a dzi ɖewoɖewoe ƒe ene sɔŋ, gake menɔ ŋgɔyiyi boo aɖeke wɔm o. Eyata esi wowu Agbe Tegbee ƒe agbalẽa nu la, Edita ɖo dze kple Paca le anukwareɖiɖi me tso alesi wòle vevie be wòabu nyateƒea nu vevii ŋu. Esi Edita nɔ agbagba dzem be yeaɖo Paca ƒe dzi gbɔ la, Edita fa avi gɔ̃ hã.

Paca ɖo ŋku edzi gblɔ be: “Aɖaŋuɖoɖo ma si tso dzime la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔŋutɔ. Medze tɔtrɔwɔwɔ le nye agbe me gɔme tso ɣemaɣi. Meŋlɔ ŋkɔ le Teokrasi Subɔsubɔsukua me, eye mezu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ le ƒe ma ke me. Gbesigbe mexɔ nyɔnyrɔe nye ŋkeke si dzi mekpɔ dzidzɔ wu le nye agbe me!” Dzo si le Paca me fifia la to vovo na ɖekematsɔleme si nɔ eme tsã. Ele Biblia-nusɔsrɔ̃ 13 wɔm fifia, eye le nyateƒe me la, egbɔa dzi ɖi na amesiwo mele ŋgɔyiyi wɔm kabakaba o.

Kpekpe Ðe Amewo Ŋu be Woaɖɔ Woƒe Agbenɔnɔ Ðo

Le alesi Yehowa Ðasefo siwo le Equatorial Guinea nɔa agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu ta la, ŋkɔ nyui le wo ŋu le anukwareɖiɖi kple dzadzraɖo nyuie ta. Ŋutsu aɖe si dzi edze ƒã be woƒe agbenɔnɔ wɔ dɔ ɖo la te ɖe Bata Hamea ƒe hamemegã aɖe ŋu biae be: “Reasoning-gbalẽab le asiwòa? Xexemetɔnyenye tim. Medi be mazu Yehowa Ðasefo!”

Antonio, amesi nye subɔsubɔdɔwɔla le Malabo Hamea me nye xexemetɔ si va zu Ðasefo ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Enɔ agbe bliba ŋutɔ hafi va srɔ̃ Biblia. Ezãa ga si wòkpɔna tso gaƒoɖokuidzadzraɖo me la ƒe akpa gãtɔ ɖe ahanono ŋu, eye enɔa agbe gbegblẽ hã. Nukae kpe ɖe eŋu be wòte ŋu trɔ eƒe agbenɔnɔ? Nya si wogblɔ ŋusẽtɔe le Korintotɔwo I, 6:9, 10 la wɔ dɔ ɖe edzi vevie: “Migana woable mi o: Ahasiwɔlawo . . . kple ahamulawo . . . la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” Ekpɔe be hafi Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu la, ele be yeatrɔ yeƒe agbenɔnɔ. Le ema ta edze egɔme nɔ eɖokui dzi kpɔm nyuie le eƒe hadede ŋu. (Lododowo 13:20) Esi exɔlɔ̃ xoxowo va kpee be yewoayi ahanoƒe la, egbe woƒe amekpekpea eye wòɖi ɖase na wo boŋ. Eteƒe medidi o wodzudzɔ fuɖeɖe nɛ.

Ðe agbagbadzedze mawo ɖe via? Antonio ɖe eme be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be metrɔ nye agbenɔnɔ. Nye lãme sẽ ɖe edzi wu togbɔ be mexɔ ƒe 60 fifia gɔ̃ hã, evɔ xɔ̃nye xoxowo ya ku loo alo woƒe lãme gbɔdzɔ. Fifia xɔlɔ̃ vavãwoe le asinye, ke menye esiwo le zɔhɛ dim ko be woagadze aha na yewo o. Esi gale vevie wu kura enye be, ƒomedodo nyui le mía kple Mawu dome. Menye gbesiagbe mɔɖela fifia, eye mele Biblia srɔ̃m kple ŋutsu aɖe si ahanono le fu ɖem na, eyata mate ŋu azã nye nuteƒekpɔkpɔ atsɔ akpe ɖe eŋu.”

Mawu ƒe Kluviwo Zuzu

Abe ƒe 200 enye sia la, woƒo amesiwo nɔ Equatorial Guinea ƒuta la nu ƒu eye wode wo tɔdziʋu me kplɔ yi Amerika-dukɔwo me wozu kluviwo. Egbea la, ame geɖe lɔ̃ faa le kluviwo zum—Mawu ƒe kluviwo. Kluvinyenye sia na ablɔɖe vavã su wo si, ena wovo tso Babilon ƒe nufiafiawo kple gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo si me. Efia wo alesi woanɔ agbe si me dzidzeme le kple esi ɖea vi. Ŋugbe si Yesu do la va eme na wo be: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.”—Yohanes 8:32.

Esi ame 1,937 de ƒe 1995 ƒe Ŋkuɖodzia ɖuƒe ta la—ede gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔme si le dukɔa me ƒe teƒe ade kloe—mɔnukpɔkpɔ nyuiwo gali na gbɔgbɔmedzidziɖedzi. Esi Ðasefo siwo le Equatorial Guinea yi edzi le nyateƒea ƒe kuwo ƒam hele tsi demii veviedodotɔe la, woka ɖe edzi be ‘Mawu ayi edzi ana wòatsi.’ (Korintotɔwo I, 3:6) Ðikekemanɔmee la, nɔnɔmea nyo nyuie na gbɔgbɔmedzidziɖedzi le Equatorial Guinea!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Etalawoe nye Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc.

b Etalawoe nye Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe