Mawu Dzixɔse Ðe Wòle Be Nukunu aɖe Nadzɔ Hafia?
ALBERT xɔ wu ƒe 20 vie esime wòdze Mawu didi gɔme. Edii le subɔsubɔha geɖe me gake meke ɖe eŋu o. Esi wòxlẽ Biblia ƒe akpa aɖewo la, ekpɔ alesi Mawu wɔ nu kple amewo abe Noa, Abraham, Sara, kple Mose ene. Biblia ƒe Mawu la ƒe nu va lé dzi na Albert vevie. Gake ɖe wòate ŋu aka ɖe edzi be Mawu li nyateƒea?
Gbeɖeka fiẽ Albert ku ʋu yi teƒe saɖeaga aɖe ɖado gbe ɖa be, “Mawu, meɖe kuku wɔ dzesi aɖe nam—nusianu si aɖo kpe edzi be nèli.” Albert lala ʋuu wòglo. Egblɔ be esi naneke medzɔ o la, yeƒe mɔkpɔkpɔ “zu mɔkpɔkpɔbuɖeame, dziɖeleameƒo, kple dziku.”
Abe Albert ene la, ame geɖe sena le wo ɖokui me be yewodi Mawu do kpoe. Ðewohĩ osɔfowo ƒe mawunyagbɔgblɔ na wotɔtɔ alo television dzi mawunyagblɔlawo ƒe gadidi na wotsi yaa. Woƒe aƒelika geɖe ƒe alakpanuwɔwɔ na wo dometɔ aɖewo menya nusi dzi woaxɔ ase o. Gake blema Israel-fia Dawid na kakaɖedzi via Salomo be: “Ne èdii [Mawu] la, ana be, nakpɔe.”—Kronika I, 28:9.
Ekema aleke Mawu ɖea eɖokui fianae? Ðe nàdi be yeakpɔ dzesi aɖe—gbɔgbɔ me nudzɔdzɔ si aɖo kpe edzi na wò be Mawu lia? Wokpɔe le numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa wota ɖe Time magazine me be Amerikatɔ siwo wu eve le etɔ̃ me xɔ nukunuwo dzi se. Nyatia gagblɔ be “Gbɔgbɔhawo kple Pentekost-ha siwo wɔa ‘dzesiwo kple nukunuwo’ le woƒe subɔsubɔ me woe le dzidzim ɖe edzi wu le Amerika.”
Le nyateƒe me la, ɖe wòle be woawɔ “dzesiwo kple nukunuwo” hafi woaxɔ Mawu dzi asea? Ena wowɔ nukunuwo le blema. Le kpɔɖeŋu me: Saul si tso Tarso, amesi nɔ Mawu Vi Yesu Kristo yomedzelawo yome tim la kpɔ nudzɔdzɔ tɔxɛ aɖe le mɔ dzi esime wòtso Yerusalem yina Damasko. Saul ƒe gododo Yesu si wofɔ ɖe tsitre nukutɔe alea na wòtrɔ dzi me. (Dɔwɔwɔwo 9:1-22) Ale wɔ amesi nye yometila tsã la va zu apostolo Paulo—Kristotɔnyenye taʋlila sesẽ ɖeka!
Gake ɣesiaɣie nukunuwo na wotrɔna nenema? Ðe ame akpɔ nukunu aɖe kokoko hafi axɔ Mawu dzi ase vavã?
[Nɔnɔmetata si le axa 3]
Mawu Vi ƒo nu na Saul si tso Tarso nukutɔe. Ðe wòle be nàkpɔ mɔ na nukunua?