INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wcg ta 50 axa 224-227
  • Etrɔ Kuraa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Etrɔ Kuraa
  • Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ku Nu Me
  • De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu
  • Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu
  • Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee
  • Yesu Tia Saul
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Yometila La Kpɔ Keklẽ Gã Aɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Le Damasko Mɔ Dzi
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Hamea “Ƒe Tome Fa”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
Kpɔ Bubuwo
Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
wcg ta 50 axa 224-227

50 SAUL SI TSO TARSO

Etrɔ Kuraa

Tatatɔ
Tatatɔ

ÐEKAKPUI si nɔ eteƒe wowu Stefanoe nye Saul si tso Tarso.a Saul ka ɖe edzi be esɔ be wowu Stefano elabe Saul xɔe se be Yudatɔwo ƒe subɔsubɔe nye nyuitɔ. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be Saul lé ‘ŋɔdzidodo kple amewuwu ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo ŋu’ le Yerusalem. Eya ta ede wo dometɔ geɖe gaxɔ me. Ne wole Kristotɔawo ƒe nyawo drɔ̃m la, Saul daa asi ɖe edzi be woawu wo. Esi yometitia nu sẽ ŋutɔ ta la, Kristotɔ geɖe si dzo le Yerusalem. Gake Saul lé fu wo ale gbegbe be eɖoe be yeati wo yome ayi du bubuwo hã me. Eya ta ebia nunɔlagã be wòana ye agbalẽ si aɖe mɔ na ye be yealé Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo le Damasko.

Esi agbalẽa nya ka Saul kple etɔwo si ko la, wodze mɔ ɖo ta dziehe yina Damasko dua me. Saul nya be wowu Yesu ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ, gake mexɔe se be efɔ ɖe tsitre eye wòle fofoa gbɔ le dziƒo o. Yehowa kple Via ya nya nu sia nu tso Saul ŋu. Wode dzesii be nɔnɔme nyuiwo le esi eye ate ŋu atrɔ. Esi wòsusɔ vie Saul kple eƒe amewo naɖo Damasko la, kekeli aɖe klẽ ƒo xlã wo zi ɖeka. Enye “kekeli aɖe si nu sẽ wu ɣe ƒe keklẽ”! Saul dze anyi ɖe anyigba enumake eye meganɔ naneke kpɔm o.

Saul si tso Tarso kple ame siwo le mɔa zɔm kplii la tsɔ woƒe asiwo le ŋkume xem esi kekeli sesẽ si tso dziƒo la le keklẽm ɖe mo na wo. Saul dze anyi ɖe anyigba eye eƒe ŋkuwo tsi.

Gbe aɖe ɖi tso dziƒo eye wòbia Saul be: “Saul, Saul, nu ka ŋuti nèle yonyeme tim? Gbea gagblɔ nɛ be: “Ne èle afɔ tum nutɔnu la, nu vevi awɔ wò.” Le ɣemaɣiwo la, wozãa ati si nu le tsutsue la tsɔ kplɔa lãwo. Eye ne lã aɖe dze aglã eye wòle afɔ tum atia la, eya ŋutɔ ko nuvevi wɔna. Eya ta Saul se egɔme be gbea le gbɔgblɔm na ye be yele nu wɔm abe lã si dze aglã ene. Saul bia be: “Wò ame kae, Aƒetɔ?” Gbea ɖo eŋu be: “Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle.” Esia anya na Saul vɔ̃ ŋutɔ. Yesu gblɔ nɛ be wòatso eye wòna wònya dɔ siwo katã wòdi be wòava wɔ na ye. Yesu gblɔ nɛ be anye yeƒe ɖasefo, aɖi ɖase tso nyateƒe siwo katã yefia la ŋu. Ede dɔ asi na Saul, si ƒe ŋkuwo tsi la be wòaʋu ŋku na dzimaxɔsetɔwo akpe ɖe wo ŋu woava nya nyateƒe si ku ɖe Yesu kple Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ŋu.

Nu kae na ame si tiaa Kristotɔwo yome kutɔkutɔe tsã la trɔ dzi me va zu ame si le gbeƒã ɖem tso Yesu ŋu veviedodotɔe?

Esi Saul se Yesu ƒe nyawo katã vɔ la, ekpɔe be yenye dadala kple ame vɔ̃ɖi eye ele be yeatrɔ. Ŋutsu siwo nɔ Saul ŋu la lé eƒe alɔ kplɔe yi Damasko dua me eye wònɔ afi ma va se ɖe esime Kristotɔ aɖe va egbɔ. Saul meɖu nu alo no naneke o ŋkeke etɔ̃ sɔŋ tsɔ ɖee fia be yese veve ɖe nu gbegblẽ siwo katã yewɔ la ta eye yetrɔ dzi me. Anɔ eme be edo gbe ɖa vevie tso dzi me na Yehowa ɣeyiɣi didi aɖe, elabe eva kpɔe dze sii be yenɔ Mawu ƒe Vi lɔlɔ̃a yome tim! Yesu dɔ Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Anania la ɖe Saul gbɔ. Togbɔ be Anania nɔ vɔvɔ̃m gbã hã la, eyi. Anania da eƒe asiwo ɖe Saul dzi eye “nanewo ge tso eƒe ŋkuwo dzi abe tsro ene.” Saul gakpɔ nu ake! Fifia ebɔbɔ eɖokui eye wòdze nunya wu tsã. Saul trɔ kuraa. ‘Etso, eye wonyrɔe.’

Saul va zu Kristotɔ eye wòte gbeƒãɖeɖe enumake. Le esi teƒe be wòatrɔ ayi Yerusalem la, ewɔ nane si anya sesẽ nɛ ŋutɔ. Eyi ƒuƒoƒea le Damasko, evɔ anɔ eme be amewo nyae nyuie le afi ma be etiaa Yesu ƒe nusrɔ̃lawo yome. Anɔ eme godoo be Saul do gbe ɖa be dzi nanɔ ye ƒo. Kpɔ ale si wòanya wɔ nuku na amewo esi wògblɔ na wo be nu siwo katã yewɔ va yi la menyo o, eye fifia yezu Yesu ƒe nusrɔ̃la ɖa! Saul do vevie subɔsubɔdɔa. “Ŋusẽ geɖe nɔ [eŋu] ɖom, eye wònaa kpeɖodzi siwo me kɔ eye susu le wo me be ame siae nye Kristo la, ale Yudatɔ siwo nɔ Damasko la ƒe nu ku.”

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Saul dzo le Damasko yi Arabia, si anya nye Siria gbedzi. Biblia megblɔ nu si ta Saul yi afi ma o, gake ɖewohĩ eyi kple susu be ye ɖeka yeaɖe ɖe aga ale be yeate ŋu ado gbe ɖa, ade ŋugble vevie tso nya siwo Yesu gblɔ kple dɔ si wòde ye si la ŋu. Le Saul ƒe agbe me katã la, eyi edzi srɔ̃ Ŋɔŋlɔawo eye wòdea ŋugble le wo ŋu. Nyateƒee, Saul ƒe agbenɔnɔ trɔ. Emegbe ede dzi ƒo na nɔvia Kristotɔ siwo nɔ Roma be woawo hã woawɔ tɔtrɔwo.—Rom. 12:2.

Saul meŋlɔ nu vlo siwo wòwɔ va yi la be gbeɖe o. Le ƒe aɖewo megbe gɔ̃ hã la, egblɔ be: “Menye busunyagblɔla kple yometila kpakple ame mabuame.” (1 Tim. 1:13) Ete ɖe edzi vevie hã be yeda asi ɖe edzi wowu Stefano. (Dɔw. 22:​19-21) Gake enya be Yehowa kple Yesu tsɔe ke ye eye woayi edzi akpe ɖe ye ŋu.

Saul nɔ Damasko abe ƒe etɔ̃ ene eye eva hiã be wòasi le yometiti ta. Nusrɔ̃la bubuwo dee kusi me ɖiɖii to do aɖe si le dua ƒe gli ŋu me eye wòsi yi Yerusalem. Dɔ geɖe gale ŋgɔ na Saul wòawɔ.

Xlẽ ŋutinyaa le Biblia me:

  • Dɔwɔwɔwo 8:​1-3; 9:​1-25; 26:​4, 5, 9-20

  • Galatiatɔwo 1:​13-18

Numedzodzro:

Aleke Saul si tso Tarso ɖe dzinɔameƒo fia le agbalẽa ƒe ta sia me?

Ku Nu Me

  1. 1. Nu ka tae Saul gblɔ be yewo de Tarso nye “du xɔŋkɔ”? (Dɔw. 21:39; w99 5/15 30 ¶1-wcgr) A

    Todd Bolen/BiblePlaces.com

    Foto A: Blemadu Tarso ƒe glikpowo kple mɔdodo aɖe

  2. 2. Anye nu ka tae Saul nya nu tso Yudatɔwo, Helatɔwo kple Romatɔwo ƒe dekɔnuwo ŋu? (bt 62, aɖaka ¶1-3)

  3. 3. Saul gblɔ be Yesu ɖe eɖokui fia ye “abe ame si ƒe ŋkeke mede hafi wodzii o ene.” Nu kae eƒe nya mawo fia? (1 Kor. 15:8; w22.09 27)

  4. 4. Nu kae ɖo kpe edzi be nya si Luka gblɔ le Dɔwɔwɔwo 9:​11, 24, 25 la nye nyateƒe? (g03 2/8 30-wcgr) B

    Photo by ROLOC Color Slides

    Foto B: Bab-Sharqi ƒe agbo si le Damasko, afi si Mɔ Dzɔdzɔe la wu enu ɖo

De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu

  • Saul lɔ̃ faa Anania kple Kristotɔ bubuwo kpe ɖe eŋu. (Dɔw. 9:​17, 18; Kol. 4:​10, 11) Gblɔ nɔnɔme siwo me wòanyo le be nàlɔ̃ ame bubuwo nakpe ɖe ŋuwò.

  • Saul mena nu siwo wòte ŋu wɔ le agbe me alo vodada siwo wòwɔ va yi la na wògbɔdzɔ le Yehowa subɔsubɔ me o. (Flp. 3:​4-8; 1 Tim. 1:​12-16) Aleke míate ŋu asrɔ̃e? D

    Fotoawo: Nɔviŋutsu aɖe si kpɔ ga eye wòɖu agbe hafi va srɔ̃ nyateƒea kple esi wòva zu Kristotɔ fifia. Egadze le foto siwo kplɔe ɖo me. Fotoawo: Agbe si nɔviŋutsua nɔ hafi va srɔ̃ nyateƒea. 1. Eya ɖeɖe nɔ anyi ɖe ahanoƒe aɖe eye wòle aha si le asi me nɛ la kpɔm. 2. Etsɔ eƒe ʋu xɔasi aɖe le nyɔnu aɖewo fiam. 3. Ele kafukafununana tɔxɛ aɖe xɔm le eƒe dɔwɔƒe. Ƒe aɖewo megbe, nɔviŋutsua le dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔdɔa me.

    Foto D

  • Mɔ bubu ka nue nàte ŋu asrɔ̃ dzinɔameƒo si Saul ɖe fia le ŋutinya sia me le?

Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu

  • Nu kae ŋutinya sia fiam tso Yehowa ŋu?

  • Aleke ŋutinya sia wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tameɖoɖo?

  • Nu kae nèsrɔ̃ tso Saul ŋu le ŋutinya sia me si na dzi dzɔ wò be wotiae be wòaɖu fia kple Kristo le dziƒo?

Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee

Kpɔ ale si ŋutsu aɖe si tiaa Ðasefowo yome tsã, abe ale si Saul wɔe va yi ene, la va zu Yehowa subɔla dovevienu.

Lɔlɔ̃ Kpɔ Ŋusẽ Ðe “Saul Si Tso Sado” Dzi (5:50)

Aleke Saul ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ Biblia edziedzi, alɔ̃ amewo eye míabɔbɔ mía ɖokui?

“Wɔ Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi To Paulo Ƒe Kpɔɖeŋu Sɔsrɔ̃ Me” (w08 5/15 21-25)

a Togbɔ be wova yɔ Saul emegbe be Paulo hã la, míayɔe be “Saul” le agbalẽa ƒe ta sia me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe