INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 4/1 axa 3-4
  • Nukatae Ɣeyiɣi Siawo Sesẽ Alea Gbegbe Ðo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukatae Ɣeyiɣi Siawo Sesẽ Alea Gbegbe Ðo?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ame Siwo Ŋu Wowɔ Nu Vlowo Ðo Ŋu
    Nyati Bubuwo
  • Nyabiase Etɔ̃lia: Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Mele Fu Kpem?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme Na Mi̇́ Vavãa?
    Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 4/1 axa 3-4

Nukatae Ɣeyiɣi Siawo Sesẽ Alea Gbegbe Ðo?

NE ÈBƆBƆ nɔ anyi le nyadzɔdzɔgbalẽ xlẽm alo le TV kpɔm alo nèle radio dzi nyawo sem la, ènya be yease nya vɔ̃ aɖe godoo, alo? Ðewohĩ esese be wogale aʋawɔwɔ dzi kokoko alo be hlɔ̃dodo nu gbe tsotso alo be dɔwuame gale nu gblẽm le dukɔ madeŋgɔwo ŋu kokoko la mawɔ mo yaa na wò o.

Ne menye mia gbɔe nusiawo le edzi yim le o la, ɖewohĩ nyadzɔdzɔ siawo mate ɖe dziwò boo ɣesiaɣi o. Ne ame ase veve ɖe fukpela gbogbo siawo katã nu hã ɖe, nukae wòate ŋu awɔ? Ne mate ŋu awɔ naneke o hã la, ne míekpɔ alesi amewo le fu kpem ŋutɔŋutɔe la, awɔ dɔ ɖe mía dzi godoo. Ne míagblɔe bubui la, togbɔ be woate ŋu axlẽ nu tso aʋawɔwɔ ŋu ahabu amesiwo kuna ƒe agbɔsɔsɔ ŋu evɔ matso dzika ƒo na ame fũ o hã la, nuxexlẽ tso Adnan, Bosniatɔ ŋutsuvi si xɔ ƒe asieke, amesi dada ku esime woda bɔmb ɖe woƒe aƒea dzi ya ŋu aɖe fu na wò vevie. Ɣleti ʋee aɖewo ko megbe esi Adnan kple fofoa wonɔ tsa ɖim le ablɔ dzi gbeɖeka la, ame aɖe be da tu fofoa wòku. Kwasiɖa ʋee aɖewo megbe hã la, ame aɖe be ɖe woƒe sukukpodzi da tu nɔvianyɔnu ʋu gbã blae wòku le eƒe ŋkume tututu. Ðɔkta siwo da nuteɖeamedzidɔ na Adnan kpɔe be ɖevia ƒe seselelãme katã ku—megatsia dzi be yeanya nusi le edzi yim gɔ̃ hã o. Ne ele ŋu la, vɔvɔ̃ kple ŋkuɖoɖo nudzɔdzɔawo dzi na ŋɔdzi lénɛ; drɔ̃e vɔ̃ siwo wòkuna la nyɔnɛ tsoa alɔ̃ me. Menye Adnan dzi koe nusiawo tɔgbe dzɔ ɖo o. Fuvie; míagbe vevesese ɖe enu o.

Aleae wòle le xexeame ƒe fukpekpe bubuwo hã gome. Ànya xlẽ nu tso dɔwuame ŋu ya; gake nyɔnuvi si xɔ ƒe atɔ̃ si ƒe ƒodo tsi anyi eye eƒe ata kple abɔwo zu lɛlɛlɛ eye kakaɖedzi mele eƒe agbetsitsi ŋu o le esi dɔ wui ɖi tsi ɖe eŋu ta ƒe foto kpɔkpɔ awɔ nublanui na wò godoo. Ànya xlẽ nu tso nuvlowɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ ŋu ya; gake esese be woƒo ahosi tsitsi aɖe kutɔkutɔe, da adzoe hedɔ egbɔ sesẽe awɔ nublanui na wò ŋutɔ. Ànya xlẽ nu tso ƒomewo ƒe gbagbã ŋu ya; gake esese be vidada aɖe ɖoe koŋ gblẽ via ɖe dɔmeɣi heƒoe ŋutasẽtɔe aɖe fu na wò godoo.

Nudzɔdzɔ siawo xexlẽ ɖea fu na ame vevie. Gake ne mía dzie xexeame fukpekpe siawo dometɔ aɖe va la, eya wua gbɔgblɔ kura! Ne vɔ̃ dzɔ ɖe wò ŋutɔ dziwò la, ke xexeame ƒe nɔnɔme siwo ŋu woƒoa nu tsoe le nyadzɔdzɔwo me akpɔ ŋusẽ ɖe dziwò godoo. Edzia ŋɔ na ame be woanya be nuvlowɔwɔ, aʋawɔwɔ, dɔwuame, kple dɔléle ƒe fukpekpe le dzidzim ɖe edzi le amegbetɔ ƒe ŋutinya me esi tɔgbe medzɔ kpɔ o. Tenɔnɔ ɖe ƒe alafa 20 lia sia me nudzɔdzɔwo nu ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo wu gbɔgblɔ nyateƒe—wonye tɔtɔ, vɔvɔ̃, kple blanuiléle sɔŋ.

Subɔsubɔha geɖe me tɔwo le ŋuɖoɖowo dim na nyabiabia ɖefuname siwo nye, Nukatae nuwo gblẽ alea gbegbe ɖo? Afikae ameƒomea ɖo tae?

Ewɔ nublanui be subɔsubɔha siwo li egbea mete ŋu le ŋuɖoɖo siwo me kɔ na ame nam o. Esi nèxlẽ magazine sia dzi nyabiabia teti la, ànya ke ɖi vie—enye ɖikeke si ŋu gɔmesese le. Subɔsubɔha siwo léa blemakɔnuwo me ɖe asi goŋgoŋ dzea agbagba zi geɖe be yewoagblɔ nya si Biblia ya megblɔ o—esi nye gbesigbe kple gaƒoƒo si xexeame awu enu. (Kpɔ Mateo 24:36.) Magazine sia talawo ya dina be Biblia la ŋutɔ naɖe eɖokui nu. Ne èva nya be alesi Biblia ƒo nu tso ŋkeke mamlɛawo ŋui nye nyateƒe kple nya si me kɔna na ame la, wò nu aku. Eye menye ɖeko Biblia gblɔ nusitae nuwo gblẽ alea gbegbe ɖo o. Egblɔ etsɔme mɔkpɔkpɔ si faa akɔ na ame ŋutɔ hã. Míede dzi ƒo na wò be nàxlẽ nyati si kplɔe ɖo ne nàkpɔ alesi esia nye nyateƒee.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Jobard/Sipa Press

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe