Ale Si Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ame Siwo Ŋu Wowɔ Nu Vlowo Ðo Ŋu
Ne wowɔ nu vlo ɖe ŋuwò kpɔ la, ɖewohĩ tanya sia sese ɖeɖe kura ate ŋu ana nàtsi dzimaɖi. Eye megblẽ be nàse le ɖokuiwò me nenema o. Ne wowɔ nu vlo ɖe ame aɖe ŋu la, ate ŋu ana wòanɔ vɔvɔ̃m eye wòalé blanui ƒe geɖe. Le ame geɖe gome la, agbea meganɔna abe ale si wònɔ na wo tsã ene o.
“Esi mekpɔ fififi la teƒe megbe la, nyemegate ŋu ɖea dzi ɖi o. Menɔa vɔvɔ̃m gbe sia gbe eye alɔ̃ menya dɔna nam o. Nye susu medze akɔ anyi o, eye dzidzɔkpɔkpɔ bu ɖem. Ne nane dzɔ fifia gɔ̃ hã si menye afɔku o la, medzona nyanyanya. Nu siwo dzɔna gbe sia gbe siwo meɖia vɔvɔ̃ na amewo o la nana nye ya mevɔ̃na ŋutɔ.”—Efraín, tso Venezuela; enɔ gadzraɖoƒe aɖe hafi adzoblasuwo va dze teƒea dzi.
Ne wowɔ nu vlo ɖe ame aɖe ŋu la, ate ŋu axɔ ɣeyiɣi kpuie aɖe alo eteƒe nadidi hafi wòahaya tso nu si dzɔ la me; ame sia ame kple etɔe. Ðe nane dzɔ ɖe dziwò si na nèle vɔvɔ̃m alo tsi dzodzodzoe le ɖokuiwò mea? Ne nenemae la, Biblia ate ŋu aɖo aɖaŋu nyuiwo na wò, ana mɔkpɔkpɔ wò eye wòafa akɔ na wò. Eƒe aɖaŋuɖoɖo atɔ̃ aɖewoe nye esiawo; woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàhaya tso nu si dzɔ ɖe dziwò la me.
Nu siwo nàte ŋu awɔ
1. Bia kpekpeɖeŋu.
Nu si esia fia: Nu vlo si wowɔ ɖe ŋuwò la ate ŋu anye agba kpekpe aɖe si wò ɖeka mate ŋu atsɔ o.
Ale si nàte ŋu awɔe: Ƒo nu kple ƒowòmetɔwo, xɔ̃wòwo alo ame bubu aɖe si ate ŋu ase wò nyawo na wò, eye wòagblɔ “nya nyui” fakɔname aɖe atsɔ ade dzi ƒo na wò. Esia wɔwɔ ana nàse nu si tae seselelãme aɖewo le fu ɖem na wò la gɔme, eye wòana amewo nanya nu si woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ŋuwò. Ate ŋu aɖe vi hã ne èƒo nu kple susuŋutinunyala si bi ɖe kpekpeɖeŋunana ame siwo kpɔtɔ le fu kpem le nu vlo aɖe si dzɔ ɖe wo dzi va yi ta. Dziɖuɖua alo habɔbɔ siwo kpɔa kuxi siawo gbɔ la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le mɔ sia nu. Ðewohĩ woate ŋu ana setɔwo nade asi nyaa me hã. Gake esi wònye be mɔ vovovo dzie amewo tona kpɔa woƒe kuxiwo gbɔ ta la, ele be ame sia ame ŋutɔ natso nya me ne aɖe eƒe kuxia dzi na ame aɖe, kple ame si wòadi be wòanye.
“Míeƒo nu kple susuŋutinunyala aɖe. Nye ŋutɔ medina be maƒo nu tso nu si dzɔ ɖe mía dzi la ŋu na amewo. Elabe mekpɔe be esia wɔwɔ nana nye dzi dzea eme ɣeaɖewoɣi ne nu bliboa wu tsɔtsɔ nam.”—Refiloe, tso South Africa; fiafiwo tso wo le mɔ dzi eye woɖo tu wo dzi xɔ woƒe ʋu le wo si.
2. Gbɔ dzi ɖi na ɖokuiwò.
Nu si esia fia: Ne wowɔ nu vlo ɖe ŋuwò la, ele dzɔdzɔme nu be seselelãme vovovowo naɖe fu na wò eye nàtɔtɔ. Le kpɔɖeŋu me, vɔvɔ̃, dzimaɖitsitsi, dziku, blanuiléle, ŋukpe alo fɔbuameɖokui gɔ̃ hã.
“Ewɔ nam be medo kpo nu eye nyemete ŋu kpɔ nye ƒomea ta o. Fiafi siwo tsoa amewo le mɔ dzi xɔa woƒe ʋuwoe wɔ wo ɖokui poliswo eye wotɔ mí. Ta mebu fɔ ɖokuinye be nu ka tae nyemekpɔe dzesi kaba be menye polis ŋutɔŋutɔwoe o.”—Eatile, Refiloe si ƒe nya míegblɔ va yi srɔ̃.
Ale si nàte ŋu awɔe: Gbɔ dzi ɖi na ɖokuiwò, elabe axɔ ɣeyiɣi hafi nàɖu seselelãme mawo dzi. Ne ehiã be nàfa avi la, fa avi faa. Mègabu fɔ ɖokuiwò o, abe ale si ko màbu fɔ xɔ̃wò aɖe si dzi nu sia tɔgbi dzɔ ɖo o ene. Nya siwo nàdi be yeagblɔ atsɔ afa akɔ na xɔ̃wòa boŋ ŋue àbu. Eya ta wɔ nenema na ɖokuiwò. Ate ŋu adzɔ hã be nàdo dziku eye nàdi be yeaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe. Megblẽ be nàtsɔ nyaa ayi na setɔwo o. Gake dze agbagba be nàgalé dziku ɖi anɔ nu siwo nàwɔ atsɔ aɖo eteƒe na ame si wɔ nu vlo la ɖe ŋuwò ŋu bum o. Elabe esia wɔwɔ mana nàhaya kaba tso nu si dzɔ la me o.
3. Lé be na ɖokuiwò.
Nu si esia fia: Ne èwɔa nu siwo ana wò susu me nadze akɔ anyi kple nu siwo ade wò lãmesẽ dzi la, ke efia be èle be lém na ɖokuiwò.
Ale si nàte ŋu awɔe: Dze agbagba nàgate nu siwo nèwɔna hafi afɔkua dzɔ la wɔwɔ, gake mègatsɔ nu geɖe do agba na ɖokuiwò o. Ðu nu edziedzi eye kpɔ egbɔ be wonye nuɖuɖu siwo me nunyiame le. Mègatsi teƒe ɖeka o; nɔ kame dem vivivi. Ame geɖe kpɔe be yewoƒe dzi dzea eme vie ne yewolé ŋku ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔ aɖewo ŋu. Eya ta wò hã àte ŋu ado aɖi tsa vie akpɔ ati alo seƒoƒo nyakpɔwo. Ame bubuwo hã kpɔe be nuŋɔŋlɔ, nutata alo aɖaŋudɔ aɖe wɔwɔ nana yewoƒe susu me dzea akɔ anyi.
Gake mègazã wò ɣeyiɣi katã ɖe nu siawo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, mègade kame wòagbɔ eme o; di ɣeyiɣi nàɖi ɖe eme nyuie hã. Megblẽ be nàdi be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga ɣeaɖewoɣi o, gake mègana wòazu numame na wò o. Manyo hã be nànɔ atike aɖe zãm evɔ menye ɖɔkta ye ŋlɔe na wò o, alo anɔ aha sesẽ nom be yeaɖe yeƒe vevesesewo dzi akpɔtɔ o.
4. Da akpe ɖe nu siwo le asiwò la ta.
Nu si esia fia: Dze agbagba nàde dzesi nu nyui siwo le edzi yim le wò agbe me eye nàda akpe ɖe wo ta.
Ale si nàte ŋu awɔe: Ate ŋu awɔ na wò gbã be nu nyui aɖeke mele edzi yim le yeƒe agbe me si ta yeada akpe ɖo o, gake be nànye akpedala mefia be nàŋe aɖaba ƒu nu si dzɔ alo ale si wògblẽ nu le ŋuwòe dzi o. Gbã, lɔ̃ ɖe edzi be nu vlo si wòwɔ ɖe ye ŋu la na yelé blanui, yedo dziku alo yele vɔvɔ̃m, gake mègatsɔ susu ɖo seselelãme siawo ŋu fũu o. Ke boŋ, srɔ̃ ale si nàda akpe ɖe nu nyui siwo le asiwò la ta, ne edze be womeɖi naneke o gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, zikpui nyui aɖe si me nènɔna wò dzi dzea eme alo nuɖuɖu vivi aɖe. Ðo ŋku edzi nàdo gbe ɖa ada akpe na Mawu ɖe nu siwo le asiwò la ta. Numekuku ɖee fia be ame siwo ŋu wowɔ nu vlo ɖo, gake wosrɔ̃ ale si woade dzesi nu siwo le edzi yim nyuie na wo, eye wodaa akpe ɖe wo ta la tea ŋu nɔa te ɖe nɔnɔmea nu nyuie wu. Esia wɔnɛ be wohayana kaba eye dzi dzɔa wo wu hã.
5. Kpɔ mɔ be nuwo ava ka ɖe eme na ye le etsɔme.
Nu si esia fia: Ne èka ɖe edzi be nuwo ava nyo na ye le etsɔme la, anɔ bɔbɔe na wò be nàɖe dzi ɖi eye nàdo dzi.
Ale si nàte ŋu awɔe: Anɔ eme be amewo ka ɖe edzi na wò be nu si me tom nèle la nu ava yi, eye àgase vivi na agbea ake. Woƒe nyawo anya fa akɔ na wò. Gake mɔkpɔkpɔ vavã aɖe li, si agana wò dzi nadze eme geɖe wu. Mɔkpɔkpɔ sia dze le Biblia me, eye enye ŋugbe siwo mía Wɔla do be yeava ɖe nu siwo katã doa vevesese na mí la ɖa. Aɖɔ nu siwo wogblẽ le mía ŋu la hã ɖo keŋkeŋ. Ne èdi be yeanya nu geɖe tso mɔkpɔkpɔ sia ŋu la, kpɔ aɖaka si nye “Mawu Do Ŋugbe Be Nu Vlo Wɔwɔ Maganɔ Xexea Me O.” Ne èka ɖe mɔkpɔkpɔ sia dzi eye nètsɔ wò susu ɖo eŋu la, anye ‘seke na wò luʋɔ.’
“Mawu ka ɖe edzi na mí be gbe ɖeka la, aʋawɔnuwo, avifafa alo vevesese maganɔ anyi o, eye ame aɖeke maganɔ vɔvɔ̃m o. Mele mɔ kpɔm na ŋkeke ma vevie ŋutɔ.”—Efraín, si ƒe nya míegblɔ va yi.
Ale si nàkpe ɖe ame siwo ŋu wowɔ nu vlo ɖo ŋu
Nu kawoe nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wò ame vevi aɖe si ŋu wowɔ nu vlo ɖo la ŋu? Ðo ŋku edzi be axɔ ɣeyiɣi hafi wòahaya tso nu si dzɔ la me. Eya ta nɔ klalo be nàyi edzi anɔ kpekpem ɖe eŋu.
Na wòanya be yetsɔ ɖe le eme nɛ, nu si dzɔ ɖe edzi la te ɖe dziwò eye yedi vevie be yeakpe ɖe eŋu
Ka ɖe edzi nɛ be menye egbɔe wòtso be wowɔ nu vlo ma ɖe eŋu o
Mègagblɔ nɛ be ɖe wòle be wòawɔ esi kple ekemɛ hafi o
Ðo toe nyuie ne ele ale si wòle sesem le eɖokui me gblɔm eye nàdze agbagba ase nu gɔme nɛ
Wɔ nu si wòhiã la nɛ, gake na wòagblɔ ale si tututu wòadi be nàkpe ɖe ye ŋu la na wò
Gbɔ dzi ɖi nɛ, eye mègatsɔe vevie ne egblɔ nya aɖe alo wɔ nane le dziku ta o