INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 8/15 axa 23-25
  • Gbeɖuƒe na Alẽmewo le Navajo-nyigba Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeɖuƒe na Alẽmewo le Navajo-nyigba Dzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyanyuia Tsɔtsɔ Yi Navajo Nyigba Dzi
  • “Alẽnyiƒe” Ðoɖo Anyi
  • Ame Geɖe Xɔ Fiaɖuƒegbedasia Nyuie
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 8/15 axa 23-25

Gbeɖuƒe na Alẽmewo le Navajo-nyigba Dzi

HÓZHÓNÍ gɔmee nye “dzeani” le Navajo Indiatɔwo degbe me, eye nenemae Navajotɔwo ɖɔa woƒe anyigba lae. Tso keke ƒe 1868 me ke la, United States dziɖuɖua ka saɖaganyigba si lolo kilometa 62,000 togodo na Navajotɔwo le Arizona ƒe dzieheɣedzeƒe, le afisi woyɔna be dzogoe ene dzi, afisi nuto ene siwo nye Arizona, Colorado, New Mexico, kple Utah wodo go le. Fifia wole Monument Valley, si xɔ ŋkɔ le Ɣetoɖoƒenuto me sinima wɔwɔ ta la, ta kpɔm wòzu Navajo Toa ƒe Modzakaɖebɔ eye modzakaɖetsaɖilawo tsoa xexeame ƒe akpawo katã yia afima. Kpe dzĩ nyadri aɖewo siwo kɔkɔ meta 300 la le balia me wòɖe dzesi le gbadzaƒe si le kɔkɔƒe la wòdze ani. Esɔ nyuie be Navajogbe me ŋkɔ si wotsɔ na bali la gɔmee nye “teƒe si le agakpewo dome.”

Wonya Navajotɔwo katã be wonye ɖokuibɔbɔlawo, woxɔa amedzro nyuie, eye ƒomedodo kplikplikpli le ƒomebɔlegbewo dome. Kɔƒe siwo ɖe aga le wo nɔewo ŋu koŋ mee ame 170,000 siwo le saɖaganyigbaa dzi la le, abe alesi wònɔ le wo tɔgbuiwo ŋɔli ene. Wo dometɔ aɖewo ganyia alẽwo eye atixɔ siwo wotre kple anyi si woyɔna be hogan mee wogale. Navajotɔwo ƒe asinudɔwo kple aɖaŋudɔwo de du. Esi ŋu wodea asixɔxɔe vevie wue nye woƒe anyigba kple aba dzi kuntru siwo wotsɔ alẽfu wɔ ɖe amadede vovovowo me alo ɖe woƒe atsiãwo nu. Wonya Navajotɔwo ƒe klosalotsyɔ̃ɖonu si wotsɔa turquoise kple dzɔdzɔmenu bubuwo wɔna hã nyuie.

Nyanyuia Tsɔtsɔ Yi Navajo Nyigba Dzi

Yehowa Ðasefowo va Navajo-nyigba dzi ƒe 30 kple edzivɔe nye sia menye be woava kpɔ teƒea ɖa ko o ke be woatsɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia ayi na amewo le saɖaganuto sia hã me. (Mateo 24:14) Subɔla Yehowa Ðasefo siwo nye gbesiagbe mɔɖelawo kple mɔɖela veviwo xɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me. Wo dometɔ geɖe wɔ ɖe yɔyɔ si tso dzikpɔla mɔzɔlawo kple afima Ðasefowo gbɔ be woava na kpekpeɖeŋu le afisi hiahiã lolo wu le la dzi heva. Ame aɖewo tso hame siwo te ɖe afima ŋu me, eye ame bubuwo kple Amerikatɔ Gbãtɔwo ƒe to vovovowo me tɔwo hã tso United States ƒe akpa vovovowo va.

Ŋutsu kple nyɔnu siawo siwo tsɔ wo ɖokui sa vɔe la tsɔ woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le afisia sɔ kple dutanyanyuigbɔgblɔdɔ. Nukatae? Gbã la, gbe siwo wodona le afima la sɔsrɔ̃ sesẽ ŋutɔ le woƒe gbeɖiɖi, nyawo ɖoɖo, kple nyagbɔgblɔ dranyiawo ta. Azɔ hã, afimatɔ akpa gãtɔ ku ɖe woƒe blemasubɔsubɔ, ƒome ƒe ɖoɖowo, kple agblededɔwo ŋu goŋgoŋ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nɔƒe kple dɔ kpɔkpɔ sesẽna na amesiwo menye Indiatɔwo o, si na wòsesẽna na amesiwo ʋu yi be woakpɔtɔ anɔ afima. Mlɔeba la, alesi yevuwo wɔ ŋlɔmi le amesiawo ŋu ɣeyiɣi didi la na gɔmesese le eŋu be womegaka ɖe ame bubuwo dzi boo o.a

Gbã la, esi Ðasefoawo dzra wo ɖokui ɖo hebla taya heyi tso aƒeme yi aƒeme la, amewo bu be Mormontɔwoe, eye ame geɖe melɔ̃na wogena ɖe eme o. Esi wova do awu abe alesi ame bubuwo hã donɛ ene la, wona woge ɖe eme, eye wonɔa wo gbɔ gaƒoƒo ɖeka alo esi wu nenema zi geɖe. Fifia ameawo kpɔa Yehowa Ðasefowo dzea sii, togbɔ be wogadoa awu blaa taya le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me hã.

Amesiwo le Navajo-saɖaganyigba dzi gbɔ ɖoɖo sesẽ ŋutɔ. Nusi wowɔna zi geɖe enye be woaku ʋu ato mɔ siwo womedo o dzi si agakpe, ke, kple ba te ŋu nɔna. Esia naa nu tea ʋua ŋu wògblẽna kaba eye ɖeɖi tea ʋua ɖolawo ŋu. Ʋuwo te ŋu ɖina ɖe ba me, gake zi geɖe la, amesiwo va yina naa kpekpeɖeŋu wohonɛ. Zi geɖe la, ɖetsɔlemetɔwo gbɔ yiyi, aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔƒe yiyi, alo ame aɖe kpɔkplɔ yi Kristotɔwo ƒe kpekpe biaa mɔzɔzɔ gaƒoƒo geɖe yiyi kple gbɔgbɔ. Gake Ðasefoawo lɔ̃ faa tsɔ wo ɖokui na, eye esia ɖea woƒe lɔlɔ̃ na afimatɔwo fiana.—Tsɔe sɔ kple Tesalonikatɔwo I, 2:8.

Biblia me numedzodzrowo vivia Navajotɔwo nu. Nusi wowɔna ɣesiaɣie nye be woƒoa ƒomea me tɔwo katã nu ƒu—ɖeviwo, dzilawo, kpakple tɔgbuiwo kple mamawo—be woase nya le etsɔme paradiso si ava na ameƒomea ŋu. Esi wobia Navajo-ŋutsu aɖe alesi wòsusu be Paradiso anɔ la, eɖo ŋu be, “Gbe damawo, kple alẽ gbogbo aɖewo anɔ afima,” si ɖe alesi wokpɔa dzidzɔ ɖe anyigba la kple woƒe alẽhawo ŋui fia. Wokpɔa dzidzɔ ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo hã ŋu, eye woɖea esia fiana ɣeaɖewoɣi hedzɔa dzonuwo, adzalẽti, gomenyinotsi, kple nu mawo tɔgbe tsɔ kpea asi ɖe Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa ŋu. Mɔɖela vevi aɖe xɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔ 200 le ƒe ɖeka me, eye exɔ eve tso ŋutsu aɖe si nɔ sɔ dzi va yina gbɔ.

“Alẽnyiƒe” Ðoɖo Anyi

Ne dzomeŋɔli ɖo la, ɣemaɣie Navajo-alẽkplɔla kplɔa eƒe alẽha yina alẽnyiƒee. Alẽwo ƒe dzomeŋɔlinɔƒe sia si nɔa afisi tsɔ ɖe gbeɖuƒe kple tsi geɖe gbɔ la kpena ɖe alẽha la ŋu wotsina nyuie. Le kpɔɖeŋumɔ nu la, míate ŋu atsɔ Fiaɖuƒe Akpata asɔ kple nɔƒe sia—gbɔgbɔ me gbeɖuƒe kple nyateƒea ƒe tsidzɔƒe. Amesiwo vaa afima ate ŋu akpɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu si ana lãmesẽ kple ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me.

Vaseɖe ɣeaɖeɣi la, sukuxɔ aɖe si le Kayenta, Arizona, mee wowɔa kpekpewo le. Emegbe le August 1992 me la, Ðasefo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla alafa geɖe siwo tso nuto vovovowo me na kpekpeɖeŋu wotu Fiaɖuƒe Akpata yeye ɖe Kayenta. Fiaɖuƒe Akpata sia kple bubu geɖe siwo le nutoa me na afimatɔwo kpɔnɛ be gbeƒãɖeɖedɔa ayi edzi ɖaa. Fiaɖuƒe Akpata bubu siwo le anyigbamamã gã sia mee nye esiwo le Tuba City kple Chinle, siwo katã le saɖaganyigba la dzi, ɖeka le Keams Bali me le Hopi-toa ƒe anyigba si le Navajo-saɖaganyigba la dzi, kple bubu geɖe siwo le du siwo do liƒo kple saɖaganyigba la me. Nukae do tso eme?

Ame Geɖe Xɔ Fiaɖuƒegbedasia Nyuie

Le Kayenta la, wona nyɔnyrɔ afimatɔ siwo wu wuieve tso esime wotu Fiaɖuƒe Akpata la, si fia Yehowa ƒe yayra si le tadedeagu vavãtɔ nɔƒe sia dzi. Akpata la nye kpeɖodzi be Yehowa Ðasefowo anɔ afima ɖaa eye enaa amewo kana ɖe Fiaɖuƒenyanyui si ƒe gbeƒã woɖena la dzi. Nyitsɔ laa la, woƒo Biblia me dutoƒonuƒo gbãtɔ le Navajogbe me le afima. Edzɔ dzi na hamea me tɔ 40 mawo be wokpɔ ame 245 wova se nuƒo si ku ɖe dzilanyenye ƒe agbanɔamedziwo ŋu. Esi ƒome aɖe si me ame enyi le ƒe dzi kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu ta la, wozɔ mɔ gaƒoƒo etɔ yi va se nuƒo sia gazɔe gbɔ—emae nye zi gbãtɔ si woyi Fiaɖuƒe Akpata me kpɔ.

Dɔwɔnu nyui bubu si Yehowa nae nye agbalẽ gbadza si nye Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee! le Navajogbe me. Agbalẽ gbadza la gɔmeɖeɖe ayi Navajogbe si sesẽ ŋutɔ me la nye dɔ gã aɖe. Gbegɔmeɖelaawo katã zã gaƒoƒo 1,000 kple edzivɔ tsɔ kpɔ egbɔ be Fiaɖuƒegbedasia dze le agbalẽ gbadza la me nyuie. Tso esime woɖee ɖe go le ƒe 1995 me la, afima Ðasefowo na akpe geɖe, eye ena wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme kple nyateƒea dilawo.

Wova le Navajogbea zãm geɖe wu le subɔsubɔdɔa me le esi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo le esrɔ̃m ta. Hame siwo le nutoa me dze egɔme le Navajogbe zãm le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me, eye woɖo ɣeyiɣi na Navajogbe sɔsrɔ̃ be woatsɔ ana hehe gbeƒãɖelawo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woɖea wo gbɔ takpekpewo me nuƒowo gɔme ɖe Navajogbe me. Agbagbadzedze siawo katã ana ame geɖe wu naxɔ nya la godoo le saɖaganyigba la dzi.

Gbɔgbɔmenɔnɔme ɖedzesi siwo mía nɔvi Navajotɔwo ɖe fia hã nye nu bubu si dzi míaŋe aɖaba aƒui o le Fiaɖuƒea ƒe kutsetse siwo le Indiatɔwo ƒe saɖaganyigba sia dzi dome. Jimmy kple Sandra yi edzi kplɔ wo vi atɔ̃awo zɔa mɔ kilometa 120 yia kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpewo gazɔnɛ gbɔna hena ƒe adre sɔŋ. Ƒomea tsɔ dzidzɔ ɖoa ŋku alesi wodzia Fiaɖuƒehawo eye wosrɔ̃a Biblia ɖekae le woƒe mɔ didiawo zɔzɔ me dzi. Dzilaawo ƒe lɔlɔ̃ na nyateƒea kple veviedodo ɖe eŋu ʋã ɖeviawo wosrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu heva zu Yehowa kafula ɖeadzɔgbewo. Fifia wo dometɔ ene nye gbesiagbe mɔɖelawo, eye Jimmy nye hamemegã. Nusi gana ƒomea kpɔa dzidzɔ wue nye be Jimmy nɔvinyɔnu Elsie va zu ame gbãtɔ si doa Navajogbe ɖeɖeko si xɔ nyɔnyrɔ.

Afima alẽkplɔlawo kple woƒe alẽhawo hã wɔe be kpe nyadri siwo ɖo atsyɔ na Navajo-saɖaganyigba la zu tomefafa ƒe gbɔɖemeƒe. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ɖi le Yehowa ŋu gbaɖegbe ke be: “Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.” (Yesaya 40:11) Yehowa to eƒe Alẽkplɔla Nyui, Yesu Kristo, dzi le Navajo-saɖaganyigba la dzi tɔ siwo katã di be yewoase Fiaɖuƒenyanyuia eye woadze axɔ eƒe yayra mavɔwo la nu ƒom ƒu ɖe eƒe gbɔgbɔ me gbeɖuƒea.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe tata siwo nye May 8, 1948; February 22, 1952; June 22, 1954; kple Eʋegbe me tɔ, September 8, 1996.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Navajo nyɔnu alẽkplɔla le nyanyuia sem

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe