Xexeame Ƒe Ðekawɔwɔ Aleke Wòawɔ Ava?
NU ÐEKA koe gasusɔ na fifi xexemenuɖoanyi sia si le abe xɔ gbegblẽ si xɔhayala ɖekematsɔlemetɔwo gblẽ ene—eyae nye egbagbã kple bubu tsɔtsɔ ɖo eteƒe. Menye tsɔtsrɔ̃ ƒe afɔku ƒe dziɖeleameƒonya bubue esia nye o. Biblia gblɔ be eya koe nye nukpɔsusu ɖeka kolia si ate ŋu ava eme. Nukatae?
Fifi xexemenuɖoanyia ƒe gɔmeɖokpewo megale dedie o. Baba ɖu xɔa te katã wòvo. Gakpo siwo wode xɔa me lé ɣebia. Ŋusẽ megale gliawo ŋu o. Xɔa tame bɔ ɖe eme. Pɔmpiawo ɖuɖuna. Nu gblẽ le elektrikŋusẽ si wode xɔa me ŋu wòzu afɔku. Aƒea me nɔlawo wɔa avu edziedzi eye fuléle na wogblẽa nu le xɔa me katã. Nugbagbeviwo yɔ xɔa kple eŋu katã eye emenɔnɔ ate ŋu anye ku kple nuveviwɔame.
‘Eɖo Tsɔtsrɔ̃ ƒe Agbonu’
Le dunyahehe me masɔmasɔ, ŋukeklẽ, akpasesẽnuwɔwɔ, kple gbegbɔgblɔ kple to vovovo me tɔwo ƒe fuléle siwo yia edzi ɖaa ta la, Gwynne Dyer gblɔ be “ameƒome bliboa katã ɖo tsɔtsrɔ̃ ƒe agbonu.” Le xexeame katã la, amewo ƒe ƒuƒoƒo sue siwo ɖoe kplikpaa—nyaƒoɖeamenuhawo, ablɔɖetaʋlilawo, nuvlowɔhawo, dukɔwo dome ŋɔdzidonamelawo, kple bubuwo—wɔna ɖe woƒe ɖokuitɔdidi ƒe ɖoɖowo dzi eye edze abe wote ŋu gblẽa nusianu si ate ŋu ahe ŋutifafa va xexeame la me alesi dze wo ŋui ene. Woƒe nuwɔna si ɖi xɔhayala nudomegblẽlawo tɔ ate ŋu ana agbenɔnɔ nasesẽ na amesiame.
Gake amesiwo ƒo nu tso nɔnɔmea ŋu dometɔ geɖe gblɔ be menye ƒuƒoƒo dzeaglãwo alo sedzimawɔlawo ɖeɖekoe gblẽa xexeame ƒe ɖekawɔwɔ me o. Dziɖuɖua ŋutɔe nyea mɔxenu gãtɔ kekeake. Aʋawɔwɔŋutinuŋlɔla S. B. Payne, Jr. gblɔ be dukɔ nɔɖokuisiwo “hea dukɔwo dome tɔtɔ vɛ.” Wowɔa nusianu si ade woƒe dukɔa dzi wu, eye womebua ame bubuwo ŋu boo alo kura o. Emetsonue nye be le ŋutinya katã me la, “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”—Nyagblɔla 8:9.
Nyateƒee, dukɔ aɖewo ƒe dziɖuɖu te ŋu kpɔ dzidzedze aɖe le aʋahoho ɖe numadzɔmadzɔwɔwɔ kple ameteteɖeanyi ŋu me le woƒe dukɔwo me, kple le dukɔwo dome vaseɖe afi aɖe. Wote ŋu ɖo dukɔwo dome ɖekawɔwɔ aɖe anyi le ɣeyiɣi aɖewo me. Gake ne wo dometɔ aɖewo wɔ ɖeka be yewoatsi tre ɖe dukɔ amedzidzela aɖe ŋu gɔ̃ hã la, wobunɛ zi geɖe be nusi woakpɔ tso eme ta ko wowɔnɛ ke menye ɖetsɔtsɔ le ame bubuwo ƒe nyonyo me ŋutɔŋutɔ tae o. Nya la ŋutɔŋutɔe nye be xexeame ƒe ɖekamawɔmawɔ gbɔ kpɔnu nyui si anɔ anyi ɖaa aɖeke mele amegbetɔdziɖuɖuwo si o. Gwynne Dyer ɖee fia be: “Susu si nye be xexemedukɔwo katã nawɔ ɖeka agblẽ dukɔ ɖokuiŋudzela aɖe ƒe amedzidzedze me alo ahe to nɛ la nye nu nyui aɖe, gake wo dometɔ kae atɔ asi amedzidzela la dzi, eye amekawoe axe ga si woagblẽ kple amesiwo ɖewohĩ woabu woƒe agbe hafi woate ŋu atɔ tee la ŋuti fewo?”
Le nyateƒe me la, ne dukɔ aɖe me tɔwo ƒe akpa gãtɔ metsi tre ɖe dukɔ bubu dzi dzedze ŋu o ko hafi amedzidzedze ma te ŋu yia edzi. Edze le ŋutinya me enuenu be menye “dukɔ ɖokuiŋudzela” ɖeka aɖe koe dukɔmeviwo nɔ megbe na wo kplɔlawo o, woɖale nu nyui alo nu gbegblẽ wɔm o. Le nyateƒe me la, anyigbadzinɔlawo ƒe akpa gãtɔ wɔ nu nenema. Time magazine gblɔ be wokplɔ dunyahehe kple mawusubɔsubɔ me ŋgɔnɔlawo ƒe “beble, atam dzodzro kaka kple ameŋugblẽnyawo” ɖo ɖekemanyatɔe.
Dukɔmevinyahehe na adã ɖo amesiwo nye nugɔmeselawo kple nublanuikpɔlawo tsã me eye ena wowɔ nu vlo ɖe dukɔ bubu me ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo ŋu ŋutasesẽtɔe. Le kpɔɖeŋu me, esi ŋutinyaŋlɔla J. M. Roberts nɔ nu ƒom tso Xexemeʋa I, ŋu la, egblɔ be: “Nu wɔmoyaa siwo dzɔ le ƒe 1914 me dometɔ aɖee nye be edze abe le dukɔ ɖesiaɖe me la, ame gbogbo aɖewo, siwo tso dunyahehawo, dzixɔsewo kple ƒomewo katã me, lɔ̃ yi aʋa dzidzɔtɔe ene, si wɔ nuku ŋutɔ.” Ðe amewo srɔ̃ nu tso nusiwo dzɔ ɣemaɣi mea? Ao! Nu vɔ̃ɖi siwo wowɔna le nusi nyadzɔdzɔŋlɔla Rod Usher yɔ be “dukɔmevinyahehe ɖekemanyatɔe” me la yi edzi le nusianu si ate ŋu ahe xexeame ƒe ɖekawɔwɔ vɛ la me gblẽm.
Ŋusẽtɔ Bubuwo Le Dɔ Dzi
Gake nane li si nye mɔxenu si lolo wu na xexeame ƒe ɖekawɔwɔ. Biblia ɖee fia be ŋusẽtɔ bubu aɖewo le dɔ dzi. Egblɔ be amesiawoe nye Satana Abosam kple etɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo. Biblia gblɔ be Satanae nye “xexe sia me mawu [si] gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu” ale be “Kristo . . . ƒe ŋutikɔkɔe nyanyui la” metsɔa fu lãme na wo o.—Korintotɔwo II, 4:4; Nyaɖeɖefia 12:9.
Gake esia meɖe amewo ŋutɔ ƒe nuwɔnawo ƒe agba le wo dzi ya o. Ke hã ekɔ nusita amegbetɔdziɖuɖuwo mate ŋu ahe xexe si me ɖekawɔwɔ le ŋutɔŋutɔ vɛ gbeɖe o me. Zi alesi Satana Abosam kpɔtɔ li la, akpɔ ŋusẽ ɖe ŋutsuwo kple nyɔnuwo dzi be woatu nɔnɔme siwo Biblia yɔ be “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” ɖo, si ƒe ɖewoe nye ‘kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, masɔmasɔ, kple mamãwo.’—Galatiatɔwo 5:19-21.
Xexeame Katã ƒe Dziɖuɖu
Ekema nukae nye egbɔkpɔnu? Anɔ ƒe alafa adre enye si va yi la, Italytɔ hakpanyaŋlɔla kple xexemenunyala xɔŋkɔ Dante fia asi ŋuɖoɖoa. Eɖe nu me be dziɖuɖu si aɖu xexeame katã dzi koe ate ŋu ahe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ vɛ na ameƒomea. Le ame geɖe gome la, mɔkpɔkpɔ na dziɖuɖu si aɖu xexeame katã dzi, eɖanye aleke ke wòle o, nye ameflunya si dzi womate ŋu aka ɖo ŋutɔŋutɔ o. Agbalẽŋlɔla Payne si míeyɔ va yi ƒo nya ta be: “Manya wɔ be dziɖuɖu aɖe naɖu xexeame katã dzi le afisi míeɖo fifia le ŋutinya me o.” Nukatae? Elabena ele be nu eve aɖewo siwo edze abe amegbetɔ ƒe ŋutete megogo kura o ene la nadze le xexemedziɖuɖu ɖesiaɖe si akpɔ dzidzedze la ŋu, siwo nye “xexemedziɖuɖu si atsi aʋawɔwɔ nu kple be xexemedziɖuɖu manye xexeame katã ƒe ameteɖeanyila o.”
Enye nyateƒe be amegbetɔdziɖuɖu aɖeke mate ŋu aɖo nudidi siawo gbɔ gbeɖe o. Gake Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me ate ŋu atsi aʋawɔwɔ nu eye atsi enu hã. (Psalmo 46:10, 11; Mateo 6:10) Le nyateƒe me la, aɖe aʋadɔlawo katã ɖa. Nyagblɔɖila Daniel ɖee fia be ne ɣeyiɣi si Mawu ɖo ɖi be amegbetɔ naɖu anyigba dzi ɖo eƒe nuwuwu la, amegbetɔdziɖuɖuwo ‘amã’ abe alesi wònɔna ne “gayibɔ kple tsu wotsaka” ene. (Daniel 2:41-43) Esia ahe dunyahehe me mamã kple aʋawɔwɔ vɛ godoo. Gake Daniel gblɔ be Mawu ƒe Fiaɖuƒea “agbã [dukɔmevinyenye kple ɖekamawɔmawɔ ƒe] fiaɖuƒe mawo katã,” alo dziɖuɖuwo, eye wòatsɔ eƒe Fiaɖuƒe si míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖe si le Yesu Kristo si me la aɖo eteƒe.—Daniel 2:44.
Maɖe vi aɖeke o be woana amewo nanɔ nɔnɔme nyuiwo me ne ame gblẽku siwo yia edzi naa agbenɔnɔ sesẽna na ame bubuwo la akpɔtɔ anɔ anyigba dzi. Eyata “woatsrɔ̃ ame vlowo.” (Psalmo 37:1, 2, 9, 38; Lododowo 2:22) Eyata Kristo aɖe amesiwo katã ɖonɛ koŋ gbea Mawu ƒe dzidzenuwo alo wonɔa megbe na xexemedziɖuɖu siwo gblẽa nu la ɖa. Atsrɔ̃ amesiwo katã le anyigba sia gblẽm. Mawu do ŋugbe be “[yeatsrɔ̃] amesiwo gblẽa anyigba la.”—Nyaɖeɖefia 11:18.
Esia manye ŋutasesẽ le amewo ŋu le xexeame katã ƒomevi aɖe o. Yesu Kristo awɔ nu le “nyateƒe kple ɖokuibɔbɔ kpakple dzɔdzɔenyenye me” ne ele ame nyuiwo kple ame vɔ̃ɖiwo me mãm. (Psalmo 45:3, 4, NW; Mateo 25:31-33) Eye menye nuwo tsɔtsrɔ̃ le mɔ gbegblẽ nu, si nye ŋusẽ zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu hãe esia nye o. Ao! Mele abe xɔtula ŋuklẽla aɖee le xɔ xoxo dzeani aɖe gbã ge atu bubu ene o. Anɔ abe alesi woagbã xɔ gbegblẽ aɖe be teƒea nanɔ dzadzɛ wòanya kpɔ ene.
Ke ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo tso egodo siwo he ɖekamawɔmawɔ sia vɛ tsã ya ɖe? Ðe woaɖe asi le wo ŋu woanɔ nuɖoanyi yeye sia me ale be emenɔlawo nagadze nuwo gbegblẽ gɔme ake, woanɔ dzre wɔm kple wo tɔ siwo le eme ahana agbenɔnɔ nasesẽ na amesiamea? Kura o. Amewo ɖeɖeɖa kple nuwo gbugbɔdzraɖodɔ siae nye mamlɛtɔ eye woawɔe memie. “Xaxa mado ta ɖa zi evelia o.”—Naxum 1:9.
Biblia tsɔ Satana tsɔtsrɔ̃ ɖikaa sɔ kple dzo tɔtɔ gbeɖuɖɔ wòafiã keŋkeŋ. Egblɔ be “Abosam, si ble [anyigbadzinɔlawo la, wotsɔe] ƒu gbe ɖe dzo kple dzokpeta la me.” (Nyaɖeɖefia 20:10) Kpɔɖeŋu sẽŋu kae nye si wònye! Kpɔ tsɔtsrɔ̃ si wometsɔ sɔ kple dzo sue aɖe si nu mesẽ boo o ke boŋ wotsɔe sɔ kple dzota blibo, si afiã nu vɔ̃ɖi kple nu gbegblẽ ɖesiaɖe ahaɖee ɖa la ɖa le susu me. Womaɖe mɔ ame alo gbɔgbɔ vɔ̃ aɖeke nayi edzi awɔ nusiwo agblẽ xexeame katã ƒe ɖoɖo me, nusi anye dada le Mawu ƒe dzidzenu le nyui kple vɔ̃ ŋu dzi, alo nusi ahe vevesese vɛ na wo havi amegbetɔ o. Ðekawɔwɔ me gblẽlawo katã nu ayi!—Psalmo 21:10-12; Zefanya 1:18; 3:8.
Dukɔwo Katã me Tɔ Siwo Wɔ Ðeka
Amesiwo atsi agbe le dzadzraɖodɔ gã sia megbe anye “ameha gã, si . . . tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” (Nyaɖeɖefia 7:9) Dukɔwo kple towo me vovototowo made mamã wo me o. Woasrɔ̃ alesi woanɔ anyi ɖekae awɔ nu aduadu le ŋutifafa me. (Yesaya 2:2-4) Nusi gawɔ nuku wue nye be amesiwo nɔ anyigba dzi kpɔ le blema la agava nɔ anyigba si dzi wokɔ la dzi kple amesiawo to tsitretsitsi ƒe mɔnuɖoɖo wɔnukua me.—Yohanes 5:28, 29.
Àdi be yeanɔ agbe le xexe sia tɔgbe mea? Amesiwo wɔa Mawu ƒe nudidiwo dzi koe anɔ eme, eye wogblɔ eƒe nudidiwo ɖe Biblia me wo me kɔ nyuie. (Yohanes 17:3; Dɔwɔwɔwo 2:38-42) Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be woakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nusi Mawu di ale be nàte ŋu akpɔ mɔ be yeanɔ agbe tegbee le xexe si me ɖekawɔwɔ vavãtɔ le me.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Dziɖuɖu si le Yesu Kristo si me ahe xexe si me ɖekawɔwɔ le vɛ