Tso Afisi Dugã Me Xɔ Kɔkɔwo Le Yi Dzogbenyigba Si Le Fafaƒe Dzi Miyi Ðe Ameawo Gbɔ
TSIDZADZA loo alo sno alo tsikpewo alo amegãxiwo alo todzidzatawo alo nuto si me nɔlawo mexɔa ame nyuie o, ɖeke mefaa lãme na wo o. Wodoa sɔ sesĩe kilometa 3,000, wotoa gbadzaƒewo, wotsoa tɔsisi dzeagbowo, wotoa bali goglowo me tsɔa lɛta siwo hiã vevie yia Ɣetoɖoƒe Ƒuta. Amekawoe?
Wonye sɔhɛ sɔdola lɛtatsɔla siwo ƒo dzi nɔ.a Nukae nyɔ dzonɔameme sia gbegbe ɖe ɖekakpui siawo me? Ðewohĩ dɔ sesẽ si wònye, dzidzɔnu siwo woakpɔ le mɔzɔzɔ sesẽa me, kple dzidzeme si woakpɔ ne wote ŋu tsɔ lɛtawo yii ye. Nu ɖedzesi aɖee nye be Biblia nɔ sɔdola ɖesiaɖe ƒe akplo me kpe ɖe lɛta veviawo ŋu.
Le ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ megbe la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo wu 113,000 siwo tsɔ wo ɖokui na la ɖe tameɖoɖo kplikpaa, dzonɔameme, kple ɖokuitsɔtsɔna si de ŋgɔ wu fia le Canada katã. Nukae ʋãa wo? Lɔlɔ̃ na Mawu kple wo havi ʋãa wo wozãa agbalẽwo tsɔ ɖea gbeƒã Fiaɖuƒenyateƒea eye wogblɔnɛ kple nu hã. Nyateƒe sia si naa agbe la hiã vevie wu lɛta ɖesiaɖe si sɔdola lɛtatsɔlawo tsɔ kpɔ. Ẽ, Fiaɖuƒegbedasi xɔasi si le Biblia Kɔkɔe, si nye agbalẽ si tututu nɔ sɔdola lɛtatsɔlawo ƒe akplowo me la mee.—Lododowo 2:21, 22; Yesaya 2:2-4; 61:2; Mateo 22:37-39; 24:14.
Lɔlɔ̃ na Yehowa Kple Amewoe Ʋãa Wo
Edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo be woaƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋu na amewo. Àkpɔ wo woanɔ dɔ sia dzi le dugã me xɔ kɔkɔwo me, le dzogbenyigba siwo le fafaƒe siwo le didiƒe ʋĩ dzi, yameʋudzeƒewo, ablɔwo dzi kple teƒe bubuwo, kple le telefon dzi. Nukata wowɔnɛ le teƒe vovovowo alea?
Amewo ƒe agbenɔnɔ ƒe tɔtrɔ si ganya kple amewo ƒe agbɔsɔsɔ he vɛ na wòsesẽ ŋutɔ be woatu amewo le aƒeme. Le teƒe geɖe la, srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a wɔa dɔ be woakpɔ ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiã veviwo gbɔ, si wɔnɛ zi geɖe be wogblẽa gbɔgbɔmenuhiahiãwo ɖi. Esi wole nyaƒoɖeamenu kple nuteɖeamedzi siawo me ta la, wohiã na mɔkpɔkpɔ ƒe gbedasi si adzɔ dzi na wo. Yehowa Ðasefowo tsɔa dzidzɔ gblɔa gbedasi sia na wo. Wotoa aɖaŋudzedze kple dɔmekɔkɔ me ʋua mɔnukpɔkpɔwo ɖi be woatsɔ nyanyuia ayi na ameƒomeviwo katã le mɔ si na wòdzroa ame eye wòna wobua tame nu.—Timoteo I, 2:3, 4.
Le Gbegbɔgblɔ Bubuwo Me: Esi Yesu de se na eyomedzelawo be ‘woayi aɖawɔ nusrɔ̃lawo’ la, edi be woa ŋutɔwo naɖoe kplikpaa ayi amewo gbɔ atsɔ mɔkpɔkpɔ ƒe gbedasia ayi na gbe ɖesiaɖe dolawo. (Mateo 28:19) Abe alesi wòle le dukɔ geɖe me ene la, Canada va zu afisi dekɔnuwo kple gbe vovovowo dolawo le, eye Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu hesrɔ̃ gbe yeyewo.
Le kpɔɖeŋu me, atsu kple asi aɖewo siwo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo le Edmonton, Alberta, kpɔe be ehiã be yewoaɖo amesiwo doa Mandarin Chinagbe gbɔ le yewoƒe dugã la me. Gake gbã la, ele be atsu kple asia nasrɔ̃ gbea, eyata wowɔ ɖoɖo kple yunivɛsitidela aɖe si doa Mandaringbe. Elɔ̃ be yeafia gbea wo eye ye hã yeasrɔ̃ Biblia me nyateƒewo tso wo gbɔ le ɣeyiɣi ma ke me. Nɔnɔme si sɔ ɖe enu kae nye si! Kaka ɣleti 24 naɖo la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siawo siwo tsɔ wo ɖokui na la te ŋu nɔ nu fiam le Mandaringbe me. Le ɣeyiɣi ma ke me la, woƒe nufiala si ganye woƒe nusrɔ̃vi la dze na Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ.
Nuteƒekpɔkpɔ siawo tɔgbe su Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo lɔlɔ̃ ʋã eye wosrɔ̃ gbe siwo ƒe ɖewoe nye Polandgbe, Russiagbe, kple Vietnamgbe la si.
Le Mɔdodo Dzi: Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo le British Columbia la dometɔ aɖewo ɖeɖekoe nɔa ʋugã me abe alesi wònɔ na sɔdola lɛtatsɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa si va yi me ene, amesiwo ɖeɖekoe doa sɔ yia teƒewo. Wozãa woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ ɖe woƒe dɔwɔɖui ŋu nɔa atitsɔʋugãwo kum to kɔƒenutowo me yia atidzeƒewoe. Esia bia be woanɔ nu ƒom na ʋugãkula bubuwo to citizens band, (CB) alo mɔzɔlawo ƒe nutome radio dzi, eye woƒoa nu le ʋuwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe mɔ dzi kple lɔrifɔkuwo ŋu.
Fiaɖuƒegbeƒãɖela siawo zãa woƒe CB radiowo le mɔ tɔxɛ aɖe nu aɖaŋutɔe. Wogblɔa nyitsɔ laa nudzɔdzɔwo tsɔ dzea dzeɖoɖo gɔme le CB dzi. Emegbe wotsɔa ayedzedze hea susu yia Biblia dzii. Le dzeɖoɖo aɖe me la, nya si Biblia gblɔ le mɔkpɔkpɔ si li na ame kukuwo ŋu ʋã hati ʋugãkula aɖe. (Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Ehati ʋugãkula aɖe si ku le lɔrifɔku aɖe me ɖe fu nɛ vevie. Elɔ̃ ɖe edzi dzidzɔtɔe be woasrɔ̃ Biblia kple ye eye fifia eɖea gbeƒã nyanyuia na eƒe hadɔwɔlawo kple xɔlɔ̃wo. Nusi gado dzidzɔ nɛ ɖe edzie nye be wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple exɔlɔ̃ si ku la srɔ̃. Teƒeɖoɖo nyui kae nye si wokpɔ le agbagba si wodze hegblɔ nyateƒegbedasi si naa agbe le mɔ sia si mebɔ o nu ta!
Woɖoa Yameʋu Yina: Le nyateƒegbedasi xɔasia tsɔtsɔ yi na amewo me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo yina afisi amewo le, eye woɖoa yameʋu suewo ‘yia kɔƒewo me.’ (Mateo 10:11, 12) Nyitsɔ laa la, veviedola siwo nɔ ƒuƒoƒo eve me siwo ŋutɔ tsɔ woƒe ga ɖo yameʋu eve be yewoava ɖe gbeƒã nyanyuia yi amesiwo le dzogbenyigba gã la ƒe teƒe vovovowo gbɔ. Ƒuƒoƒo si le yameʋu ɖesiaɖe me zɔ mɔ si ade kilometa 3,000 eye wodze ɖe nuto vovovo 14 me va ɖo afisi didi tso Artik Fafaƒea gbɔ kilometa 250. Gbeƒãɖela siawo siwo ŋu ɖeɖi metena o la yi dɔ dzi ŋkeke adre sɔŋ be yewoaɖo amesiwo gbɔ didi ŋutɔ le saɖaganutowo me gbɔ.
Ke ɖe viɖe aɖe do tso esiawo katã mea? Bu alesi Biblia me gbedasia wɔ dɔ nyui ɖe nuto sia me tɔwo dzi ŋu kpɔ ko. Subɔla siwo va srã wo kpɔ la kpɔ gbɔgbɔmenuhiahiã vevi aɖe gbɔ na wo esime woƒo nu tso tame si Yehowa ɖo be yeahe paradisonyigba aɖe vɛ le etsɔme kpuie la ŋu. (Mateo 5:3) Dzianukwaretɔ siwo le nutoa me ate ŋu anɔ Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ 542 kple magazine 3,000 siwo wotsɔ na wo la xlẽm le gbedasia tsɔlawo ƒe dzodzo megbe ɣeyiɣi didi aɖe.—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 12:24.
Le Telefon Dzi: Dziƒoxɔ kɔkɔ siwo ŋu wotsɔa mɔ̃ deŋgɔwo dzɔna mee dugãmenɔla akpe geɖe le. Togbɔ be ele alea hã la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo tsɔ wo ɖokui na ɖoa wo gbɔ le veviedodo kple aɖaŋudzedze me. Aleke wowɔna yia afisi amesiawo le? Togbɔ be adzɔ dzi na wo be woakpɔ ameawo ŋkume kple ŋkume hã la, wozãa agbonu telefon wòdzea edzi. Ne esia manya wɔ o la, wodia aƒea ƒe telefonxexlẽdzesi le agbalẽ me, eye woƒoa ka na ameawo.
Le ŋdi aɖe la, woƒo ka na nyɔnu tsitsi aɖe. Esi wodo gbe nɛ kpuie amebubutɔe la, wobiae nenye be ebu be ɣeyiɣi aɖe ava esime amewo ate ŋu azɔ ablɔwo dzi dedie le zã me hã. Woxlẽ mawunyakpukpuiwo tsɔ ka ɖe edzi nɛ be ŋutifafa axɔ aƒe ɖi le etsɔme. (Psalmo 37:10, 11; Daniel 2:44; Mateo 6:9, 10) Elɔ̃ ɖe edzi be woaɖo dze kple ye le telefon dzi kwasiɖa si kplɔe ɖo le ɣeyiɣi ma ke dzi ne yewoadzro nusita míate ŋu aka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi me. Esi wosrɔ̃ Biblia le telefon dzi ɣleti ɖeka megbe, eye Fiaɖuƒegbeƒãɖela la xlẽ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe ƒe memamãwo hebia nya siwo sɔ la, nyɔnua kafui ɖe alesi wòte ŋu ƒoa nu tso dzeɖonya vovovowo ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa la ta. Fifia woƒo nu tso agbalẽ si dzi nusɔsrɔ̃a nɔ te ɖo ŋu nɛ eye wogblɔ nɛ be woana ɖeka eya ŋutɔ. Emegbe ame evea wɔ ɖoɖo be yewoado go ŋkume kple ŋkume. Nyateƒee, Yehowa Ðasefowo ɖe woƒe lɔlɔ̃ na amewo fia, eye amewo xɔ wo nyuie hã, le esi wokpɔe dzesii be Yehowa li kple Kristotɔ gbeƒãɖela siawo ta.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 14:25.
Wozãa Agbalẽwo: Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo le Quebec-nuto si me Fransegbedolawo sɔ gbɔ ɖo la hã yia amewo gbɔ le afisi wole. Subɔla mɔzɔla aɖe de dzesii be: “Ƒe geɖe siwo va yi la, nɔviwo bui be yewomele dzidzedze aɖeke kpɔm o le esi sɔlemeha la tsi tre ɖe wo ŋu vevie ta. Gake to nɔviwo ƒe kutrikuku kple amewo gbɔ yiyi edziedzi me la, Biblia si nye agbalẽ si ŋu ame geɖe menya nu tsoe tsã o eye ame ʋee aɖewo koe xlẽnɛ la le aƒe akpa gãtɔ me fifia.”
Nu dodzidzɔnamewo do tso eme esi nyanyuigblɔla yeyewo le vavam tso dɔ ƒomeviwo katã wɔlawo, kple atikewɔlawo hã, dome le Quebec. Aleae wòdzɔe le ɖɔkta aɖe gome. Srɔ̃anyɔnu si nye Fiaɖuƒegbeƒãɖela la dzroa Biblia ƒe mɔkpɔkpɔ me kplii enuenu. Hamemegã aɖe si le ŋudzɔ la yi ɖakpee be wòava hamea ƒe kpekpe esime wonɔ agbalẽ gbadza si nye How Can Blood Save Your Life? srɔ̃m. Eva eye wòɖo nya ŋu gɔ̃ hã. Esi nusɔsrɔ̃a ƒe nyonyome kple alesi wòde to le gbɔgbɔ me wɔ dɔ ɖe edzi ta la, elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kple ye ŋutɔ. Fifia eya hã nye Fiaɖuƒegbeƒãɖela.
Magazinewo zazã nyuie wɔa akpa vevi aɖe le amewo ƒe susu hehe va Biblia dzi me. Ame aɖeke menya nyati si aʋã ame ahee va nyateƒea me o. Fiaɖuƒegbeƒãɖela aɖe tsɔ Nyɔ! ƒe tata aɖe na aƒelika aɖe si medi be yease gbedasia o evɔ nusɔsrɔ̃ tso nudzodzoewo ŋu doa dzidzɔ nɛ. Foto si le Eŋlisigbe me Nyɔ! November 22, 1992, ƒe nyati si nye “Chagas Dɔléle—Ku ƒe Nugbugbɔ” me nyɔ eƒe didi. Esi nusi wòxlẽ wɔ dɔ ɖe edzi ta la, ebia be woana magazine bubuwo ye. Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii eye kaka ɣleti ade naɖo la, enɔ ɖase ɖim na ame bubuwo.
Le Afisi Amewo Sɔa Gbɔ Ðo: Canadatɔwo ƒe se ɖe mɔ be amesiame ate ŋu aƒo nu faa le dutoƒo, abe le yameʋudzeƒewo ene. Le Halifax Dukɔwo Dome Yameʋudzeƒe la, Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo tena ɖe mɔzɔlawo ŋu aɖaŋutɔe ne yameʋu aɖe ho wogale bubu lalam, eye woɖoa dze kpli wo. Wobiaa nya siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu tsɔ hea woƒe susu yia Biblia dzi le dzeɖoɖoa me. Esi wotsɔ kotoku me Biblia kple agbalẽwo ta la, wote ŋu kpɔa amewo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. Amesiwo se Fiaɖuƒegbedasia to mɔ sia nu hetsɔ nyateƒea ƒe nukuwo yi be wòava mie le didiƒewo la dometɔ aɖewo nye amekolawo, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo, senyalawo, yameʋukulawo, osɔfowo, kpovitɔwo, taksikulawo, mɔ̃ɖaŋunyalawo, nufialawo, asrafowo, kple dunyahela siwo tso dukɔ bubuwo me.—Kolosetɔwo 1:6.
Gbeɖeka ŋdi kanya ŋutsu aɖe xɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo. Egblɔe kple gbe bɔbɔe be: “Tso, menye Yehowa Ðasefowoe mewɔnɛ o ɖe!” Nukata wògblɔ nya ma? Moslemtɔ akuakua ye ŋutsua nye eye ɖeko wòdo gbe ɖa le gbedoxɔ si le yameʋudzeƒea me vɔe nye ma. Enɔ kuku ɖem na Mawu be wòana nunya kple gɔmesese ye, eye wòana yeakpɔ nyateƒea. Ewɔ mo yaa ŋutɔ esi wòbu eŋu kpɔe be Yehowa Ðasefowoe wotsɔ ɖo yeƒe gbedodoɖaa ŋu enumake.
Nyateƒee, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo ƒo dzi le le Canada la meɖea mɔ naneke xea mɔ na wo le Fiaɖuƒegbedasi xɔasia tsɔtsɔ yi na amewo me o. Womeɖea mɔ dutagbewo, lɔrimɔ klitsaklitsa siwo dzi ʋuʋu le, saɖaganutowo, alo dugã me xɔ siwo ŋu wotsɔa mɔ̃wo dzɔna ɖea dzi le wo ƒo o. Woɖoe kplikpaa be yewoagblɔ Mawu ƒe gbedasi si naa agbe la na dzianukwaretɔ siwo le nyateƒea dim. Woa kple woƒe hadɔwɔla siwo le xexeame katã tsɔa ɖokuitɔmadimadi wɔna ɖe Yesu ƒe sededea dzi be ‘woayi aɖawɔ nusrɔ̃lawo.’—Mateo 28:19.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Lɛta siwo sɔdola tsɔna nye posudɔ aɖe si nɔ United States ɣeyiɣi kpui aɖe si nye ɣleti 18 si tso ƒe 1860 vaseɖe ƒe 1861 me.
[Aɖaka si le axa 27]
Fiaɖuƒegbeƒãɖela Kpɔdzidzedzewo Zãa Telefon
Ame aɖewo gblɔ be: “Alekee, ŋkɔnyee nye [yɔ ŋkɔwò]. Mele nu ƒom kple amewo le miaƒe nɔƒea le alesi ŋutifafa awɔ ava ŋu. Èsusu be ŋutifafa ava xexeame godoo gbaɖegbea? [Na wòaɖo eŋu.] Ðe dzi ɖi faa, elabena menye numekuku wɔm mele alo nu dzram mele o. Ke boŋ nya sia si tso Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me be Mawu ahe ŋutifafa vɛ ŋutɔŋutɔ la gbɔm mele na amewo.” Emegbe miate ŋu adzro Ŋɔŋlɔawo me nya aɖewo me kpuie atsɔ ayi dzeɖoɖoa dzii.
Ame bubuwo gblɔ be: “Fiẽ na wò. Ŋkɔnyee nye [yɔ ŋkɔwò]. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlae menye le miaƒe nutoa me. Mebia amesiwo le miaƒe nɔƒea ƒe susu. Wo dometɔ geɖe tsi dzi ɖe woƒe dedienɔnɔ ŋu le esi adãnuwɔwɔ kple nuvlowɔwɔ le ta kekem le míaƒe nutoa me ta. Ðe esia ɖea fu na wò hã? [Na wòaɖo eŋu.] Èsusu be ɣeyiɣi aɖe ava gbaɖegbe esime xexe bliboa katã me anɔ dediea?” Na wòaɖo eŋu, eye nàgblɔ Ŋɔŋlɔawo me nya aɖe atsɔ ayi edzii.