Ate Ŋu Awɔ Ŋgɔyiyi Le Gbɔgbɔ Me
ESESẼNA be woakpɔ nane ƒe asixɔxɔ vavã adze sii. Nenemae wòle le lotamekpe gome. Togbɔ be lotamekpe si ŋu wozrɔ̃ nyuie daa dzo hã la, ɖeko esi womezrɔ̃ haɖe o la klẽna vie ko. Ke hã kakaɖedzi li be lotamekpe si ŋu womezrɔ̃ haɖe o la ava zu kpe xɔasi dzeani godoo.
Kristotɔwo ɖi lotamekpe si ŋu womezrɔ̃ haɖe o le mɔ geɖe nu. Togbɔ be míegogo blibodede kura o hã la, viɖe aɖe le mía ŋu si ŋu Yehowa dea asixɔxɔe. Nɔnɔme ɖedzesi aɖewo le mí katã mía si, abe lotamekpe ene. Eye ne mía dometɔ ɖesiaɖe dii tso dzi blibo me la, míate ŋu awɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. Míate ŋu atrɔ asi le míaƒe amenyenye ŋu ale be woadze nyuie hena Yehowa ƒe kafukafu.—Korintotɔwo I, 10:31.
Ne wokpa lotamekpe hezrɔ̃ eŋu vɔ la, woɖonɛ nu bubu dzi si na eƒe keklẽ ganyona ɖe edzi. Nenema ke ne “[míedo amenyenye] yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye . . . me” la, Yehowa ate ŋu azã mí le nɔnɔme alo dɔdasi vovovowo me.—Efesotɔwo 4:20-24.
Abe alesi lotamekpe si ŋu womezrɔ̃ o meklẽna nyuie abe kpe xɔasi o ene la, nenema ke gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ma hã mava le eɖokui si o. Ðewohĩ ahiã be míaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ si tsi ɖe mía ŋu dzi, atrɔ nɔnɔme si míeɖena fiana ɖe agbanɔamedzi xɔxɔ ŋu, alo aku kutri gɔ̃ hã be míagatsi teƒe ɖeka le gbɔgbɔ me o. Gake míate ŋu awɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ne míelɔ̃ ko, elabena Yehowa Mawu ate ŋu ana ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔme tɔ ŋu’ la mí.—Korintotɔwo II, 4:7; Filipitɔwo 4:13.
Yehowa Doa Ŋusẽ Esubɔlawo
Ebia kakaɖedzi si tso dɔnyanya nyuie gbɔ be woaƒlɔ lotamekpe ŋu, elabena ne woƒlɔ lotamekpea ƒe akpa aɖe ɖa ko la, ebu ɖa le eŋu koe nye ema. Ele be woaƒlɔ teƒe xɔasiwo ɖa—si dea kpe si womekpa vɔ o la ƒe afã ɣeaɖewoɣi—hafi woakpɔ nɔnɔme si dim wole. Míawo hã míehiã kakaɖedzi si tso sidzedze vavãtɔ me bene míatrɔ asi le míaƒe amenyenye ŋu ahayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me. Vevietɔe nye be míaka ɖe edzi be Yehowa ado ŋusẽ mí.
Gake ɖewohĩ míasusu be míedze o alo abu be míete ŋu le geɖe wɔm o. Nenemae blematɔ Mawu subɔla wɔnuteƒe aɖewo se le wo ɖokui me ɣeaɖewoɣi. (Mose II, 3:11, 12; Fiawo I, 19:1-4) Esi Mawu de dɔ asi na Yeremya be wòanye ‘nyagblɔɖila na dukɔwo’ la, edo ɣli be: “Oo, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o.” (Yeremya 1:5, 6) Gake togbɔ be Yeremya nɔ gbegbem gbã hã la, eva zu nyagblɔɖila si ƒo dzi nɔ si gblɔ gbedasi tsimatɔe na dukɔ sẽŋuta aɖe. Aleke wòte ŋu wɔ nusiae? Esrɔ̃ ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu. Emegbe Yeremya ŋlɔ be: “Woayra ŋutsu, si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu, [amesi] ƒe nu ɖoŋuɖeŋua enye Yehowa!”—Yeremya 17:7; 20:11.
Nenema ke egbea hã Yehowa doa ŋusẽ amesiwo ɖoa ŋu ɖe eŋu. Edward,a vifofo si si vi ene le eye mete ŋu nɔ ŋgɔ yim kabakaba le gbɔgbɔ me o la kpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye. Egblɔ be: “Menye Yehowa Ðasefo ƒe asieke sɔŋ, gake edze abe teƒe ɖeka koe metɔ ɖo le gbɔgbɔ me ene. Kuxiae nye be didi gobi aɖeke menɔ menye o eye kakaɖedzi menɔ asinye o. Esi meva ʋu yi Spain la, meva nɔ hame sue aɖe si me hamemegã ɖeka pɛ kple subɔsubɔdɔwɔla ɖeka nɔ me. Le hiahiã si li ta la, hamemegã la de dɔ geɖe asi nam. Menɔ ƒoƒom kpakpakpa esime meƒo nye nuƒo gbãtɔwo hewɔ dɔdasi gbãtɔwo. Ke hã meva srɔ̃ alesi maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋui. Hamemegã la kafuam ɣesiaɣi eye eɖoa aɖaŋu nyuiwo nam hena ɖɔɖɔɖowɔwɔ.
“Medzi nye gbeadzisubɔsubɔdɔ hã ɖe edzi le ɣeyiɣi ma ke me, eye meva xɔa ŋgɔ le gbɔgbɔmenuwo me le nye ƒomea me nyuie wu. Ewɔe be ƒomea me tɔwo katã va se nyateƒea gɔme ɖe edzi, eye nye dzi dze eme geɖe wu. Subɔsubɔdɔwɔlae menye fifia, eye mele agbagba dzem vevie be matu Kristotɔ dzikpɔlawo ƒe nɔnɔmewo ɖo.”
‘Miɖe Amenyenye Xoxoa Ða’
Abe alesi Edward va kpɔe ene la, ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me bia be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. ‘Amenyenye yeye’ si ɖi Kristo tɔ tutuɖo hã le vevie. Aleke woawɔ nusiae? Afɔɖeɖe gbãtɔe nye be ‘woaɖe’ nuwɔna siwo le amenyenye xoxoa ŋu ‘ɖa.’ (Kolosetɔwo 3:9, 10) Abe alesi wòle be woaɖe ɖinuwo abe tomenu bubuwo ɖa le lotamekpe si ŋu le glidzaglidza ŋu bene wòanye kpe xɔasi si klẽna ene la, nenema ke wòhiã be woaɖe asi le nɔnɔme ‘siwo nye xexeame tɔ’ ŋu bene míaƒe amenyenye yeyea nadze nyuie.—Galatiatɔwo 4:3.
Nɔnɔme ma ɖekae nye heheɖemegbe le agbanɔamedzi xɔxɔ ŋu le vɔvɔ̃ be woabia nu geɖe tso mía si ta. Nyateƒee, agbanɔamedzi tsɔtsɔ nye dɔ, gake enye dɔ si naa dzidzeme. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 20:35.) Paulo lɔ̃ ɖe edzi be mawusosroɖa bia be ‘míadze agbagba ahaʋli mía ɖokui.’ Egblɔ be míawɔe kple dzidzɔ “elabena míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo Mawu gbagbe,” amesi maŋlɔ agbagba siwo míadze ɖe hati Kristotɔwo kple ame bubuwo ta be gbeɖe o “la dzi.”—Timoteo I, 4:9, 10; Hebritɔwo 6:10.
“Gbagbãƒe” nɔa lotamekpe aɖewo ŋu tso esime wonɔ ɖoɖom ɖe tome eyata ehiã be woalé be na wo. Gake eŋuzrɔ̃la ate ŋu azã mɔ̃ aɖe si woyɔna be polariscope ade dzesi afisi gbagbãƒea le ale be wòawɔ dɔ le lotamekpea ŋu dzidzedzetɔe. Ðewohĩ nɔnɔme siwo me míetsi le alo dzigbãnya aɖe si dzɔ ɖe mía dzi kpɔ la wɔe be nuwo le sesẽm na mí alo gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe le mía ŋu. Nukae míate ŋu awɔ? Gbã la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be kuxi le mía ŋu eye míaɖoe kplikpaa be míaɖu edzi alesi míate ŋui. Ele kokoko be míadro míaƒe agba ɖe Yehowa dzi to gbedodoɖa me, eye ne wòanyo la, míadi gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu tso Kristotɔ hamemegã aɖe gbɔ.—Psalmo 55:23; Yakobo 5:14, 15.
Nuwo sẽ na Nicholas hã nenema ke. Egblɔ be: “Fofonye nye ahamula, eye ewɔa fu geɖe mía kple nɔvinyenyɔnua. Esi medo le suku la, meva ɖo asrafodɔ me, gake eteƒe medidi o, nye aglãdzegbenɔnɔ na meɖo nya me. Asrafomegãwo dem mɔ ɖe atike vɔ̃ɖi dzadzra ta, eye mesi le dɔme ɣebubuɣi. Meva ɖe asi le asrafodɔ ŋu mlɔeba, gake megaɖoa nya me kokoko. Togbɔ be atikevɔ̃ɖizazã kple ahatsunono na nye agbenɔnɔ gblẽ hã la, medoa vivi ɖe Biblia ŋu eye medi vevie be tameɖoɖo nasu asinye le agbe me. Meva ke ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu mlɔeba, metrɔ agbenɔnɔ, eye mexɔ nyateƒea.
“Gake exɔ ƒe geɖe hafi mete ŋu ɖe asi le nɔnɔme gbegblẽ aɖe si nɔ asinye ŋu. Nyemebua amegãwo kura o eye mebia dzi ne woɖo aɖaŋu nam. Togbɔ be medi be Yehowa nezãm bliboe hã la, gbɔdzɔgbɔdzɔ sia xea mɔ nam. Mlɔeba esi hamemegã nugɔmesela eve va kpe ɖe ŋunye la, melɔ̃ be kuxi le ŋunye eye medze woƒe aɖaŋuɖoɖo si tso Ŋɔŋlɔawo me si me lɔlɔ̃ le la dzi wɔwɔ gɔme. Togbɔ be medoa dziku ɣeaɖewoɣi hã la, meɖu nye aglãdzenuwɔna la dzi fifia. Meda akpe geɖe ɖe alesi Yehowa wɔ nu kplim dzigbɔɖitɔe kple ɖe kpekpeɖeŋu si hamemegãwo nam ta. Le gbɔgbɔmeŋgɔyiyi siwo mewɔ ta la, woɖom subɔsubɔdɔwɔlae nyitsɔ sia.”
Abe alesi Nicholas kpɔe ene la, asitɔtrɔ le nɔnɔme siwo tsi ame si ŋu mele bɔbɔe o. Ðewohĩ míawo hã míele nɔnɔme sia tɔgbe me. Ðewohĩ nu vea mí kabakaba. Ate ŋu anye be míelé nya aɖe ɖe dɔme, alo míele ablɔɖe dim vevie. Eyata míele ŋgɔ yim le míaƒe Kristotɔnyenye me o. Kpe ƒomevi aɖe si lotamekpeŋuzrɔ̃lawo yɔna be naats ɖea fu na wo nenema. Le nyateƒe me la, kpe ƒomevi evee tsaka zu nu ɖeka esime lotamekpea nɔ ɖoɖom. Ewɔe be naats ɖona le mɔ vovovo eve nu si na kpea kpakpa sesẽna ale gbegbe. Le míawo gome la, míekpɔe be ɖokuitsɔtsɔna ƒe ‘gbɔgbɔa’ kple ŋutilã madebliboa ƒe ‘nɔnɔme’ le avu wɔm. (Mateo 26:41; Galatiatɔwo 5:17) Ɣeaɖewoɣi adzro mí be míana ta kura kple susu be gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo le mía ŋu mele vevie tututu o. Ðewohĩ míawɔ susu be, ‘Ne eglo kura la, ƒonyemetɔwo kple xɔ̃nyewo galɔ̃am kokoko.’
Gake hafi míate ŋu asubɔ mía nɔviwo ahakafu mía Fofo si le dziƒo la, ke ehiã be míato amenyenye yeyea dodo me ‘awɔ gbɔgbɔ si kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusu dzi la yeyee.’ Abe alesi Nicholas kple ame bubu geɖe aɖi ɖase le eŋui ene la, agbagbadzedzea manye dzodzro o. Lotamekpeŋuzrɔ̃la nya be kakaƒe ɖeka ate ŋu agblẽ lotamekpe bliboa. Nenema ke ne míeŋe aɖaba ƒu gbɔdzɔgbɔdzɔ sue aɖe si le mía ŋu dzi la, míate ŋu agblẽ nu le míaƒe dzedzeme ŋu le gbɔgbɔ me. Nusi vloe wue nye be, gbɔdzɔgbɔdzɔ si lolo wu la ate ŋu ana míadze anyi le gbɔgbɔ me.—Lododowo 8:33.
Abe ‘Dzo’ Ene le Mía Me
Lotamekpeŋuzrɔ̃la dina be keklẽ si le lotamekpea si nadze. Ewɔnɛ ne wòna akpa vovovoawo le ɖoɖo nu ale be wòdaa dzo le amadede vovovo me. Amadede vovovo ƒe keklẽ si le lotamekpea me daa dzo dona ɖe afii kple afimɛ, eye dzodada siae nana lotamekpea klẽna. Nenema ke Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu anɔ abe “dzo” ene le mía me.—Tesalonikatɔwo I, 5:19; Dɔwɔwɔwo 18:25; Romatɔwo 12:11.
Gake ne míekpɔe be ehiã be dzo naɖo mía me le gbɔgbɔ me ya ɖe? Aleke míawɔ nusiae? Ke ahiã be ‘míabu tame le míaƒe zɔzɔme ŋu.’ (Psalmo 119:59, 60) Esia abia be míade dzesi nusiwo hea mí ɖe megbe le gbɔgbɔ me eye míanya teokrasidɔ siwo wòhiã be míaminya ŋusẽtɔe. Ne míewɔa ɖokuisinusɔsrɔ̃ edziedzi hedoa gbe ɖa vevie la, míaƒe nugɔmesese le gbɔgbɔ me agade to ɖe edzi. (Psalmo 119:18, 32; 143:1, 5, 8, 10) Gakpe ɖe eŋu la, ne míedea ha kple amesiwo doa vevie nu le xɔse me la, tame si míeɖo be míasubɔ Yehowa dzonɔamemetɔe nu agasẽ ɖe edzi.—Tito 2:14.
Louise si nye Kristotɔ ɖetugbivi gblɔ be: “Mebu gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu ƒe eve sɔŋ hafi va zu mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒe gbeƒãɖela ŋutɔŋutɔ. Naneke menɔ mɔ xem nam o, evɔ nye gbesiagbedɔwo ɖe mɔ nam hafi, ɖeko nyemedze agbagba aɖeke be madi mɔnu awɔe o. Tete fofonye va ku kpata. Meva kpɔe be ɖeko agbe le abe koklozi ene eye be nyemele tɔnye zãm le mɔ nyuitɔ nu o. Eyata mewɔ asitɔtrɔ le alesi mebua gbɔgbɔmenuwoe ŋu, medzi nye subɔsubɔdɔ ɖe edzi, eye mezu gbesiagbe mɔɖela. Amesiwo kpe ɖe ŋunye etɔxɛe le go sia mee nye gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo kpea asi ɖe gbeadzisubɔsubɔ ƒe ɖoɖoa ŋu eye wozɔna kplim ɣesiaɣi le subɔsubɔdɔa me. Mekpɔe be ne nuwo de ame dzi loo alo mede ame dzi o, mía haviwo ƒe agbenɔnɔdzidzenuwo kple taɖodzinuwo ɖea vi na mí.”
Wonyrea Mí Abe Ga Ene
Lotamekpee nye dzɔdzɔmenu sesẽtɔ kekeake le anyigba dzi. Eyata lotamekpee wotsɔ kpaa lotamekpee. Nya sia ana Biblia nusrɔ̃viwo naɖo ŋku lododo sia dzi, be: “Alesi wotsɔa ga nyrea gae la, nenema ame nyrea nɔviae.” (Lododowo 27:17) Aleke ‘wonyrea’ amee? Abe alesi woate ŋu atsɔ ga sue aɖe anyre lãnu si wotsɔ ga ma ƒomevi wɔe ene la, nenema ame ɖeka ate ŋu anyre nɔvia ƒe nunya kple gbɔgbɔmemenyenyee. Le kpɔɖeŋu me, ne nane medze edzi na mí o eye míelé blanui la, ame bubu ƒe dzideƒoname ate ŋu ado ŋusẽ mí. Dzidzɔ ate ŋu ava xɔ ɖe blanuilélea teƒe, eye agbe agaɖo mía me hena dɔwɔwɔ kple dzonɔameme yeye. (Lododowo 13:12) Vevietɔ hamemegãwo ate ŋu anyre mí to Ŋɔŋlɔawo me nyawo tsɔtsɔ de dzi ƒo na mí kple aɖaŋuɖoɖo hena ɖɔɖɔɖowɔwɔ me. Wowɔna ɖe gɔmeɖose si Salomo gblɔ dzi, be: “Na nu nunyala, eye wòaganya nu ɖe dzi; fia nu ame dzɔdzɔe, eye wòadzi eƒe nunyanya ɖe dzi.”—Lododowo 9:9.
Nyateƒee, gbɔgbɔmehehenana xɔa ɣeyiɣi. Ƒe ewo kple edzivɔ sɔŋ ye apostolo Paulo tsɔ fia nusiwo wònya kpakple eƒe nufiaɖaŋu Timoteo. (Korintotɔwo I, 4:17; Timoteo I, 4:6, 16) Ɣeyiɣi didi si Mose tsɔ na hehe Yosua, ƒe 40 kple edzivɔ, ɖe vi na Israel-dukɔa ɣeyiɣi didi aɖe. (Yosua 1:1, 2; 24:29, 31) Anye ƒe 6 ye Elisa nɔ nyagblɔɖila Eliya ŋu, eye wòxɔ gɔmeɖoanyi nyui hena eya ŋutɔ ƒe subɔsubɔdɔ si va xɔ ƒe 60 wɔwɔ. (Fiawo I, 19:21; Fiawo II, 3:11) Hamemegãwo gbɔa dzi ɖi naa hehe amewo edziedzi tsɔ srɔ̃a Paulo, Mose, kple Eliya ƒe kpɔɖeŋu.
Ame kafukafu nye hehenana ƒe akpa vevi aɖe. Ŋudzedzekpɔkpɔnya siwo tso dzime gbɔgblɔ ɖe dɔdasi si wowɔ nyuie ta alo ɖe dɔ siwo dze na kafukafu wɔwɔ ta aʋã amewo woadi be yewoasubɔ Mawu bliboe wu. Kafukafu naa kakaɖedzi sua ame si eye wògadoa ŋusẽ ame wòdina be yeaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 11:2.) Dzi agate ŋu aɖo mía ƒo be míayi ŋgɔ le nyateƒea me ne míebiã ŋku ɖe Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa kple hamea ƒe dɔ bubuwo ŋu. (Dɔwɔwɔwo 18:5) Ne hamemegãwo tsɔ agbanɔamedziwo de nɔviwo si le alesi wole ŋgɔ yim le gbɔgbɔ mee nu la, ena nuteƒekpɔkpɔ xɔasiwo sua amesiawo si eye ele eme be ana didia nagasẽ ɖe wo me be yewoanɔ ŋgɔ yim le gbɔgbɔ me.—Filipitɔwo 1:8, 9.
Susu Nyui Siwo Ta Wòle Be Míayi Ŋgɔ le Gbɔgbɔ Me
Wobua lotamekpe nu xɔasii. Nenemae wòle le amesiwo va le ha dem fifia kple Yehowa subɔlawo ƒe xexeame godoo ƒomea hã gome. Le nyateƒe me la, Mawu ŋutɔ yɔa wo be wonye “nu vevitɔwo,” alo “nu xɔasi” siwo le dukɔ ɖesiaɖe me. (Xagai 2:7, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Ame 375,923 ye zu Yehowa ƒe Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo le ƒe si va yi me. Hafi míakpɔ nɔƒe na ame gbogbo siawo siwo le vavam la, ehiã be ‘míakeke míaƒe agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe enu.’ Ne míewɔa ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me—eye ne míekua kutri be míaxɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔwo—la, ate ŋu ava eme be míawo hã míakpɔ gome le beléle na amesiwo gale vavam me.—Yesaya 54:2; 60:22.
Asixɔxɔ si le mía ŋu le gbɔgbɔ me mele abe lotamekpe xɔasi geɖe siwo wodzrana ɖo ɖe gadzraɖoƒewo eye ƒã hafi wokpɔa wo ene o, ke mía tɔ ate ŋu adze nyuie woakpɔ. Eye zi alesi míele míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo ɖɔm ɖo eye wole dzedzem la, zi nenemae míekafua Yehowa Mawui. Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be: “Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.” (Mateo 5:16) Nyateƒee, emae nye susu nyui si ta wòle be míawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ɖo.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔawo le nyati sia me.