Ƒome Gãwo Wɔ Ðeka Le Mawusubɔsubɔ Me
Hakpala la ŋlɔ bena: “Ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu. Alesi aŋutrɔwo le kal ẽtɔ sii la, nenema nye ɖekakpui me viŋutsuwo. Woayra ŋutsu, si wole daku me na taŋ.”—Psalmo 127:3-5.
NYATEƑEE, ɖeviwo ate ŋu anye yayra tso Yehowa gbɔ. Eye abe alesi wònyea dzidzɔ na aŋutrɔdala ne enya alesi wòada aŋutrɔ siwo le eƒe daku me nyuie ene la, nenema ke wònyea dzidzɔ na dzilawo ne wofia mɔ si kplɔa ame yia agbe mavɔ me la dzi zɔzɔ wo viwo.—Mateo 7:14.
Gbaɖegbe ʋĩ ke la, ƒome siwo de vi geɖe woƒe ‘dakuwo’ me nɔ Mawu ƒe amewo dome fũ. Le kpɔɖeŋu me, bu ƒe siwo me wonɔ kluvinyenye me le Egipte ŋu kpɔ: “Israel-viwo dzi hele agbɔ sɔm ɖe dzi ŋutɔŋutɔ, wokeke ta, eye woxɔ anyigba la dzi.” (Mose II, 1:7) Israel-viwo ƒe agbɔsɔsɔme si yi Egipte tsɔtsɔ sɔ kple agbɔsɔsɔme si ʋu dzo ɖee fia be ƒome siwo me vi ewo nɔ nye esiwo ƒe lolome nɔ kpokploe!
Emegbe la, ƒome aɖe si awɔ na ame geɖe egbea be ɖeviwo sɔgbɔ le eme la mee Yesu nɔ tsi. Yesue nye Yosef kple Maria ƒe ŋgɔgbevi, gake wogadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. (Mateo 13:54-56) Ðewohĩ vi geɖe ye nɔ Maria kple Yosef si tae womedze sii be Yesu menɔ yewo dome o esime wodze mɔ trɔ gbɔna tso Yerusalem.—Luka 2:42-46.
Ƒome Gãwo Egbea
Egbea la, Kristotɔ geɖe ɖoe be yewomadzi vi sɔgbɔ o le gbɔgbɔmenya, ganya, hadomenya, kple susu bubuwo ta. Gake vi sɔgbɔ dzidzi gakpɔtɔ nye nusi wolɔ̃a wɔwɔ le nuto geɖe me. Abe alesi agbalẽ si nye The State of the World’s Children 1997 gblɔe ene la, Afrika Sahara Dzogbe ƒe anyiehe nuto me ye wodzia vi sɔgbɔ le wu teƒe ɖesiaɖe. Le afima la, nyɔnu si medzi vi sɔgbɔ kura o enye esi dzi vi ade.
Le dzila Kristotɔ siwo dzi vi sɔgbɔ gome la, wo viwo nyinyi be woava lɔ̃ Yehowa mele bɔbɔe o, gake wo dometɔ geɖe le ewɔm wòle edzi dzem na wo. Dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖe ƒomea ƒe ɖekawɔwɔ le subɔsubɔ kɔkɔe me dzi. Apostolo Paulo ƒe nya siwo wògblɔ na Korinto-hamea ka Kristotɔwo ƒe ƒomewo vevie egbea hã. Eŋlɔ bena: “Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, . . . bena, mi katã miagblɔ nya ɖeka, eye mamã aɖeke naganɔ mia dome o; ke miazu blibo le tame ɖeka kple susu ɖeka ma me.” (Korintotɔwo I, 1:10) Nukae woawɔ ɖekawɔwɔ sia nanɔ wo dome?
Ele Be Dzilawo Nanye Gbɔgbɔmemewo
Nu vevitɔe nye be dzilawo natsɔ wo ɖokui ana Mawu bliboe. De ŋugble le nusi Mose gblɔ na Israel-viwo ŋu kpɔ: “Israel, see, Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe! Eyata tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la. Eye nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.”—Mose V, 6:4-7.
De dzesii be Mose ɖee fia be ele be Mawu ƒe sewo ‘nanɔ dzi me’ na dzilawo. Eya ko hafi wòamã dzilawo be woana gbɔgbɔmenuxlɔ̃ame wo viwo edziedzi. Le nyateƒe me ne dzilawo sẽŋu le gbɔgbɔ me la, didi vevie nɔa wo me be yewoafia gbɔgbɔmenuwo yewo viwo.
Be ame nava zu gbɔgbɔmeme ahalɔ̃ Yehowa kple eƒe dzi blibo la, ele vevie be wòaxlẽ Mawu ƒe Nya la, ade ŋugble le eŋu, ahatsɔe ade dɔwɔwɔ me edziedzi. Hakpala la ŋlɔ bena, amesi kpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe sea ŋu eye wòxlẽnɛ “zã kple keli [la, aɖi] ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!”—Psalmo 1:2, 3.
Abe alesi ne wode tsi ati ɣesiaɣi wòtsea ku nyuie ene la, nenema ke, ƒome siwo ɖua nu ɖia ƒo le gbɔgbɔ me tsea mawumekuwo wònyea kafukafu na Yehowa. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖee nye Uwadiegwu ƒe ƒomea si le Ɣetoɖoƒe Afrika. Togbɔ be vi enyi ye le Uwadiegwu kple srɔ̃a si hã la, wo ame evea siaa nye gbesiagbe mɔɖelawo, alo Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Egblɔ be: “Míaƒe ƒomea lé ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɣesiaɣi me ɖe asi ƒe 20 kple vɔ sɔŋ nye esia. Míefia Mawu ƒe Nya la ɖeviawo tso woƒe vidzĩ me, menye le míaƒe ƒome nusɔsrɔ̃ wɔɣi ko o, ke le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me kple le ɣebubuɣiwo hã. Mía viwo katã nye Fiaɖuƒenyanyuia ƒe gbeƒãɖelawo, eye ɖevitɔa si xɔ ƒe ade ɖeɖekoe mexɔ nyɔnyrɔ haɖe o.”
Dɔwɔwɔ Ðekae
Biblia gblɔ be: “Nunya wotsɔna tua xɔe.” (Lododowo 24:3) Le ƒomea me la, nunya sia naa wowɔa nu le ƒuƒoƒo me. Ƒome bliboa ƒe “ŋgɔnɔlae” nye vifofoa; eyae Mawu tsɔ ɖo aƒe blibo la ƒe tae. (Korintotɔwo I, 11:3) Apostolo Paulo si gbɔgbɔ ʋã te gbe ɖe tanyenyedɔa ƒe vevienyenye dzi esi wòŋlɔ bena: “Ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo [le gbɔgbɔ kple ŋutilã me siaa] o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.”—Timoteo I, 5:8.
Le ɖekawɔwɔ me kple aɖaŋuɖoɖo sia si tso Mawu ƒe Nya la me la, ehiã be srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo nalé fɔ ɖe wo srɔ̃wo ƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu. Ne aƒemedɔ wɔwɔ wu tsɔtsɔ na srɔ̃nyɔnuwo la, agblẽ nu le woƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu. Le Afrika-dukɔ aɖe me la, Kristotɔ nyɔnyrɔxɔla yeye aɖe fa konyi na hamemegãwo le eƒe hamea me be edze abe ye srɔ̃nyɔnu metsɔ ɖeke le gbɔgbɔmenuwo me tututu o ene. Hamemegãawo ɖo aɖaŋu nɛ be ehiã be wòana kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ srɔ̃a. Ale srɔ̃ŋutsua dze egɔme wɔa aƒemedɔwo kpena ɖe srɔ̃a ŋu. Ezã ɣeyiɣi kpe ɖe eŋu hã be wòawɔ ŋgɔyiyi le eƒe Biblia xexlẽ kple egɔmesese me. Ewɔ ŋgɔyiyi nyui, eye fifia la, ƒome bliboa katã wɔ ɖeka le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me.
Ele hã be vifofowo nakpɔ ɣeyiɣi ɖe wo viwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu. Paulo ŋlɔ bena: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Ne dzilawo wɔ ɖe aɖaŋu si woɖo be womegado dziku na wo viwo o, eye wowɔ ɖe mɔfiame si wona be woahe wo viwo dzi la, ɖeviawo senɛ le wo ɖokui me be yewole ƒome si wɔa nu ɖekae me. Awɔe be ɖeviawo nakpe ɖe wo nɔewo ŋu be woaɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ.
Nuwɔwɔ ɖekae bia be woana ɖeviwo natsɔ gbɔgbɔmegbanɔamedziwo ne wosu te na wo tsɔtsɔ. Vifofo aɖe si nye Kristotɔ hamemegã si si vi 11 le fɔna ŋdi kanya srɔ̃a nu kple wo dometɔ geɖe hafi dzona yia dɔme. Esi tsitsitɔawo xɔ nyɔnyrɔ vɔ megbe la, woɖɔa li wo nɔewo le kpekpeɖeŋu nana wo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu ɖevitɔawo me, si ƒe ɖee nye Biblia fiafia wo. Vifofoa kpɔa nusɔsrɔ̃a dzi, eye wòkafua wo ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta. Ðeviawo dometɔ ade xɔ nyɔnyrɔ, eye susɔeawo yi edzi le agbagba dzem be yewoaɖo taɖodzinu sia gbɔ.
Kadodo Nyui, Taɖodzinuwo Minyaminya Ðekae
Kadodo si me lɔlɔ̃ le kple taɖodzinuwo minyaminya ɖekae le vevie ne ƒomewo awɔ ɖeka. Vi adre siwo ƒe ƒexɔxɔ le tso ƒe 11 dzi vaseɖe 27 le Gordon si nye Kristotɔ hamemegã si le Nigeria la si. Wo dometɔ ade nye mɔɖelawo abe dzilaawo ke ene. Ðevitɔa si xɔ nyɔnyrɔ nyitsɔ sia kpɔa gome le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me edziedzi kple ƒomea me tɔ mamlɛawo. Ŋutsuvi xoxoetɔ eveawo nye subɔsubɔdɔwɔlawo le hamea me.
Gordon ŋutɔe wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe. Le ema megbe la, Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ƒe ɖoɖo si me wowɔa nu vovovo le la le ƒomea si. Ŋdi sia ŋdi la, wokpea ta dzroa Biblia-kpukpui aɖe me, emegbe wodzrana ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu.
Taɖodzinu siwo woɖo na ƒomea me tɔ ɖesiaɖe la dometɔ ɖekae nye be woaxlẽ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo me nyatiwo katã. Nyitsɔ laa la, wode Biblia xexlẽ gbesiagbe woƒe ɖoɖowo me. Ƒomea me tɔwo ƒoa nu tso nusiwo woxlẽ ŋu tsɔ dea dzi ƒo na wo nɔewo be woayi edzi alé ɖoɖoawo me ɖe asi.
Ƒomea ƒe kwasiɖa sia kwasiɖa Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa li ke nyuie ale gbegbe be mehiã be woanɔ ŋku ɖom edzi na ame aɖeke o—amesiame dzrana ɖo kpɔa mɔ nɛ. Le ƒe siwo va yi me la, ƒome Biblia nusɔsrɔ̃a ƒe nyatiwo, eŋuti ɖoɖowo, kple eƒe didime nɔ vovovo le ƒe si ɖeviawo xɔ kple woƒe nuhiahiãwo nu. Ƒomea kple mawusubɔla nuteƒewɔla bubuwo dome va le kplikplikpli, eye eɖe vi na ɖeviawo ale gbegbe.
Wowɔa nu ɖekae le ƒomea me, eye woɖo ɣeyiɣi ɖi na ɖiɖiɖeme hã. Zi ɖeka le kwasiɖa ɖesiaɖe me la, wokpɔa gome le wɔna aɖe si nye “ƒome ƒe fiẽsi” si me wowɔ ɖoɖo le hena nya biabia wo nɔewo, fefenya tuameɖowo gbɔgblɔ, saŋkuƒoƒo, ŋutinyawo gbɔgblɔ, kple ɖiɖiɖeme ŋutɔŋutɔ. Wodea ƒuta kple dzidzɔdonameƒe bubuwo ɣeaɖewoɣi.
Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ŋu
Nya siwo katã ŋuti míeƒo nu tsoe va yi dometɔ aɖeke meɖea ƒome gãwo dzikpɔkpɔ ƒe sesẽ dzi kpɔtɔna o. Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Dɔ sesẽ wònye be nànye fofo nyui na vi enyi. Ebia ŋutilã kple gbɔgbɔ me nuɖuɖu sɔgbɔ si alé wo ɖe te; ehiã be mawɔ dɔ sesĩe be makpɔ ga sɔgbɔ atsɔ akpɔ wo dzii. Ðevi xoxoetɔawo le woƒe ƒewuiwo me, eye wo ame enyiawo katã le suku dem. Menyae be gbɔgbɔmehehenana le vevie ŋutɔ, gake vinyeawo dometɔ aɖewo vloe eye woƒe to sẽ. Wodoa nuxaxa nam, gake menyae be nye nuwɔna ɣeaɖewoɣi nyea nuxaxa na Yehowa ƒe dzi, gake etsɔnɛ keam. Eyata ele nam be magbɔ dzi ɖi aɖɔ vinyeawo ɖo vaseɖe esime woanyɔ le wo ɖokui me.
“Medzea agbagba be masrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋu le alesi wògbɔa dzi ɖi na mí esi wòdi be amesiame natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ ta. Mesrɔ̃a nu kple nye ƒomea, eye vinyeawo dometɔ aɖewo le agbagba dzem be yewoaɖo nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe taɖodzinua gbɔ. Nyemeɖoa ŋu ɖe nye ŋusẽ ŋu hena eƒe nyonyo o; nye ŋusẽ mate ŋu awɔ nu boo aɖeke o. Medzea agbagba be mate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli ɣesiaɣi le gbedodoɖa me, eye be matsɔ lododo si gblɔ be, ‘ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò’ la awɔ dɔe. Yehowa akpe ɖe ŋunye mahe vinyeawo awu enu.”—Lododowo 3:5, 6.
Mègana Ta Gbeɖe O!
Ɣeaɖewoɣi la, ɖeviwo hehe adze abe dɔ si ŋu womakpɔ ŋudzedze ɖo o ene, gake mègana ta gbeɖe o! Nɔ edzi sesĩe! Ne viwòwo mekpɔ ŋudzedze ɖe wò agbagbadzedzewo ŋu alo womesea wò gbe fifia o la, ɖewohĩ woava see emegbe. Exɔa ɣeyiɣi be ɖevi natsi ava zu Kristotɔ si tsea gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo.—Galatiatɔwo 5:22, 23.
Monica si le Kenya nye vi ewo dometɔ ɖeka. Egblɔ be: “Dzinyelawo fia Biblia me nyateƒewo mí tso míaƒe vidzĩ me ke. Papa srɔ̃a Kristotɔwo ƒe agbalẽwo kple mí le kwasiɖa ɖesiaɖe me. Le dɔ si wɔm wònɔ ta la, nusɔsrɔ̃a medzea ŋkeke ɖeka dzi ɣesiaɣi o. Ne etso dɔme gbɔna ɣeaɖewoɣi la, ekpɔa mí míenɔa fefem le xexe eye wògblɔna na mí be le aɖabaƒoƒo atɔ̃ megbe la, mí katã míge ɖe xɔ me be míasrɔ̃ Biblia. Ne míesrɔ̃ Biblia vɔ la, wodea dzi ƒo na mí be míabia nyawo alo ne kuxi aɖe li la, míadzro wo me.
“Ekpɔ egbɔ be mía kple ɖevi siwo dea ha la nye mawuvɔ̃lawo. Papa ɖia tsa vaa sukua edziedzi va biaa nu tso míaƒe agbenɔnɔ ŋu le míaƒe nufialawo gbɔ. Esi wòɖi tsa va gbeɖeka la, ese be fonye etɔ̃ wɔ dzre kple ŋutsuvi bubuwo eye be fonyeawo wɔa amemabunuwo ɣeaɖewoɣi. Papa he to na wo ɖe nuvloewɔwɔa ta, gake egbɔ dzi ɖi ɖe nu me hã na wo tso Ŋɔŋlɔawo me le nusita wòhiã be woawɔ nu wòaɖi mawusubɔlawo ŋu.
“Mía dzilawo toa nusiwo míasrɔ̃ le kpekpewo me la me kple mí, eye woto esia me fia viɖe siwo le kpekpewo dede me la mí. Wona míetea ɖaseɖiɖi kpɔ le aƒeme tsɔ hea mí be míava zu gbeƒãɖelawo. Míekplɔa mía dzilawo ɖo yia gbeadzi tso ɖevime ke.
“Egbea la, fonye eve nye mɔɖela veviwo, nɔvinyenyɔnu ɖeka nye gbesiagbe mɔɖela, eye nɔvinyenyɔnu bubu si ɖe srɔ̃ hedzi vi la nye Ðasefo bibi. Nɔvinyenyɔnu ɖevitɔ eve, siwo xɔ ƒe 18 kple 16 la nye gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔwo. Wole hehe nam ŋutsuvi ɖevitɔ eve susɔeawo. Ƒe etɔ̃e nye sia mele subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe le Kenya. Melɔ̃ dzinyelawo eye mekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu elabena wonye gbɔgbɔmemewo; woɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mí.”
Metsɔ le eme vi nenie nèɖadzi o, mègana ta gbeɖe le kpekpeɖeŋu nana wo be woazɔ mɔ si yi agbe mavɔ me la dzi o. Ne Yehowa yra wò agbagbadzedzewo la, àgblɔ apostolo Yohanes ƒe nya siwo wògblɔ tso eƒe gbɔgbɔmeviwo ŋu be: “Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, mese bena, vinyewo zɔna le nyateƒe me o.”—Yohanes III, 4.