Amesiame Avo
“Mebuna bena, ɣeyiɣi sia me fukpekpewo medze ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go afia le mía ŋuti la o. Elabena nuwɔwɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le mawuviwo ƒe ɖeɖefia la lalam. Elabena wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te, menye eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu o, ke le amesi bɔbɔe ɖe anyi la ŋuti hena mɔkpɔkpɔ. Eyata woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me. Elabena míenyae bena, nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.”—ROMATƆWO 8:18-22.
LE APOSTOLO Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Roma ƒe akpa sia me la, egblɔ nusita ablɔɖe vavãtɔ mele amewo ƒe agbenɔnɔ me o kple nusita zi geɖe toflokonuwo kple vevesese yɔe fũ la kpokploe wòɖe dzesi. Egblɔ alesi míawɔ akpɔ ablɔɖe vavãtɔ hã.
“Ɣeyiɣi Sia me Fukpekpewo”
Menye ɖe Paulo nɔ “ɣeyiɣi sia me fukpekpewo” bum nu tsɛe esi wògblɔ be “[womedze] ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go afia le mía ŋuti la o.” Le Paulo ƒe ɣeyiɣia me kpakple emegbe siaa la, Kristotɔwo kpe fu geɖe le Roma-megã siwo metsɔ ɖeke le amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo me o ƒe ŋutasẽdziɖuɖu te. Esi Roma xɔe se be Dukɔa ƒe futɔwoe Kristotɔwo nye ko la, ete wo ɖe to ŋutasesẽtɔe. Ŋutinyaŋlɔla J. M. Roberts gblɔ be: “Kristotɔ siwo nɔ [Roma] fiadua me dometɔ geɖe tsrɔ̃ ŋɔdzitɔe le fefewɔƒewo alo wotɔ dzo wo agbagbee.” (Shorter History of the World) Nero ƒe yometiti sia me fukpelawo ŋuti nyatakaka bubu gblɔ be: “Woklã wo dometɔ aɖewo ɖe ati ŋuti, wotɔ lãgbalẽwu do na wo dometɔ aɖewo eye avũwo ɖu wo, wokɔ aŋɔ ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu hetɔ dzo wo be woanye akaɖiwo anɔ bibim ne zã do.”—New Testament History, si F. F. Bruce ŋlɔ.
Ðikeke mele eme o be, anye ne adzɔ dzi na Kristotɔ gbãtɔ mawo be yewoavo tso ameteteɖeanyi ma ƒomevi me hafi, gake womedi be yewoada Yesu Kristo ƒe nufiafiawo dzi akpɔ ablɔɖe o. Le kpɔɖeŋu me, esime Yudatɔwo ƒe ablɔɖe taʋlila siwo woyɔna be Zazɛ̃nyahelawo nɔ avu wɔm kple Roma-dziɖuɖumegãwo la, womede akpa aɖeke dzi kura o. (Yohanes 17:16; 18:36) Le Zazɛ̃nyahelaawo gome la, “mehiã be woagblɔ be woalala akpɔ Mawu sinu wòava ɖe yewo o, le alesi nɔnɔmea sesẽe ta.” Wobe nusi hiãe nye be “woawɔ avu kple futɔ la,” si nye Roma. (New Testament History) Kristotɔ gbãtɔwo ya mebui nenema o. Le woawo gome la, nu nyuitɔ si li woawɔe nye be “woalala akpɔ Mawu sinu.” Kakaɖedzi nɔ wo si be naneke mahe “ɣeyiɣi sia me fukpekpewo” va nuwuwui keŋkeŋ ale be ablɔɖe vavãtɔ si anɔ anyi ɖaa nava o negbe Mawu koe ade nu nyaa me. (Mixa 7:7; Xabakuk 2:3) Gake hafi míade ŋugble le alesi nusia adzɔe ŋu la, mina míadzro nusita “wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te” me kpɔ gbã.
‘Wobɔbɔe ɖe Gbegblẽ Te’
Benjamin Wilson gblɔ le The Emphatic Diaglott me be, nya “nuwɔwɔ” si wozã le afisia mefia “lãwo kple nuwɔwɔ siwo me agbe mele o” abe alesi ame aɖewo susunɛ ene o, ke “ameƒomea katã” boŋue wòfia. (Tsɔe sɔ kple Kolosetɔwo 1:23.) Efia amegbetɔƒome bliboa—mí amesiwo katã le ablɔɖe dim vevie. Mía dzila gbãtɔwo ƒe nuwɔnawo tae “wobɔbɔ” mí “ɖe gbegblẽ la te” ɖo. Menye “[mía] ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu” alo tiatia si mía ŋutɔwo míewɔ gbɔe esia tso o. Ðe míenyi míaƒe nɔnɔmea dome. Le Ŋɔŋlɔawo ƒe nukpɔsusu nu la, Rousseau wɔ vodada esime wògblɔ be “wodzi amegbetɔ ablɔɖemee.” Wodzi mía dometɔ ɖesiaɖe de nuvɔ̃ kple blibomademade ƒe kluvinyenye me, wòwɔ abe ɖe míezu kluviwo na nuɖoanyi si me dziɖeleameƒo kple yakanuwo bɔ ɖo ene.—Romatɔwo 3:23.
Nukatae wòle alea ɖo? Elabena mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, di be ‘yewoanɔ abe Mawu ene,’ tiatiawɔwɔblɔɖe blibo nanɔ yewo si, ale be yewoatso nya me le nyui kple vɔ̃ ŋuti na yewo ɖokui. (Mose I, 3:5) Woŋe aɖaba ƒu nu vevi ɖeka aɖe si le ablɔɖe ŋu dzi. Wɔla la ɖeka ko sie ablɔɖe blibo ate ŋu anɔ. Eyae nye Xexeame Katã Dziɖulagã. (Yesaya 33:22; Nyaɖeɖefia 4:11) Ele be amegbetɔwo ƒe ablɔɖe nanye ablɔɖe si ŋu seɖoƒe le. Esia tae nusrɔ̃la Yakobo de dzi ƒo na Kristotɔwo le eƒe ŋkekea me be woatsɔ “se blibo, si nye ablɔɖese la” akplɔ wo ɖokuii.—Yakobo 1:25.
Esɔ be Yehowa nyã Adam kple Xawa tso eƒe xexeame katã ƒe ƒomea me, eye ewɔe be wova ku. (Mose I, 3:19) Ke woƒe dzidzimeviwo ya ɖe? Togbɔ be blibomademade, nuvɔ̃ kple ku koe le wo si woate ŋu ana hã la, le nublanuikpɔkpɔ me Yehowa ɖe mɔ na wo be woadzi viwo. Eyata “ku la va to amewo katã dzi yi.” (Romatɔwo 5:12) Susu sia nue Mawu ‘bɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te’ le.
“Mawuviwo ƒe Ðeɖefia La”
Yehowa bɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ te kple “mɔkpɔkpɔ” be gbeɖeka la, ablɔɖe agava su amegbetɔƒomea si to “mawuviwo” ƒe dɔwɔnawo me. Amekawoe nye ‘mawuvi’ siawo? Woawoe nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo, amesiwo wodzi wonye nuvɔ̃ kple blibomademade ƒe kluviwo abe “[amegbetɔ] nuwɔwɔ” mamlɛawo ke ene. Le woƒe dzɔdzɔme nu la, ɖoƒe aɖeke meli na wo le Mawu ƒe xexeame katã ƒe ƒome si le kɔkɔe hede blibo la me o. Gake Yehowa wɔ nu ɖedzesi aɖe na wo. To Yesu Kristo ƒe tafevɔsa me la, Eɖe wo tso nuvɔ̃ ƒe kluvinyenye si ƒe dome wonyi la me hebu wo ‘ame dzɔdzɔewoe,’ alo amesiwo ŋu kɔ le gbɔgbɔ me. (Korintotɔwo I, 6:11) Eye wògaxɔ wo abe “mawuviwo” ene hekplɔ wo va eƒe xexeame katã ƒe ƒomea me.—Romatɔwo 8:14-17.
Esi wonye Yehowa ƒe vi siwo wògbugbɔ xɔ ta la, mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe asu wo si. Woanye “fiawo kple nunɔlawo na míaƒe Mawu” akpe ɖe Yesu Kristo ŋu anye Mawu ƒe dziƒo Fiaɖuƒe alo dziɖuɖua ƒe akpa aɖe ‘aɖu fia ɖe anyigba la dzi.’ (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1-4) Dziɖuɖu sia nye esi woɖo anyi ɖe ablɔɖe kple dzɔdzɔenyenye ƒe gɔmeɖosewo dzi sesĩe—menye ɖe ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ dzi o. (Yesaya 9:5, 6; 61:1-4) Apostolo Paulo gblɔ be Mawuvi siawo nye Yesu, amesi nye ‘Abraham ƒe dzidzime’ si ŋugbe wodo tso gbaɖegbe ke la hatiwo. (Galatiatɔwo 3:16, 26, 29) Eyata wowɔa akpa vevi aɖe le ŋugbe aɖe si Mawu do na exɔlɔ̃ Abraham ƒe emevava me. Ŋugbedodo ma ƒe akpa aɖee nye be “anyigba dzi dukɔwo katã ayra wo ɖokui” to Abraham ƒe dzidzimevi (alo, dzidzimeviwo) dzi.—Mose I, 22:18.
Yayra kawoe woahe vɛ na ameƒomea? Mawuviawo anɔ eme woaɖe amegbetɔƒome bliboa tso Adam ƒe nuvɔ̃a metsonu dziŋɔwo me eye woana woagade blibo. Amesiwo ‘tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ’ me ate ŋu ayra wo ɖokui ne wotsɔa Yesu Kristo ƒe tafevɔsa dzixɔxɔse wɔa dɔe eye ne wobɔbɔ wo ɖokui ɖe eƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖu nyodɔmea te. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14-17; 21:1-4; 22:1, 2; Mateo 20:28; Yohanes 3:16) To mɔ sia dzi la, “nuwɔwɔ blibo la katã” agava nɔ “mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me” ake. Esia manye dunyahedziɖuɖuwo ƒe ablɔɖe si se ɖe afi aɖe eye wònɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko o, ke boŋ anye ablɔɖe si woakpɔ tso nusianu si he vevesese kple nuxaxa vɛ na amegbetɔƒomea tso esime Adam kple Xawa gbe Mawu ƒe dziɖulanyenye me. Eyata mewɔ nuku o be Paulo te ŋu gblɔ be ‘ɣeyiɣi sia me fukpekpewo medze naneke o’ ne wotsɔe sɔ kple ŋutikɔkɔedɔ si nuteƒewɔla mawo ava wɔ!
Ɣekaɣie “mawuviwo ƒe ɖeɖefia la” adze egɔme? Eteƒe madidi kura o, Yehowa aɖe amesiwo katã nye Mawuviawo afia. Esia anye esime ‘vi’ siawo siwo wofɔ ɖe tsitre yi gbɔgbɔmenutowo me la akpe ɖe Yesu Kristo ŋu woaɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ kple ameteteɖeanyi ɖa le anyigba sia dzi le Mawu ƒe aʋa si nye Harmagedon me. (Daniel 2:44; 7:13, 14, 27; Nyaɖeɖefia 2:26, 27; 16:16; 17:14; 19:11-21) Kpeɖodzi geɖe ƒo xlã mí siwo ɖee fia be míele ‘ŋkeke mamlɛawo’ ƒe yɔyrɔe nu, esime ɣeyiɣi gbogbo si Mawu na ɖe aglãdzedze kple vɔ̃ɖinyenye si dona tsoa eme la awu enu.—Timoteo II, 3:1-5; Mateo 24:3-31.
Ẽ, abe alesi apostolo Paulo gblɔe ene la, enye nyateƒe be “nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi”—gake eteƒe magadidi o. Ame miliɔn geɖe siwo le agbe fifia akpɔ ‘nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖoɣi si ŋuti Mawu ƒo nu le to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo ƒe nu me tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me,’ eye woakpɔe ŋutifafa, ablɔɖe, kple dzɔdzɔenyenye agava na amegbetɔƒome bliboa.—Dɔwɔwɔwo 3:21.
Ablɔɖe Vavãtɔ Mlɔeba
Nukae wòle be nàwɔ be nàte ŋu akpɔ gome le “mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me”? Yesu Kristo gblɔ be: “Ne mienɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃la vavãwo mienye, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la awɔ mi ablɔɖeviwoe.” (Yohanes 8:31, 32) Nusia koe ana woanɔ ablɔɖe me—Kristo ƒe sewo kple nufiafiawo sɔsrɔ̃ kpakple wo dzi wɔwɔ. Nusia naa wonɔa ablɔɖe me vaseɖe afi aɖe fifia kura gɔ̃ hã. Eteƒe madidi o, ahe ablɔɖe blibo vɛ le Kristo Yesu ƒe dziɖuɖu te. Nunyanu si wòle be míawɔe nye be míanya Yesu ƒe “nya” to Biblia sɔsrɔ̃ me. (Yohanes 17:3) Abe Kristotɔ gbãtɔwo ene la, dze agbagba blibo nàde ha kple Kristo ƒe nusrɔ̃la vavãwo ƒe hamea. Ne ède ha kpli wo la, nyateƒe siwo naa ablɔɖe ame si Yehowa toa eƒe habɔbɔa dzi nana egbea la aɖe vi na wò.—Hebritɔwo 10:24, 25.
Esi nèle “mawuviwo ƒe ɖeɖefia la lalam” la, àte ŋu atu kakaɖedzi si nɔ apostolo Paulo si ɖe Kristo ƒe ametakpɔkpɔ kple kpekpeɖeŋu ŋu la ɖo, ne edze abe fukpekpewo kple numadzɔmadzɔwɔwɔwo di be yeawu tsɔtsɔ na wò gɔ̃ hã. Esi Paulo ƒo nu tso mawuviwo ƒe ɖeɖefia la ŋu vɔ la, ebia be: “Amekae amã mí atso Kristo ƒe lɔlɔ̃ me mahã? Fukpekpe loo alo xaxa alo yometiti alo dɔwuame alo amamanɔnɔ alo ŋɔdzidodo alo yi mahã?” (Romatɔwo 8:35) Nyateƒee, ne míazã Rousseau ƒe nyawo la, Kristotɔ siwo nɔ anyi le Paulo ƒe ŋkekeawo me la gakpɔtɔ nɔ ameteteɖeanyi ƒe ŋusẽ ƒomevi vovovo ƒe “kɔsɔkɔsɔ me.” “Wowua [wo] ʋuu le ŋkeke bliboa katã me . . . abe alẽ, siwo woyina wuwu ge la ene.” (Romatɔwo 8:36) Ðe woɖe mɔ nusia te wo ɖe toa?
Paulo ŋlɔ bena: “Gake le nusiawo katã me míeɖua dzi glo le amesi lɔ̃ mí la ŋuti.” (Romatɔwo 8:37) Ðe Kristotɔ gbãtɔ mawo ɖu dzi togbɔ be wodo go nɔnɔme sesẽ mawo hãa? Aleke esia dzɔe? Eɖo eŋu be: “Menyae keŋ bena, eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖulawo o; eɖanye ŋusẽwo o; eɖanye nusi le fifi o, eɖanye nusi le vava ge o; eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.” (Romatɔwo 8:38, 39) Wò hã àte ŋu ‘aɖu dzi’ le “xaxa alo fukpekpe alo yometiti” ƒomevi ɖesiaɖe si wòle be nàdze ŋgɔe fifia me. Lɔlɔ̃ si le Mawu si la na kakaɖedzi mí be madidi o—eteƒe madidi kura o—‘woaɖe mí tso kluvinyenye ɖesiaɖe me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.’
[Nɔnɔmetata siwo le axa 6]
“Nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi”
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
‘Woaɖe nuwɔwɔ la atso kluvinyenye me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me’