Minye Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa Xlẽla Kpɔdzidzɔwo
“Woayra amesi le nyagblɔɖi sia ƒe nyawo xlẽm kple amesiwo le wo sem, eye wole nusiwo woŋlɔ ɖe eme la, dzram ɖo.”—NYAÐEÐEFIA 1:3.
1. Nɔnɔme kawo mee apostolo Yohanes nɔ hafi ŋlɔ Nyaɖeɖefia, eye susu ka tae wòŋlɔ ŋutega siawo ɖo?
“NYE Yohanes, . . . menɔ ƒukpo, si woyɔna be Patmo la dzi le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta.” (Nyaɖeɖefia 1:9) Nɔnɔme siawo mee apostolo Yohanes nɔ hafi ŋlɔ Apokalips, alo Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa. Wogblɔ be Roma Fiagã Domitian (ƒe 81-96 M.Ŋ.), amesi to fiagãsubɔsubɔ vɛ akpasesẽtɔe eye wòti Kristotɔwo yome ƒe dziɖuɣie woɖe aboyo Yohanes yi Patmo. Esime Yohanes nɔ Patmo la, ekpɔ ŋutega geɖe eye wòŋlɔ wo ɖi. Menye ɖe wòŋlɔ wo na Kristotɔ gbãtɔwo be yeatsɔ ado vɔvɔ̃ na wo o, ke boŋ be yeatsɔ ado ŋusẽ wo, afa akɔ na wo, eye be yeade dzi ƒo na wo le dodokpɔ siwo me tom wonɔ kple esiwo ganɔ wo ŋgɔ la me.—Dɔwɔwɔwo 28:22; Nyaɖeɖefia 1:4; 2:3, 9, 10, 13.
2. Nukatae Kristotɔ siwo li egbea tsɔ ɖe le nɔnɔme si me Yohanes kple ehati Kristotɔwo nɔ la me?
2 Nɔnɔme siwo nɔ edzi yim hafi woŋlɔ Biblia-gbalẽ sia la le vevie na Kristotɔ siwo li egbea. Wonɔ Yohanes yome tim le ɖaseɖiɖi le Yehowa kple Via, Kristo Yesu, ŋu ta. Wo kple ehati Kristotɔwo nɔ fuléle ƒe ɣeyiɣi aɖe me, eye togbɔ be wonɔ agbagba dzem be yewoanye dumevi nyuiwo hã la, womate ŋu akpɔ gome le fiagãsubɔsubɔ me o. (Luka 4:8) Le dukɔ aɖewo me la, Kristotɔ vavã siwo li egbea kpɔe be yewole nɔnɔme sia tɔgbe me, afisi Dziɖuɖua zãa ŋusẽ si le esi tsɔ ɖoa “nusi dze na subɔsubɔhawo.” Aleke gbegbe nya siwo le Nyaɖeɖefia-gbalẽa ƒe gɔmedzedze faa akɔe nye si be: “Woayra amesi le nyagblɔɖi sia ƒe nyawo xlẽm kple amesiwo le wo sem, eye wole nusiwo woŋlɔ ɖe eme la, dzram ɖo; elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.” (Nyaɖeɖefia 1:3) Ẽ, Nyaɖeɖefia xlẽla toɖolawo kple nyadziwɔlawo ate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ kpakple yayra geɖe.
3. Ameka Gbɔe nusiwo woɖe fia Yohanes la tso?
3 Ameka tututu gbɔe Nyaɖeɖefia la tso, eye mɔ ka dzie wòto tsɔe na? Kpukpui gbãtɔ gblɔ na mí be: “Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia, si Mawu tsɔ nɛ, be wòafia nusiwo lava ve me kaba la, eƒe dɔlawo la, enye esi; eye wòto eƒe mawudɔla, si wòdɔ ɖa la, dzi heɖe wo me fia eƒe dɔla Yohanes.” (Nyaɖeɖefia 1:1) Míagblɔe kpuie ko be Yehowa Mawue nye Amesi gbɔ Nyaɖeɖefia la tso, eye wòtsɔe na Yesu, eye Yesu to mawudɔla aɖe dzi tsɔe na Yohanes. Ŋkuléle ɖe nu ŋu yi ŋgɔ vie ɖee fia be Yesu zã gbɔgbɔ kɔkɔea hã tsɔ gblɔ nya na hameawo eye ezãe tsɔ ɖe ŋutegawo fia Yohanes.—Nyaɖeɖefia 2:7, 11, 17, 29; 3:6, 13, 22; 4:2; 17:3; 21:10; tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 2:33.
4. Mɔ kawo nue Yehowa gatona kplɔa eƒe ame siwo le anyigba dzi egbea?
4 Yehowa gale Via si nye “ta na hame la” zãm kokoko be wòafia nu ye subɔla siwo le anyigba dzi. (Efesotɔwo 5:23; Yesaya 54:13; Yohanes 6:45) Yehowa zãa eƒe gbɔgbɔa hã tsɔ fiaa nu eƒe amewo. (Yohanes 15:26; Korintotɔwo I, 2:10) Eye abe alesi Yesu zã “eƒe dɔla Yohanes” be wòtsɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu tuameɖo na ƒe alafa gbãtɔ me hameawo ene la, nenema ke egbea hã wòle “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” siwo nye ‘nɔvia’ amesiamina siwo le anyigba dzi la zãm be woana ‘gbɔgbɔmenuɖuɖu’ eƒe aƒemetɔwo kple woƒe zɔhɛwo “le ɣeyiɣi nyui dzi.” (Mateo 24:45-47; 25:40) Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo dea bubu ‘nunana nyui’ siwo nye gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo míexɔna la Tsoƒe kple amesiwo dzi Wòtsɔnɛ tona la ŋu.—Yakobo 1:17.
Hame Siwo Kristo Fiaa Mɔe
5. (a) Nukae wotsɔ Kristo-hamewo kple woƒe dzikpɔlawo sɔ kple? (b) Togbɔ be míenye amegbetɔ madeblibowo hã la, nukae ana dzi nanɔ mía dzɔm?
5 Wotsɔ Kristo-hameawo sɔ kple akaɖitiwo le Nyaɖeɖefia ƒe ta gbãtɔwo me. Wotsɔ woƒe dzikpɔlawo sɔ kple mawudɔlawo (ame dɔdɔwo) kple ɣletiviwo. (Nyaɖeɖefia 1:20)a Kristo gblɔ le eɖokui ŋu na Yohanes be wòaŋlɔ be: “Amesi lé ɣletivi adre ɖe eƒe nuɖusi, amesi le sikakaɖiti adreawo titina zɔm la, eyae gblɔ esiawo.” (Nyaɖeɖefia 2:1) Gbedasi adre siwo woɖo ɖe Asia hame adreawo fia be le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, hameawo kple woƒe hamemegãwo nyo le nanewo me eye wogbɔdzɔ le ɖewo me. Nenemae wòle egbea hã. Eyata dzi adzɔ mí geɖe wu ne míeŋlɔe be gbeɖe o be Kristo, míaƒe Ta, le hameawo dome. Enya nusi tututu le edzi yim. ‘Elé dzikpɔlaawo ɖe eƒe nuɖusi,’ si fia be wole eƒe kpɔkplɔ kple mɔfiafia te eye woabu akɔnta nɛ le alesi wokplɔa hameawoe ŋu.—Dɔwɔwɔwo 20:28; Hebritɔwo 13:17.
6. Nukae fia be menye dzikpɔlaawo koe abu akɔnta na Kristo o?
6 Gake míanɔ mía ɖokuiwo flum ne míesusuna be dzikpɔlaawo koe abu akɔnta le woƒe nuwɔnawo ŋu na Kristo. Kristo gblɔ le eƒe gbedasiawo dometɔ ɖeka me be: “Hameawo katã woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.” (Nyaɖeɖefia 2:23) Nuxlɔ̃ame kple dzideƒoname dze zi ɖeka le nya sia me—enye nuxlɔ̃ame be Kristo nya míaƒe dzimesusu detoawo, eye enye dzideƒoname elabena ena kakaɖedzi mí be Kristo nya míaƒe agbagbadzedzewo eye ayra mí ne míewɔ nusi míate ŋui.—Marko 14:6-9; Luka 21:3, 4.
7. Aleke Filadelfia Kristotɔwo ‘lé nya si Yesu gblɔ le dzidodo ŋu me ɖe asii’?
7 Mokaname mele Kristo ƒe gbedasi si wòɖo ɖe Lidia-du Filadelfia ƒe hamea me o, gake edo ŋugbe aɖe si me wòle be míatsɔ ɖe le vevie. “Le esi nèlé nye dzidonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé wò ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge, be woate amesiwo nɔa anyigba dzi akpɔ la me.” (Nyaɖeɖefia 3:10) Helagbe me nya siwo gɔme woɖe be “nèlé nye dzidonya me ɖe asi” la agate ŋu afia be “nèlé nya si megblɔ le dzidodo ŋu la me ɖe asi.” Kpukpui 8 lia fia be menye ɖe Filadelfia Kristotɔawo wɔ ɖe Kristo ƒe sededewo dzi ko o, ke wowɔ ɖe aɖaŋu si wòɖo be woado dzi nuteƒewɔwɔtɔe hã dzi.—Mateo 10:22; Luka 21:19.
8. (a) Ŋugbe kae Yesu do na Filadelfia Kristotɔwo? (b) Amekawoe ato “tetekpɔ ƒe gaƒoƒo” la me egbea?
8 Yesu gblɔ kpee be yealé wo ɖe asi le “tetekpɔ ƒe gaƒoƒo” me. Míenya alesi nya sia va eme na Kristotɔ mawo ɣemaɣi ya o. Togbɔ be yometitia nu tso vie le Domitian ƒe ku le ƒe 96 M.Ŋ. me megbe hã la, yometiti yeye gava le Trajan (ƒe 98-117 M.Ŋ.) ƒe dziɖuɣi, eye ɖikeke mele eme o be egahe dodokpɔ bubuwo vɛ. Gake “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la” dzi, si nye “nuwuɣi” si me míele fifiae “tetekpɔ ƒe gaƒoƒo” gãtɔ ava. (Nyaɖeɖefia 1:10; Daniel 12:4) Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la to dodokpɔɣi sesẽ aɖe me le Xexemeʋa I ŋɔli kple emegbe teti. Ke hã “tetekpɔ ƒe gaƒoƒo” la gale edzi yim kokoko. Elɔ “xexeame katã” ɖe eme, eye ame miliɔn geɖe siwo nye ameha gã la me tɔ siwo le mɔ kpɔm be yewoatsi agbe le xaxa gã la me la hã le eme. (Nyaɖeɖefia 3:10; 7:9, 14) Dzi adzɔ mí ne ‘míelé nya si Yesu gblɔ le dzidodo ŋu’ be, “amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe” la me ɖe asi.—Mateo 24:13.
Ðokuibɔbɔ Ðe Yehowa ƒe Dziɖulanyenye Te Dzidzɔtɔe
9, 10. (a) Mɔ kawo nue wòle be Yehowa ƒe fiazikpuia ŋuti ŋutega nawɔ dɔ ɖe mía dzi le? (b) Aleke Nyaɖeɖefia xexlẽ ana míakpɔ dzidzɔe?
9 Ele be Yehowa ƒe fiazikpui kple eƒe dziƒofiasã ƒe ŋutega si woɖe fia le Nyaɖeɖefia ta 4 kple 5 me nana ŋɔdzi nalé mí. Ele be kafukafunya siwo dziƒonuwɔwɔ sesẽwo gblɔ tso dzi me esime wonɔ wo ɖokui bɔbɔm ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzɔdzɔea te dzidzɔtɔe la nawɔ dɔ ɖe mía dzi. (Nyaɖeɖefia 4:8-11) Ele be woase míaƒe gbeɖiɖi le amesiwo le gbɔgblɔm be, “Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi kple alẽvi la, etɔe lanye kafukafu kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me” la tɔ dome.—Nyaɖeɖefia 5:13.
10 Le gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nu la, efia be míabɔbɔ mía ɖokui awɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le nusianu me dzidzɔtɔe. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Nusianu, si miewɔna le nuƒoƒo alo dɔwɔwɔ me la, miwɔ ye katã le Kristo Yesu ƒe ŋkɔa dzi, eye mida akpe na Mawu Fofo la le eyama me.” (Kolosetɔwo 3:17) Nyaɖeɖefia xexlẽ ana míanye dzidzɔmewo ne míetso míaƒe susu kple dzi ƒe gogloeƒewo ke de bubu Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu eye míebua eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa.
11, 12. (a) Aleke woaʋuʋu Satana ƒe anyigba dzi nuɖoanyiae? (b) Le nya si le Nyaɖeɖefia ta 7 nu la, amekawoe “ate ŋu anɔ tsitre” ɣemaɣi?
11 Mía ŋutɔwo míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple xexeme bliboa tɔ nɔ te ɖe ɖokuibɔbɔ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye te dzidzɔtɔe dzi. Madidi o kpɔɖeŋunyigbaʋuʋu gã aɖe aʋuʋu Satana ƒe xexemenuɖoanyia vaseɖe eƒe gɔmeɖoanyi gbɔ ke ahatsrɔ̃e. Sitsoƒe aɖeke manɔ anyi na amegbetɔ siwo gbe be yewomabɔbɔ ɖe Kristo ƒe dziƒo Fiaɖuƒedziɖuɖu si le Mawu ƒe dziɖuŋusẽ teƒe la te o. Nyagblɔɖia gblɔ be: “Anyigba dzi fiawo kple amegãwo kple aʋafia gãwo kple kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo kple kluviwo katã kpakple ablɔɖeviwo katã ɣla wo ɖokui ɖe dowo kple towo ƒe agawo me; eye wogblɔ na towo kple agawo bena: Mimu dze mía dzi, eye miɣla mí tso amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye tso alẽvi la ƒe dziku la nu; elabena eƒe dzikuŋkeke gã la ɖo, eye ameka ate ŋu anɔ tsitre ɖe enu mahã?”—Nyaɖeɖefia 6:12, 15, 16.
12 Le nya sia ŋu ɖoɖo me le ta si kplɔe ɖo me la, apostolo Yohanes gblɔ be amesiwo nye ameha gã la me tɔ siwo do go tso xaxa gã la me la le “tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me.” (Nyaɖeɖefia 7:9, 14, 15) Alesi wotsi tre ɖe Mawu ƒe fiazikpuia ŋgɔ fia be wode bubu fiazikpuia ŋu eye wobɔbɔ wo ɖokui ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye te. Eyata wokpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu.
13. (a) Nukae anyigbadzinɔla akpa gãtɔ subɔna, eye nukae dzesi si le woƒe ŋgonu alo asi ŋu nye kpɔɖeŋu na? (b) Eyata nukatae dzidodo hiã?
13 Gake edze le ta 13 lia me be anyigbadzinɔla mamlɛawo le ta dem agu na Satana ƒe dunyahenuɖoanyi si wotsɔ lã wɔadã aɖe wɔ kpɔɖeŋu na. Wode dzesi woƒe “ŋgonu” alo woƒe “nuɖusi,” si fia be wotsɔ woƒe susu kple ameti bliboa le megbe na nuɖoanyi ma. (Nyaɖeɖefia 13:1-8, 16, 17) Emegbe ta 14 lia gblɔ kpee be: “Ne ame aɖe de ta agu na lã la kple eƒe legba, eye wòxɔ eƒe dzesi ɖo eƒe ŋgonu alo eƒe asi ŋu la, eya lano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha, si wometɔtɔ kɔ ɖe eƒe dɔmedzoekplu la me o . . . Afii ame kɔkɔe, siwo léa Mawu ƒe seawo kple Yesu ƒe dzixɔse me ɖe asi la, ƒe dzidodo le.” (Nyaɖeɖefia 14:9, 10, 12) Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, biabia si anɔ fɔfɔm ɖe te edziedzi enye be: Ameka ƒe akpa dzie nèle? Yehowa kple eƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi loo alo dunyahenuɖoanyi mavɔ̃mawu si lã wɔadã la nye kpɔɖeŋu na la ƒe akpa dzi yea? Dzi adzɔ amesiwo ƒoa asa na lã la ƒe dzesia xɔxɔ eye wodoa dzi nuteƒewɔwɔtɔe hebɔbɔa wo ɖokui ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye te.
14, 15. Nya kae wogblɔ de alesi Nyaɖeɖefia ɖɔ Harmagedon mee, eye nukae wòfia na mí?
14 “Xexeame katã” ƒe fiawo gbɔna ŋgo kpe ge kple Yehowa eye woakpe be woaʋli dziɖulanyenye ƒe nya la. Woakpɔ ta na nyaʋiʋlia le Harmagedon, si nye “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” me. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Wogblɔ nya wɔdɔɖeamedzi aɖe de afisi woɖɔ alesi anyigba dzi dziɖulawo ƒo ƒu be yewoawɔ aʋa kple Yehowa le la dome tututu. Yesu ŋutɔ va tso ŋutegaa me gblɔ be: “Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bena wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpeƒe o.” (Nyaɖeɖefia 16:15) Anye alesi woɖea awu le Lewi-vi gbedoxɔ ŋu dzɔlawo ŋu eye wodoa ŋukpe wo ne wova ke ɖe wo ŋu wole alɔ̃ dɔm le zãdzɔɣi ye nya sia fia.
15 Gbedasia le fiafiam be: Ne míedi be míatsi agbe le Harmagedon me la, ke ele be míayi edzi anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me eye kpɔɖeŋuwu siwo dea dzesi mí be míenye Yehowa Mawu ƒe Ðasefo nuteƒewɔlawo la nakpɔtɔ anɔ mía ŋu. Dzi adzɔ mí ale gbegbe ne míetsri gbɔgbɔmekɔlɔ̃edɔdɔ eye míetsɔ dzonɔameme kpɔa gome le Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo ŋuti “nyanyui mavɔ” la gbɔgblɔ me madzudzɔmadzudzɔe.—Nyaɖeɖefia 14:6.
‘Dzidzɔtɔe Nye Amesi Lé Nya Siawo Me Ðe Asi’
16. Nukatae Nyaɖeɖefia ƒe ta mamlɛtɔ me nyawo nye dzidzɔnyawo ɖo?
16 Dzi koe adzɔ Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa xlẽla kpɔdzidzɔwo ne wole ta mamlɛ siwo ƒo nu tso míaƒe mɔkpɔkpɔ nyuia ŋu nyawo xlẽm—enye dziƒo yeye kple anyigba yeye, si nye dziƒo Fiaɖuƒedziɖuɖu dzɔdzɔe si aɖu ameƒome yeye si ŋu wokɔ la dzi, eye wo katã anye kafukafu na “[Yehowa] Mawu ŋusẽkatãtɔ” la. (Nyaɖeɖefia 21:22) Esi ŋutega wɔnuku vovovoawo wu enu la, mawudɔla si wodɔ la gblɔ na Yohanes be: “Nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo, eye nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔwo ƒe Aƒetɔ, Mawu la, dɔ eƒe dɔla, bena wòaɖe nusiwo le eme va ge kpuie la, afia eƒe dɔlawo. Eye kpɔ ɖa, megbɔna kpuie: Woayra amesiwo lé agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me ɖe asi.”—Nyaɖeɖefia 22:6, 7.
17. (a) Kakaɖedzinya kae wogblɔ le Nyaɖeɖefia 22:6? (b) Nukae wòle be míanɔ ŋudzɔ atsri?
17 Nyaɖeɖefia-xlẽla kpɔdzidzɔwo aɖo ŋku edzi be nya siawo tɔgbe ke dze le “agbalẽ” la ƒe gɔmedzedze. (Nyaɖeɖefia 1:1, 3) Nya siawo na kakaɖedzi mí be “nusiwo” katã wogblɔ ɖi le Biblia-gbalẽ mamlɛtɔ sia me ‘ava eme kpuie.’ Míeɖo nuwuɣia me ʋĩ ale gbegbe be nu vevi siwo ŋu nya wogblɔ ɖi le Nyaɖeɖefia me adzɔ kpatakpata ɖe wo nɔewo yome godoo kpuie. Eyata ne wòwɔ abe ɖe nuwo le edzi yim nyuie le Satana ƒe nuɖoanyia me hã la, mele be woana míayi alɔ̃ me o. Nuxlẽla si le ŋudzɔ aɖo ŋku nuxlɔ̃ame siwo wona le gbedasi siwo woɖo ɖe Asia-hame adreawo me dzi eye wòatsri ŋutilãmenudidi, trɔ̃subɔsubɔ, agbegbegblẽnɔnɔ, yɔyrɔenɔnɔ, kple mama si hea megbedede vɛ ƒe mɔ̃wo.
18, 19. (a) Nukatae Yesu gagbɔna, eye mɔkpɔkpɔnya kae Yohanes gblɔ si dzi míelɔ̃ ɖo? (b) Susu ka tae Yehowa ‘gbɔna’?
18 Yesu gblɔe zi gbɔ zi geɖe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me be: “Megbɔna kpuie.” (Nyaɖeɖefia 2:16; 3:11; 22:7, 20a) Egbɔna ava drɔ̃ ʋɔnu Babilon Gã la, Satana ƒe dunyahenuɖoanyia, kple amesiwo katã gbe be yewomabɔbɔ yewo ɖokui ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye si teƒe Mesia Fiaɖuƒea le fifia te o. Mía kple apostolo Yohanes míetsɔ nusɔsɔe le gbɔgblɔm be: “Amen, Aƒetɔ Yesu va!”—Nyaɖeɖefia 22:20b.
19 Yehowa ŋutɔ gblɔ be: “Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie, eye nye fetu kpe ɖe ŋutinye gbɔna, bene maɖo teƒe na amesiame ɖe alesi eƒe dɔwɔwɔ le la nu.” (Nyaɖeɖefia 22:12) Esi míele agbe mavɔ ƒe fetu nyuia lalam be míanye “dziƒo yeye” la loo alo “anyigba yeye” si ƒe ŋugbe wodo ƒe akpa aɖe la, mina míatsɔ dzonɔameme akpe asi ɖe eŋu akpe dzianukwaretɔwo katã be: “Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la no faa.” (Nyaɖeɖefia 22:17) Neva eme be woawo hã nanye Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽ si Mawu na woŋlɔ eye wòwɔa dɔ ɖe ame dzi la xlẽla kpɔdzidzɔwo!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, axa 28-9, 136 (etenuŋɔŋlɔ).
Numetoto
◻ Mɔ kawo dzie Yehowa to tsɔ Nyaɖeɖefia me nyawo na, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nusia me?
◻ Nukatae wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖe gbedasi siwo woɖo ɖe Asia-hame adreawo xexlẽ ŋu?
◻ Aleke woakpɔ mía ta le “tetekpɔ ƒe gaƒoƒo” la dzi?
◻ Dzidzɔ ka ƒomevie míakpɔ ne míewɔ ɖe nya siwo le Nyaɖeɖefia me dzi?
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo dea bubu Amesi gbɔ dzidzɔnyaawo tso la ŋu
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Dzidzɔtɔe nye amesi le ŋudzɔ.