Àkpɔ Wò Ga loo alo Wò Agbe Ta?
Ðewohĩ èse nu tso adzoblasu aɖewo siwo ɖoa tu amesiwo dzi wodzena dzi hegblɔna be: “Èdi ga loo alo agbe!” ŋu kpɔ. Egbea, nya nyanyɛ sia gaɖina le kuxi sesẽ siwo dze ŋgɔ mí katã—vevietɔ mí amesiwo le dukɔ siwo me nuwo bɔ ɖo me—la me. Gake fifia ya, menye adzoblasuwoe le ebiam o. Ke boŋ amegbetɔƒomea ƒe dzitsitsi ɖe ga kple ŋutilãmedzidzedzekpɔkpɔ ŋu vivivoe le ebiam.
DZITSITSI sia fɔ nya yeyewo kura ɖe te. Nukawoe wòasɔ be woatsɔ asa vɔe ɖe ga kple ŋutilãmenunɔamesiwo ta? Ðe wòate ŋu adze mía ŋu ne nu mesɔ gbɔ ɖe mía si oa? Le nyateƒe me, ɖe amewo tsɔ “agbe vavã la” le vɔ sam ɖe ŋutilãmenudidi taa? Gae hea agbe si me dzidzɔ le vɛa?
Gadidi Vivivo
Le amegbetɔwo ƒe nudzodzrowo kple seselelãmewo—esiwo sɔ alo esiwo mesɔ o—dome la, galɔlɔ̃ ye xɔ nɔƒe gbãtɔ. Ne míetsɔe sɔ kple gbɔdɔdɔ kple nuɖuɖu ƒe dzodzrowo la, gadidi vivivo ya nɔa anyi ɖaa eye nuwuwu menɔa anyi nɛ o. Tsitsi hã meɖea edzi kpɔtɔna o. Le go geɖe me la, ƒewo ƒe yiyi te ŋu dzia ame ƒe didi alo ɖetsɔtsɔ le ga kple nusi wòate ŋu aƒle me ɖe edzi.
Edze abe ŋukeklẽ le dzidzim ɖe edzi ene. Sinima xɔŋkɔ aɖe me fefewɔla vevi aɖe gblɔ be: “Ŋukeklẽ wɔa dɔ. Ŋukeklẽ nyo.” Togbɔ be ame geɖe yɔa ƒe 1980-awo be Ŋukeklẽ Ɣeyiɣi hã la, nusiwo dzɔ do ŋgɔ na ɣemaɣi kple emegbe ɖee fia be amegbetɔ ƒe nɔnɔme ɖe ga ŋu metrɔ o.
Ðewohĩ nusi koe nye nu yeyee nye be ame geɖe kpɔ mɔ siwo nu woato woƒe asi nasu ŋutilãmekesinɔnu geɖe dzi enumake. Edze abe ame akpa gãtɔ le xexeame zãa woƒe ŋusẽ ƒe akpa gãtɔ ɖe nuwo wɔwɔ kple kɔlili wo ɖi ŋu ɣeawokatãɣi kloe ene. Àlɔ̃ ɖe edzi be ŋutilãmenunɔamesiwo ƒe amesi nɔnɔ kple gazazã va zu nusi ŋu wotsɔa dzo ɖo—eye zi geɖe la, nusi wofɔa mɔnu na wu—le míaƒe ŋkekea me gbenɔnɔ me.
Gake ɖe esia naa dzi dzɔa amewo wua? Le nya ma ŋuɖoɖo me la, nunyala kple hotsuitɔ gã Fia Salomo ŋlɔ ƒe 3,000 enye si va yi be: “Amesi lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o, eye amesi lɔ̃a kesinɔnu la, viɖe aɖeke matso eme nɛ o. Esia hã toflokoe.” (Nyagblɔla 5:10) Nya ma tɔgbe ke míaƒe ɣeyiɣia me hadomegbenɔnɔ ŋuti nusrɔ̃lawo hã gblɔ.
Ga Kple Dzidzɔkpɔkpɔ
Nusiwo wɔ nuku ŋutɔ si wode dzesii le amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋu enye be kɔlili ga kple ŋutilãmenuwo mehea dzidzeme kple dzidzɔkpɔkpɔ si wokpɔa mɔ na la vɛ wòsɔna ɖe nusiawo siwo woli kɔe nu kokoko o. Nusi numekula geɖewo va kpɔ dze sii enye be ne nu nya gbe su ame si va ɖo afi aɖe ko la, nusiwo hea dzidzɔ kple dzidzeme kpɔkpɔ vɛ nɛ meganɔa te ɖe ŋutilãmenu agbɔsɔsɔme si le esi la dzi o.
Eyata ŋutilãmenuwo kple ga didi megbemakpɔmakpɔe naa ame geɖe biana be, ‘Ewɔ abe ɖe nu yeye ɖesiaɖe si míeƒlena dzɔa dzi na mí ene; ke nukatae, le nusiawo katã megbe la, wòdzɔna be dzidzɔdonu siawo mehea dzidzeme boo aɖeke vɛ na mí o?’
Agbalẽŋlɔla Jonathan Freedman gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Happy People (Dzidzɔmewo) me be: “Ne ga aɖe nya su asiwò ko la, ga home si le asiwò la megawɔa akpa vevi aɖeke le dzidzɔkpɔkpɔ ŋu o. Ne ga si ana màganye hiãtɔ kolikoli o le asiwò la, ƒomedodo boo aɖeke meganɔa ga si wokpɔna kple dzidzɔkpɔkpɔ dome o.” Ame geɖe va kpɔe dze sii be nusi le vevie koŋ be ame nakpɔ dzidzɔ enye gbɔgbɔmenuwo, agbe me taɖodzinu vavãwo, kple agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖosewo ƒe amesinɔnɔ. Nusiwo hã le vevie enye ame nɔewo dome ƒomedodo kple dzre alo nusiwo ate ŋu axe mɔ na mí be míawɔ nusiwo le mía si la ŋudɔ o ƒe anyimanɔmanɔ.
Ame geɖe kpɔe be nusi gbɔ fifi hadomegbenɔnɔ me nuwɔna gbegblẽ akpa gãtɔ tso enye didi be woatsɔ ŋutilãmedzidzedzekpɔkpɔ akpɔ kuxi siwo le nyateƒe me wonye susumekuxiwo gbɔe. Hadomegbenɔnɔ ŋuti numeɖela aɖewo gblɔna be mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame geɖe eye woƒe dzi medze eme o. Wode dzesi alesi hotsuitɔwo yia dɔyɔɖaŋuɖolawo gbɔ alo dia gɔmesese si le agbe ŋu kple tomefafa le agbalẽnyala xɔŋkɔwo, vivimehawo, kple ƒuƒoƒo siwo ƒe dɔwɔwɔ ɖi dɔyɔɖaŋuɖolawo tɔ gbɔ hã le dzidzim ɖe edzii hã. Esia ɖo kpe edzi be ŋutilãmenuwo mete ŋu na woke ɖe gɔmesese vavãtɔ si le agbe ŋu la ŋuti o.
Ga ƒe Ŋusẽ Kple Nusiwo me Wodo Kpo Nu Le
Enye nyateƒe be ŋusẽ le ga si. Ate ŋu aƒle aƒe nyuiwo, nudodo xɔasiwo, kple xɔmenu dzeaniwo. Ate ŋu ana woade bubu gã aɖe ŋuwò, woawɔ wò gbe dzi, aɖɔ kesekuku na wò, eye wòana ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe xɔlɔ̃ siwo akpe ɖe ŋuwò nanɔ asiwò. Gake ema koe ga ƒe ŋusẽ ate ŋu awɔ. Ga mate ŋu aƒle nusiwo míehiãna wu la o—xɔlɔ̃ vavã wɔamewo ƒe lɔlɔ̃, tomefafa, akɔfaname si tso dzime ne míeɖo kudo nu. Eye le amesiwo dea asixɔxɔ ƒomedodo si le wo kple Wɔla la dome ŋu gome la, ga mate ŋu aƒle Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ o.
Fia Salomo, amesi si nu nyui siwo katã ga ate ŋu aƒle le eŋɔli nɔ, kpɔe dze sii be ŋuɖoɖo ɖe ŋutilãmenunɔamesiwo ŋu mehea dzidzɔ si nɔa anyi ɖaa vɛ o. (Nyagblɔla 5:11-14) Gadzraɖoƒewo ƒe anyidzedze alo nuwo ƒe asixɔxɔ ate ŋu agblẽ ga dome na ame. Ahom sesẽwo ate ŋu agbã aƒe na ame. Togbɔ be nugblẽfexeɖoɖowo awɔe be nusiwo ame bu la dometɔ aɖewo nagasu esi hã la, womekpɔa nusiwo bu na ame le seselelãme gome ya gbɔ o. Ga ƒe home ƒe ɖiɖi kpatawo ate ŋu ana viɖe aɖeke magava nɔ ga si wode dɔ me kple esi wodo na dɔwɔƒewo ŋu o. Dɔwɔɖui si me wokpɔa ga geɖe le gɔ̃ hã ate ŋu anɔ ame si egbe eye wòage le esi etsɔ.
Ekema aleke míawɔ be ga ŋuti nukpɔsusu si da sɔ nanɔ mía si? Akpa kae wòle be ga alo nunɔamesiwo nawɔ le míaƒe agbe me? Taflatse dzro nya la me yi edzi nàkpɔ alesi nane si ŋu asixɔxɔ vavãtɔ le—“agbe vavã” la—ate ŋu asu asiwòe.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 4]
Ŋutilãmenunɔamesiwo mehea dzidzɔ si nɔa anyi ɖaa vɛ o