INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w04 1/15 axa 32
  • ‘Mawu Menɔa Gbedoxɔ Siwo Wowɔ Kple Asiwo Me O’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Mawu Menɔa Gbedoxɔ Siwo Wowɔ Kple Asiwo Me O’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
w04 1/15 axa 32

‘Mawu Menɔa Gbedoxɔ Siwo Wowɔ Kple Asiwo Me O’

EDZE ƑÃ be apostolo Paulo nya nu tso Athena ƒe gbedoxɔwo ŋu nyuie, elabena woate ŋu akpɔ wo dometɔ geɖe le dugã siwo me wòde le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔwo me. The Encyclopædia Britannica gblɔ be menye aʋawɔwɔ kple nunya ƒe mawunɔ koe wonya Athena be enye o ke wonyae hã be enye “asinudɔwo kple aɖaŋudɔ siwo katã wowɔna le ŋutifafaɣiwo me” la ƒe mawunɔ.

Athena ƒe gbedoxɔ si xɔ ŋkɔ wu ɖesiaɖee nye Parthenon si wotu ɖe Atene, eye ŋkɔ sia si wotsɔ na dugã la tso mawunɔa ƒe ŋkɔ me. Parthenon si wogblɔ be enye gbedoxɔ gãtɔ kekeake la nye afisi Athena ƒe legba si kɔkɔ meta 12 si wotsɔ sika kple nyiɖu wɔe la nɔ. Esi Paulo yi Atene la, kpe ɣi zɔzrɔ̃e ƒe gbedoxɔ sia koe nye nusi wotsɔ dea dzesi dugã la anye ƒe 500 aɖewo enye ma.

Esime Paulo kple ameha aɖewo nɔ Parthenon gbedoxɔa gbɔ la, eɖe gbeƒã na Atenetɔwo tso ‘Mawu si menɔa gbedoxɔ siwo wotsɔ asiwo wɔ me o’ ŋu. (Dɔwɔwɔwo 17:23, 24) Ðewohĩ Athena ƒe gbedoxɔa ƒe atsyɔ̃ alo eƒe legbawo ƒe gãnyenye na eƒe nu wɔ dɔ ɖe Paulo ƒe nyasela aɖewo dzi wu Mawu makpɔmakpɔ si womenya o. Gake abe alesi Paulo gblɔe ene la, mele be woasusui be amegbetɔƒomea Wɔla la le ‘abe sika alo klosalo alo kpe, si ame kpa la ene o.’—Dɔwɔwɔwo 17:29.

Mawu kple mawunɔ siwo le abe Athena ene—siwo ƒe ŋutikɔkɔe nɔ te ɖe gbedoxɔwo kple legbawo dzi la—nɔ anyi eye emegbe wo nu yi. Athena ƒe legbaa bu le Parthenon gbedoxɔa me le ƒe alafa atɔ̃lia M.Ŋ. eye eƒe gbedoxɔ ʋɛ aɖewo ƒe glikpowo koe gali egbea. Amekae gakpɔa Athena sinu egbea hena nunya kple mɔfiafia?

Aleke gbegbee wòto vovo tso Yehowa, “Mawu mavɔtɔ” amesi ame aɖeke mekpɔ kpɔ o la gbɔ enye si. (Romatɔwo 16:26; Yohanes I, 4:12) Korax-viwo ŋlɔ be: “Mawu siae nye mía Mawu ɖaa tegbee, eye akplɔ mí.” (Psalmo 48:15) Mɔ ɖeka si dzi míato axɔ Yehowa Mawu ƒe mɔfiafia enye be míasrɔ̃ eƒe Nya, Biblia, ahawɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖo dzi le míaƒe agbe me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe