INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w04 1/15 axa 31
  • “Mɔ̃ɖaŋudɔ Gãtɔwo Kekeake Dometɔ Ðeka”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mɔ̃ɖaŋudɔ Gãtɔwo Kekeake Dometɔ Ðeka”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
w04 1/15 axa 31

“Mɔ̃ɖaŋudɔ Gãtɔwo Kekeake Dometɔ Ðeka”

ESIME wotu Yehowa ƒe gbedoxɔ ɖe Yerusalem le Fia Salomo ƒe dziɖuɣi ƒe 3,000 enye esi va yi la, wotsɔ akɔbli wɔ tsileze dzeani aɖe hedae ɖe gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu. Ekpena wu tɔn 30 eye exɔa tsi si ade lita 40,000. Woyɔ tsileze gã sia be gazɔ. (Fiawo I, 7:23-36) Albert Zuidhof, amesi nye mɔ̃ɖaŋununya ƒe amegã tsã le Canada Dukɔ Ŋuti Numekuku ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe me gblɔ le Biblical Archeologist me be: “Kakaɖedzitɔe la, enye mɔ̃ɖaŋudɔ gãtɔ kekeake siwo wowɔ kpɔ le Hebri dukɔa me la dometɔ ɖeka.”

Aleke wowɔ gazɔ lae? Biblia gblɔ be: “Fia la na wokɔ [akɔbli si wolólo] ɖe nɔnɔme, si wotsɔ anyi wɔe la me le Yordan-nutowo me.” (Fiawo I, 7:45, 46) Zuidhof gblɔ be: “Ewɔwɔ mɔnu anya sɔ kple mɔnu aɖe si wogazãna kokoko egbea le sɔlemega gã siwo wotsɔa gadzẽ wɔna la wɔwɔ me.” Eɖe nu me be: “Alesi koŋ woanya wɔe enye be wotsɔ aŋe wɔ gazɔa ƒe nɔnɔme wòtsyɔ nɔnɔme bubu si wowɔ wòƒu nyuie la dzi. . . . Ne emèlawo wɔ esia vɔ la, ele na wo be woawɔ nɔnɔme bubu aɖe si nye egodotɔ wòatsyɔ aŋea dzi eye woana wòaƒu. Nu mamlɛtɔ si woawɔ enye be woalólo aŋea ɖa le gazɔa ƒe nɔnɔmea ŋu eye woakɔ gadzẽ si wolólo la ɖe mɔ si ʋu ɖi azɔ la me.”

Alesi gazɔa loloe kple alesi wòkpenae bia be woatsɔ aɖaŋu blibo awɔe. Ele be gazɔa ƒe nɔnɔme titina tɔ kple egodo tɔ nate ŋu anɔ te ɖe alesi akɔbli tɔn 30 si wolólo la ƒe kpekpeme azi ɖe wo dzii la nu, eye ele be woakɔe enumake be wòagafe alo aɖe do o. Esia anya bia be woawɔ kpodzo geɖewo ŋudɔ ale be woate ŋu akɔ ga si wolólo ɖe gazɔa ƒe nɔnɔme me zi ɖeka. Dɔ sesẽ aɖee nye ema nyateƒe!

Le gbe si Fia Salomo do ɖa le gbedoxɔa ŋukɔkɔ me la, etsɔ kafukafua na Yehowa Mawu ɖe dɔ siwo katã wowɔ le gbedoxɔa ŋu ta, hegblɔ be: ‘Èdo ŋugbe kple wò nu, eye nètsɔ wò asi wɔ edzi.’—Fiawo I, 8:24.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe