“Ele Be Míaɖo To Mawu Abe Dziɖula Ene Wu Amewo”
‘Yehowa Tɔe Nye Aʋa La’
AƲAKƆ eve dze ŋgɔ wo nɔewo le bali aɖe me. Filistitɔwo ƒe aʋafia Goliat do vɔvɔ̃ na Israel ŋutsuwo ŋutɔ heɖe alɔme le wo ŋu ŋkeke 40 sɔŋ.—Samuel I, 17:1-4, 16.
Goliat tɔ gbe Israel-viwo kple nya siawo be: “Miɖe ŋutsu ɖeka le mia dome, ne wòava gbɔnye! Ne ete ŋu wɔ aʋa kplim, eye wòwum la, ekema míanye dɔlawo na mi; ke ne nye alɔ̃ sẽ wu etɔ, eye mewui la, ekema mianye dɔlawo na mí, eye miasubɔ mí. . . . Meɖe alɔme le Israel ƒe aʋalɔgoawo ŋu egbe. Miɖe ŋutsu ɖeka nam, ne mía kplii míawɔ aʋa!”—Samuel I, 17:8-10.
Le blema ɣeyiɣiwo me la, enye nusi bɔ be aʋafia eve nanɔ woƒe aʋakɔwo teƒe awɔ ame eve dome ʋa. Aʋafia si ɖu dzi la ƒe aʋakɔe nyena aʋadziɖula. Gake menye asrafo dzro aɖe koe amesi nɔ gbe tɔm Israel la nye o. Futɔ dzɔtsu kako, si ŋu vɔvɔ̃ le ŋutɔe wònye. Ke hã, esime Goliat nɔ alɔme ɖem le Yehowa ƒe amewo ƒe aʋakɔ ŋu la, enye eya ŋutɔ ƒe tsɔtrɔ̃ ƒe dzesi.
Menye asrafowo ƒe aʋawɔwɔ dzro aɖe koe esia nye o. Yehowa kple Filistitɔwo ƒe mawuwoe kpe nya. Le esi teƒe be Israel-fia Saul naxɔ ŋgɔ na eƒe asrafowo ahawɔ aʋa kple Mawu ƒe futɔwo la, vɔvɔ̃ na be ŋusẽ vɔ le eŋu.—Samuel I, 17:11.
Ðekakpui aɖe Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
Le gbetɔameɣi siawo me la, ɖekakpui aɖe si wosi ami na be wòava zu Israel-fia la, va foa siwo le Saul ƒe asrafoha me srã ge kpɔ. Eŋkɔe nye Dawid. Esi wòse Goliat ƒe gbetɔamenyawo la, ebia be: “Ameka enye Filistitɔ bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgoawo ŋu?” (Samuel I, 17:26) Le Dawid gome la, Goliat tsi tre ɖi na Filistitɔwo kple woƒe mawuwo. Dawid si do dziku le dzɔdzɔenyenye ta la, di vevie be yeawɔ aʋa kple trɔ̃subɔla dzɔtsu la ɖe Yehowa kple Israel nu. Gake Fia Saul gblɔ be: “Màte ŋu ayi aɖawɔ aʋa kple Filistitɔ sia o, elabena ɖevi nènye.” (Samuel I, 17:33)
Aleke gbegbe Saul kple Dawid ƒe nukpɔsusuwo to vovo na wo nɔewoe nye si! Saul nɔ Dawid kpɔm ko abe alẽkplɔvi sue aɖe si gbɔna aʋa kpe ge kple ame dzɔtsu sẽŋuta aɖe ene. Ke hã, Dawid ya nɔ Goliat kpɔm abe amegbetɔ dzro aɖe si nɔ gbe tɔm Aƒetɔ Dziɖulagã, Yehowa ene. Nusi gbɔ Dawid ƒe dzideƒoa tsoe nye be eka ɖe edzi be Mawu maɖe mɔ woaɖe alɔme le Eƒe ŋkɔ kple Eƒe dukɔa ŋu eye wòagbe tohehe o. Esi Goliat tsɔ eƒe ŋusẽ nɔ adegbe ƒomee la, Dawid ya ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, elabena enɔ nuwo ŋu bum abe alesi Mawu bunɛ ene.
“Nye la Megbɔna Gbɔwò le Yehowa . . . ƒe Ŋkɔ Me”
Xɔse sẽŋu aɖee nɔ Dawid si. Eɖo ŋku edzi be Mawu kpe ɖe ye ŋu yeɖe yeƒe alẽwo tso sisiblisi kple dzata si me. Ðekakpuivi alẽkplɔla sia ka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ye ŋu fifia hã be yeatu nu kple futɔ Filistitɔ ɖivɔvɔ̃ sia. (Samuel I, 17:34-37) Akafo alo aŋe kple kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃ koe Dawid tsɔ ɖe asi yina aʋa kpe ge kple Goliat.
Ðekakpuivi Dawid tiae be yeawɔ aʋa, si dze abe manya wɔ o ene, la to Yehowa ƒe ŋusẽ me. Egblɔ na Filistitɔ la dzinɔameƒotɔe be: “Wòa ètsɔ yi, tunuhlo kple akplɔ gbɔna gbɔnyee; ke nye la megbɔna gbɔwò le Yehowa Zebaot, Israel ƒe aʋalɔgo, siwo ŋu nèɖe alɔme le la ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me. Yehowa atsɔ wò ade asi nam egbea, . . . ne anyigba blibo la nadze sii bena, Mawu aɖe li na Israel; eye ameha blibo sia nadze sii bena, Yehowa metsɔa yi alo akplɔ ɖea ame o; elabena aʋa enye Yehowa tɔ.”—Samuel I, 17:45-47.
Aleke nyawo va yii? Biblia gblɔ be: “Dawid tsɔ akafo kple kpe la kpɔ ŋusẽ ɖe Filistitɔ la dzi, eye wòƒo Filistitɔ la hewui; ke yi mele Dawid si o.” (Samuel I, 17:50) Togbɔ be yi menɔ Dawid si o hã la, Yehowa Mawu zã eƒe ŋusẽ triakɔ la tsɔ kpe ɖe eŋu.a
Aleke gbegbee aʋa ma me tsonuwo ɖo kpe edzi enye si be tiatia nyui ye Dawid wɔ be wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu! Ne amegbetɔvɔvɔ̃ kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ƒe ametakpɔŋusẽ ŋu ƒe tiatia dze ŋgɔ mí la, tiatia si wòle be míawɔ la dze ƒã: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.” (Dɔwɔwɔwo 5:29, NW) Gawu la, ne míetsɔ Yehowa Mawu ƒe nukpɔsusu kpɔ kuxi sesẽ siwo míedoa goe la, míate ŋu ada asɔ le kuxi sesẽtɔ kekeake kura gɔ̃ hã gbɔ kpɔkpɔ me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ 2006 Calendar of Jehovah’s Witnesses, (Calendrier des Témoins de Jéhovah 2006) May/June.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]
ALEKE GBEGBEE GOLIAT DZƆ TSUI?
Nyatakaka si le Samuel I, 17:4-7 gblɔ na mí be Goliat kɔkɔ wu abɔkuglui ade, si wu meta etɔ̃. Nusi gaɖe Filistitɔ sia ƒe lolome kple ŋusẽ fia enye eƒe akɔbliwu. Akɔbliwua ƒe kpekpemee nye kilogram 57! Eƒe akplɔ ƒe asiléƒea nɔ abe xɔgbati ene, eye akplɔa ŋutɔ ƒe kpekpemee nye kilogram 7. Alele, edze abe Goliat ƒe aʋawua nɔ kpekpem wu Dawid ŋutɔ kura gɔ̃ hã ene!