“Ele Be Míaɖo To Mawu Abe Dziɖula Ene Wu Amewo”
‘Mía Mawu Ate Ŋu Aɖe Mí’
WOLI sikalegba gã aɖe ɖe Dura-bali me. Ðewohĩ afisia te ɖe Babilon dugã la ŋu. Woakɔ legba sia ŋu le azã tɔxɛ aɖe ɖuɣi. Wokpe ameŋkutawo be woava, eye woɖe gbe na wo be ne wonya se kpekukuwo ko la, woade ta agu na legba la. Babilon-fia Nebukadnezar de se be ne ame aɖe mede ta agu na legbaa o la, woatsɔe aƒu gbe ɖe kpo, si me dzo le bibim le vlavlavla ŋutɔ la me wòaku. Amekae akatse agbe tadedeagu na legbaa?
Ewɔ mo yaa na eteƒekpɔlawo be Yehowa Mawu subɔla wɔnuteƒe etɔ̃—Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego—mede ta agu o. Wonyae be taa dede agu agblẽ yewoƒe Yehowa Mawu ɖeka kolia la subɔsubɔ me. (Mose V, 5:8-10) Esi Nebukadnezar bia wo ŋɔdzidonametɔe be woaɖe nusitae wogbe be yewomade ta agu o me la, woɖo eŋu nɛ vɔvɔ̃manɔmee be: “Kpɔ ɖa, mía Mawu, si subɔm míele la, ate ŋu aɖe mí tso kpodzo bibi la me, eye wòate ŋu aɖe mí tso wò fia si me. Ke ne menɔ alea o hã la, fia, nyae be, míele wò mawuwo subɔ ge akpɔ gbeɖe o, eye míado gbe ɖa na sikalegba, si nèli anyi la o.”—Daniel 3:17, 18.
Esi wotsɔ Hebri-vi etɔ̃awo ƒu gbe ɖe kpodzo bibia me la, ewɔ nuku ŋutɔ be womeku o. Mawu dɔ mawudɔla aɖe ɖa be wòava kpɔ ye subɔla wɔnuteƒeawo ta. Gake wotso nya me xoxo be yewoaku faa tsɔ wu esi yewomaɖo to Yehowa o.a Woƒe tenɔnɔ sesĩe la sɔ kple Yesu Kristo ƒe apostolo, siwo gblɔ na Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒegã me tɔwo le ƒe alafa ade aɖewo megbe, be “ele be míaɖo to mawu abe dziɖula ene wu amewo” la tɔ.—Dɔwɔwɔwo 5:29, NW.
Nusɔsrɔ̃ Vevi Siwo Le Eme na Mí
Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le xɔse, toɖoɖo, kple nuteƒewɔwɔ me. Hebri-vi etɔ̃ siawo xɔ Yehowa dzi se ŋutɔ. Woƒe dzitsinya si wotsɔ Ŋɔŋlɔawo na hehee la meɖe mɔ na wo be woakpɔ gome le alakpasubɔsubɔ alo dulɔlɔ̃ nuwɔna aɖeke me o. Nenema kee Kristotɔ siwo li egbea hã ɖoa ŋu ɖe Mawu vavã la ŋu bliboe. Woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehe la fiaa mɔ wo, eye womekpɔa gome le alakpasubɔsubɔ nuwɔna alo kɔnu siwo mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe se kple gɔmeɖosewo o la me o.
Hebri-vi wɔnuteƒe etɔ̃awo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu hegbe be yewomatsɔ yewoƒe toɖoɖo aɖɔli ɖoƒe kɔkɔ, ŋudzedzekpɔkpɔ, alo kafukafu, si yewoaxɔ le Babilon Fiaɖuƒea me o. Ðekakpui mawo lɔ̃ faa be yewoakpe fu ahaku tsɔ wu be ƒomedodo si le yewo kple Mawu dome la me nagblẽ. Abe Mose, amesi nɔ anyi do ŋgɔ na wo, ene la, ‘wodo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.’ (Hebritɔwo 11:27) Ne Yehowa aɖe Hebri-vi siawo tso ku si me loo alo maɖe wo o, woɖoe kplikpaa be yewoawɔ nuteƒe nɛ ne woawu yewo faa tsɔ wu be yewoade ta agu na legbaa ne woagawu yewo o. Anɔ eme be woawoe apostolo Paulo yɔ be nuteƒewɔla siwo ‘tsi dzo ƒe ŋusẽ nu.’ (Hebritɔwo 11:34) Egbea, Yehowa subɔlawo ɖea nuteƒewɔwɔ kple toɖoɖo sia tɔgbe fiana ne wole xɔse ƒe dodokpɔwo me tom.
Míesrɔ̃e le nusi dzɔ ɖe Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego dzi me hã be Mawu ɖoa eteƒe na amesiwo wɔa nuteƒe nɛ. Hakpala dzi ha be: “Yehowa . . . megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o.” (Psalmo 37:28) Egbea, míate ŋu akpɔ mɔ be Mawu aɖe mí nukutɔe abe alesi wòɖe Hebri-vi etɔ̃awo ene ya o. Ke hã, míate ŋu aka ɖe edzi be fu ka kee míakpe o, míaƒe Dziƒofofoa akpe ɖe mía ŋu. Mawu ate ŋu aɖe kuxia ɖa loo, ado ŋusẽ mí be míado dzi loo, alo afɔ mí ɖe tsitre ne míewɔ nuteƒe nɛ yiɖase ɖe ku me gɔ̃ hã. (Psalmo 37:10, 11, 29; Yohanes 5:28, 29) Ɣesiaɣi si wodo míaƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ, eye míeɖo to Mawu wu amewo la, xɔse, toɖoɖo, kple nuteƒewɔwɔ nɛ kpena ɖe mía ŋu míeɖua dzi.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ 2006 Calendar of Jehovah’s Witnesses, July/August (Calendrier des Témoins de Jéhovah 2006, juillet/août).
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
ÈNYAA?
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
• Hebri-vi etɔ̃awo de ƒe 30 xɔ ge esime wodo woƒe xɔse kpɔ.
• Ðikeke aɖeke mele eme o be kpodzoa nu sẽ ŋutɔ.—Daniel 3:19.