Emenyawo
April 15, 2012
© 2012 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania. Míawo Koe Kpɔ Mɔ Atae.
Tata Si Míasrɔ̃
NUSƆSRƆ̃NYATIAWO
MAY 28, 2012–JUNE 3, 2012
‘Vi La Lɔ̃ Be Yeaɖe Fofo La Afia’
AXA 3 • HADZIDZI: 27, 2
JUNE 4-10, 2012
Nuteƒemawɔmawɔ—Ŋkeke Mamlɛawo Ƒe Dzesi Aɖee!
AXA 8 • HADZIDZI: 18, 32
JUNE 11-17, 2012
Yi Edzi Nàsubɔ Yehowa Kple Dzi Blibo
AXA 13 • HADZIDZI: 52, 22
JUNE 18-24, 2012
Yehowa Nya Ale Si Wòaɖe Eƒe Amewo
AXA 22 • HADZIDZI: 49, 33
JUNE 25, 2012–JULY 1, 2012
Yehowa Le Mía Ta Kpɔm Hena Mía Xɔxɔ
AXA 27 • HADZIDZI: 15, 23
TAÐODZINU SI LE NUSƆSRƆ̃NYATIAWO ŊU
NUSƆSRƆ̃NYATI 1 AXA 3-7
Mɔ vevi eve kawo nue Yesu ɖe Fofo la fia eƒe nusrɔ̃lawo kple ame bubuwo le? Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu le Fofoa ɖeɖe fia ame bubuwo me? Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míaɖo nyabiase siawo ŋu.
NUSƆSRƆ̃NYATI 2 AXA 8-12
Nuteƒemawɔmawɔ va bɔ le xexea me egbea ŋutɔ, gake mele be míaɖe mɔ be wòagblẽ ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ si le Kristotɔwo ƒe ƒomewo kple hamea me la me o. Nyati sia aɖee afia be míate ŋu ayi edzi anɔ nuteƒe wɔm na mía Mawu eye míawɔ nuteƒe na mía nɔewo hã.
NUSƆSRƆ̃NYATI 3 AXA 13-17
Aleke míeɖenɛ fiana be míele Yehowa subɔm kple míaƒe dzi blibo? Afɔku ka tae wòle be míadzɔ míaƒe dzi ŋu ɖo? Eye nu kae akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ Mawu subɔm kple dzi blibo? Àkpɔ ŋuɖoɖoawo le nyati sia me.
NUSƆSRƆ̃NYATI 4, 5 AXA 22-31
Ne “xaxa gã” la le edzi yim la, woadze Mawu ƒe amewo dzi kple ŋusẽ katã. (Mat. 24:21) Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖe mí? Aleke wòkpena ɖe mía ŋu be míayi edzi alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi esime míele nuwuwua lalam? Àkpɔ ŋuɖoɖo siwo doa ŋusẽ xɔse la le nyati siawo me.
NYATI BUBUWO
18 Ƒe Blaadre Ye Nye Esia Melé Yuda Ŋutsu Ðeka Ƒe Awu Toga
AKPAA DZI: Nɔvinyɔnu aɖe le Inuktitutgbe me agbalẽ gbadza aɖe nam le ƒukɔme aɖe afi si anyigba wɔ tsikpe le, le Frobisher Bay le Iqaluit, Nunavut, le Canada
CANADA
DUKƆA ME TƆWO ƑE XEXLẼME
34,017,000
GBEƑÃÐELAWO
113,989
GBEGƆMEÐEÐEDƆA
Woɖea míaƒe agbalẽwo gɔme ɖe dukɔa me gbe 12 me; Canada alɔdzedɔwɔƒea ye kpɔa dɔa dzi