NYATI SI LE AKPAA DZI | MAWUDƆLAWO—WOLI ŊUTƆŊUTƆA? NU SI TA NYA SIA LE VEVIE
Ale Si Mawudɔlawo Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò
Mawudɔla wɔnuteƒewo tsɔa ɖe le amegbetɔwo ƒe nyawo me eye wotsɔa dzo ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu. Esi Mawu wɔ anyigbaa la, mawudɔlawo “gli kple dzidzɔ, eye Mawu viwo katã do dzidzɔɣli.” (Hiob 38:4, 7) Le ŋutinya katã me la, nyagblɔɖi siwo ku ɖe etsɔme ŋu la, “me kpɔkpɔ tsitotsito” dzroa mawudɔlawo.—1 Petro 1:11, 12.
Biblia ɖee fia be Mawu zãa mawudɔlawo tsɔ kpɔa esubɔla vavãwo ta ɣeaɖewoɣi be eƒe lɔlɔ̃nu nava eme. (Psalmo 34:7) Le kpɔɖeŋu me:
Esime Yehowa tsrɔ̃ Sodom kple Gomora siwo nye du siwo me nɔlawo vɔ̃ɖi la, mawudɔlawo kpe ɖe ame dzɔdzɔe Lot kple eƒe ƒomea ŋu wosi.—1 Mose 19:1, 15-26.
Le blema Babilon, esime wotso kufia na Hebri ɖekakpui etɔ̃ eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe kpodzo bibi me la, Mawu “dɔ eƒe dɔla ɖa wòva ɖe eƒe subɔlawo.”—Daniel 3:19-28.
Esi ame dzɔdzɔe Daniel nɔ dzata dɔwuiwo ƒe do me zã bliboa la, egblɔ be yetsi agbe elabena “Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòva mia nu na dzatawo.”—Daniel 6:16, 22.
MAWUDƆLAWO KPE ÐE KRISTO HAME GBÃTƆA ŊU
Ɣeaɖewoɣi ne ehiã be mawudɔlawo nade nu Kristo hame gbãtɔa ƒe nyawo me be Yehowa ƒe tameɖoɖo nava eme la, wowɔnɛ. Le kpɔɖeŋu me:
Mawudɔla aɖe ʋu gaxɔ aɖe ƒe ʋɔtruwo eye wòkplɔ apostoloawo do goe be woayi edzi aɖe gbeƒã le gbedoxɔa me.—Dɔwɔwɔwo 5:17-21.
Mawudɔla aɖe gblɔ na nya nyui gblɔla Filipo be wòayi gbedzimɔ si tso Yerusalem yi Gaza la dzi, eye wòaɖe gbeƒã na Etiopiatɔ aɖe si yi Yerusalem va subɔ.—Dɔwɔwɔwo 8:26-33.
Esi ɣeyiɣia de be Mawu natia ame siwo menye Yudatɔwo o be woazu Kristotɔwo la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Roma-srafoha ƒe aʋafia Kornelio le ŋutega me eye wògblɔ nɛ be wòadɔ ame woayɔ apostolo Petro ava eƒe me.—Dɔwɔwɔwo 10:3-5.
Esi apostolo Petro nɔ gaxɔ me la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wòkplɔe do goe.—Dɔwɔwɔwo 12:1-11.
ALE SI MAWUDƆLAWO ATE ŊU AKPE ÐE ŊUWÒ
Kpeɖodzi aɖeke meli si fia be Mawu gazãa mawudɔlawo fifia tsɔ kpena ɖe amewo ŋu nukutɔe abe ale si wogblɔe le Biblia me ene o. Ke hã Yesu gblɔ tso míaƒe ɣeyiɣia ŋu be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.” (Mateo 24:14) Ènya be mawudɔlawoe le mɔ fiam Kristo ƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ dɔ sia?
Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ɖee fia be mawudɔlawo anɔ kpekpem ɖe amewo ŋu vevie le anyigba bliboa dzi be woasrɔ̃ nu tso Yehowa Mawu kple eƒe tameɖoɖowo na amegbetɔwo ŋu. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Mekpɔ mawudɔla bubu aɖe wòle dzodzom le yame, eye nya nyui mavɔ aɖe le esi wòagblɔ na ame siwo le anyigba dzi, kple dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple ame ɖe sia ɖe ƒomevi. Eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã aɖe be: ‘Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, elabena eƒe ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye mide ta agu na Ame si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsidzɔƒewo.’” (Nyaɖeɖefia 14:6, 7) Nuteƒekpɔkpɔ geɖewo ɖo kpe edzi egbea be mawudɔlawo le asi kpem ɖe Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole le xexea me katã la ŋu. Nyateƒeae nye be ne nu vɔ̃ wɔla ɖeka gɔ̃ hã trɔ dzi me eye wòtrɔ va Yehowa gbɔ la, “mawudɔlawo kpɔa dzidzɔ.”—Luka 15:10.
Nu kae adzɔ ne wowu gbeƒãɖeɖedɔa nu? Ekema mawudɔla siwo le ‘dziƒoʋakɔa’ me akpe ɖe Yesu Kristo, fiawo dzi Fia la ŋu woawɔ ‘Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋa’ le Armagedon me. (Nyaɖeɖefia 16:14-16; 19:14-16) Ne Aƒetɔ Yesu va be yeabia “hlɔ̃ ame siwo . . . meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu ŋuti nya nyui la o” la, azã mawudɔla sesẽwo woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo.—2 Tesalonikatɔwo 1:7, 8.
Eya ta ka ɖe edzi be mawudɔlawo tsɔa ɖe le eme na wò. Womelɔ̃a nu le ame siwo di be yewoasubɔ Mawu la gbɔ o, eye Yehowa zãa wo enuenu tsɔ doa ŋusẽ esubɔla wɔnuteƒe siwo le anyigba dzi eye wòkpɔa wo ta.—Hebritɔwo 1:14.
Tiatia vevi aɖe dze ŋgɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe. Ðe míaɖo to nya nyui si wole gbeƒã ɖemee le xexea me katã eye míawɔ ɖe nu siwo míese la dzia? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be yewoakpe ɖe ŋuwò be ale si mawudɔla sesẽwo kpena ɖe amewo ŋu dɔmenyotɔe la naɖe vi na wò.