INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/00 axa 2
  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 11
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 18
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 25
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 1
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 12/00 axa 2

Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 11

Hadzidzi 50

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ne Ame Vevitɔ alo Nufiala Gã ƒe agbalẽawo le hamea si la, ke fia alesi woate ŋu azã wo nyuie le gbeadzi le ŋkekenyuiɖuɣia. De dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ video si nye The Bible—Accurate History, Reliable Prophecy atsɔ adzra ɖoe ɖe eŋuti numedzodzro si woawɔ le Subɔsubɔ Kpekpea me le December 25 ƒe kwasiɖaa me ŋu. Amesiwo si video la le ate ŋu aɣee na amesiwo si mele o, alo ne wolɔ̃ woate ŋu aƒo ƒu akpɔe. Hamemegãwo ate ŋu awɔ ɖoɖo na hame bliboa be woakpɔe do ŋgɔ.

15 min: “Yehowa Vɔvɔ̃ Nenɔ Mewò Ɣeawokatãɣi.”a De mawuvɔvɔ̃ ŋuti numeɖeɖe si wona le January 8, 1998, ƒe Nyɔ! ƒe axa 20 [Eŋlisigbe me tɔ, axa 26] hã eme. Te gbe ɖe viɖe nyui siwo tsoa Yehowa vɔvɔ̃ me la dzi.

20 min: “Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu Kple Wò Mɔnukpɔkpɔ be Nàɖe Gbeƒã.” Nuƒo kple gbebiamewo. Kpe amesiwo hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ɖe fu na be woagblɔ alesi wowɔ yi gbeƒãɖeɖedɔa dzii togbɔ be wodze ŋgɔ nɔnɔme sia hã.

Hadzidzi 78 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 18

Hadzidzi 94

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Gblɔ gbeadziyiɖoɖo tɔxɛ si miewɔ na December 25 kple January 1. Ðo biabia sia ŋu: Ðe nane gblẽ le gomekpɔkpɔ le azãɖuɖu siwo medzɔ tso Kristotɔnyenye me o eye womewɔe wònye subɔsubɔ me nuwɔna hã o la ŋua?—Kpɔ Reasoning-gbalẽa ƒe axa 178-80.

12 min: “Ƒe 2001 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku.” Sukudzikpɔla ƒe nuƒo. De dzi ƒo na wo katã be woalé fɔ ɖe woƒe kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽa ŋu eye woado vevie nu le sukua me dɔdasiwo wɔwɔ me.

18 min: “Èɖea Gbeƒã Dzideƒotɔea?”b Ðe nyati vevi siwo le ŋɔŋlɔ siwo dze le nyatia me la me. Zã Míaƒe Subɔsubɔdɔ ƒe agbalẽa ƒe axa 86 me nyawo nàtsɔ aɖe alesi míawɔ dzideƒo geɖe wu nasu mía si eye míabi ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa me nyuie wu la me.

Hadzidzi 124 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 25

Hadzidzi 126

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Na nyaselawo nagblɔ nuteƒekpɔkpɔ ɖesiaɖe si su wo si le woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa me nyitsɔ laa. Ƒo nu tso agbalẽ si míana le January me ŋu.

10 min: Miaƒe nuhiahiãwo.

25 min: “Nusɔsrɔ̃ tso Video si Nye The Bible—Accurate History, Reliable Prophecy Me.” Numedzodzro kple nyaselawo. Gblɔ mɔnu siwo dzi míato azã video sia atsɔ aʋã amewoe. (1999 Yearbook, axa 51-2) Míawɔ video evelia si me nyawo tsiã ɖe esia tɔ nu, si nye The Bible—Mankind’s Oldest Modern Book, ƒe numedzodzro le February me.

Hadzidzi 151 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 1

Hadzidzi 171

8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ne miaƒe hamea atrɔ kpekpeɣiwo le ƒe yeyea me la, ke tsɔ tufafa de dzi ƒo na amesiame ahaxlɔ̃ nu wo be woayi edzi ade kpekpeawo edziedzi ɖe game yeyeawo dzi. Mina Biblia-nusrɔ̃viwo kple ɖetsɔlemetɔwo nanya tɔtrɔ ɖesiaɖe si miawɔ. Ƒo nu tso dukɔa ƒe August gbeadzikɔntabubu kple miaƒe hamea tɔ ŋu. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ December gbeadzikɔntabubu ana.

15 min: Alesi Míadzra Ðo Ðe Tɔtrɔyiwo Wɔwɔ Ŋui. Vifofo aɖe dzro alesi woawɔ awɔ dɔ nyuie wu le woƒe subɔsubɔdɔa me la me kple eƒe ƒomea. Ete gbe ɖe Ŋɔŋlɔawo me susu siwo ta wòle be míatrɔ ayi ɖetsɔlemetɔ siwo katã ŋu míeke ɖo gbɔ dzi. Woanɔ te ɖe mɔfiame siwo dze le July 1, 1999, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 22, memama 18 lia me dzi awɔ dzadzraɖo ɖe tɔtrɔyi aɖewo wɔwɔ ŋu. Wo katã wolɔ̃ ɖe edzi be yewoke ɖe ame aɖewo ŋu siwo gbɔ wòle be yewoatrɔ ayi. Amesiame gblɔ alesi woxɔe le yiyi zi gbãtɔa mee, eye ame susɔeawo do susu ɖa le mɔnu si woazã kple ŋɔŋlɔ si woaxlẽ ne wotrɔ yi ŋu. Wodi nyati aɖewo siwo woate ŋu azã wòaɖe vi tso Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la me. Dzilaawo na ɖeviawo dometɔ ɖeka wɔ nya si wòava gblɔ ƒe wɔwɔfia. Woɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ si dzi woawɔ tɔtrɔyiwo le kwasiɖa si gbɔna me ɖi.

22 min: “Míaƒe Agbalẽwo Mama ƒe Ðoɖo si Wowɔ Wòle Bɔbɔe Wu.” Hamemegã bibi aɖe nadzro emedegbalẽvia me nyatiwo me kple nyaselawo. Hamemegãa ate ŋu atsɔ nyati aɖewo tso Habɔbɔa ƒe lɛta si nye October 15, 1999, me kpee. Emegbe na gbeƒãɖela bibi si dzra ɖo nyuie nawɔ alesi míate ŋu azã nyatakaka siwo le memama 9 lia me le gbeadzii afia. Dzro ŋkuɖodzinya siwo wona mí me kple nyaselawo.

Hadzidzi 212 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wò ŋgɔdonyawo nagade aɖabaƒoƒo ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emee.

b Wò ŋgɔdonyawo nagade aɖabaƒoƒo ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emee.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe