INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/02 axa 5-6
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 4/02 axa 5-6

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Agbalẽ maʋumaʋu ƒe dodokpɔ le January 7 vaseɖe April 22, 2002 ƒe kwasiɖawo ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku me dɔdasiwo me nyawo ŋu. Ðo biabia alesinu nàte ŋui la ŋu le ɣeyiɣi si wona me ɖe agbalẽ ɖeɖee dzi.

[De dzesii: Le nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔa me la, Biblia koe woate ŋu azã atsɔ aɖo biabia ɖesiaɖe ŋui. Wò ŋutɔ wò numekukuwɔwɔ tae wofia asi agbalẽ siwo le biabiawo yome ɖo. Menye Gbetakpɔxɔ siwo katã wofia asii la ƒe axa kple memamae woyɔ o.]

Ðo nyagbɔgblɔ siwo gbɔna dometɔ ɖesiaɖe ŋu be Nyateƒee alo Aʋatsoe:

1. Le Nyagblɔla 2:2 la, nya si Salomo le gbɔgblɔm enye be ele be woaƒo asa na nukoko kple dzidzɔkpɔkpɔ. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w87 9/15 axa 24 mm. 5.]

2. Le esi Nyagblɔla ƒe agbalẽa nanye agbalẽ si naa mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame teƒe la, eme yɔ fũ kple Mawu me nunya xɔasiwo eye wòɖee fia be nuwɔna siwo nye tofloko enye esiwo me woŋea aɖaba ƒua Mawu dzi le. [si axa 114 mm. 15]

3. Le Yesaya 1:7 la, Yuda ƒe aƒedozuzu le Axaz ƒe dziɖuɣi ŋu nya gblɔm nyagblɔɖila la nɔ. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ ip-1-EW axa 17 mm. 16.]

4. ‘Tsitretsitsi ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple Alẽvi la ƒe ŋku me,’ abe alesi Nyaɖeɖefia 7:9 gblɔe ene la fia teƒe aɖe si le dziƒo. [rs axa 167 mm. 5]

5. ‘Bubudede Yehowa’ ŋu tso dzime faa kple míaƒe nunɔamesiwo—míaƒe ɣeyiɣi, ŋutetewo, ŋusẽ, kple ŋutilãmenunɔamesiwo—hea gbɔgbɔ me yayra wɔnuku siwo tso Yehowa gbɔ vɛ. (Lod. 3:9,10) [w00-EW 1/15 axa 25 mm. 1]

6. Egbeŋkekeawo me ‘dɔ tutɔ kple nuku nuwɔwɔ’ si ŋu nya wogblɔ ɖi le Yesaya 28:21 fia dukɔwo tsɔtsrɔ̃ le Harmagedon. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ ip-1-EW axa 295 mm. 16; axa 301 mm. 28.]

7. Abe alesi Mateo 24:38, 39 ɖee fia ene la, ame ɖokui ƒoƒo ɖe nuɖuɖu kple nunono me, hekpe ɖe gbesiagbe nuwɔna bubuwo ŋue na Tsiɖɔɖɔa kplɔ Noa ƒe ŋkekea me tɔwo dzoe. [w00-EW 2/15 axa 6 mm. 6]

8. Yehowa wɔa esubɔla siwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyi hesubɔnɛ ɖokuitɔmadimaditɔe la ƒe didiwo dzi na wo ɣesiaɣi. [w00-EW 3/1 axa 4 mm. 3]

9. ‘Dukɔ’ siwo ŋu nya wogblɔ le Yesaya 60:3 la nye dunyahedukɔ vovovo siwo va Mawu ƒe kekeli si wòna la me. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w00-EW 1/1 axa 12 mm. 4.]

10. Yehowa ‘kɔ’ Yeremya ‘ŋu’ hafi wodzii le susu sia nu be Eɖo Yeremya ƒe dzɔgbese ɖi tegbee do ŋgɔ. (Yer. 1:5) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w88 4/1 axa 10 mm. 2.]

Ðo nyabiabia siwo gbɔna ŋu:

11. Le Nyagblɔla 11:1 la, nukae ‘nana be abolo nayii’ fia? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w87 9/15 axa 25 mm. 11.]

12. Le Yesaya 6:8 la, amekae Yehowa wɔnɛ esi wògblɔ be “mí”? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ ip-1-EW axa 93-4 mm. 13.]

13. Le Yesaya 9:1 ƒe emevava me la, aleke “kekeli gã aɖe” klẽ le Galilea? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ ip-1-EW axa 126 mm. 17.]

14. Egbeŋkekeawo me ƒe kpɔɖeŋu kae míate ŋu awɔ wòasɔ kple Babilon ƒe anyidzedze le 539 D.M.Ŋ. kple eƒe aƒedozuzu keŋkeŋ mlɔeba la ŋu? (Yes. 13:19, 20; 14:22, 23) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ ip-1-EW axa 188 mm. 30-1.]

15. Abe alesi woɖɔe le Yesaya 21:6 ene la, aleke “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la wɔ nu abe “gbetakpɔla” ene? (Mat. 24:45) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ ip-1-EW axa 221-2 mm. 11.]

16. Aɖaŋuɖoɖo si me nunya le kae dze le Lododowo 31:10 na ɖekakpui si le kpeɖeŋutɔ dim be yeaɖe? [w00-EW 2/1 axa 31 mm. 1]

17. Le Yesaya 43:9 la, gbetɔame kae dze ŋgɔ dukɔwo ƒe mawuwo? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w88 2/1 axa 16 mm. 3.]

18. Le mɔ ka nue amesiwo ɖea gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe afɔwo “nyo” le? (Yes. 52:7) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w97-EW 4/15 axa. 27 mm 6.]

19. Nukae hiã be míawɔ bene míagaɖe mɔ na míaƒe dzi wòable mí o? (Yer. 17:9) [w00-EW 3/1 axa 30 mm. 4]

20. Nukae wòle be amesiwo le ‘zɔzɔm le Yehowa ƒe mɔa dzi’ nawɔ? (Yer. 7:23) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w99-EW 8/15 axa 29 mm. 6.]

Ŋlɔ nya alo nyagbe si(wo) hiã be wòakpe nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ɖo:

21. ‘Nunyala ƒe dzi le eƒe nuɖusi me’ le susua nu be, zi geɖe la “ɖusi me” dea dzesi _________________________ ; eyata esia ɖee fia be eƒe _________________________ ʋãnɛ be wòawɔ nu nyui si dzea ame ŋu. (Nyagb. 10:2; Mat. 25:33) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w87 9/15 axa 25 mm. 8.]

22. Nusɔsrɔ̃ vavã siwo wofia mí le Hawo ƒe Ha me dometɔ aɖewoe nye _________________________ , _________________________ , kple _________________________ le mawumegɔmeɖosewo dzi wɔwɔ me. [si axa 117 mm. 16]

23. Abe alesi woɖɔe le Yesaya 33:1 ene la, Yuda ƒe dugãwo tsrɔ̃lae nye _________________________ , esi hã dzi woɖu mlɔeba le ƒe 632 D.M.Ŋ. me, eye wòagblẽ nuhaha gbogbowo ɖi na _________________________ , amesiwo ‘aƒo wo nu ƒu abe ʋetsuviwo ene.’ (Yes. 33:4) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ ip-1-EW axa 343 mm. 4; axa 345 mm. 6.]

24. Yesaya 54:1 tsɔtsɔ sɔ kple Galatiatɔwo 4:26, 27 ɖee fia be nyɔnu “konɔ” la tsi tre ɖi na “ _________________________ ”; eye “srɔ̃tɔ,” tsi tre ɖi na _________________________ . [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95-EW 8/1 axa 11 mm. 8.]

25. Le míaƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa me ne amewo gbe toɖoɖo mí eye woɖu fewu le mía ŋu gɔ hã la, ele be míaɖo ŋku edzi be menye _________________________ wole tsitre tsim ɖo tẽ o, ke boŋ _________________________ , amesi gbɔ míaƒe gbedasia tso lae. (2 Kor. 4:1, 7) [w00-EW 1/15 axa 21 mm. 2]

Tia ŋuɖoɖo si sɔ le nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe me:

26. Esime Paulo nɔ nu ƒom tso eƒe ŋutega si me wòkpɔ Yesu le dziƒo ŋutikɔkɔe me la, eƒo nu tso eɖokui ŋu abe “fu gegee” ene, si fia be (wotsɔ gbɔgbɔ yeye dzii; woda asi ɖe edzi do ŋgɔ be wòanye apostolo na dukɔwo; enɔ abe ɖe wonae mɔnukpɔkpɔ ku ɖe edzidzi alo efɔfɔ ɖe tsitre yi gbɔgbɔmegbenɔnɔ me do ŋgɔ na ɣeyiɣia ŋutɔŋutɔ ene). (1 Kor. 9:1; 15:8) [w00-EW 1/15 axa 29 mm. 6]

27. Dzesideŋkɔ “Fofo Mavɔ” fia ŋusẽ kple gomenɔamesi si le Mesia Fia la si be wòana (gbɔgbɔmeŋusẽ triakɔ; makumakugbenɔnɔ le dziƒo; agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi la ƒe mɔkpɔkpɔ) amegbetɔwo. (Yes. 9:5; Yoh. 11:25, 26) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ ip-1-EW axa 131 mm. 26.]

28. Le Yesaya 66:7 ƒe emevava le egbeŋkekea me la, “ŋutsuvi” si wodzi la tsi tre ɖi na (Yesu Kristo; Mesia Fiaɖuƒea; gbɔgbɔ me dukɔ yeye le ƒe 1919 me). [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95-EW 1/1 axa 11 mm. 3.]

29. Mateo 10:28 xexlẽ nyuie kpe ɖe mía ŋu míede dzesii be Gehenna (nye teƒe si wowɔa funyafunya ame le; tsi tre ɖi na tsɔtsrɔ mavɔ; fia tete ɖa tso Mawu gbɔ). [rs axa 173 mm. 3]

30. Le emevava le egbeŋkekea me la, ‘dukɔ, si mesea Yehowa ƒe gbe o,’ abe alesi wogblɔe ɖe Yeremya 7:28 ene la tsi tre ɖi na (Babilon Gã la; Kristodukɔa; xexemeŋusẽ adrelia). [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w88 4/1 axa 18 mm. 10.]

Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la sɔ kple nyagbɔgblɔ siwo le ete:

Lod. 24:16; Nyagb. 3:11; Yes. 40:8; Rom. 10:15; Pet. I, 4:6

31. Le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, teƒe si dze na Mawu ƒe dɔwɔna ɖesiaɖe wòasɔ ɖe eƒe tameɖoɖo nu la adze ƒã. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w87 9/15 axa 24 mm. 8.]

32. Gbeƒãɖeɖe nyanyuia na amesiwo ku le gbɔgbɔ me la ʋua mɔnukpɔkpɔ ɖi na wo be woatrɔ dzime. [rs axa 163 mm. 5]

33. Togbɔ be míate ŋu aƒo asa na agbeme kplamatsedonuwo o hã la, dzi meɖena le mawusubɔla ƒo le agbagbadzedze me be yeawɔ nusi nye nyui o. [w00-EW 2/1 axa 5 mm. 1]

34. Womate ŋu axe mɔ na alo agblẽ Mawu ƒe nya, alo eƒe tameɖoɖo si wògblɔ ɖi be woagava eme o. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ ip-1-EW axa 401-2 mm. 10.]

35. Yesu ƒe apostoloawo wɔ Yesaya ƒe nyagblɔɖia ŋudɔ nyuie, eye wozãe le subɔsubɔdɔa me. [si axa 123 mm. 37]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe