INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/02 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 4/02 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ siwo míana le April Kple May me: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe magazinewo. Ne mietrɔ yi eye amea ɖe ɖetsɔleme fia la, mitsɔe kpe ɖe amesiwo le miaƒe magazine ƒe ademɔ dzi ŋu. Mina Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza kple taɖodzinu be miadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. June: Nukae Mawu Di tso Mía Si? alo Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Ne agbalẽ siawo le aƒemenɔlawo si xoxo la, mina agbalẽ gbadza si sɔ si le hamea si. July: Miate ŋu azã axa 32-gbalẽ gbadza siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe: Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?, Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!, “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye,” Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, The Divine Name That Will Endure Forever, Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ, Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?, Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu? kple Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku. Le afisiwo wòasɔ le la, miate ŋu ana agbalẽ gbadza siwo nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame, Our Problems—Who Will Help Us Solve Them?, Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea? kple Will There Ever Be a World Without War?

◼ Tso September ƒe gɔmedzedze la, míaɖo ƒe 2002 ƒe nutome gã takpekpe ƒe akɔtagbalẽvi siwo le Eŋlisigbe me ɖe hamewo. Mahiã be miadɔ wo o. Woanɔ te ɖe hame ɖesiaɖe ƒe lolome dzi aɖo akɔtagbalẽviawo ɖa. Ne hamewo hiã na akɔtagbalẽvi bubuwo kpee la, ke woazã “Literature Request Form” (S-14) atsɔ adɔe. Woadɔ aŋekotokuwo na amesiwo hiã nɛ le hamea me.

◼ Ehiã be dzikpɔla zimenɔlawo kple agbalẽŋlɔlawo katã ƒe adrɛs kple telefon xexlẽdzesi siwo zãm wole fifia nanɔ alɔdzedɔwɔƒea si. Ɣesiaɣi si tɔtrɔ aɖe ava la, Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia naŋlɔ agbalẽ ana nyanya alɔdzedɔwɔƒea kaba. Nuto si me wole ƒe xexlẽdzesiwo ƒe tɔtrɔwo hã le esia me.

◼ Hamea ƒe agbalẽŋlɔlawo nakpɔ egbɔ be “Application for Regular Pioneer Service” (S-205) (Gbesiagbe Mɔɖela ƒe Dɔbiagbalẽvi) kple “Application for Auxiliary Pioneer Service” (S-205b) (Kpekpeɖeŋu Mɔɖela ƒe Dɔbiagbalẽvi) li le agbɔsɔsɔ si sɔ me. Woate ŋu azã “Literature Request Form” (S-14) atsɔ adɔe. Esi ade na ƒe ɖeka ya teti nenɔ anyi. Woato gbesiagbe mɔɖelawo ƒe dɔbiagbalẽviwo katã me akpɔ be wokpe wo ɖo nyuie. Ne amesiwo kpee ɖo la mate ŋu aɖo ŋku ŋkeke si tututu dzi woxɔ nyɔnyrɔ dzi o la, woabu ŋkeke si wòate ŋu anye ŋu ahaŋlɔe ada ɖi.

◼ Ne èle mɔzɔzɔ ƒe ɖoɖo wɔm si me nàde hame ƒe kpekpewo, takpekpe sue, alo nutome gã takpekpe le dukɔ bubu me la, ele be nàɖo nyatakaka siwo nèhiã ku ɖe ŋkekeawo, gameawo, kple teƒe siwo woawɔ wo le ŋuti biabiawo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dukɔ ma ƒe dɔwɔnawo dzi. Alɔdzedɔwɔƒewo ƒe adrɛswo dze le Yearbook si zãm míele fifia ƒe axa mamlɛtɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe