Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
April 8 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 39
13 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. De dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ video si nye Young People Ask—How Can I Make Real Friends? (Sɔhɛwo Biana Be—Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Vavãwo?) atsɔ adzra ɖo ɖe Subɔsubɔ Kpekpe ƒe numedzodzro si woawɔ le April 22 ƒe kwasiɖa me ŋu. Na woazã aɖaŋuɖoɖo si le axa 8 lia atsɔ awɔ alesi woana April 15 ƒe Gbetakpɔxɔ kple May 8 ƒe Nyɔ! (Eŋlisigbe me tɔ, April 22) ƒe wɔwɔfiawoe. Le wo dometɔ ɖesiaɖe me la, fia alesi woatrɔ asi le dzeɖonyanutsinya si nye “Mele ha aɖe me xoxo” la ŋu.—Kpɔ Reasoning-gbalẽa, axa 18-19 (alo Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii, axa 10-11).
12 min: Miaƒe nuhiahiãwo.
20 min: “Miwɔ Nyui na Amesiame.”a Le nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzroa megbe la, bia gbe gbeƒãɖela eve ne woagblɔ alesi wole woƒe subɔsubɔdɔa kekem ɖe enui.
Hadzidzi 157; gbedodoɖa na kpakpã.
April 15 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 101
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.
15 min: Mɔɖelawo Miyi Edzi Miakpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu. Subɔsubɔdɔdzikpɔla kpe kple Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla, mɔɖela, kple gbeƒãɖela na numedzodzro. Subɔsubɔdɔdzikpɔla nato Mɔɖelawo Nakpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu ƒe ɖoɖoa me abe alesi wòle le September 1998 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 4 me ene. Emegbe ato akpa si numedzrolawo dometɔ ɖesiaɖe le wɔwɔm le ɖoɖoa me kple alesi ɖoɖoa le eƒe taɖodzinua gbɔ ɖomee la me kpli wo. Nukae wowɔ si na wòle edzi dzem? Subɔsubɔdɔdzikpɔla kpe gbeƒãɖelawo katã be ne woadi be woakpe ɖe yewo ŋu le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, woana yeanya. Woagate ŋu atsɔ amesiwo ŋu wokpe ɖo tsã la ade eme ake be woagaxɔ kpekpeɖeŋu le subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubuwo akpee.
20 min: “Dzidzɔ Siwo Le Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Me.”b De dzi ƒo na sɔhɛwo be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le May kple September domee.
Hadzidzi 199; gbedodoɖa na kpakpã.
April 22 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 90
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Na subɔsubɔdɔwɔla nazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 atsɔ awɔ alesi woana May 1 ƒe Gbetakpɔxɔ eye nɔvinyɔnu aɖe nawɔ alesi woana May 8 ƒe Nyɔ! ƒe wɔwɔfia. Le wɔwɔfia ɖesiaɖe megbe la, gbugbɔ gblɔ nya ʋɛ siwo wozã tsɔ nyɔ aƒemenɔlaa ƒe ɖetsɔlemee.
10 min: Nɔ Game Dzi! Nuƒo. Dɔwɔna siwo do ƒome kple míaƒe tadedeagu kple subɔsubɔ nye wɔna veviwo, siwo ŋu wòbia be ‘ɣeyiɣi ɖoɖi’ nanɔ. (Nyagb. 3:1) Míedi be míaɖe vi bliboe tso teokrasiɖoɖowo me. Ele be woadze hamea ƒe kpekpewo kple kpekpe hena gbeadziyiyi gɔme ɖe game dzi. Yehowa metsia megbe le eƒe dɔwo wɔwɔ me gbeɖe o. (Xab. 2:3) Ðe wòhiã be míagawɔ geɖe wu le go sia mea? Ɣeaɖewoɣi la, ame ɖekaɖekawo atsi megbe godoo. Gake ɖoɖo nyui wɔwɔ mana míanɔ megbe tsim ɣesiaɣi, anɔ kpekpewo me ɖom le hadzidzi kple gbedodoɖa siwo wotsɔ dze egɔmee megbe alo le gbeadziyiyi ƒe ɖoɖowo megbe o. Dzro mɔ nyui siwo dzi woato atu nɔnɔme nyui siwo ana míanɔ game dzi ɖe gbɔgbɔmedɔwo katã ŋu ɖo me.—Kpɔ June 15, 1990, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 29.
25 min: “Wokpɔ Ŋudzedze Ðe Eŋu Vevie!”c Le memama gbãtɔ me la, na nyaselawo nagblɔ nya kpui aɖewo tso video si nye Young People Ask—How Can I Make Real Friends? ŋu. Emegbe nàtsɔ nyabiabia si le memama 2-7 me la ayi nyatia me dzodzro kple nyaselawo dzi tẽ. Le June me la, míadzro video si nye Our Whole Association of Brothers (Mía Nɔviwo ƒe Habɔbɔa Katã) me.
Hadzidzi 191; gbedodoɖa na kpakpã.
April 29 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 162
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe April ƒe gbeadzikɔntabubuwo ana.
15 min: “Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe Xɔa Amewo Ðe Agbe!”d Na nyaselawo nagblɔ alesi ŋɔŋlɔawo ɖo kpe edzii.
20 min: Numekuku wɔwɔ le Reasoning-gbalẽa me. Numedzodzro kple nyaselawo. Zi geɖe la, nyabiabiawo fɔna ɖe te le gbeadzi ku ɖe nyati siwo medze le “Tanya Gãwo” (axa 5-6) te le Reasoning-gbalẽa me o. “Nyawo diƒe” (axa 439-45) nye teƒe nyui aɖe si míakpɔ Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi na míaƒe dzixɔsewo le. Kpe nyaselawo be woadi nyabiabia siwo gbɔna la ƒe ŋuɖoɖowo to nya siwo dzi míete gbe ɖo la dometɔ ɖesiaɖe didi le nyawo diƒea te: Nukae nye Kristotɔ ƒe nukpɔsusu le duhawo kple aflagawo ŋu? Nukatae Mawu ɖea mɔ ɖe dzɔdzɔmefɔkuwo ŋu? Aleke nàɖe Biblia ƒe nukpɔsusu le srɔ̃gbegbe ŋu mee? Nukatae wòle be nɔvinyɔnuwo natsyɔ nu ta eye ɣekaɣie? Afikae Vinɔwo ƒe Ŋkeke Nyui la dzɔ tso? Aleke míewɔ nya be 144,000 la nye xexlẽme ŋutɔŋutɔ le Biblia me? Nukae kesinɔtɔ kple Lazaro ŋuti lododoa fia? De dzi ƒo na amesiame be wòazã Reasoning-gbalẽa le gbeadzi.
Hadzidzi 28; gbedodoɖa na kpakpã.
May 6 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 141
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro “Na Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ! Nanɔ Vi Ðem na Wò Ɣesiaɣi” me.
10 min: Ðoɖowɔwɔ Ðe Mɔkeɣiwo Ŋu. Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo. Gblɔ nusiwo miewɔna edziedzi le ɣeyiɣi mawo me: ŋkeke ɖeka takpekpea dede, kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ɣleti ɖeka alo eve, aƒea me dzadzraɖo, kple ɖewohĩ mɔkeke yiyi alo modzakaɖeɖe aɖewo. Kpe ame ʋɛ aɖewo be woagblɔ ɖoɖo siwo wowɔ ɖe mɔkeɣi ŋu kple alesi woakpɔ egbɔe be yewomeŋe aɖaba ƒu yewoƒe ƒomenusɔsrɔ̃, hamea ƒe kpekpewo dede, kple gbeadzisubɔsubɔdɔa dzi o, ne wozɔ mɔ yi afi aɖe kura gɔ̃ hã. Ne anyigbamama si me womewɔa dɔ le edziedzi o le hamea si la, gblɔ ɖoɖo siwo wɔm miele hena ekpekpe ɖo. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòakpɔ egbɔ be, woli loo alo wozɔ mɔ o, woƒe gbeadzikɔntabubuwo naɖo Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla gbɔ.
25 min: “Ƒome Siwo Li Ke le Gbɔgbɔ me—Alekee?”e Le nyatia me dzodzro megbe la, gblɔ nuteƒekpɔkpɔ nyui siwo le February 15, 1999, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 10-12.
Hadzidzi 17; gbedodoɖa na kpakpã.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Wò ŋgɔdonyawo megade aɖabaƒoƒo ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
b Wò ŋgɔdonyawo megade aɖabaƒoƒo ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
c Wò ŋgɔdonyawo megade aɖabaƒoƒo ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
d Wò ŋgɔdonyawo megade aɖabaƒoƒo ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
e Wò ŋgɔdonyawo megade aɖabaƒoƒo ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.