INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/04 axa 2
  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Tanya Suewo
  • August 9 ƒe Kwasiɖa
  • August 16 ƒe Kwasiɖa
  • August 23 ƒe Kwasiɖa
  • August 30 ƒe Kwasiɖa
  • September 6 ƒe Kwasiɖa
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 8/04 axa 2

Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

August 9 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 57

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ðo ŋku edzi na nɔviwo be woatsɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza ɖe asi ava kpekpea le kwasiɖa si gbɔna me. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia atsɔ awɔ alesi woate ŋu ana August 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple Eŋlisigbe me August 8 ƒe Nyɔ! ƒe wɔwɔfiawo. Le wɔwɔfia ɖesiaɖe me la, fia alesi woaɖo nya ŋu na amesi gblɔ dzeɖonyanutsinya si nye “Nukata Mienɔa Vavam Kabakaba Alea?”—Kpɔ Reasoning-gbalẽa, axa 20, alo Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii ƒe agbalẽvia ƒe axa 12. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ɖe asi ava kpekpea kwasiɖa si gbɔna.

15 min: “Woɖoa Dzidodo Teƒe.”a Gblɔ nya ʋɛ aɖewo tso December 15, 2000, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 22-3, memama 15-18 kpee.

20 min: Traktwo Zazã Atsɔ Adze Biblia-nusɔsrɔ̃wo Gɔmee. Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo si wotu ɖe December 2001 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 3-4 dzi. Te gbe ɖe edzi be míelɔ̃na faa trɔna ɖe nusrɔ̃vi ɖesiaɖe ƒe nɔnɔme ŋu, abe alesi wode dzesii le memama 5 lia me ene. Na woawɔ wɔwɔfia siwo le memama 8-10 me dometɔ ɖeka alo eve kpuie. Ne mɔnu bubu asɔ le mia gbɔ la, ɖe alesi woawɔe me eye nàna woawɔ ema ƒe wɔwɔfia boŋ. Kpe nyaselawo be woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si esi wozã trakt si nye Àdi be Yeanya Nu Geɖe tso Biblia Ŋua?

Hadzidzi 74; gbedodoɖa na kpakpã.

August 16 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 189

8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

17 min: “Aƒeme Yi Aƒeme Dɔa Hea Viɖewo Vɛ na Mí.” b Ne èle memama 3 lia me dzom la, bia nyaselawo woagbɔ woa ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ siwo sɔ ɖe nyatia nu. Na dzeɖoɖoa nasɔ ɖe mia gbɔ nɔnɔmewo nu bene nàtsɔ ade dzi ƒo na nɔviawo woaƒo wo ɖokui ɖe aƒeme yi aƒeme dɔa me bliboe.

20 min: “Aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ—Akpa 2.”c Na woawɔ wɔwɔfia aɖe si axɔ miniti atɔ̃. Gbeƒãɖela aɖe bia hamemegã aɖe alesi wòawɔ akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃vi aɖe ŋu wòayi ŋgɔe. Hamemegãa ɖe eme be kuxi aɖe si bɔ si wòle be woaƒo asa na enye be woazã ɣeyiɣi geɖe akpa le nua srɔ̃ɣi adzro nya siwo mele vevie o kple nya bubu siwo mehiã o me. Ezã Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe nusɔsrɔ̃ 9 lia tsɔ fia gbeƒãɖelaa alesi (1) wòahe susu ayi nya vevi si le nyatia me dzii, (2) wòazã mawunyakpukpui siwo woyɔ la nyuie, eye (3) wòana nusɔsrɔ̃a nasɔ ɖe nusrɔ̃via ƒe nuhiahiãwo nu. Egblɔ be dzadzraɖo nyuie do ŋgɔ le vevie ɣesiaɣi si míawɔ nusɔsrɔ̃ aɖe.

Hadzidzi 85; gbedodoɖa na kpakpã.

August 23 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 33

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Ne aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia sɔ na miaƒe hamea ƒe anyigbamama la, ekema na woazã wo atsɔ awɔ alesi woana August 15 ƒe Gbetakpɔxɔ kple August 22 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe wɔwɔfiawoe. Woate ŋu awɔ dzeɖonya bubuwo ŋudɔ atsɔ ana woe. Na woaƒo nu tso nudzɔdzɔ ƒe ɖoɖoa ŋu le wo me.

10 min: “Ðoɖo Yeye Hena Takpekpewo Suewo me Nyawo me Dzodzro.” Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo si wotu ɖe nyati si le axa 4 lia dzi.

20 min: Creator-gbalẽa Nana le September Me. Nuƒo kpakple wɔwɔfia. Gblɔ nya siwo amewo gblɔ tso agbalẽa ŋu la dometɔ aɖewo. (w99-EW 6/15 axa 25-6) Ƒo nu tso nya siwo le agbalẽa me ŋu kpuie, eye nàte gbe ɖe akpa vevi aɖewo siwo adzɔ dzi na amewo le hamea ƒe anyigbamamaa me dzi. (km-EW 2/99 axa 1; km-EW 4/99 axa 2; km-EW 9/99 axa 2) Gblɔ dzeɖonya bɔbɔe aɖe si woate ŋu azã atsɔ anae, si me woazã ŋgɔdonya aɖe tso Reasoning-gbalẽa alo Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me, woazã mawunyakpukpui aɖe, kple nya alo tanya aɖe tso Creator-gbalẽa me. Na gbeƒãɖela bibi aɖe nawɔ alesi woanae ƒe wɔwɔfia.

Hadzidzi 220; gbedodoɖa na kpakpã.

August 30 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 90

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe August gbeadzikɔnta ana.

15 min: “Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku—Ʋɔtru Gã si Na Wowɔa Dɔ Geɖe.” Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo. Gblɔ nya aɖewo tso 2004 Yearbook, axa 239-40 kpee. Ƒo nu tso kpekpe si wowɔna kple amesiwo di be yewoade Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku le nutome sue takpekpe me ŋu. De dzi ƒo na amesiwo dze la be woade kpekpe sia.

20 min: Ðe Wòɖe Vi Na Wòa? Numedzodzro kple nyaselawo. Dzro aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna siwo dze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ siwo do le subɔsubɔƒe si va yi me la me: Wogblɔ na mí be míaŋlɔ ŋgɔdonya siwo míazã la ɖi. (km-EW 10/03 axa 8) Kafu amea tẽ ɖe nane koŋ ta, eye wòatso dzime na wò. (km-EW 11/03 axa 1) Ði ɖase le ɣeyiɣi si me ame geɖe wu ate ŋu anɔ aƒeme. (km-EW 12/03 axa 1) Ðo ɣeyiɣi ɖi koŋ na Biblia xexlẽ, dzadzraɖo ɖe kpekpeawo ŋu, kple na gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ. (km-EW 1/04 axa 4) Zã “Anyigba Nyui” ƒe agbalẽ gbadzaa ne èle ɖokuisi nusɔsrɔ̃ wɔm kple ne èle Biblia xlẽm. (km-EW 3/04 axa 2) Ðoe wò taɖodzinui be yeaxlẽ Biblia bliboa katã. (km-EW 4/04 axa 1) Ði ɖase le fiasewo me. (km-EW 7/04 axa 4) Zã traktwo nàtsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme. (km-EW 8/04 axa 2) Kpe nyaselawo woagblɔ viɖe siwo wokpɔ tso aɖaŋuɖoɖo siawo tsɔtsɔ wɔ dɔe me.

Hadzidzi 145; gbedodoɖa na kpakpã.

September 6 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 197

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

20 min: “Kpekpe Ðe Gbeƒãɖela Yeyewo Kple Amesiwo me Wogade Dzoe Ŋu Le Gbeadzi.”d Na woawɔ alesi gbeƒãɖela aɖe kple amesi ŋu wòle kpekpem ɖo adzra ɖo ɖe gbeadziyiyi ŋui ƒe wɔwɔfia, si me woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le nyatia me dometɔ aɖewo. Le alesi ɣeyiɣia aɖe mɔe nu la, na gbeƒãɖela aɖewo siwo dzra ɖo do ŋgɔ nagblɔ dzidzɔ kple dzidzedze si wokpɔ le kpekpe ɖe ame aɖe ŋu me alo le kpekpeɖeŋuxɔxɔ tso ame aɖe gbɔ me ƒe nuteƒekpɔkpɔ wòasɔ ɖe nya vevi siwo le nyatia me nu.

20 min: “Ðe Mɔɖeɖedɔa ƒe Gbɔgbɔ Fia.”e Bia gbe mɔɖela ɖeka alo eve kpuie. Na woagblɔ alesi dzilawo, hamemegãwo, alo ame bubuwo ƒe kpɔɖeŋu de dzi ƒo na wo be woayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzii.

Hadzidzi 142; gbedodoɖa na kpakpã.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

b Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

c Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

d Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

e Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe