Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le June me: Míana Is There a Creator Who Cares About You? alo Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. July kple August: Mina axa 32 gbalẽ gbadza ɖe sia ɖe si asɔ na miaƒe anyigbamamaa. September: Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
◼ Dzikpɔla zimenɔla alo ame si wòatia nato hamea ƒe March, April, kple May ƒe gakɔntawo me. Ne miewɔ esia vɔ la, miɖe gbeƒãe na hamea le gakɔntabubu si akplɔe ɖo la xlẽɣi.—Kpɔ Instructions for Congregation Accounting (S-27).
◼ Alɔdzedɔwɔƒea anɔ tutu le July 2, 2007, dzi le esi wònye dukɔa ƒe azãgbe si womedea dɔme o ta. Womawɔ ɖoɖo aɖeke ɖe tsaɖiɖi ŋu le ŋkeke ma dzi o.
◼ Tso August ƒe gɔmedzedze la, woatsɔ nutome gã takpekpea ƒe akɔtagbalẽviwo akpe ɖe agbalẽnudɔdɔwo ŋu aɖo ɖe mi, eya ta mahiã be miadɔe o. Woanɔ te ɖe hame ɖe sia ɖe ƒe lolome dzi aɖo akɔtagbalẽviawo ɖa. Ne hamea gale bubuwo dim kpee la, ke woazã Literature Request Form (S-14) atsɔ adɔe. Taflatse mide dzesii be womaɖo aŋekotokuawo ya ɖa ne womedɔe o. Ehiã be miadɔe na amesiwo hiãe ko.
◼ Enye dzidzɔ be míaɖe gbeƒãe be míadze Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ tata gɔme ɖe gbegbɔgblɔ si nye Nzema me tso July 2007 me. Míele dzi dem ƒo na nɔvi siwo katã le Nzema hamewo me be woazãe nyuie ale be kpekpeawo naɖe vi na wo geɖe wu.