INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/07 axa 2
  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Tanya Suewo
  • August 13 Ƒe Kwasiɖa
  • August 20 Ƒe Kwasiɖa
  • August 27 Ƒe Kwasiɖa
  • September 3 Ƒe Kwasiɖa
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 8/07 axa 2

Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

August 13 Ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 20

12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia alo bubu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamaa, atsɔ awɔ ale si woana August 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple August ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! nana mɔnu gbãtɔ ƒe wɔwɔfiawo. Le wɔwɔfiawo dometɔ ɖeka me la, na gbeƒãɖelaa nazã ɖaseɖinya siwo le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ sia ƒe axa 3, memama 3 lia me atsɔ ada nyabiase aɖe ɖi, si ŋu wòava ɖo ne etrɔ yi amea gbɔ.

15 min: “Yehowa Subɔsubɔ Ðekae Le Ƒomea Me.”a Kpe nyaselawo woagblɔ ale si gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me ɖekae ɖe vi na woe. Àte ŋu awɔ ɖoɖo kple nɔvi ɖeka alo eve do ŋgɔ.

18 min: “Ale Si Hame Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ Kpena Ðe Mía Ŋui.”b Ne èle memama 5 lia me dzrom la, gblɔ Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gbalẽa ƒe axa 41, memama 2, me nya aɖewo kpee.

Hadzidzi 48; gbedodoɖa na kpakpã.

August 20 Ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 100

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. “Fiaɖuƒe Akpata Tutudɔ—Subɔsubɔ Kɔkɔea Ƒe Akpa Vevi Aɖee.”c Àte ŋu abia gbe nɔvi aɖe si kpɔ gome le Fiaɖuƒe Akpatawo tutu alo wo dzadzra ɖo me, ne wo dometɔ aɖe li.

15 min: Dze Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔme Le Dzeɖoɖo Kple Amewo Zi Gbãtɔ Me Le September Me. Numedzodzro kple nyaselawo. Míana Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa le September me, eye míadze agbagba adzro memama ʋɛ aɖewo me kple aƒemenɔlaa le dzeɖoɖo kplii zi gbãtɔa me. Dzro dzeɖonya siwo le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, March 2006, ƒe emedegbalẽvia me, eye nàna woawɔ ale si woadze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme le dzeɖoɖo kple amewo zi gbãtɔ me la ƒe wɔwɔfia ɖeka alo eve.

15 min: Nana Be Ðokuibɔbɔ Ðe Teokrasi Ðoɖowo Te Naɖe Vi Na Mí. Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo, si woatu ɖe Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gbalẽa ƒe ta 15 lia dzi.

Hadzidzi 6; gbedodoɖa na kpakpã.

August 27 Ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 98

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ gakɔnta kple miaƒe nudzɔdzɔ siwo va ka habɔbɔa si ŋuti nyatakaka. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia alo bubu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamaa, atsɔ awɔ ale si woana August 15 ƒe Gbetakpɔxɔ kple August ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! nana mɔnu evelia ƒe wɔwɔfiawo.

10 min: ‘Mitsɔ Kesinɔnu Madzɔmadzɔwo Dze Xɔlɔ̃woe.’ Hamemetsitsi ƒe nuƒo si wòtu ɖe December 1, 1994, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 13-18 dzi.

25 min: “Taɖodzinu Nyui Aɖe Si Míaɖo Le Subɔsubɔƒe Yeyea Me.”d Bia gbe gbeƒãɖela ɖeka alo eve siwo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa nyitsɔ laa. Asitɔtrɔ kawoe wowɔ le woƒe ɖoɖowo ŋu? Yayra kawoe wokpɔ tso esiawo wɔwɔ me? Ame siwo wole gbe biamee la dometɔ ɖeka nanye ame si te ŋu wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ le esi eƒe ƒomea me tɔ bubuwo kpe asi ɖe eŋu ta, nenye be ame aɖe li nenema. Ne miele memama 9 lia me dzrom la, yɔ ɣletiŋkeke si dzi nutome sue dzikpɔla ava srã miaƒe hamea kpɔ la, nenye be ena mienya.

Hadzidzi 196; gbedodoɖa na kpakpã.

September 3 Ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 50

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ƒo nu tso April Subɔsubɔ Ƒe Akɔntabubu ŋu kpuie eye nàkafu nɔviawo ɖe woƒe gaƒoƒowo nana kaba ta. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe August ƒe gbeadzikɔntabubu ana.

15 min: “Míedea Asixɔxɔ Míaƒe Mɔnukpɔkpɔwo Ŋu!”e Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, na nyaselawo naƒo nu tso mawunyakpukpui siwo woyɔ la ŋu.

20 min: “Ale Si Míadze Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔme Kple Ame Siwo Míena Magazine.”f Na woawɔ dzeɖonya siwo le memama 2 lia me la dometɔ ɖeka ƒe wɔwɔfia kpui aɖe. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be ne wosrɔ̃ nu zi eve le esi woɖe ale si míewɔa nusɔsrɔ̃ae me na aƒemenɔlaa vɔ megbe eye ne woka ɖe edzi be nusɔsrɔ̃a ayi edzi ko la, ekema woate ŋu abu eŋuti kɔnta be enye Biblia nusɔsrɔ̃.

Hadzidzi 2; gbedodoɖa na kpakpã.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.

b Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.

c Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.

d Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.

e Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.

f Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe