NUSƆSRƆ̃NYATI 21
HADZIDZI 107 Lɔlɔ̃ Ƒe Kpɔɖeŋu Si Mawu Ðo
Ale Si Nàwɔ Akpɔ Srɔ̃ Nyui Aɖe
“Ame kae akpɔ srɔ̃nyɔnu zazɛ̃? Exɔ asi wu adzagba.” —LOD. 31:10.
TAÐODZINUA
Míakpɔ Biblia me mɔfiame siwo akpe ɖe ame siwo le didim be yewoaɖe srɔ̃ ŋu kple ale si hamea me tɔwo hã ate ŋu akpe ɖe wo ŋu.
1-2. (a) Nu ka ŋue wòle be Kristotɔ siwo meɖe srɔ̃ o nabu hafi adze zɔzɔ kple ame aɖe gɔme? (b) Nu kae “zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe” fia? (Kpɔ “Nyameɖeɖe.”)
ÐE NÀDI be yeaɖe srɔ̃a? Togbɔ be dzidzɔkpɔkpɔ le agbe me menɔ te ɖe srɔ̃ɖeɖe dzi o hã la, Kristotɔ siwo meɖe srɔ̃ o, woɖanye sɔhɛwo, alo ame tsitsiwo o, la dometɔ geɖe adi be yewoaɖe srɔ̃. Hafi nàdze zɔzɔ kple ame aɖea, ele be nàsu te le seselelãme gome, wò kple Mawu dome nanɔ nyuie, eye nàwɔ ɖoɖo nyui ɖe ganyawo hã ŋu.a (1 Kor. 7:36) Ne èwɔ esiawo katã la, ke àte ŋu akpɔ dzidzedze le srɔ̃ɖeɖe me.
2 Gake menye ɣesiaɣie wònɔa bɔbɔe be ame nakpɔ srɔ̃ nyui aɖe o. (Lod. 31:10) Ne èke ɖe ame aɖe ŋu eye nèdi be yeagadze sii nyuie la, aleke nàwɔ ana wòanya be yedi be yewoazɔ ale be yewoaganya yewo nɔewo nyuie wu?b Le nyati sia me la, míakpɔ nu siwo akpe ɖe Kristotɔ siwo meɖe srɔ̃ o ŋu woakpɔ ame aɖe si ate ŋu asɔ na wo eye woadze zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ƒe azɔlia gɔme. Míasrɔ̃ ale si hamea me tɔwo hã ate ŋu akpe ɖe ame siwo le srɔ̃ dim la ŋu.
NU SI AKPE ÐE ŊUWÒ NÀKPƆ SRƆ̃ NYUI
3. Nu kawo ŋue wòle be Kristotɔ si di be yeaɖe srɔ̃ la nalé ŋku ɖo?
3 Ne èdi be yeaɖe srɔ̃ la, gbãa, ele be nànya nɔnɔme siwo dim nèle be wòanɔ amea si hafi nàdze zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe gɔme. Gake ne mèwɔe nenema o la, ate ŋu adzɔ be màde dzesi ame si asɔ na wò o eye nàva nɔ zɔzɔm kple ame si masɔ na wò o boŋ. Azɔ hã, ele be ame si nàɖe la nanye Yehowa subɔla si xɔ nyɔnyrɔ. (1 Kor. 7:39) Gake menye ame sia ame si xɔ nyɔnyrɔ ye asɔ na wò o. Eya ta anyo be nàbia ɖokuiwò be: ‘Taɖodzinu kawoe le asinye? Nɔnɔme vevi kawoe madi be makpɔ le ame si maɖe ŋu? Ðe meda sɔ le nu siwo dim mele la mea?’
4. Nu kawoe nɔvi aɖewo biana le gbedodoɖa me?
4 Ne èdi be yeaɖe srɔ̃ la, ke ɖikeke mele eme o be èdoa gbe ɖa tso eŋu. (Flp. 4:6) Le nyateƒe me la, Yehowa medo ŋugbe be yeana ye subɔla ɖe sia ɖe nakpɔ srɔ̃ aɖe o. Ke hã, enya nu siwo nèhiã kple ale si nèle sesem le ɖokuiwò me, eye akpe ɖe ŋuwò esime nèle agbagba dzem be yeakpɔ ame si asɔ na ye. Eya ta yi edzi nànɔ wò dzimenyawo gblɔm na Yehowa. (Ps. 62:8) Do gbe ɖa nàbia nunya kple dzigbɔɖi. (Yak. 1:5) Nɔviŋutsu John,c si le Amerika eye wònye tre la gblɔ tso ale si wòdoa gbe ɖae ŋu ale: “Megblɔa nɔnɔme siwo madi be wòanɔ amea si la na Yehowa. Medoa gbe ɖa be wòaʋu mɔnukpɔkpɔa nam mado go ame ma tɔgbi. Mebianɛ be wòakpe ɖe ŋunye matu nɔnɔme nyui siwo ana manye srɔ̃ŋutsu nyui la ɖo.” Nɔvinyɔnu Tanya, si tso Sri Lanka, gblɔ be: “Esi mele ame aɖe si asɔ nam dim la, mebiaa Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye mayi edzi awɔ nuteƒe, susu nyui nanɔ asinye, eye manɔ dzidzɔ kpɔm.” Ne mèkpɔ ame si asɔ na wò fifia o hã la, Yehowa do ŋugbe be yeayi edzi alɔ̃ wò ahalé be na wò, eye magblẽ wò ɖi o.—Ps. 55:22.
5. Nu kawoe aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na Kristotɔ be wòado go ame siwo hã lɔ̃ Yehowa? (1 Korintotɔwo 15:58) (Kpɔ fotoa hã.)
5 Biblia de dzi ƒo na mí be míawɔ “geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me.” (Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:58.) Ne èdoa vevie nu le Yehowa subɔsubɔ me la, àdo go nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo, eye mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be nàde ha tuameɖowo kple mía nɔvi tre siwo hã di be yewoawɔ geɖe na Yehowa. Ne èdze agbagba be yeawɔ nu siwo ana Yehowa nakpɔ dzidzɔ la, wò ŋutɔ hã àkpɔ dzidzɔ vavãtɔ.
6. Nu ka dzie wòle be Kristotɔ si di be yeaɖe srɔ̃ la naɖo ŋkui?
6 Ke hã, nuxlɔ̃amenya aɖee nye esi: Mègana didi be yeaɖe srɔ̃ nanye nu vevitɔ si axɔ susu me na wò o. (Flp. 1:10) Menye srɔ̃ɖeɖe alo srɔ̃maɖemaɖe dzie dzidzɔ vavãtɔ nɔ te ɖo o. Ke boŋ enɔ te ɖe mia kple Yehowa dome ƒomedodo dzi. (Mat. 5:3) Le wò trenɔɣi la, mɔnukpɔkpɔ geɖe asu asiwò nàkeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu. (1 Kor. 7:32, 33) Eya ta wɔ ɣeyiɣi ma ŋu dɔ nyuie. Nɔvinyɔnu Jessica, si le Amerika, si gogo ƒe 40 hafi ɖe srɔ̃ la gblɔ be, “Mewɔa geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye esia nana mekpɔa dzidzɔ togbɔ be medi be maɖe srɔ̃ hã.”
GBƆ DZI ÐI NÀLÉ ŊKU ÐE AMEA ŊU NYUIE
7. Nu ka tae wòasɔ be nàgbɔ dzi ɖi alé ŋku ɖe ame aɖe ŋu nyuie hafi ado nya aɖe ɖe egbɔ? (Lododowo 13:16)
7 Nu kae nàwɔ ne edze abe ame aɖe asɔ na wò? Ðe wòle be nàdzo akplae enumakea? Biblia gblɔ be aɖaŋudzela wɔa nunya ŋu dɔ hafi ɖea afɔ. (Xlẽ Lododowo 13:16.) Eya ta asɔ be nàgbɔ dzi ɖi alé ŋku ɖe amea ŋu nyuie ŋuɖɔɖotɔe hafi ne ehiã be nàdo nya aɖe ɖe egbɔ la, nàwɔe. Nɔviŋutsu Aschwin si tso Netherlands gblɔ be: “Ŋutsu kple nyɔnu dome lɔlɔ̃ tea ŋu nɔa abe agobodzo ene—exɔna kaba eye wògatsina hã kaba. Eya ta ne ègbɔ dzi ɖi lé ŋku ɖe amea ŋu nyuie la, ke mànɔ te ɖe wò seselelãmewo ko dzi adze zɔzɔ kplii o.” Azɔ hã, esi nèva le ŋku lém ɖe amea ŋu nyuie la, ɖewohĩ àva de dzesii be masɔ na ye o.
8. Aleke ame awɔ alé ŋku ɖe ame si wòadi be yeaɖe la ŋu nyuie? (Kpɔ fotoa hã.)
8 Aleke nàwɔ alé ŋku ɖe amea ŋu ŋuɖɔɖotɔe? Àte ŋu awɔ esia le hame ƒe kpekpewo alo hadomewɔna bubuwo me. Esia ana nàde dzesi ame si ƒomevi wònye, nɔnɔme siwo le esi, kple ale si wòlɔ̃ Yehowae. Ame kawoe nye exɔlɔ̃wo, eye nu kawo ŋue wòɖoa dze tsoe? (Luka 6:45) Ðe eƒe taɖodzinuwo sɔ kple tɔwòa? Àte ŋu aɖo dze kple eƒe hamemetsitsiwo alo nɔvi tsitsi bubu siwo nyae nyuie, ale be nànya nu geɖe tso eŋu. (Lod. 20:18) Bia wo woagblɔ ale si wonyae kple nɔnɔme siwo le esi la na wò. (Rut 2:11) Esi nèle ŋku lém ɖe amea ŋu la, kpɔ nyuie be nàgawɔ nu siwo ana wòade vovo ge le eɖokui me do kpoe o. De bubu eƒe seselelãmewo ŋu, na wòavo le eɖokui me, eye mèganɔ ŋku kem ɖe eƒe nu sia nu me o.
9. Hafi nàte ɖe ame aɖe ŋu agblɔ nya aɖe nɛ la, nu kawo dzie wòle be nàka ɖo?
9 Ɣeyiɣi didi kae nàtsɔ alé ŋku ɖe ame aɖe ŋu hafi ado nya aɖe ɖe egbɔ? Ne èdo nyaa ɖe egbɔ kaba akpa la, ate ŋu awɔ nɛ be ètsia dzi akpa. (Lod. 29:20) Gake ne èhe ɖe megbe fũu akpa hã la, ate ŋu asusu be mètea ŋu tsoa nya me o, vevietɔ ne ede dzesii be èle ŋku lém ɖe ye ŋu. (Nyagb. 11:4) Ðo ŋku edzi be màte ŋu anya nu sia nu tso amea ŋu hafi ate ɖe eŋu agblɔ nya aɖe nɛ o. Gake ele be wò ŋutɔ hã nàkpɔ egbɔ be yesu te na srɔ̃ɖeɖe eye ame ma hã asɔ na wò.
10. Nu kae wòle be nàwɔ ne ède dzesii be wò nu va le dzi lém na ame aɖe gake amea ƒe nu menyo ŋuwò o?
10 Nu kae wòle be nàwɔ ne èva de dzesii be wò nu le dzi lém na ame aɖe? Ne amea ƒe nu melé dzi na wò o la, na wòadze ƒãa le wò nuwɔnawo me. Mègawɔ nu siwo ana amea nasusui be nuwo le edzi dze ge evɔ ènya nyuie be mele edzi dze ge hafi o. Esia manye lɔlɔ̃ɖeɖefia o.—1 Kor. 10:24; Ef. 4:25.
11. Le dukɔ siwo me dzilawo alo ame tsitsi aɖee wɔa ɖoɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu me la, nu ka dzie wòle be woaɖo ŋkui?
11 Le dukɔ aɖewo me la, wokpɔa mɔ be dzilawo alo ame tsitsi bubu aɖe natia ame si asɔ la na wo viwo alo woƒe ƒometɔ bubuwo. Le dukɔ bubu aɖewo hã me la, ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wo dia ame si wokpɔ be asɔ na yewo vi aɖe alo yewoƒe ƒometɔ aɖe, eye wowɔa ɖoɖo wo ame evea wova doa go be woakpɔe ɖa be yewosɔ na yewo nɔewo hã. Ne wobia tso asiwò be nàwɔ ɖoɖo sia tɔgbi la, bu wo ame evea ƒe hiahiãwo kple nu siwo wodi ŋu. Ne èke ɖe ame aɖe si nèsusu be asɔ nɛ ŋu la, dze agbagba nànya nu geɖe tso ame si ƒomevi wònye, eƒe nɔnɔmewo, kple vevietɔ wu la, ale si gbegbe wòlɔ̃ Yehowae ŋu. Nu si le vevie wue nye ƒomedodo si le eya kple Yehowa dome, ke menye ga, sukudede, alo ŋkɔxɔxɔ o. Azɔ ɖo ŋku edzi hã be nɔviŋutsua kple nɔvinyɔnua ŋutɔe atso nya me nenye be woaɖe wo nɔewo alo womaɖe wo nɔewo o.—Gal. 6:5.
ALE SI NÀDZE ZƆZƆ DO ŊGƆ NA SRƆ̃ÐEÐE GƆME
12. Ne ame aɖe ƒe nu lé dzi na wò eye nèdi be yeazɔ kplii aganyae nyuie la, aleke nàwɔ ana wòanya?
12 Ne ame aɖe ƒe nu lé dzi na wò eye nèdi be yeazɔ kplii aganyae nyuie la, aleke nàwɔe?d Àte ŋu awɔ ɖoɖo kple amea miado aɖo dze eye nàgblɔe nɛ, alo nàgblɔe nɛ to telefon dzi. Na eme nakɔ nɛ be eƒe nu lé dzi na ye eye yedi be yeaganyae nyuie wu. (1 Kor. 14:9) Àte ŋu ana ɣeyiɣii be wòade ŋugble tso eŋu ava ɖo eŋu na wò emegbe. (Lod. 15:28) Gake ne amea melɔ̃ ɖe edzi na wò o la, de bubu eƒe nyametsotsoa ŋu.
13. Ne ame aɖe na nènya be wò nu lé dzi na ye eye yedi be yeanya wò nyuie la, nu kae nàwɔ? (Kolosetɔwo 4:6)
13 Ke ne ame aɖe na nènya be wò nu lé dzi na ye ya ɖe? Ebia dzinɔameƒo be ame aɖe nate ɖe ŋuwò agblɔ nya sia na wò. Eya ta wɔ nu ɖe eŋu nyuie eye nàde bubu eŋu. (Xlẽ Kolosetɔwo 4:6.) Ne èhiã ɣeyiɣi be nàtsɔ ade ŋugble tso eŋu la, ke na wòanya. Gake mègana ɣeyiɣi fũu nava yi o. (Lod. 13:12) Ne amea ƒe nu melé dzi na wò o la, gblɔe nɛ eme nakɔ, gake nàwɔe le tufafa me. Bu ale si Nɔviŋutsu Hans, si tso Austria, wɔ nui esi nɔvinyɔnu aɖe te ɖe eŋu gblɔ nɛ be eƒe nu lé dzi na ye ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Meɖe eme nɛ eme kɔ, gake mewɔe le ŋuɖɔɖo me. Mena wònya enumake, elabena nyemedi be wòava nɔ mɔ kpɔm o. Le susu ma ta tso ɣemaɣi dzi la, mekpɔa ɖokuinye dzi nyuie le ale si mewɔa nu ɖe eŋu la ŋu.” Gake ne amea ƒe nu nyo ŋuwò eye nèdi be yeazɔ kplii la, na wòanya eye miaɖo dze tso ale si miaƒe zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe anɔ ŋu. Ate ŋu adzɔ be nu siwo nèle mɔ kpɔm na nato vovo na nu siwo eya le mɔ kpɔm na, ɖewohĩ le esi mietso teƒe vovovo ta.
ALEKE MÍADE DZI ƑO NA KRISTOTƆ SIWO MEÐE SRƆ̃ O?
14. Aleke míawɔ ade dzi ƒo na mía nɔvi siwo meɖe srɔ̃ o?
14 Nu kae mí katã míate ŋu awɔ atsɔ ade dzi ƒo na mía nɔvi siwo meɖe srɔ̃ o? Nu siwo míawɔ ƒe ɖee nye be míakpɔ nyuie le nya siwo míegblɔna ŋu. (Ef. 4:29) Míate ŋu abia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe meɖea alɔme le ame siwo meɖe srɔ̃ haɖe o ŋua? Ne mekpɔ nɔviŋutsu tre kple nɔvinyɔnu tre aɖe wole dze ɖom la, ɖe mesusuna be nane le wo domea?’ (1 Tim. 5:13) Azɔ hã, mele be míana Kristotɔ siwo nye trewo nase le wo ɖokui me be nane gblẽ le wo ŋu alo womede o le esi womeɖe srɔ̃ o ta o. Hans, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Nɔvi aɖewo biana be, ‘Nu ka tae mèkpɔ ɖe srɔ̃ o? Èle tsitsim lo!’ Nya mawo tɔgbi nana nɔviawo sena le wo ɖokui me be womebu yewo ɖe ɖeke me o, eye wòƒonɛ ɖe wo nu be woatsɔ dzitsitsi aƒo ta ɖe srɔ̃ɖeɖe me.” Ðe nya mawo teƒe la, ɖe manyo wu be míadi mɔnukpɔkpɔwo atsɔ akafu mía nɔvi siwo nye trewo oa?—1 Tes. 5:11.
15. (a) Le gɔmeɖose si le Romatɔwo 15:2 ƒe nya nu la, nu ka ŋue wòle be míabu ne míedi be míakpe ɖe ame aɖe ŋu wòakpɔ srɔ̃ aɖe? (Kpɔ fotoa hã.) (b) Nu vevi kae nèsrɔ̃ tso videoa me?
15 Ke ne ewɔ na wò be nɔviŋutsu sia kple nɔvinyɔnu ma asɔ na wo nɔewo ya ɖe? Biblia gblɔ na mí be míabu ame bubuwo ƒe seselelãmewo ŋu. (Xlẽ Romatɔwo 15:2.) Mía nɔvi siwo meɖe srɔ̃ o la dometɔ geɖe medina be woadi ame na yewo o, eye ele be míade bubu woƒe nyametsotso ma ŋu. (2 Tes. 3:11) Nɔvi bubu aɖewo ya adi be woakpe ɖe yewo ŋu, gake mele be míatso le mía ɖokui si ko awɔ esia o.e (Lod. 3:27) Mía nɔvi tre aɖewo madi be woaɖe yewo afia ame aɖe tẽe o. Le kpɔɖeŋu me, Lydia, si nye nɔvinyɔnu tre si tso Germany, gblɔ be: “Àte ŋu awɔ ɖoɖo be nɔvi eveawo nado go le hadomewɔna aɖe me. Wò ya na mɔnukpɔkpɔa nanɔ ʋuʋu ɖi na wo ko be woate ŋu aɖo dze eye nàgblẽ susɔea ɖe wo si me.”
16. Nu ka dzie wòle be Kristotɔ trewo naɖo ŋkui?
16 Míeɖanye srɔ̃tɔwo alo trewo o, mí katã míate ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme! (Ps. 128:1) Eya ta ne èdi be yeaɖe srɔ̃ gake mèkpɔ ke ɖe ame si asɔ na wò ŋu haɖe o la, yi edzi nàdo vevie Yehowa sɔbɔsubɔ. Nɔvinyɔnu Sin Yi, si tso Macao gblɔ be: “Ne ètsɔ wò trenɔɣi sɔ kple ɣeyiɣi didi si wò kple srɔ̃wò miatsɔ anɔ Paradiso me la, àkpɔe be wò trenɔɣi fifia le kpuie ŋutɔ. Eya ta kpɔ dzidzɔ le wò trenɔɣia me eye nàwɔ eŋu dɔ nyuie.” Ke ne èke ɖe ame aɖe ŋu eye miete zɔzɔ ya ɖe? Míadzro nu si akpe ɖe mia ŋu be miaƒe zɔzɔa nadze edzi nyuie la me le nyati si kplɔe ɖo me.
HADZIDZI 137 Nyɔnu Nuteƒewɔlawo, Nɔvinyɔnu Kristotɔwo
a Ne èdi be yeanya ne yesu te na srɔ̃ɖeɖe la, ke kpɔ nyati si nye “Gbeɖoɖoɖi—Akpa 1: Ðe Mesu Te Na Gbeɖoɖoɖia?” le jw.org.
b NYAMEÐEÐE: Le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me la, nya “zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe” fia ɣeyiɣi si me ŋutsu kple nyɔnu aɖe le agbagba dzem be yewoaganya yewo nɔewo nyuie wu be yewoakpɔe ɖa be yewoate ŋu aɖe yewo nɔewo hã. Le dukɔ aɖewo me la, wogblɔna be wole gbe ɖom ɖi, alo wole si dzem wo nɔewo. Zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe dzea egɔme ne ŋutsu aɖe kple nyɔnu aɖe na eme kɔ be yewoƒe nu lé dzi na yewo nɔewo, eye esia yia edzi va se ɖe esime woɖo kpe edzi eye wodo ŋugbe na wo nɔewo be yewoaɖe srɔ̃ alo be yewoasee ɖe afi ma.
c Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.
d Le teƒe aɖewo la, ŋutsuwoe tena ɖe nyɔnuwo ŋu gbã ne woƒe nu do dzidzɔ na wo. Ke hã, naneke megblẽ le eŋu be nɔvinyɔnu aɖe nate ɖe nɔviŋutsu aɖe ŋu ne eƒe nu lé dzi nɛ o. (Rut 3:1-13) Ne èdi nyatakaka bubuwo la, ke kpɔ “Young People Ask . . . How Can I Tell Him How I Feel?” (« Les jeunes s’interrogent . . . Comment lui dire ce que je ressens pour lui ? ») si dze le October 22, 2004 ƒe Nyɔ! me.
e Kpɔ video si ƒe tanyae nye Wole Xɔse Ƒe Ʋiʋli Nyui La Ʋlim—Nɔviŋutsu Kple Nɔvinyɔnu Trewo le jw.org.