Ðe Elektrikŋusẽ Kple Mɔ̃memi Anɔ Anyi Ðaa Míazã?—Nya Si Biblia Gblɔ
“Egbea, amewo hiã elektrikŋusẽ le woƒe gbe sia gbe dɔwo me.” Nya siae Ðɔkta Fatih Birol gblɔ. Enye habɔbɔ si nye International Energy Agency ƒe amegã. Mí katã míehiã elektrikŋusẽ, eye le ƒe 2015 me la, xexea me dziɖulawo do ŋugbe be yewoakpɔ egbɔ be “elektrikŋusẽ li ɣesiaɣi ame sia ame nazã, maxɔ asi o eye magblẽ nu le yamenutowo me ŋu hã o.”a
Gake va se ɖe fifia la, woƒe ŋugbedodo sia meva eme o. Elabe kuxi geɖe le mɔ xem na wo. Le kpɔɖeŋu me, woƒe susu mewɔ ɖeka o, ame geɖe va le elektrisiti zãm fifia wu tsã, mɔ̃memi mele amewo nu dem o, eye mɔnu aɖewo siwo dzi wotona kpɔa elektrikŋusẽ la gblẽa nu le yamenutowo me ŋu. Ðe wòanya wɔ be amegbetɔwo katã nakpɔ elektrikŋusẽ kple mɔ̃memi azã wòasu woa? Nya kae Biblia gblɔ?
Aleke woakpɔ kuxiawo gbɔe?
Kuxia: amewo ƒe susu mewɔ ɖeka le mɔ si nye dedietɔ si dzi woato akpɔ elektrikŋusẽ ŋu o. Le xexea me godoo la, dzɔdzɔmenuwo abe gaz, ami kple aka si wokuna le tome ene mee wokpɔa elektrikŋusẽ akpa gãtɔ tsona. Ame geɖe gblɔna be mɔnu si dzi wotona kpɔa elektrikŋusẽ tso nu siawo me gbɔe wòtso be xexea me le dzo xɔm ɖe edzi. Togbɔ be ele alea hã, menye xexea me dziɖulawo katãe lɔ̃ ɖe edzi be woaɖe mɔnu sia zazã dzi akpɔtɔ o. Azɔ hã, dziɖuɖu siwo lɔ̃ ɖe edzi gɔ̃ hã hea nya le ale si woawɔe ŋu. Ale si woakpe ɖe dumeviwo ŋu woato mɔnu bubu siwo magblẽ nu le nutoa me ŋu o dzi akpɔ elektrikŋusẽ hã nye kuxi bubu na wo. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be dukɔwo de asi agbalẽ te le Parisb be yewoawɔ nu siwo ana xexea me ƒe dzoxɔxɔ nu naɖiɖi hã la, womete ŋu le wɔwɔm ɖe edzi o.
Biblia gblɔ be: ‘Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si agbã fiaɖuƒe siawo katã gudugudu.’—Daniel 2:44.
Biblia na míenya be dziɖuɖu aɖe le dziƒo, si nye Mawu Fiaɖuƒea, eye madidi o, ava xɔ ɖe dziɖuɖu siwo katã le xexea me egbea la teƒe. (Mateo 6:10) Esi wònye be Fiaɖuƒe sia koe aɖu anyigba bliboa dzi ta la, mahiã be wòade adaŋu kple dziɖuɖu aɖeke le ale si woawɔ akpɔ kuxiwo gbɔ ŋu o. Ŋusẽ le Mawu si be wòawɔ ‘nu sia nu si dze eŋu le dziƒo kple anyigba.’ (Psalmo 135:6) Eƒe Fiaɖuƒea awɔ nu siwo aɖe vi na ame sia ame eye wòakpɔ míaƒe nuhiahiãwo katã gbɔ le mɔ si magblẽ nu le anyigba ŋu o la nu.
Kuxia: elektrikŋusẽ meli ɣesiaɣi ame sia ame nazã o. Ame miliɔn alafa geɖe mekpɔa elektrisiti atsɔ awɔ woƒe gbe sia gbe dɔwo o, eye mɔ siwo dzi wotona doa dzo ɖaa nu hã te ŋu gblẽa nu le woƒe lãmesẽ ŋu. Ame miliɔn bubuwo hã kpɔa elektrisiti gake esi wòxɔ asi ta la, wometea ŋu zãna esi nu wohiã be woatsɔ akpɔ woƒe nuhiahiã vevi siwo ana woanɔ lãmesẽ me la gbɔ o. Nublanuitɔe la, ame siwo le dukɔ dahewo me la gakpea fu le nɔnɔme sia ta wu, vevietɔ nyɔnuwo kple ɖeviwo.
Biblia gblɔ be: “Oo Mawu . . . àdrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo ɖe eteƒe.”—Psalmo 67:3, 4.
Mawu mekpɔa ame ŋkume o, eye ewɔa nu ɖe amewo katã ŋu nyuie. (2 Kronika 19:7) Le esia ta la, akpɔ egbɔ be wowɔ nu ɖe ame sia ame ŋu sɔsɔe ne eƒe Fiaɖuƒea va le anyigba dzi ɖum. Azɔ hã, “ŋusẽ geɖe” le Mawu si. (Yesaya 40:26) Eya ta akpɔ egbɔ hã be nu sia nu si ame sia ame hiã la su esi, metsɔ le ame si wònye alo afi si wòle me o.
Kuxia: aʋawɔwɔ kple ʋunyaʋunya siwo yia edzi le dukɔwo dome. Dzɔdzɔmenu siwo me wokpɔa elektrisiti tsona la bɔ ɖe dukɔ aɖewo me. Gake aʋawɔwɔ, ʋunyaʋunya kple masɔmasɔ siwo yia edzi le dukɔ siawo kple dukɔ bubuwo dome la wɔnɛ be dukɔ bubuwo mete ŋu kpɔa agbɔsɔsɔ si wohiã o eye woƒe asi hã yia dzi.
Biblia gblɔ be: ‘Yehowac tsia aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi.’—Psalmo 46:8, 9.
Yehowa Mawu ana ʋunyaʋunya kple aʋawɔwɔwo nu natso keŋkeŋ. Ame siwo wɔna ɖe nu si Mawu Fiaɖuƒea di tso wo si dzi la anɔ dedie eye woakpɔ ŋutifafa ŋutɔŋutɔ. (Yesaya 32:17) Le esia ta la, naneke magaxe mɔ na amewo be nu siwo wohiã la nagasu wo si o, eye woate ŋu awɔ nu siwo wotsɔa elektrikŋusẽ wɔna egbea la bɔbɔe.
Kuxia: mɔ̃ɖaŋu kple nutovɛwo. Numekulawo tsi dzi vevie ŋutɔ elabe elektrikŋusẽ si gbegbe nutovɛwo hiã hafi ate ŋu awɔ dɔ la mele gbɔgblɔ me o. Nutovɛ siawo ƒe ɖee nye kɔmpiuta dzi ɖoɖo siwo srɔ̃a amegbetɔwo ƒe nuŋububu kple nuwɔna (artificial intelligence alo intelligence artificielle). Eye togbɔ be ame geɖe kpɔe be elektrikʋuwo maƒo ɖi ya si míegbɔna o hã la, mɔ siwo dzi wotona wɔa ʋu siawo ƒe batriwo kple ale si wotsɔa wo ƒua gbe ne womegale dɔ wɔm o la ate ŋu agblẽ nu le míaƒe anyigba ŋu.
Biblia gblɔ be: “Sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene.”—Yesaya 11:9.
Mawu ƒe nunya aɖe vi na amewo ne eƒe Fiaɖuƒea va le anyigba dzi ɖum. Esi wònye be Mawue wɔ mí ta la, enya mɔ nyuitɔ si dzi wòato akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ, evɔ magblẽ nu le dzɔdzɔmenuwo ŋu alo agblẽ wo dome o. Mawu akpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ ale si woazã dzɔdzɔmenuwo le mɔ si magblẽ nu le anyigba la ŋu o nu, ale be dzɔdzɔmenuwo siawo nanɔ anyi ɖaa.
Kuxia: yame ƒe nɔnɔme ƒe trɔtrɔ dziŋɔwo. Ahom sesẽ kple tsiɖɔɖɔ gãwo nana elektrikŋusẽ nu tsona le nuto geɖe me. Yame ƒe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã wɔe be ame gbogbowo le elektrisiti geɖe zãm ɖe yafamɔ̃wo ŋu, si na agba va le mɔ̃ siwo naa elektrikŋusẽ dzi ale gbegbe be womegate ŋu wɔa dɔ nyuie o.
Biblia gblɔ be: ‘Mawu nana ahom dzea akɔ anyi kpoo; ale be ƒutsotsoewo dzea eme.’—Psalmo 107:29.
Mawu kpɔ ŋusẽ ɖe yame ƒe nɔnɔmewo dzi. Maɖe mɔ ahom kple yame ƒe dzoxɔxɔ sesẽwo nagblẽ nu le amewo ŋu le eƒe Fiaɖuƒea te o. Elabe meɖoe le gɔmedzedzea me be nu siawo naɖe fu na amegbetɔwo kura o. Eya ta aɖɔ yame ƒe nɔnɔme ɖo eye wòana dzɔdzɔmenu siwo katã le anyigba dzi la nawɔ dɔ ɖe ɖoɖo nu, ale be woaɖe vi na mí.—Yesaya 35:7.
Ke ne wotrɔ ɖe dzɔdzɔmenu siwo mavɔ akpɔ o boŋ ŋu ɖe?
Be elektrikŋusẽ nanɔ anyi amegbetɔwo nazã ɣesiaɣi la, numekulawo do susu ɖa be woaɖee tso dzɔdzɔmenu siwo mevɔna o me. Esia ƒe ɖewoe nye ŋdɔ, ya, tsi kple dzoxɔxɔ si nɔa anyigba tume. Ðe wòanye be dzɔdzɔmenu siawoe míazã geɖe wu ne Mawu Fiaɖuƒea va le anyigba dzi ɖuma? Biblia megblɔ nya aɖeke tso esia ŋu o, gake ena míenya be Yehowae wɔ dzɔdzɔmenu siawo katã siwo me wokpɔa elektrikŋusẽ tsonɛ. Le ŋusẽ, gɔmesese kple nunya si gbegbe le Mawu si ta la, ate ŋu akpe ɖe amegbetɔwo ŋu woanya ale si woazã nu siawo be wòaɖe vi na wo bliboe.—Yeremiya 51:15.
Biblia na míenya be Mawu kpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmenu siwo mevɔna gbeɖe o, siwo me woɖea elektrikŋusẽ tsonɛ dzi. De dzesi nya si Biblia gblɔ dometɔ aɖewo.
Ŋdɔ. “[Mawue] wɔ kekeli kple ɣe.”—Psalmo 74:16.
Ya. ‘Mawu kplɔa ya donɛ tso eƒe nudzraɖoƒewo.’—Psalmo 135:7.
Tsi. ‘Mawu dzidze tsiwo.’—Hiob 28:25.
Dzoxɔxɔ si nɔa anyigba tume. “[Mawu] si mee anyigba ƒe gogloeƒewo le.”—Psalmo 95:4.
“Nunyae Yehowa tsɔ ɖo anyigba la gɔme anyi.” Esia fia be ewɔ dzɔdzɔmenu siwo mevɔna o, siwo me míate ŋu akpɔ elektrikŋusẽ tsoe hã le nunya me.—Lododowo 3:19
a Le ƒe 2015 me la, dukɔ siwo katã le Dukɔ Ƒoƒuawo me la wɔ ɖoɖo aɖe be kaka ƒe 2030 naɖo la, yewoawɔ nu siwo ana ŋgɔgbedede nava eye nu nade amewo dzi le xexea me godoo.
b Enye ɖoɖo aɖe si dzi dukɔ 195 da asi ɖo esi wokpe ta le Paris le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe kpekpe aɖe me le 2015 me. Taɖodzinuae nye be woakpɔ nu si woawɔ atsɔ aɖe xexea me ƒe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã dzi akpɔtɔ.
c Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?”