Nu Ka Tae Wòle Be Míanyo Dɔme? Nya Si Biblia Gblɔ Tso Dɔmenyonyo Ŋu
Ne èkpɔ ale si amewo metsɔa ɖeke le eme na ame o, ale si womewɔa nu ɖe ame ŋu nyuie o, kple ale si woléa fu ame kaɖikaɖi la, àlɔ̃ ɖe edzi be ehiã be míanyo dɔme na mía nɔewo geɖe wu. Eya ta mewɔ nuku o be ne ame aɖe tsɔa ɖe le eme na ame, lɔ̃a ame, doa vivi ɖe ame ŋu, nyoa dɔme eye wòlɔ̃na faa kpena ɖe ame ŋu la, míelɔ̃a nu le ame ma gbɔ kura o. Ne ame aɖe wɔ nu ɖe mía ŋutɔ alo ame bubu ŋu nyuie la, ewɔa dɔ ɖe mía dzi.
Le nyati sia me
Nu ka tae wòle vevie be míanyo dɔme?
Ne míenyo dɔme la, eɖea vi na míaƒe ame veviwo kple ame siwo le míaƒe nutowo me gɔ̃ hã. Le mɔ kawo nu? Dɔmenyonyo nana wònɔa bɔbɔe na amewo be woaka ɖe mía dzi. Esia wɔnɛ be míesea nu gɔme na mía nɔewo eye xɔlɔ̃wɔwɔ va nɔa mía dome. Ne míenyo dɔme la, míawo ŋutɔ míekpɔa dzidzɔ eye mía kple amewo dome vivina. Dɔmenyonyo nana wònɔa bɔbɔe na amewo be woaɖo dze tso nya sesẽwo ŋu alo akpɔ kuxi sesẽwo gbɔ. Ne míewɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie nyo dɔme na wo la, enana wokpɔnɛ be yewole vevie na mí. Eye ɖewohĩ susu vevitɔ kekeake si ta wòle be míanyo dɔme la dometɔ ɖekae nye be enana ame siwo míenyo dɔme na la hã nyoa dɔme na ame bubuwo. Ne ame sia ame kloe dzea agbagba wɔnɛ alea la, ana xexea me nɔnɔ nagavivi mía nu wu.
Dɔmenyonyo ɖea vi na míawo ŋutɔ hã. Biblia gblɔ be “ame si nyoa dɔme la le nyui wɔm na eya ŋutɔ ɖokui, ke ŋutasẽla hea xaxa vaa eya ŋutɔ ɖokui dzi.” (Lododowo 11:17) Le mɔ ka nu? Numekulawo gblɔ be ne míenyo dɔme la, míaƒe ahɔhɔ̃a tua lãmetsi aɖewo siwo tea ŋu ɖea míaƒe dzimaɖitsitsi dzi kpɔtɔna. Lãmetsi siawo nana míekpɔa dzidzɔ wu eye míenɔa lãmesẽ me. Eɖea vi na mí hã ne míebua nuwo ŋu nyuie eye mímewɔa nu siwo gbɔ míaƒe ŋutete ŋu o. Elabena ne míebua fɔ mía ɖokui edziedzi alo hlɔ̃na be míawɔ nu siwo míate ŋu awɔ o la, ɖeko nu agblẽ le míawo ŋutɔ ŋu.
Biblia gblɔ nya aɖe si na míekpɔe be ele be míana dɔmenyonyo nazu numame na mí. Egblɔ be: “Mido . . . dɔmenyonyo.” (Kolosetɔwo 3:12) Ale si ko awu siwo míedona la dzena nyuie amewo kpɔna la, nenema kee wòle be míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo nana amewo nakpɔe kɔtɛ be míenyoa dɔme. Ele be amewo nanya nɔnɔme sia tɔ ɖe mía ŋu. Esia fia be menye ƒãa hafi míanyo dɔme na ame aɖe o, ke boŋ anye nu si míanɔ wɔwɔm ɣesiaɣi.
Ale si míanyo dɔme na amewo
Se veve ɖe ame nu.
Biblia gblɔ be: “Ame ƒe nu newɔ nublanui na mí.”—1 Petro 3:8, Biblia.
Ne nɔnɔme si me ame aɖe le wɔ nublanui na mí eye míese veve ɖe enu hafi ko míate ŋu anyo dɔme nɛ. Eya ta dze agbagba nàse nu si me tom amewo le la gɔme. Ðo to nyuie ne wole nu ƒom. Esia ana woakpɔe be ètsɔ ɖe le eme na yewo eye wòana woƒe dzi nadze eme. Ne ètsɔ ɖokuiwò ɖo wo teƒe la, akpe ɖe ŋuwò be nàgbɔ dzi ɖi na wo eye ne wodo dziku na wò alo dze agɔ le dziwò hã la, àtsɔe ake wo bɔbɔe.—Kolosetɔwo 3:13.
Bu amewo ŋu eye nàwɔ nane atsɔ akpe ɖe wo ŋu.
Biblia gblɔ be: ‘Minɔ mia nɔewo ŋu bum.’—Hebritɔwo 10:24.
Wɔ nu siwo ana amewo nakpɔe be ètsɔ ɖe le eme na yewo. Bu wo ŋu nàkpɔe ɖa be nu kawoe woanya hiã. Eyome wɔ nu mawo nàtsɔ akpe ɖe wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu akpe ɖe wò aƒelika ŋu wòaɖo ʋu, aɖi asi alo awɔ aƒemedɔ aɖewo, ne èkpɔ be nu siawoe wòhiã. (Lododowo 3:27) Ne nu te ɖe ame aɖe si nènya dzi vevie la, àte ŋu ayi egbɔ ade dzi ƒo nɛ.—1 Tesalonikatɔwo 5:11, 14.
Bu nya siwo nàgblɔ ŋu hafi agblɔe.
Biblia gblɔ be: “Nuƒoƒo eŋumabumabui le abe yitɔame ene, ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.”—Lododowo 12:18.
Bu nya si nàgblɔ kple ale si nàgblɔe ŋu hafi aƒo nu. Ne èƒo nu eŋumabumabui alo le dziku me la, ate ŋu ave amea alo asisi abi nɛ. Gake ne èƒo nu nɛ nyuie wòde dzi ƒo nɛ la, akpɔe be ètsɔ ɖe le eme na ye eye eƒe dzi adze eme.
Tsɔ ɖe le eme na amewo ŋutɔŋutɔ.
Biblia gblɔ be: ‘Miganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke midi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.’—Filipitɔwo 2:4.
Na wò nuƒoƒo kple nuwɔnawo naɖee afia be ètsɔ ɖe le eme na amewo ŋutɔŋutɔ eye nèdi woƒe nyonyo. Amewo ƒe nu nenɔ susu me na wò; ɖewohĩ àte ŋu aɖoe ɖokuiwò dzi be yeanɔ ame aɖe ƒe fɔfɔme ta biam se. Zã wò ɣeyiɣi ɖe amewo ŋu. Nu suesuesuewo li nàte ŋu awɔ be amewo nakpɔe be ètsɔ ɖe le eme na yewo. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu akɔ mo ɖe wo, ado gbe na wo vividoɖeameŋutɔe alo agblɔ nya aɖe atsɔ ade dzi ƒo na wo.
Ame siwo nyo dɔme le Biblia me
Togbɔ be Abraham ye nye ƒomea ƒe ta hã la, eɖe mɔ na tɔɖiayɔvi Lot wòtia anyigbaa ƒe teƒe nyuitɔ.—1 Mose 13:5-12.
Rut ku ɖe lɔ̃xoa Naomi ŋu esi wo ame evea va zu ahosiwo. Ekpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ eye wòna wògakpɔ dzidzɔ ake.—Rut 1:16.
Tabita (si wogayɔna be Dorkas) tɔa awu mana na ame siwo dzi nu mede o.—Dɔwɔwɔwo 9:36-39.
Esi wode apostolo Paulo gaxɔ me le Roma la, exɔlɔ̃a Onesiforo vae di ʋuu ke ɖe eŋu eye wòde dzi ƒo nɛ.—2 Timoteo 1:16, 17.
Lo si Yesu do ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃la la ŋu fia nu vevi aɖe mí tso dɔmenyonyo ŋu. Le lododo ma me la, ŋutsu aɖe ɖee fia be yenye havi ŋutɔŋutɔ esi wòkpe ɖe Yudatɔ aɖe si adzodalawo fi eye wogaƒo vevie la ŋu.—Luka 10:29-37.