INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wcg ta 45 axa 204-207
  • “Nu Vɔ̃ Wɔlae Menye”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Nu Vɔ̃ Wɔlae Menye”
  • Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ku Nu Me
  • De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu
  • Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu
  • Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee
  • Eva Zu Agakpe
    Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
  • Srɔ̃ Ale Si Yehowa Kple Yesu Bua Nuwo Ŋui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Esrɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Esrɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
wcg ta 45 axa 204-207

45 PETRO

“Nu Vɔ̃ Wɔlae Menye”

Tatatɔ
Tatatɔ

TƆƑODELA dovevienue Petro nye eye ewɔa dɔ sia kple eƒe ƒomea me tɔ aɖewo. Enye dzinɔameƒotɔ. Egblɔa eƒe susu faa eye wòwɔa nu kpata ne ehiã. Gbe ɖeka la, nɔviaŋutsu Andrea tsɔ dzidzɔ va gblɔ nɛ be: “Míekpɔ Mesia la.” Enumake Petro yi Yesu gbɔ eye wòva zu eyomedzelawo dometɔ ɖeka.

Le ɣleti aɖewo megbe la, Yesu yi Kapernaum, afi si Petro dea tɔƒo le. Petro nɔ tɔ dzi zã bliboa katã gake meɖe lã aɖeke o, eye ɖeɖi te eŋu ŋutɔ hafi Yesu va do goe. Yesu gblɔ nɛ be wòaku tɔdziʋua ayi afi si goglo eye wòaɖi eƒe ɖɔawo ɖe tsia me ake. Petro meka ɖe edzi be ema ana yeaɖe lã aɖeke o. Elabe zi geɖe la, womekpɔa lã ɖena le ŋkeke me o! Eya ta egblɔ na Yesu be, “Míeku kutri zã blibo la katã, ke míeɖe naneke o.” Gake eɖi ɖɔawo ɖe tsia me abe ale si Yesu gblɔ nɛ ene. Eteƒe medidi o, eɖe lã gbogbo aɖe ŋutɔ ale be tɔdziʋu eve sɔŋ yɔ eye wodze toyiyi! Vɔvɔ̃ ɖo Petro. Edze klo ɖe Yesu ŋkume eye wògblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, dzo le gbɔnye, elabena nu vɔ̃ wɔlae menye.” Petro se le eɖokui me be yemedze anɔ Yesu, Mawu ƒe Vi sia, si si ŋusẽ le wòwɔ nukunu sia la ŋu o. Gake Yesu de dzi ƒo nɛ be: “Mègavɔ̃ o. Tso fifia dzi la, ànɔ amewo ɖem agbagbee.”

Petro dze klo ɖe Yesu ŋkume le tɔdziʋu aɖe me esime Yesu nɔ anyi ɖe ŋgɔ le tɔdziʋua me. Tɔƒodelawo le avu wɔm be yewoahe yewoƒe ɖɔwo ade tɔdziʋua me eye tɔmelãwo yɔ ʋua fũu.

Yesu kpɔe be nɔnɔme nyuiwo le Petro si eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, etiae be wòanye yeƒe apostolo 12-awo dometɔ ɖeka. Petro ɖe dzinɔameƒo fia le mɔ geɖe nu. Le kpɔɖeŋu me, ne Yesu gblɔ nya aɖe si gɔme nusrɔ̃lawo mese o la, zi geɖe la, Petroe bianɛ be wòaɖe eme na yewo. Eye esi Yesu zɔ le atsiaƒu dzi la, Petro ɖeka ko ƒo dzi nɔ wòbiae be wòana ye hã yeazɔ tsia dzi ava egbɔ.

Zi geɖe la, Petro wɔa nu dzitsitsitɔe, eya ta ehiã be dzi nanɔ eƒo hafi wòate ŋu alɔ̃ ɖe eƒe vodadawo dzi awɔ tɔtrɔ siwo hiã

Petro gaɖe dzinɔameƒo fia le mɔ bubu nu. Zi geɖe ne ame aɖe wɔ nu gbegblẽ eye woɖɔe ɖo la, ahiã be dzi nanɔ eƒo hafi wòate ŋu alɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be yeda vo eye wòawɔ tɔtrɔwo. Dzi nɔ Petro ƒo wòwɔ esia enuenu. Gbe ɖeka esi Yesu nɔ ale si woava wui gblɔm la, Petro tsɔ dzitsitsi ɖo aɖaŋu nɛ be: “Aƒetɔ, di nyui na ɖokuiwò.” Gake Yesu gbe nya nɛ vevie, elabe ekpɔe be enɔ nu ƒom tsi tre ɖe Mawu ƒe ɖoɖo ŋu abe ale si Satana wɔnɛ ene. Petro bɔbɔ eɖokui eye wòtrɔ eƒe nuŋububu.

Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, eɖoe be yeafia nu vevi aɖe yeƒe apostolowo ku ɖe ɖokuibɔbɔ ŋu, eya ta ete afɔkɔklɔ na wo abe ale si subɔvi tsɛwo wɔnɛ ene. Gake Petro ya gbe eye wògblɔ na Yesu be: “Gbeɖe, màklɔ afɔ nam akpɔ o.” Ke hã Yesu ɖɔe ɖo. Enumake Petro gawɔ nu si gbɔ eme wu kura, egblɔ na Yesu be wòaklɔ yeƒe asiwo kple ta kpe ɖe yeƒe afɔwo ŋu. Eya ta Yesu gaɖɔe ɖo ake. Emegbe Yesu gblɔe ɖi be yeƒe apostolowo katã agblẽ ye ɖi. Gake Petro gblɔ be ne edzɔ be ame susɔeawo gblẽ Yesu ɖi hã la, ye ya yemagblẽe ɖi akpɔ gbeɖe o! Yesu na Petro nya be le zã ma tututu me la, agbe nu le ye gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ.

Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, asrafowo va lé Yesu eye wokplɔe dzoe. Dzi nɔ Petro ƒo wòkplɔ wo ɖo, gake menɔ wo yome tututu o. Wokplɔ Yesu yi nunɔlagãa ƒe aƒe me, afi si wowɔ fui le eye wodrɔ̃ ʋɔnui ɖe nu si mewɔ o ta. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, Petro nɔ nunɔlagã la ƒe aƒea ƒe xɔxɔnu eye ame siwo nɔ afi ma la dometɔ aɖewo kpɔe dze sii. Wogblɔ be Petro nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka. Gake Petro gbe zi etɔ̃ sɔŋ be yemenya ŋutsu la gɔ̃ hã o, abe ale si tututu Yesu gblɔe ɖi ene.

Esi Yesu do go la, ekpɔ Petro dũu. Petro ƒe dzi gbã vevie. Edzo le aƒea ƒe xɔxɔnu “eye wòdo go yi xexe ɖafa avi vevie.” Gaƒoƒo aɖewo megbe la, wowu exɔlɔ̃ Yesu eye esia anya gagbã dzi nɛ wu nu bubu ɖe sia ɖe si dzɔ ɖe edzi kpɔ le agbe me. Gake Petro mena nu si wòwɔ ɖe Yesu ŋu la ɖe dzi le eƒo o. Eɖoe kplikpa be yeado dzi. Nu kae wòwɔ emegbe? Ewɔ ɖeka kple apostolo susɔeawo eye wòyi edzi subɔ Yehowa. Emegbe esi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, eɖe eɖokui fia Petro ɖeɖe. Biblia megblɔ nya si tututu Yesu gblɔ nɛ o, gake míenya be dzi anya ɖo Petro ƒo eye eƒe dzi hã dze eme elabe Yesu tsɔ nu si wòwɔ ɖe eŋu la kee.

Le kwasiɖa aɖewo megbe la, Yesu kpe kple eƒe apostoloawo le Galilea-ƒua nu eye wòde dɔ tɔxɛ aɖe asi na Petro. Ale si ko Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃ la, Yesu hã na mɔnukpɔkpɔ Petro zi etɔ̃ be wòaɖee afia be yelɔ̃ ye. Esi Yesu ka ɖe Petro dzi ta la, ede dɔ vevi aɖe asi nɛ be: “Nyi nye alẽ sueawo.” Le agbalẽ sia ƒe Ta 49 lia me la, míakpɔ ale si dzi nɔ Petro ƒo geɖe wu tsã wòwɔ dɔ ma.

Xlẽ ŋutinyaa le Biblia me:

  • Mateo 14:​23-29; 15:15; 16:​21-23; 18:21; 19:​27-29; 26:​69-75

  • Marko 14:​27-31, 53, 54; 16:7

  • Luka 5:​1-11; 12:41; 22:​61, 62; 24:​33, 34

  • Yohanes 1:​40-42; 13:​3-10, 36-38; 21:​15-17

Numedzodzro:

Aleke Petro ɖe dzinɔameƒo fia le agbalẽa ƒe ta sia me?

Ku Nu Me

  1. 1. Aleke tɔƒodede nɔ le Biblia ŋlɔɣiwo? (it “Adedada Kple Tɔƒodede” ¶6-7-wcgr) A

    Ƒe alafa gbãtɔ me tɔƒodela aɖe le ɖɔ sam.

    Nɔnɔmetata A

  2. 2. Nu ka tae Yesu tsɔ ŋkɔ na Simon be Kefas (Petro)? (numeɖeɖe si ku ɖe “wòe nye Simon” ŋu le Yohanes 1:​42, nwtsty-wcgr)

  3. 3. Nu kae Yesu wɔnɛ esi wòkpe Petro kple Andrea be woava zu ‘ameɖelawo’? (Mat. 4:​18-20; w16.05 10 ¶3-4) B

    Ƒe alafa gbãtɔ me tɔƒodela ene le avu wɔm vevie be yewoahe ɖɔ si yɔ kple tɔmelãwo la ade tɔdziʋu me.

    Nɔnɔmetata B

  4. 4. Ɣeyiɣi kpui aɖe hafi Yesu natrɔ ayi dziƒo la, ebia Petro be: “Èlɔ̃am wu esiawoa?” Nu kae Yesu ƒe nyabiase sia anya fia? (numeɖeɖe si ku ɖe “èlɔ̃am wu esiawoa?” ŋu le Yohanes 21:​15, nwtsty-wcgr)

De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu

  • Aleke Petro ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi asubɔ Yehowa ne èdaa vo zi geɖe hã? D

    Fotoawo: Nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na nu te ɖe edzi. Nɔviŋutsua dze le foto etɔ̃awo me. Nɔviŋutsu sɔhɛa le ahuhɔ̃e me kpɔm eye wòlé blanui esi wòle eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu bum. Nɔviŋutsu eve va srã sɔhɛa kpɔ eye wole Biblia zãm tsɔ le dzi dem ƒo nɛ. Nɔviŋutsu sɔhɛa le Biblia xlẽm le kplɔ̃ta le hame ƒe kpekpe aɖe me.

    Foto D

  • Ne ède ŋugble le ale si Yehowa kple Yesu lɔ̃ faa tsɔ ke Petro ŋu la, aleke esia ate ŋu aɖe vi na wòe?

  • Aleke nàte ŋu asrɔ̃ dzinɔameƒo si Petro ɖe fia le ŋutinya sia me?

Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu

  • Nu kae ŋutinya sia fiam tso Yehowa ŋu?

  • Aleke ŋutinya sia wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tameɖoɖo?

  • Nu kae nèsrɔ̃ tso Petro ŋu le ŋutinya sia me si na dzi dzɔ wò be wotiae be wòaɖu fia kple Kristo le dziƒo?

Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee

Aleke dzilawo ate ŋu azã Petro ƒe ŋutinya atsɔ afia nu wo viwo tso ale si Yehowa kpɔa nublanui ŋu?

Yehowa Tsɔna Kena Faa (9:40)

Kpɔ ale si Petro wɔ nuteƒe na Yesu esime ame geɖe gblẽ Yesu ɖi.

“Ewɔ Nuteƒe Le Dodokpɔwo Me” (ia 188-195)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe