INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wcg ta 49 axa 220-223
  • Eva Zu Agakpe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Eva Zu Agakpe
  • Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ku Nu Me
  • De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu
  • Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu
  • Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee
  • “Nu Vɔ̃ Wɔlae Menye”
    Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
  • Srɔ̃ Ale Si Yehowa Kple Yesu Bua Nuwo Ŋui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Esrɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Mina Míalé Míaƒe Xɔse Xɔasi la me ɖe Asi Sesi̇̃e!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
wcg ta 49 axa 220-223

49 PETRO

Eva Zu Agakpe

Tatatɔ
Tatatɔ

ESI Yesu do go Simon eteƒe medidi o la, etsɔ ŋkɔ yeye nɛ. Egblɔ nɛ be: “Wòe nye Simon, Yohanes vi; woayɔ wò be Kefas.” Ŋkɔ “Kefas” alo eƒe Helagbe me tɔ “Petro” siaa gɔmee nye “Agakpe.” Nu ka tae Yesu tsɔ ŋkɔ ma na Simon? Agakpe nye nu si ŋu ŋusẽ le si nɔa anyi eteƒe didina eye woate ŋu azãe atsɔ atu xɔ. Edze be Yesu nɔ gbɔgblɔm be Petro anɔ abe agakpe ene—dzi anɔ eƒo eye wòado ŋusẽ hamewo.

Ðe Petro va zu ŋutsu si tɔgbi Yesu gblɔ be ava nyea? Abe ale si míekpɔe le agbalẽa ƒe Ta 45 ene la, Petro menɔ abe agakpe ene ɣesiaɣi o. Ɣeaɖewoɣi la, xɔse menɔ esi o eye vɔvɔ̃ hã wɔe be wòtso nya me gbegblẽwo. Gake Yesu yi edzi ka ɖe edzi. Enya be ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, Petro asrɔ̃ ale si wòana dzi nanɔ eƒo geɖe wu. Ðe wòva eme nenema?

Esi Yesu ku eye wofɔe ɖe tsitre megbe la, ede dɔ vevi sia asi na eƒe apostolowo be woaɖe gbeƒã nya nyuia. Petro tsɔ dzo ɖe dɔ ma ŋu. Eɖe dzinɔameƒo fia le mɔ geɖe nu le eƒe agbe me. Le kpɔɖeŋu me, esi Yudatɔ akpe nanewo va ƒo ƒu na azã gã aɖe ɖuɖu le Yerusalem la, dzi nɔ Petro ƒo wòtɔ ɖe ame gbogbo mawo ŋkume eye wògblɔ na wo kãŋ be woawoe wu Mesia la. Petro ƒe nyawo na ame geɖe se veve ɖe woƒe nuwɔnawo ta eye wotrɔ dzi me. Esia wɔe be ame abe 3,000 ene xɔ nyɔnyrɔ va zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo.

Nu kae kpe ɖe Petro ŋu be xɔse sẽŋu va su esi eye dzi nɔ eƒo geɖe?

Petro na gbeƒãɖeɖedɔa va zu eƒe dɔ vevitɔ le agbe me. Yesu tsɔ “Dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo” de esi, si fia be enae mɔnukpɔkpɔa be wòakpe ɖe ame hatsotso vovovo etɔ̃ ŋu be woava nya nu tso nya nyuia ŋu eye mɔkpɔkpɔ nasu wo si woaɖu fia kple Yesu le dziƒo. Eya ta dzi nɔ Petro ƒo wòɖe gbeƒã ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe na Yudatɔwo gbã, emegbe Samariatɔwo, kple mlɔeba na Dukɔwo me tɔwo. Ezɔ mɔ nɔ gbeƒã ɖem tso teƒe yi teƒe eye wòde dzi ƒo na nɔvia xɔsetɔwo hã. Ɣeaɖewoɣi la, srɔ̃a yina kplii. Petro zɔ mɔ yi keke Babilon ke gɔ̃ hã, eye wònɔ afi ma ɖe gbeƒã na amewo.

Petro to nɔnɔme sesẽ geɖe me le eƒe gbeƒãɖeɖedɔa me eye amewo tsi tre ɖe eŋu vevie hã. Wode eya kple apostolo bubuwo gaxɔ me enuenu. Yuda subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo de se na wo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe. Gake Petro gblɔ na wo be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.” Togbɔ be woƒo wo emegbe hã la, woyi edzi nɔ Mawu Fiaɖuƒea kple Yesu Kristo si nye Fia si Yehowa ɖo la ŋu nya gblɔm na amewo.

Petro kple apostolo bubu aɖewo le dze ɖom dzidzɔtɔe esi woƒo wo vɔ. Ʋu wɔ ɖe woƒe awuwo me eye wole dua ƒe ablɔ aɖe dzi zɔm va yina. Yudatɔ aɖewo fɔ ŋku ɖe wo dzi elabe woƒe nu le nuku wɔm na wo.

Ale si wonɔ Kristotɔwo yome tim la nu gava sẽ ɖe edzi. Wowu Stefano ɖe eƒe xɔse ta, abe ale si míekpɔe le ta si do ŋgɔ me ene. Abe ƒe ewo ene megbe la, wowu apostolo Yakobo si nye Petro xɔlɔ̃ hã ɖe eƒe xɔse ta. Esi fia vɔ̃ɖi Herodes si nɔ dzi ɖum ɣemaɣi la kpɔe be esia dzɔ dzi na Yudatɔwo la, eɖe gbe be woalé Petro hã. Wode kɔsɔkɔsɔwo Petro, tui ɖe gaxɔ me eye wona dzɔlawo nɔ eŋu dzɔm ale be wòagasi o. Hafi Yesu nayi dziƒo la, ena Petro nya be woalée ade gaxɔ me eye woawui. Petro anya susui be Yesu ƒe nyawoe nye ema le eme vam.

Le zã ma me la, mawudɔla aɖe va do ɖe Petro dzi zi ɖeka le gaxɔa me. Enyɔ Petro le alɔ̃ me, tu kɔsɔkɔsɔawo nɛ eye wòkplɔe to dzɔlawo ŋu to agbo gã la nu do ɖe ablɔ dzi. Nu kae Petro wɔ? Mesi dzo le Yerusalem yi teƒe didi aɖe be yeanɔ dedie o. Ke boŋ eyi afi si wònya be ye nɔviwo aƒo ƒu ɖo anɔ gbe dom ɖa anɔ Yehowa subɔm. Kpɔ ale si dzi anya dzɔ Petro esi wòkpɔ wo ɖa, eye eƒe vava anya de dzi ƒo na woawo hã ŋutɔ!

Petro meŋlɔ se siwo eƒe Aƒetɔ Yesu de nɛ la be kpɔ gbeɖe o. Yesu gblɔ nɛ be: “Do ŋusẽ nɔviwòwo”; “nyi nye alẽ sueawo.” (Luka 22:32; Yohanes 21:17) Petro ɖe gbeƒã dzinɔameƒotɔe eye wòde dzi ƒo na Mawu ƒe amewo le afi sia afi si wòyi. Petro mede blibo o. Eda vo aɖewo. Ɣeaɖeɣi esi wòdi be yeadze amewo ŋu ta la, egbe be yemaɖu nu kple ameƒomevi aɖewo o, eya ta eva hiã be apostolo bubu aɖe naɖɔe ɖo. Gake Petro bɔbɔ eɖokui eye wòwɔ apostoloa ƒe nyawo dzi. Eyome eyi edzi de dzi ƒo na nɔviawo. Eŋlɔ agbalẽ eve siwo va nye Biblia ƒe akpa aɖewo. Esubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe va se ɖe esime wolée de gaxɔ me zi mamlɛtɔ eye wowui. Gake dzi meɖe le eƒo o eye eƒe xɔse me megbɔdzɔ kpɔ o. Nyateƒee, Petro va zu “agakpe”!

Xlẽ ŋutinyaa le Biblia me:

  • Mateo 16:​18, 19

  • Yohanes 1:​40-42; 21:​14-19

  • Dɔwɔwɔwo 2:​14-43; 5:​17-42; 8:​14-17, 25; 10:​44-48; 12:​1-17

  • Galatiatɔwo 2:​11-14

  • 1 Petro 5:13

  • 2 Petro 1:​12-15

Numedzodzro:

Aleke Petro ɖe dzinɔameƒo fia le agbalẽa ƒe ta sia me?

Ku Nu Me

  1. 1. Yesu tsɔ “dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo” na Petro. Aleke Petro zã safui mawoe? (Mat. 16:​18, 19; ijwbq nyati 124 ¶1-5) A

    Anyigbatata si na míekpɔ afi siwo Petro zã “Fiaɖuƒea ƒe safuiwo” le.

    Foto A: Petro ɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na Yudatɔwo le Yerusalem, na Samariatɔwo le Samaria, kple na Dukɔwo me tɔwo le Kaisarea

  2. 2. Nu kae ɖee fia be Petro medea vovototo ame me o, hafi wòva yi Dukɔwo me tɔ Kornelio ƒe aƒe me gɔ̃ hã? (Dɔw. 10:​5-7, 23; bt 69 ¶1, etenuŋɔŋlɔ) B

    Foto B: Afi si blemadu Yopa nɔ

  3. 3. Nu kae ɖee fia be Petro wɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo nɛ la dzi? (w17.04 26-27 ¶15-17)

  4. 4. Nu ka tae Petro ʋu yi Babilon? (w14 1/15 24 ¶9)

De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu

  • Petro ƒo nu na ameha aɖe dzinɔameƒotɔe le Yerusalem, gake ewɔe le bubumɔ nu. Nɔnɔme kawo mee wòahiã le be dzi nanɔ mía ƒo gake míade bubu amewo ŋu?

  • Togbɔ be apostoloe Petro nye hã la, elɔ̃ faa wɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo nɛ la dzi. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Petro? D

    Fotoawo: Wole aɖaŋu vevi aɖe ɖom na nɔviŋutsu aɖe si le nɔvi aɖewo nu le habɔbɔa ƒe xɔ aɖe tuƒe. Nɔviawo gadze le foto siwo kplɔe ɖo la me. Nɔvi si le nɔviawo nu la mele nu ƒom na nɔviŋutsu eve aɖewo nyuie o. Nɔviŋutsu eve bubu siwo hã le dɔ wɔm le afi ma la le nu si le dzɔdzɔm la kpɔm. Emegbe nɔviŋutsu eve siwo kpɔ nua teƒe la le Ŋɔŋlɔawo zãm tsɔ le aɖaŋu ɖom na nɔviŋutsu si le nɔviawo nu la lɔlɔ̃tɔe.

    Foto D

  • Mɔ bubu ka nue nàte ŋu asrɔ̃ dzinɔameƒo si Petro ɖe fia le ŋutinya sia me le?

Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu

  • Nu kae ŋutinya sia fiam tso Yehowa ŋu?

  • Aleke ŋutinya sia wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tameɖoɖo?

  • Nu kae nèsrɔ̃ tso Petro ŋu le ŋutinya sia me si na wòdzɔ dzi na wò be wotiae be wòaɖu fia kple Kristo le dziƒo?

Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee

Aleke míate ŋu asrɔ̃ Petro aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ne vɔvɔ̃ ɖo mí?

Srɔ̃ Nu Tso Woƒe Kpɔɖeŋua Me—Petro (6:48)

Zã nutata ƒe dɔdeasi sia nàtsɔ asrɔ̃ nu geɖe tso ŋutinya si le Dɔwɔwɔwo ta 10 lia me.

“Mawu Mekpɔa Ame Ŋkume O” (Internet dzi “Bibliasɔsrɔ̃ Ƒe Dɔdeasiwo”)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe