INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wcg ta 51 axa 228-231
  • “Akɔfafavi”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Akɔfafavi”
  • Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ku Nu Me
  • De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu
  • Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu
  • Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee
  • Barnaba “Akɔfafavi” La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • ‘Wonɔ Dzidzɔ Kpɔm Eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe Yɔ Wo Fũu’
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • “Yehowa Do Ŋusẽ Wo Woƒo Nu Dzinɔameƒotɔe”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • ’Wole Ŋusẽ Dom Hameawo’
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
Kpɔ Bubuwo
Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
wcg ta 51 axa 228-231

51 BARNABA

“Akɔfafavi”

Tatatɔ
Tatatɔ

ESI Saul si tso Tarso va zu Yesu ƒe nusrɔ̃la ƒe etɔ̃ megbe la, eyi Yerusalem be yeakpɔ Kristotɔawo ɖa. (Gal. 1:​15-19) Ebu wo be wonye ye nɔviwo, ke woawo ya wobui be egakpɔtɔ nye yewo yometila si ɖo tame vɔ̃ ɖe yewo ŋu. Edze ƒãa be nɔvi geɖe meka ɖe edzi be etrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ o. Gake nɔviŋutsu aɖe ya ƒe dɔme trɔ ɖe Saul ŋu eye dzi nɔ eƒo wòkpe ɖe eŋu. Wova yɔ nɔviŋutsu sia emegbe be Barnaba.

Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem la nɔ vɔvɔ̃m be yewoakpe ɖe Saul si tso Tarso ŋu, gake dzi nɔ Barnaba ya ƒo wòkpe ɖe eŋu

Zi gbãtɔ si woƒo nu tso Barnaba ŋu le Biblia me la, woyɔe be Yosef. Le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekenyuia ɖuɣi ƒe ɣeyiɣiawo me la, edzra eƒe anyigba aɖe eye wòtsɔ ga la na be woatsɔ akpɔ Kristotɔawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Apostoloawo tsɔ ŋkɔ nɛ be Barnaba, si gɔmee nye “Akɔfafavi,” elabe enyoa dɔme eye wòdina vevie be yeafa akɔ na amewo. Emegbe le ƒe 36 K.Ŋ. lɔƒo la, dzi nɔ eƒo wòkpe ɖe Saul ŋu. Biblia gblɔ be: “Barnaba kpe ɖe eŋu eye wòkplɔe yi apostoloawo gbɔ.” Tso ɣemaɣi la, Saul kple Barnaba va zu xɔlɔ̃ veviwo.

Barnaba le Saul ɖem fia apostolo eve siwo le agbalẽ xatsaxatsawo xlẽm le aƒe aɖe me.

Saul ɖe gbeƒã le Yerusalem dzonɔamemetɔe ale gbegbe. Esia medzɔ dzi na Yudatɔ zazɛ̃nyahela aɖewo o, eye woɖo nugbe be yewoawui. Eya ta nɔviawo ɖoe ɖe Tarso, afi si wodzii le. Anɔ abe ƒe asieke ene megbe la, nɔviawo ɖo Barnaba ɖe Antiokia si le Siria be wòakpe ɖe hame si le afi ma ŋu, elabe ame geɖe va zu Kristotɔwo le dua me. Barnaba te ŋu de dzi ƒo na hame si le Antiokia la ŋutɔ, elabe “ame nyui wònye, gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔe fũu eye xɔse sẽŋu le esi.” Esi Antiokiatɔ gbogbo aɖewo di be yewoase nya nyuia ta la, ehiã be Barnaba nadi ame aɖe si akpe ɖe eŋu woaɖe gbeƒã na wo afia nu wo. Eya ta eyi Tarso vae di exɔlɔ̃ Saul. Saul kplɔ Barnaba ɖo woyi Antiokia eye wo ame evea do vevie nu ɖe gbeƒã na amewo. Emegbe Barnaba kple Saul zɔ mɔ yi Yudea be yewoatsɔ ga kple nu bubu siwo Antiokia nɔviwo dzɔ la ayi na nɔvi siwo hiã tu.

Saul, si wova yɔ emegbe be Paulo la, kpe ɖe Barnaba ŋu woɖe gbeƒã le du bubuwo me. Le woƒe mɔzɔzɔa me la, wodo go nɔnɔme vovovo siwo bia be dzi nanɔ wo ƒo. Le kpɔɖeŋu me, le Ikonio la, Yudatɔ aɖewo tsi tre ɖe wo ŋu eye wodi be yewoaƒu kpe wo woaku, eya ta wodzo yi Listra. Listratɔwo susui gbã be mawuwoe wonye! Gake Yudatɔ aɖewo tso Antiokia si nɔ Pisidia kple Ikonio va gblẽ wo ŋu na amehaa. Eya ta wodze Paulo dzi ƒu kpee eye wohee do goe le dua me, elabe wosusu be eku. Esi Kristotɔ siwo nɔ Listra va ƒo xlã Paulo la, wode dzesii be meku o. Paulo te ŋu tso eye wòkplɔ wo ɖo yi dua me. Bu dzidzɔ si gbegbe wòanye na Barnaba ŋu kpɔ! Le esia megbe la, wodzo le Listra. Gake wogatrɔ va le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe be yewoafa akɔ na Kristotɔ siwo nɔ afi ma. Esia bia dzinɔameƒo ŋutɔ!

Paulo kple Barnaba wɔ dɔ geɖe na Yehowa, togbɔ be woƒe agbe ɖoa afɔku me ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. Gake kuxi aɖe va do mo ɖa si wɔe be wohe nya kple wo nɔewo vevie. Nu si dzɔe nye be esi ɣeyiɣia de be woagazɔ mɔ ayi teƒe bubu la, Barnaba di be yeƒe ƒometɔ Marko nakplɔ yewo ɖo. Gake esia medzɔ dzi na Paulo o, elabe esi Marko nɔ mɔ zɔm kpli wo va yi la, eva trɔ le wo yome. Paulo kple Barnaba mete ŋu se nu gɔme na wo nɔewo o. Esia wɔe be “wodo dɔmedzoe ɖe wo nɔewo ŋu vevie,” eye woma mɔ.

Ðe dzi anɔ Barnaba ƒo wòawɔ nu si sɔ le nɔnɔme sia hã mea? Ne masɔmasɔ aɖe ɖo mía kple nɔvi aɖe dome la, ate ŋu awɔ na mí be míalé nɔvia ɖe dɔme, agblẽ eŋu na ame bubuwo alo adzudzɔ kpekpeawo dede gɔ̃ hã. Ebia dzinɔameƒo be míaƒo asa na nu mawo wɔwɔ eye míayi edzi ana ŋutifafa nanɔ mía kple mía nɔviwo dome ale be míaƒe nu nadze Mawu ŋu.

Edze ƒãa be togbɔ be masɔmasɔ ma ɖo wo dome hã la, woyi edzi subɔ Yehowa. Barnaba kple Marko ɖo tɔdziʋu yi Kipro, eye woyi woƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa dzi le afi ma. Paulo ya kplɔ Sila ɖe asi eye Yehowa kpe ɖe wo ŋu wowɔ dɔ geɖe ŋutɔ.

Ðe Paulo kple Barnaba lé wo nɔewo ɖe dɔmea? Ao. Esi Paulo ŋlɔ agbalẽ na hameawo emegbe la, eƒo nu nyui tso Barnaba ŋu. Le lɛtaawo dometɔ ɖeka me la, egblɔ be Barnaba wɔa dɔ tsɔ kpɔa eɖokui dzi abe ale si ye hã yewɔnɛ ene. (1 Kor. 9:6) Paulo melé Marko hã ɖe dɔme o, elabe le eƒe lɛta bubu me la, egblɔ be nɔviawo nawɔ nu ɖe Marko, si nye “Barnaba ƒe ƒometɔ” la ŋu nyuie. (Kol. 4:​10, 11) Biblia megblɔe nenye be Paulo kple Barnaba gazɔ mɔ bubuwo ɖekae o, gake míeka ɖe edzi be wokpɔtɔ nye xɔlɔ̃ nyuiwo. Barnaba yi edzi wɔ nu wòwɔ ɖeka kple gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu. Efa akɔ na amewo eye wòyi edzi nɔ nya nyuia gblɔm. Barnaba anya na hehe ɖekakpui Marko godoo esime wonɔ subɔsubɔdɔa wɔm ɖekae. Míaƒo nu tso Marko ƒe dzinɔameƒo ŋu le ta si kplɔe ɖo me.

Xlẽ ŋutinyaa le Biblia me:

  • Dɔwɔwɔwo 4:​34-37; 9:​23-31; 11:​19-30; 12:25–13:​5, 42-52; 14:​1-26; 15:​35-41

Numedzodzro:

Aleke Barnaba ɖe dzinɔameƒo fiae?

Ku Nu Me

  1. 1. Lewi-vie Barnaba nye. Le Mose ƒe Sea nu la, Lewi-viwo mexɔ anyigba aɖeke o. Ke aleke wòdzɔe be anyigba va nɔ Barnaba si? (4 Mose 18:20; Dɔw. 4:​36, 37; w98 4/15 20 ¶4-wcgr, etenuŋɔŋlɔ)

  2. 2. Nu ka tae woyɔ Barnaba be apostolo? (Dɔw. 14:14; w98 4/15 21 ¶6-wcgr)

  3. 3. Barnaba kple Paulo ɖe gbeƒã na ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Sergio Paulo le Kipro. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be esɔ be Luka ɖɔ ŋutsu sia le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me be enye “nuto gã dziɖula”? (Dɔw. 13:​7, 12; w14 1/1 11 ¶4-5) A

    Bank of Cyprus Cultural Foundation Collection

    Foto A: Gaku aɖe si wokpɔ le Kipro si dzi Klaudio ƒe ta le. Klaudio ye nye Roma nutodziɖula le afi ma esime Barnaba kple Paulo yi Kipro dua me. Woŋlɔ ɖe gakua dzi be ame si kpɔ ŋusẽ ɖe ƒukpoa dzie nye “nuto gã dziɖula”

  4. 4. Listratɔwo ɖoe be yewoasa vɔ na Paulo kple Barnaba atsɔ awɔ amedzro na wo. Nu ka tae woƒe nuwɔna sia mewɔ nuku o? (bt 97, aɖaka)

De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu

  • Aleke míate ŋu asrɔ̃ Barnaba anyo dɔme na amewo?

  • Togbɔ be Barnaba ye xɔ ŋgɔ le eya kple Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔa me gbã hã la, wova de dɔ geɖe asi na Paulo. Gake esia mewɔe be Barnaba ʋã ŋu Paulo o. Nɔnɔme kawo mee míate ŋu asrɔ̃ Barnaba le? B

    Fotoawo: 1. Hamemetsitsi aɖe si le eƒe ƒe 40-awo me la le “Gbetakpɔxɔ” Nusɔsrɔ̃ dzi kpɔm le Fiaɖuƒe Akpata me dzidzɔtɔe eye nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe hã tsɔ dzidzɔ le “Gbetakpɔxɔ” Nusɔsrɔ̃a ƒe memamawo xlẽm. 2. Le ƒe aɖewo megbe la, hamemetsitsia nɔ anyi ɖe nɔviwo dome le vivi sem na “Gbetakpɔxɔ” Nusɔsrɔ̃a esi nɔviŋutsu sɔhɛa le edzi kpɔm.

    Foto B

  • Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Barnaba ƒe dzinɔameƒo?

Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu

  • Nu kae ŋutinya sia fiam tso Yehowa ŋu?

  • Aleke ŋutinya sia wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tameɖoɖo?

  • Nu ka tae wòdzɔ dzi na wò be wotia Barnaba be wòaɖu fia kple Kristo le dziƒo?

Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee

Aleke kadodo si nɔ Barnaba kple Paulo dome la na míekpɔe be ame siwo si nɔnɔme vovovowo le la ate ŋu awɔ dɔ ɖekae?

“Ðe Nàkpɔ Masɔmasɔwo Gbɔ Be Ŋutifafa Nanɔ Anyia?” (w17.06 16-20)

Le video sia me la, kpɔ ale si míate ŋu asrɔ̃ Barnaba kple Paulo ne masɔmasɔwo ɖo mía kple nɔvi aɖe dome.

“Ele Be Míawɔ Ŋutifafa” (3:23)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe