INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 3/15 axa 3-4
  • Aleke Nàna Wò Gbedodoɖawo Nanyo ɖe Edzii?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Nàna Wò Gbedodoɖawo Nanyo ɖe Edzii?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Wò Gbedodoɖawo Nanyo Ðe Edzi Wu To Biblia Sɔsrɔ̃ Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ðe Viɖe aɖe Le Gbedodoɖa Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • ‘Mina Mawu Nanya Miaƒe Dzimedidiwo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 3/15 axa 3-4

Aleke Nàna Wò Gbedodoɖawo Nanyo ɖe Edzii?

GBEDODOÐA nye nu ɖedzesi aɖe le Yehowa Mawu ƒe nunanawo dome. Tsitretsiɖeŋulawo axɔ wò Biblia alo axe mɔ na wò be màgakpe kple hati tadeagulawo o, gake ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na wò be màgado gbe ɖa o. Gbedodoɖa nye nu xɔasi aɖe ŋutɔ. Ekema aleke wòhele vevie enye si be mía dometɔ ɖesiaɖe nade bubu mɔnukpɔkpɔ sia ŋu ahawɔ eŋudɔ bliboe. Nukae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò gbedodoɖawo nanyo ɖe edzi?

Menye gbedodoɖagbalẽ ye Biblia nye o. Ke hã la, míate ŋu agblɔ be ameƒomea ƒe gbedodoɖasrɔ̃gbalẽ gãtɔe wònye. Gbedodoɖa 150 kple edzivɔe le Hebri Ŋɔŋlɔawo ɖeɖeko me. Wo dometɔ aɖewo le kpuie; bubuwo hã didi. Fiawo alo aboyomewoe do wo ɖa le dutoƒo alo le ɣaɣlaƒe, le aʋadziɖuɖu alo le xaxa me. Abe alesi Dawid dzi ha le Psalmo 65:3 ene la, “ŋutilãwo katã” trɔna ɖe Yehowa, ‘Gbedodoɖasela’ la, ŋu. Nukata Mawu ʋã Biblia-ŋlɔlawo woŋlɔ gbedodoɖa vovovo siawo ɖi?

Be míaɖo biabia ma ŋu la, bu Timoteo II, 3:16 ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la, enyo.” Eyata woŋlɔ Biblia me gbedodoɖawo ɖi be woafia mɔ mí, abe alesi Ŋɔŋlɔawo me nyagblɔɖi, gɔmeɖosewo, kple ŋutinyamenuŋlɔɖiwo wɔna ene. Aleke gbedodoɖa siawo ate ŋu aɖe vi na míi?

Ne míedzro Ŋɔŋlɔawo me gbedodoɖawo me nyuie la, míate ŋu akpɔ esiwo wodo ɖa le nɔnɔme siwo ɖi mía tɔ me. Míate ŋu akpɔ alesi gbedodoɖawo ƒe taɖodzinu kple nɔnɔme siwo me wodo wo ɖa le to vovoe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míakpɔ kafukafu kple akpedanya yeyewo kple nya siwo sɔ na míaƒe kukuɖeɖe kple nubiabiawo. Ne míagblɔe kpuie la, Biblia me gbedodoɖawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu mía ŋutɔwo ƒe gbedodoɖawo nanyo ɖe edzi.

Edze ƒã be gbedodoɖa aɖe si woŋlɔ ɖe Biblia me la me nyawo ɖe vi na Maria si va zu Yesu dada. Eyi ɖasrã eƒe ƒometɔ Elizabet kpɔ esi Mawu na wo dometɔ ɖesiaɖe fɔ fu megbe. Maria kafu Mawu heda akpe nɛ, eye eƒe nya aɖewo ɖi esiwo le gbedodoɖa aɖe si le Hebri Ŋɔŋlɔawo me wòɖe dzesi. Edze abe Maria nya gbe si Xana si nye nyagblɔɖila Samuel dada do ɖa ene. Mawu kpe ɖe Xana hã ŋu wòdzi vi ƒe 1,000 kple edzivɔ do ŋgɔ. Ðe wòanye be Maria bu gbedodoɖa sia ŋu le esi wòɖe eya ŋutɔ ƒe seselelãmewo fia ta?—Samuel I, 2:1-10; Luka 1:46-55.

Ke wò ya ɖe? Àte ŋu aɖo ŋku gbe aɖe si wodo ɖa le Biblia me le nɔnɔme siwo ɖi tɔwò me dzia? Gbedodoɖa siawo didi, wo xexlẽ, kple ŋugbledede le wo ŋu akpe ɖe ŋu ŋuwò be wò dzeɖoɖo kple Mawu nanyo ɖe edzi. Míekpe wò be nàdzro Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me gbedodoɖa etɔ̃ me le nyati si kplɔe ɖo me. Wodo wo ɖa le nɔnɔme vovovo siwo aɖi tɔwò me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe