Exlẽlawo Bia Be . . .
Ðe Biblia Da Asi Ðe Mawuɖekaetɔ̃ Ƒe Nufiafia La Dzia?
▪ Woɖea Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la gɔme le mɔ vovovowo nu. Ðekae nye esi: “Mawu etɔ̃ ye li (Fofo la, Vi la, kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la), wo katã woli tegbee, wo katã wonye ŋusẽkatãtɔ, wo dometɔ aɖeke melolo wu alo le tsɛ wu o, wo dometɔ ɖe sia ɖe nye Mawu, gake wo ame etɔ̃a nye Mawu ɖeka.” Ðe Biblia da asi ɖe nufiafia sia dzia?
Amewo hea susu yia Mateo 28:19 dzi zi geɖe be yewoatsɔ aɖo kpe nufiafia sia dzi. Le Eʋegbe Biblia nu la, Yesu gblɔ be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me.” Ele eme be woyɔ Fofo la, Vi la, kpakple gbɔgbɔ kɔkɔea le kpukpui sia me ya. Gake womegblɔ be wole ɖeka o. Yesu nɔ eyomedzela Yudatɔwo dɔm be woaɖafia nu amewo ahanyrɔ wo ɖe Fofo la, Vi la, kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me. Abe dukɔ ene la, nu ka dzie Yudatɔwo xɔ se?
Esi Mawu tsɔ Se ƒe nubabla la, si nye Biblia ƒe akpa aɖe, na Israel dukɔa la, ede se na wo be: “Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o.” (5 Mose 5:7) Ame nenie nɔ nya sia gblɔm? Ŋuɖoɖoa dze ƒãa, elabena 5 Mose 6:4 gblɔ be: “Israel, see, Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe!”—menye mawu etɔ̃ le ɖeka me o. Ðeko woɖe Israel viwo tso kluvinyenye me le Egipte teti koe nye ema, eye Egiptetɔwo dea ta agu na mawuɖekaetɔ̃ si nye Osiris, Isis, kple Horus (edze le miame) kpakple mawuɖekaetɔ̃ bubuwo. Eya ta wode se na Israel viwo be woade ta agu na Mawu ɖeka ko. Aleke gbegbee se sia dzi wɔwɔ nɔ vevie? Agbalẽnyalagã J. H. Hertz, si nye Yudatɔwo ƒe sefiala, gblɔ be: “Mawu ɖeka pɛ subɔsubɔ ƒe se sia nye aʋahoho ɖe mawu geɖe subɔsubɔ ɖe sia ɖe ŋu . . . Shema la meda asi ɖe Kristotɔwo ƒe mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia si nye dada le Mawu ƒe Ameɖekanyenye dzi la dzi o.”a
Esi Yesu nye Yuda vidzidzi ta la, se sia lɔ eya hã ɖe eme. Esi Abosam tee kpɔ le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe la, egblɔ be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi be, ‘Yehowa wò Mawu ye wòle be nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe wòle be nàwɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na.’” (Mateo 4:10; 5 Mose 6:13) Míate ŋu asrɔ̃ nu eve ya teti tso nya sia me. Gbã la, Satana nɔ Yesu tem kpɔ be wòade ta agu na ame bubu aɖe tsɔ wu Yehowa, ke hã ne ɖe Yesu nye Mawu ɖeka ma ke ƒe akpa aɖe la, ke gɔmesese aɖeke manɔ tetekpɔ sia ŋu o. Evelia, Yesu na eme kɔ be Mawu ɖeka koe wòle be woade ta agu na esi wògblɔ be “eya ɖeka koe,” evɔ ne ɖe eya hã nye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖe la, anye ne egblɔ be “mí.”
Ne amewo va dze si Mawu ŋuti nyateƒea hedi be yewoasubɔe la, wonyrɔa wo ɖe “Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me.” (Mateo 28:19) Esia fia be wose egɔme helɔ̃ ɖe edzi be Yehowa ye nye ŋusẽkatãtɔ, eye wose akpa vevi si Yesu Kristo wɔna be Yehowa ƒe tameɖoɖowo nava eme la gɔme. (Psalmo 83:19; Mateo 28:18) Azɔ hã, wose akpa si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, si nye eƒe dɔwɔŋusẽ, wɔna la gɔme.—1 Mose 1:2; Galatiatɔwo 5:22, 23; 2 Petro 1:21.
Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la tɔtɔ amewo ƒe alafa geɖewoe nye esia. Ke Yesu ya na nuwo me kɔ na eyomedzelawo, eye wòhe woƒe susu yi “Mawu vavã ɖeka la,” si nye Yehowa, dzi.—Yohanes 17:3.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Emeʋuʋu be Yehowa nye Mawu ɖeka, abe ale si wòdze le Shema, si nye gbedodoɖa si wotu ɖe 5 Mose 6:4 dzi me ene la, nye tadedeagu ƒe akpa vevi aɖe le ƒuƒoƒeawo.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 23]
Musée du Louvre, Paris