INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Vifofo aɖe Kple Eƒe Vi Dzeaglãwo
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
    • 20 Yesaya ƒo nyagblɔɖinya sia ta be: “Ðe menye Yehowa Zebaot ye kpɔtɔ ame ʋɛ aɖewo ɖi na mí o la, anye ne esusɔ vie ko míele abe Sodom ene, eye míeɖi Gomora!” (Yesaya 1:9)c Yehowa akpe ɖe Yuda ŋu mlɔeba wòanɔ te ɖe Asiria ƒe ŋusẽ nu. Womatsrɔ̃ Yuda gbidii abe Sodom kple Gomora ene o. Akpɔtɔ anɔ anyi.

      21. Esi Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem vɔ megbe la, nukata Yehowa ‘kpɔtɔ ame ʋɛ aɖewo ɖi’?

      21 Le ƒe 100 kple edzivɔ megbe la, wogava nɔ ŋɔdzi dom na Yuda. Dukɔa mesrɔ̃ nu tso to si wohe na wo to Asiria dzi me o. “Woɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔawo ŋu, wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu.” Esia na “Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o.” (Kronika II, 36:16) Babiloniatɔwo ƒe fiagã Nebukadnezar ɖu Yuda dzi eye fifia ya la, womegblẽ naneke ɖi o ‘abe agbadɔ le weingble me ene.’ Wotsrɔ̃ Yerusalem gɔ̃ hã. (Kronika II, 36:17-21) Ke hã Yehowa “kpɔtɔ ame ʋɛ aɖewo ɖi.” Togbɔ be Yuda nɔ aboyo me ƒe 70 hã la, Yehowa kpɔ egbɔ be dukɔa ganɔ anyi, vevietɔ Dawid ƒe ƒomea si me Mesia si ŋugbe wodo la adzɔ tso.

      22, 23. Nutaka Yehowa “kpɔtɔ ame ʋɛ aɖewo ɖi” le ƒe alafa gbãtɔ me?

      22 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Israel si nye dukɔ si Mawu bla nu kplii la to eƒe xaxa mamlɛtɔ me. Esi Yesu ɖee fia be yee nye Mesia si ŋugbe wodo la, dukɔa gbee eye esia na Yehowa hã gbe wo. (Mateo 21:43; 23:37-39; Yohanes 1:11) Ðe esia fia be dukɔ tɔxɛ aɖeke maganɔ Yehowa si le anyigba dzi azɔ oa? Ao, menye nenema o. Apostolo Paulo ɖee fia be Yesaya 1:9 agava eme. Eyɔ nya tso Septuagint gɔmeɖeɖea me ŋlɔ bena: “Abe alesi Yesaya gblɔ nya ɖi ene bena: ‘Ðe menye Aƒetɔ Zebaot ye susɔ ƒome ɖi na mí o la, anye ne míetrɔ zu abe Sodom ene, eye míaɖi Gomora.’”—Romatɔwo 9:29.

      23 Fifia ya amesiwo tsi agbe lae nye Kristotɔ amesiamina siwo xɔ Yesu Kristo dzi se. Amesiawo nye Yudatɔ xɔsetɔwo gbã. Emegbe Dukɔwo me tɔ siwo xɔ se va kpe ɖe wo ŋu. Woƒo ƒu zu Israel yeye, “Mawu ƒe Israel.” (Galatiatɔwo 6:16; Romatɔwo 2:29) “Ƒome” sia tsi agbe esi wotsrɔ̃ Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia le ƒe 70 M.Ŋ. me. Le nyateƒe me la, “Mawu ƒe Israel” la gali egbea. Fifia xɔsetɔ miliɔn geɖe siwo tso dukɔwo me va kpe ɖe wo ŋu, amesiwo nye “ameha gã, si ame aɖeke [mate ŋu axlẽ] o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.”—Nyaɖeɖefia 7:9.

      24. Nukae wòle be amewo katã nade dzesii ne wodi be yewoatsi agbe le ameƒomea ƒe xaxa gãtɔ kekeake me?

      24 Eteƒe madidi o xexe sia adze ŋgɔ Harmagedon-ʋa la. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Togbɔ be xaxa sia nu asẽ wu alesi wònɔ esime Asiriatɔwo loo alo Babilontɔwo va dze Yuda dzi, eye wòasesẽ wu Romatɔwo ƒe Yudea tsɔtsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. me hã la, amewo atsi agbe le eme. (Nyaɖeɖefia 7:14) Eyata aleke gbegbe wòle vevie be mí katã míabu nya siwo Yesaya gblɔ na Yuda ŋu nyuie enye si! Ena nuteƒewɔlawo te ŋu tsi agbe ɣemaɣi. Eye ate ŋu ana amesiwo xɔ se natsi agbe egbea hã.

  • Vifofo aɖe Kple Eƒe Vi Dzeaglãwo
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
    • c C. F. Keil kple F. Delitzsch ƒe agbalẽ si nye Commentary on the Old Testament gblɔ be: “Esia nye nyagblɔɖila la ƒe nyaawo ƒe akpa aɖe ƒe nuwuwu. Dometsotso si wogblẽ ɖe kpukpui 9 kple 10 lia dome ɖee fia be woma nyaa me ɖe akpa eve le afisia. Nyawo ƒe akpa gã alo suewo mama le mɔ sia nu, eɖanye to dometsotso gbegblẽ ɖi loo alo be woasee ɖe fli aɖe dzi o, nye mɔnu si wozãna xoxoxo do ŋgɔ na [Hebrigbe me] dzesi siwo wozãna na ablɔɖegbeɖiɖiwo kple gbeɖɔɖɔdzesiwo, eye mɔnu nyanyɛ aɖe si wozãna tso blema ke dzie wotui ɖo.”

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe