Ta Ewolia
“Amenuveɣi”
1, 2. (a) Yayra kae Yesaya kpɔ? (b) Amekawo ŋue nyagblɔɖinya si woŋlɔ ɖe Yesaya ta 49 lia ƒe afã gbãtɔa ku ɖo?
ƔEYIƔI didi aɖee nye sia si Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe amegbetɔ siwo nye nuteƒewɔlawo katã ŋu hekpɔa wo ta. Gake Yehowa mevea ame ɖesiaɖe ko nu o. Ele be ame nadze hafi wòate ŋu axɔ yayra sia si ɖeke mesɔ kplii o la. Yesaya nye amesiwo dze nɛ la dometɔ ɖeka. Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu eye Yehowa to edzi na ame bubuwo nya Eƒe lɔlɔ̃nu. Woŋlɔ esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe ɖe Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒe ta 49 lia ƒe afã gbãtɔ me.
2 Abraham ƒe dzidzimeviwoe wogblɔ nya siawo na le nyagblɔɖi me. Le emevava gbãtɔ me la, Israel-dukɔa ye nye dzidzimevi ma si do tso Abraham me. Gake edze ƒã be nya la ƒe akpa geɖe ku ɖe Abraham ƒe Dzidzimevi si wonɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖe, si nye Mesia si ŋugbe wodo la ŋu. Nya mawo siwo tso gbɔgbɔ me la ku ɖe Mesia la ƒe gbɔgbɔmenɔviwo, amesiwo va zu Abraham ƒe gbɔgbɔmedzidzimevia kple “Mawu ƒe Israel” ƒe akpa aɖe la hã ŋu. (Galatiatɔwo 3:7, 16, 29; 6:16) Vevietɔ la, Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa sia ƒo nu tso ƒomedodo tɔxɛ si le Yehowa kple Via lɔlɔ̃a, Yesu Kristo, dome ŋu.—Yesaya 49:26.
Yehowa Tiae Hekpɔ Eta
3, 4. (a) Amekae le megbe na Mesia la? (b) Amekawoe Mesia la ƒo nu na?
3 Mawu ve Mesia la nu, alo kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Yehowa tsɔ ŋusẽ kple kakaɖedzi si hiã be wòawɔ eƒe dɔ ade goe la nɛ. Eyata esɔ be amesi ava zu Mesia le etsɔme la gblɔ be: “Mi ƒukpowo, miɖo tom, mi adzɔge dukɔwo, miƒu to anyi! Yehowa yɔm tso dɔ me ke, eye wòyɔ ŋkɔnye tso danye ƒe dɔ me ke.”—Yesaya 49:1.
4 Dukɔ siwo le “adzɔge” ye Mesia la ƒo nu na le afisia. Togbɔ be Yudatɔwoe wodo Mesia la ƒe ŋugbe na hã la, eƒe subɔsubɔdɔa ahe yayra vɛ na dukɔwo katã. (Mateo 25:31-33) Togbɔ be Yehowa mebla nu kple “ƒukpowo” kpakple “dukɔwo” o hã la, ele be woaɖo to Israel ƒe Mesia la, elabena wodɔe be wòaxɔ na ameƒomea katã.
5. Aleke wona ŋkɔ Mesia la gɔ̃ hã hafi wova dzii wòzu amegbetɔ?
5 Nyagblɔɖia gblɔ be Yehowa ayɔ Mesia la ŋkɔ hafi woava dzii wòazu amegbetɔ. (Mateo 1:21; Luka 1:31) Ɣeyiɣi didi aɖe hafi woava dzi Yesu la, woyɔ eyama be enye “nukunu, adaŋudela, Mawu kalẽtɔ, fofo mavɔ, ŋutifafafia.” (Yesaya 9:6) Imanuel, si anye Yesaya viŋutsu aɖe ƒe ŋkɔe, hã va zu ŋkɔ si woyɔ na Mesia la le nyagblɔɖi me. (Yesaya 7:14; Mateo 1:21-23) Wogblɔ ŋkɔ—Yesu—si woava yɔ na Mesia la gɔ̃ hã ɖi hafi wova dzii. (Luka 1:30, 31) Hebrigbe me nya si gɔmee nye “Yehowa Nye Xɔname” la mee woɖe ŋkɔ sia tsoe. Edze ƒã be menye Yesu ŋutɔe wɔ eɖokui Kristoe o.
6. Mɔ ka nue Mesia la ƒe nu le abe yi ɖaɖɛ ene, eye aleke woɣla eyamae?
6 Mesia ƒe nyagblɔɖinya la yi edzi be: “Ewɔ nye nu abe yi ɖaɖɛ ene, eɣlam ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te, eye wòtsɔm wɔ aŋutrɔ biɖoe hetsɔm ƒo ɖe eƒe daku me.” (Yesaya 49:2) Esime ɣeyiɣia de be Yehowa ƒe Mesia la nadze eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa gɔme le ƒe 29 M.Ŋ. me la, Yesu ƒe nya kple nuwɔnawo nɔ abe aʋawɔnu ɖaɖɛ si le biɖoe ene nyateƒe, eye wòte ŋu ɖo eƒe nyaselawo ƒe dzi gbɔ. (Luka 4:31, 32) Eƒe nya kple nuwɔnawo na Yehowa ƒe futɔ gã, Satana, kple eƒe dɔlawo ƒe dziku fla. Tso Yesu dziɣi ke la, Satana dze agbagba be yeaɖe Eƒe agbe ɖa, gake Yesu le abe aŋutrɔ si woɣla ɖe Yehowa ŋutɔ ƒe daku me ene.a Ate ŋu atsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔ be Fofoa akpɔ ye ta. (Psalmo 91:1; Luka 1:35) Esi ɣeyiɣi ɖoɖia de la, Yesu tsɔ eƒe agbe na ɖe ameƒomea ta. Gake ɣeyiɣi aɖe le vava ge esime wòazu aʋakalẽtɔ sẽŋu le dziƒo abla aʋakpa le gɔmesese bubu nu, eye yi ɖaɖɛ nado tso eƒe nu me. Ɣemaɣi la, yi ɖaɖɛa atsi tre ɖi na ŋusẽ si Yesu atsɔ adrɔ̃ ʋɔnu Yehowa ƒe futɔwo ahahe to na woe.—Nyaɖeɖefia 1:16.
Mawu ƒe Dɔla ƒe Agbagbadzedze Menye Dzodzro O
7. Ameka ŋue Yehowa ƒe nya siwo le Yesaya 49:3 la ku ɖo, eye nukatae?
7 Azɔ Yehowa gblɔ nyagblɔɖinya siawo be: “Israel, nye dɔla nènye, amesi [me maɖe nye atsyɔ̃ afia le, “NW”].” (Yesaya 49:3) Yehowa yɔ Israel-dukɔa be enye yeƒe dɔla. (Yesaya 41:8) Gake Yesu Kristoe nye Mawu ƒe Dɔla si ɖe dzesi wu. (Dɔwɔwɔwo 3:13) Mawu ƒe nuwɔwɔ aɖeke magate ŋu aɖe Yehowa ƒe “atsyɔ̃” afia wòade Yesu tɔ nu o. Eyata togbɔ be Israel koŋue wogblɔ nya siawo na hã la, Yesu ŋue woku ɖo ŋutɔŋutɔ.—Yohanes 14:9; Kolosetɔwo 1:15.
8. Aleke Mesia la ŋutɔ detɔwo wɔ nu ɖe eŋui, gake ameka sinue Mesia la kpɔ be wòatso afia le yeƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu?
8 Gake ɖe menye nyateƒe be Yesu ŋutɔ detɔwo ƒe akpa gãtɔ do vloe hegbee oa? Ẽ. Ne míagblɔe gbadzaa la, Israel-dukɔa mexɔ Yesu be enye Mawu ƒe Dɔla si wòsi ami na o. (Yohanes 1:11) Awɔ na Yesu ŋɔlimetɔwo be viɖe gobi aɖeke mele nusiwo wòwɔ le eƒe anyigbadzinɔɣi la ŋu o, eye be mehiã gɔ̃ hã o. Mesia la ƒo nu wòku ɖe eƒe subɔsubɔdɔ si dze abe ɖe wòdo kpo nu ene la ŋu le nya si kplɔe ɖo me be: “Medze agbagba yakatsyɔ, eye megblẽ nye ŋusẽ ɖe ya me dzodzro.” (Yesaya 49:4a) Menye dzie ɖe le Mesia la ƒo wògblɔ nya siawo o. Bu nya si wògblɔ kplɔe ɖo ŋu kpɔ: “Ke Yehowa si me nye nya le, eye nye fetu le nye Mawu gbɔ.” (Yesaya 49:4b) Mawue atso afia le Mesia la ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu, ke menye amegbetɔwoe o.
9, 10. (a) Dɔ kae Yehowa de asi na Mesia la, eye nukae do tso eƒe dɔwɔwɔ me? (b) Aleke nusiwo me Mesia la to ate ŋu ade dzi ƒo na Kristotɔwo egbeae?
9 Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ, alo amenuveve, koŋue nɔ vevie na Yesu. Mesia la gblɔe le nyagblɔɖi me be: “Azɔ ale Yehowa, amesi mèm tso dɔ me ke hewɔ eƒe dɔlae, ne wòakplɔ Yakob agbɔe, eye wòaƒo Israel nu ƒu la gblɔ nam esi; elabena bubu le ŋunye le Yehowa ŋku me, eye nye Mawu enye nye ŋusẽ.” (Yesaya 49:5) Mesia la va be yeatrɔ Israel-viwo ƒe dzi ɖe wo Fofo si le dziƒo la ŋu. Ame akpa gãtɔ melɔ̃ o, ke hã ame aɖewo trɔ. Gake Yehowa Mawu gbɔe eƒe fetu ŋutɔŋutɔ le. Yehowa ŋutɔ ƒe dzidzenuwoe woatsɔ adzidze eƒe dzidzedzekpɔkpɔe ke menye amegbetɔ ƒe nukpɔsusue o.
10 Egbea ate ŋu awɔ na Yesu yomedzelawo ɣeaɖewoɣi be yewole agbagba dzem yakatsyɔ. Le teƒe aɖewo la, adze abe ɖe woƒe subɔsubɔdɔa meɖea vi aɖeke o ene ne wotsɔe sɔ kple dɔ agbɔsɔsɔme si wowɔ kpakple agbagba siwo wodze. Ke hã Yesu ƒe kpɔɖeŋua dea dzi ƒo na wo wodoa dzi. Apostolo Paulo ƒe nyawo hã doa ŋusẽ wo, amesi ŋlɔ bena: “Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.”—Korintotɔwo I, 15:58.
“Kekeli na Dukɔwo”
11, 12. Aleke Mesia la nye ‘kekeli na dukɔwoe’?
11 Yehowa de dzi ƒo na Mesia la le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me esi wòɖo ŋku edzi nɛ be Mawu ƒe Dɔla nyenye menye “nu tsɛ” o. Ele be Yesu “nafɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu, eye [wòakplɔ] Israel ƒe amesiwo woɖe la agbɔe.” Yehowa gaɖe eme be: “Metsɔ wò ɖo kekeli na dukɔwo hã, ne nanye nye xɔname vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.” (Yesaya 49:6) Aleke Yesu nye kekeli na dukɔwo “vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke” evɔ wònye Israel koe wòwɔ eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa le?
12 Biblia ƒe nuŋlɔɖi ɖee fia be Yesu ƒe dzodzo le anyigba dzi mewɔe be Mawu ƒe “kekeli na dukɔwo” tsi o. Anɔ ƒe 15 le Yesu ƒe ku megbe la, dutanyanyuigblɔla siwo nye Paulo kple Barnaba yɔ nya tso nyagblɔɖi si le Yesaya 49:6 me hetsɔe ku ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo, amesiwo nye eƒe gbɔgbɔmenɔviwo la ŋu. Woɖe eme be: “[Yehowa, NW] de se na mí bena: ‘Meɖo wò nanye trɔ̃subɔlawo ƒe kekeli, bena nanye xɔxɔ hena anyigba ƒe seƒe ke.’” (Dɔwɔwɔwo 13:47) Hafi Paulo ŋutɔ naku la, ekpɔe be woɖe gbeƒã nyanyuia na “nuwɔwɔwo katã le dziƒo te,” ke menye na Yudatɔwo ɖeɖeko o. (Kolosetɔwo 1:6, 23) Egbea Kristo nɔvi amesiamina susɔeawo yi edzi le dɔ sia wɔm. Amesiawo siwo ŋu “ameha gã” siwo ƒe xexlẽme ɖo miliɔn geɖe kpena ɖo la zu “kekeli na dukɔwo” le dukɔ siwo wu 230 me le xexeame katã.—Nyaɖeɖefia 7:9.
13, 14. (a) Amewo ƒe nɔnɔme ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu kae Mesia la kple eyomedzelawo do goe? (b) Aleke nɔnɔmewo trɔ bubui?
13 Yehowa ye doa ŋusẽ eƒe Dɔla Mesia la, Mesia la nɔvi amesiaminawo, kple ameha gã la me tɔ siwo katã yia edzi wɔa dɔ si nye gbeƒãɖeɖe nyanyuia kpli wo la vavã. Nyateƒee, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo do go fewuɖuɖu kple tsitretsiɖeŋu abe eya ŋutɔ ene. (Yohanes 15:20) Gake Yehowa naa nuwo trɔna bubui ɣesiaɣi le eƒe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi tsɔ ɖea esubɔla nuteƒewɔlawo heɖoa eteƒe na wo. Yehowa do ŋugbe le Mesia si “wodo vloe” eye “dukɔ la nyɔ ŋui” la ŋu be: “Fiawo akpɔe ahatso ɖe tsitrenu, eye amegãwo ade ta agu le Yehowa, amesi metrɔa ta me o la ta, le Israel ƒe kɔkɔetɔ, amesi tia wò la ta.”—Yesaya 49:7.
14 Emegbe apostolo Paulo ŋlɔ lɛta na Kristotɔ siwo le Filipi le alesi nɔnɔmewo atrɔ bubui alea ŋu. Egblɔ le Yesu ŋu be enye amesi woɖi gbɔe le fuwɔameti ŋu gake Mawu doe ɖe dzi ɣemaɣi. Yehowa ‘do eƒe Dɔla la ɖe dzi kakaka, eye wòtsɔ ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ ta la kee, bene amewo katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me.’ (Filipitɔwo 2:8-11) Woxlɔ̃ nu Kristo yomedzela nuteƒewɔlawo be woati woawo hã yome. Gake wona kakaɖedzi wo be Yehowa ave wo nu abe Mesia la ene.—Mateo 5:10-12; 24:9-13; Marko 10:29, 30.
‘Amenuveɣi Tɔxɛ La’
15. ‘Ɣeyiɣi’ tɔxɛ ka ŋue woƒo nu tsoe le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me, eye nukae esia fia?
15 Yesaya ƒe nyagblɔɖia yi edzi kple nya aɖe si le vevie ŋutɔ. Yehowa gblɔ na Mesia la be: “Ale Yehowa gblɔ esi: Mase wò gbe le amenuveɣi, eye maxɔ na wò le xɔnamegbe, makpɔ tawò, eye matsɔ wò aɖo nubabla na dukɔ la.” (Yesaya 49:8a) Woŋlɔ nyagblɔɖi sia tɔgbe ɖe Psalmo 69:14-19. Hakpala la ƒo nu tso “amenuveɣi” aɖe ŋu, eye wòzã nya “ɣeyiɣi nyuitɔ.” (NW) Nya siawo fia be Yehowa wɔa eƒe amenuveve kple ametakpɔkpɔ ŋudɔ le nɔnɔme tɔxɛ aɖe me, gake le ɣeyiɣi kpui tɔxɛ aɖe ko me.
16. Ɣekaɣie nye Yehowa ƒe amenuveɣi na blema Israel?
16 Ɣekaɣie nye amenuveɣi ma? Gbugbɔɖoanyi ŋuti nyagblɔɖi aɖe mee nya sia nɔ gbã eye egblɔ alesi Yudatɔwo atrɔ yi wo de tso aboyo me la ɖi. Amenuveɣi aɖe va na Israel-dukɔa esime wote ŋu “[ɖo] anyigba la te” eye “domenyinu, si zu gbegbe” la gazu wo tɔ. (Yesaya 49:8b) Womeganye “gatɔwo” le Babilon o. Esime wonɔ mɔ dzi yina wo de la, Yehowa kpɔ egbɔ be “dɔ” alo “tsikɔ” mewu wo o, eye ‘ŋdɔ kple ɣe hã meɖu wo o.’ Israel ƒe ameha siwo ka hlẽ ‘tso adzɔge, dziehe kple ɣetoɖoƒe’ trɔ va wo denyigba dzi. (Yesaya 49:9-12) Togbɔ be nyagblɔɖi sia va eme zi gbãtɔ alea wòwɔ dɔ ɖe ame dzi hã, Biblia ɖee fia be agava eme le mɔ bubuwo nu.
17, 18. Amenuveɣi kae Yehowa ɖo le ƒe alafa gbãtɔ me?
17 Gbã, le Yesu dziɣi la, mawudɔlawo ɖe gbeƒãe be ŋutifafa kple Mawu ƒe amenuveve, alo ŋudzedzekpɔkpɔ, ava na amegbetɔwo. (Luka 2:13, 14) Menye amesiamee wogblɔ be amenuveve ava na o, ke boŋ amesiwo ɖe Yesu dzixɔse fiana ɖeɖekoe. Emegbe Yesu xlẽ nyagblɔɖi si le Yesaya 61:1, 2 le gaglãgbe hezãe na eɖokui be yee nye amesi ɖe gbeƒã ‘Yehowa ƒe ƒe nyui’ la. (Luka 4:17-21) Apostolo Paulo gblɔ be Yehowa kpɔ Kristo ta etɔxɛe le eƒe ŋutilã me nɔnɔ ƒe ŋkekewo me. (Hebritɔwo 5:7-9) Eyata Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yesu ŋu le eƒe amegbetɔ ƒe agbenɔɣi ŋue amenuveɣi sia ku ɖo.
18 Gake nu bubu aɖe gali si ŋu nyagblɔɖi sia ku ɖo. Esi Paulo yɔ Yesaya ƒe nya siwo ku ɖe amenuveɣia ŋu vɔ la, eyi edzi gblɔ be: “Kpɔ ɖa, fifi enye amenuveɣi, kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!” (Korintotɔwo II, 6:2) Ƒe 22 le Yesu ƒe ku megbee Paulo ŋlɔ nya siawo. Ðaseɖiɖi siwo li fia be esi woɖo Kristo-hamea anyi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, Yehowa keke eƒe amenuveƒe la ɖe enu be wòaɖe vi na Kristo yomedzela amesiaminawo.
19. Aleke Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu ana Yehowa ƒe amenuveɣi naɖe vi na woe?
19 Ke Yesu yomedzela siwo li egbea siwo womesi ami na be woanye Mawu ƒe dziƒofiaɖuƒea domenyilawo o ya ɖe? Ðe amenuveɣi sia ate ŋu aɖe vi na amesiwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le laa? Ẽ. Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ɖee fia be míele Yehowa ƒe amenuveɣi na ameha gã siwo ‘ado go tso xaxa gã la me’ ahanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi la me fifia. (Nyaɖeɖefia 7:13-17) Eyata Kristotɔwo katã ate ŋu ana ɣeyiɣi kpui sia si me Yehowa le amegbetɔ madeblibowo nu vem la naɖe vi na wo.
20. Mɔ ka nue Kristotɔwo ate ŋu aƒo asa na Yehowa ƒe amenuveve la xɔxɔ dzodzro le?
20 Apostolo Paulo tsɔ nuxlɔ̃ame aɖe dze Yehowa ƒe amenuveɣi si wòɖe gbeƒãe la gɔme. Ede dzi ƒo na Kristotɔwo be ‘womegaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.’ (Korintotɔwo II, 6:1) Esia ta Kristotɔwo wɔa mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ be yewoatsɔ adze Mawu ŋu ahawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. (Efesotɔwo 5:15, 16) Ade wo dzi be woawɔ ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃amenya sia dzi be: “Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔ aɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o, ke mixlɔ̃ nu mia nɔewo gbesiagbe boŋ, ŋkeke alesi woyɔ egbegbe, bene nuvɔ̃ ƒe beble nagasẽ mia dometɔ aɖeke ƒe dzime o.”—Hebritɔwo 3:12, 13.
21. Nya dodzidzɔname kawoe wotsɔ wu Yesaya ta 49 lia ƒe akpa gbãtɔ nui?
21 Esi nyagblɔɖinya siwo Yehowa kple eƒe Mesia la gblɔ wu enu la, Yesaya gblɔ nya dodzidzɔname aɖe be: “Mi dziƒowo, mitso aseye, anyigba, kpɔ dzidzɔ, eye mi towo, mido aƒa; elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòkpɔ nublanui na eƒe hiãtɔwo.” (Yesaya 49:13) Akɔfanamenya nyui kawoe nye si wònye na blema Israel-viwo kple Yehowa ƒe Dɔla gã, Yesu Kristo, kpakple Yehowa subɔla amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ siwo nye ‘alẽ bubuawo’ egbea!—Yohanes 10:16.
Yehowa Meŋlɔa Eƒe Amewo Be O
22. Aleke Yehowa te gbe ɖe edzii be yemaŋlɔ yeƒe amewo be akpɔ gbeɖe o?
22 Azɔ Yesaya yi edzi gblɔ nya siwo tso Yehowa gbɔ. Egblɔe ɖi be nu ate Israel-vi siwo le aboyo me ŋu eye woabu mɔkpɔkpɔ. Yesaya gblɔ be: “Zion be: Yehowa gblẽm ɖi, Aƒetɔ la ŋlɔm be.” (Yesaya 49:14) Nya sia le emea? Ðe Yehowa gblẽ eƒe amewo ɖi heŋlɔ wo bea? Yesaya zu Yehowa ƒe nyanuɖela hegblɔ yi edzi be: “Ðe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzĩe be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua? Ne woawo ŋlɔe be hã, nyea nyemaŋlɔ wò be o!” (Yesaya 49:15) Aleke Yehowa ɖo nyaa ŋu wònya se enye si! Mawu lɔ̃ eƒe amewo wu alesi vidada lɔ̃a viae. Ebua amesiwo wɔa nuteƒe nɛ ŋu ɣesiaɣi. Eɖoa ŋku wo dzi abe ɖe woŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe eƒe asi ŋu ene: “Kpɔ ɖa, meŋlɔ wò ɖe nye asi ŋu, wò gliwo le ŋkunye me ɖaa.”—Yesaya 49:16.
23. Aleke Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woaka ɖe Yehowa dzi be maŋlɔ yewo be o?
23 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo le lɛta si wòŋlɔ na Galatiatɔwo me be: “Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi.” (Galatiatɔwo 6:9) Eŋlɔ dzideƒonamenya siawo na Hebritɔwo be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta . . . be o.” (Hebritɔwo 6:10) Mele be míabui be Yehowa ŋlɔ eƒe amewo be gbeɖe o. Abe blema Zion ene la, ele be Kristotɔwo nakpɔ dzidzɔ eye woatsɔ dzigbɔɖi akpɔ Yehowa sinu. Ekpɔtɔ lé eƒe nubabla kple ŋugbedodowo me ɖe asi sesĩe.
24. Mɔ ka nue woagaɖo Zion te le, eye nya kawoe wòabia?
24 Yehowa to Yesaya dzi gagblɔ akɔfanamenya bubu. ‘Zion tsrɔ̃lawo,’ eɖanye Babilontɔwo loo alo Yudatɔ xɔsegbelawo o, magado ŋɔdzi nɛ azɔ o. Zion ‘vi’ siwo nye Yudatɔ aboyome siwo yia edzi wɔa nuteƒe na Yehowa la “gbɔna afɔ tsɔtsɔe.” Woaƒo “takpli.” Ne Yuda si trɔ gbɔna wo de la ɖe abla va Yerusalem la, woanye atsyɔ̃ na woƒe fiadu la, abe alesi “ŋugbetɔ” doa “lekewɔnu” ene. (Yesaya 49:17, 18) “Wogblẽ” Zion ƒe anyigba. Kpɔ alesi gbegbe wòawɔ nuku nɛ ɖa ne emenɔlawo va sɔ gbɔ fũ wòdze abe ɖe eƒe anyigba la melolo o ene. (Xlẽ Yesaya 49:19, 20.) Esia na wòbia afisi eƒe vi siawo katã tso be: “Àgblɔ le wò dzi me be: Woɖe vi le ŋunye, eye metsi ko, woɖe aboyom, eye wonyãm de gbe tso, ameka dzi esiawo nam? ameka nyi wo wotsi? Kpɔ ɖa, nye ɖeka ko wogblẽ ɖi, afika woawo ya nɔ?” (Yesaya 49:21) Nɔnɔme dodzidzɔname kae nye si wònye na Zion si ame aɖeke menɔ tsã o la!
25. Aleke wogbugbɔ gbɔgbɔ me Israel ɖo anyi le egbeɣeyiɣiwo mee?
25 Nya siawo va eme le egbeŋkekea me hã. Le ƒe sesẽ siwo me xexemeʋa gbãtɔ nɔ edzi yim me la, gbɔgbɔ me Israel to aƒedozuzu kple aboyomenɔnɔ ƒe ɣeyiɣi aɖe me. Gake wogaɖo wo te eye wova nɔ gbɔgbɔmeparadiso aɖe me. (Yesaya 35:1-10) Abe du si wogblẽ si ŋu Yesaya ƒo nu tsoe ene la, edzɔ dzi nɛ—le kpɔɖeŋumɔ nu—be Yehowa subɔla kpɔdzidzɔ gbogbo aɖewo va de ha kple ye.
‘Dukɔwo ƒe Aflaga’
26. Mɔfiafia kae Yehowa na eƒe ame siwo wona ablɔɖee?
26 Azɔ Yehowa he Yesaya ƒe susu yi ɣeyiɣi si me woana ablɔɖe Eƒe amewo tso Babilon la dzi le nyagblɔɖi me. Ðe woaxɔ Mawu ƒe mɔfiame aɖea? Yehowa ɖo eŋu be: “Kpɔ ɖa, mamiã asi dukɔwo, eye mado aflaga ɖe dzi na anyigba dzi dukɔwo, ne woatsɔ wò ŋutsuviwo ɖe akɔnu vɛ, eye woakɔ wò nyɔnuviwo ɖe abɔta vɛ.” (Yesaya 49:22) Le emevava gbãtɔ me la, Yerusalem si nye dziɖuɖunɔƒe kple afisi Yehowa ƒe gbedoxɔa nɔ tsã la va zu Yehowa ƒe “aflaga.” Dukɔ bubuwo ƒe ame ŋkutawo kple ŋusẽtɔwo, abe “fiawo” kple “wo srɔ̃wo” ene, akpe ɖe Israel-viwo ŋu ne wole mɔ dzi trɔ yina afima. (Yesaya 49:23a) Persia-fia siwo nye Kores kple Artaxsasta Longimanus kple wo ƒemetɔwo nɔ kpekpeɖeŋunala siawo dome. (Ezra 5:13; 7:11-26) Eye Yesaya ƒe nyaawo gava eme le mɔ bubu aɖe nu.
27. (a) Le emevava gãtɔ nu la, “aflaga” ka ŋue dukɔwo anyẽ zi ɖo? (b) Nukae adzɔ ne wozi dukɔwo katã dzi be woana ta Mesia ƒe dziɖuɖua?
27 Yesaya 11:10 ƒo nu tso ‘aflaga si li na dukɔwo’ ŋu. Apostolo Paulo zã nya siawo na Kristo Yesu. (Romatɔwo 15:8-12) Eyata le emevava gãtɔ me la, Yesu kple ehati dziɖula siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami nae nye Yehowa ƒe “aflaga” si ŋu dukɔwo anyẽ zi ɖo. (Nyaɖeɖefia 14:1) Le ɣeyiɣi si sɔ me la, anyigba dzi dukɔwo katã—dziɖula siwo li egbea hã—ana ta Mesia ƒe dziɖuɖua. (Psalmo 2:10, 11; Daniel 2:44) Nukae ado tso eme? Yehowa gblɔ be: “Àdze [sii] be, nyee nye Yehowa, eye nyemenana ŋu kpea amesiwo ɖoa ŋu ɖe ŋunye la o.”—Yesaya 49:23b.
“Xɔxɔ la Tu Mí Wu Tsã”
28. (a) Nya kawoe Yehowa gatsɔ na kakaɖedzi eƒe dukɔ la be woana ablɔɖe wo? (b) Atamkaka ka mee Yehowa galé ɖe asi ɖe eƒe amewo ŋu?
28 Ðewohĩ amesiwo le aboyo me le Babilon la dometɔ aɖewo abia be, ‘Ðe wòate ŋu adzɔ be woana ablɔɖe Israel nyateƒea?’ Yehowa bu nya sia ŋu esi wòbia be: “Ðe woaxɔ nuhaha le kalẽtɔ sia? eye ɖe aboyomewo age le ŋutasẽla sia?” (Yesaya 49:24) Ŋuɖoɖoae nye ẽ. Yehowa na kakaɖedzi wo be: “Woxɔa aboyomewo le kalẽtɔ si, eye nuhaha gena le ŋutasẽla si.” (Yesaya 49:25a) Kakaɖedzinya kae faa akɔ na ame ale! Nusi kpe ɖe Yehowa ƒe amenuveve ŋu na eƒe amewoe nye atam si wòka be yeakpɔ wo ta. Egblɔe eme kɔ ƒã be: “Mawɔ avu kple amesiwo le avu wɔm kpli wò, eye maɖe viwòwo.” (Yesaya 49:25b) Atamkaka ma gali. Yehowa gblɔ na eƒe dukɔ abe alesi woŋlɔe ɖe Zaxarya 2:12 ene be: “Amesi ka asi mia ŋu la, eka asi eƒe ŋkuvi ŋu.” Nyateƒee, míele amenuveɣi me fifia esime mɔnukpɔkpɔ su amesiwo le anyigba dzi katã si be woanyẽ zi ayi gbɔgbɔ me Zion. Gake amenuveɣi ma ava eƒe nuwuwu.
29. Afɔku kae le amesiwo gbea toɖoɖo Yehowa lalam?
29 Nukae adzɔ ɖe amesiwo tsɔa dzimesesẽ gbea toɖoɖo Yehowa hetia esubɔlawo yome gɔ̃ hã la dzi? Egblɔ be: “Mana amesiwo te wò ɖe anyi la, naɖu woawo ŋutɔ ƒe lã, eye woamu woƒe ʋu abe wein ene.” (Yesaya 49:26a) Afɔku kae nye si! Tsitretsiɖeŋula sẽdzime siawo manɔ anyi eteƒe nadidi o. Woatsrɔ̃ wo. Eyata woakpɔe be Yehowa nye Xɔnametɔ to eƒe amewo ɖeɖe kple eƒe futɔwo tsɔtsrɔ̃ siaa me. “Ŋutilãwo katã nadze sii be, nye Yehowa enye wò xɔnametɔ, eye Yakob ƒe ŋusẽtɔ enye wò ɖela.”—Yesaya 49:26b.
30. Xɔnamedɔ kawoe Yehowa wɔ na eƒe amewo, eye nukae wòagava wɔ?
30 Nya mawo va eme zi gbãtɔ esime Yehowa zã Kores tsɔ na ablɔɖe Eƒe amewo tso aboyo me le Babilon. Nenema ke wova eme le ƒe 1919 mee esime Yehowa zã Via Yesu Kristo si woɖo zi dzi wòna ablɔɖe Eƒe amewo tso gbɔgbɔmekluvinyenye me. Eyata Biblia yɔ Yehowa kple Yesu siaa be wonye xɔnametɔwo. (Tito 2:11-13; 3:4-6) Yehowae nye mía Xɔla, eye Yesu, Mesia la, nye “kplɔla” si wòtia. (Dɔwɔwɔwo 5:31) Xɔnamedɔ siwo Mawu wɔ to Yesu Kristo dzi la wɔ nuku nyateƒe. Yehowa to nyanyuia dzi ɖea dzidzɔdzɔetɔwo tsoa alakpasubɔsubɔ ƒe aboyo me. Etoa tafevɔsaa dzi ɖea wo tso nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me. Le ƒe 1919 me la, eɖe Yesu nɔviwo tso gbɔgbɔmeboyo me. Eye le Harmagedon-ʋa si le aƒe tum kabakaba me la, aɖe amegbetɔ nuteƒewɔlawo ƒe ameha gã aɖe tso tsɔtsrɔ̃ si ava ame vɔ̃ɖiwo dzi me.
31. Aleke wòle be Kristotɔwo nawɔ nu ɖe Mawu ƒe amenuveve si woxɔ ŋui?
31 Ekema mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si wònye be míaxɔ Mawu ƒe amenuveve la! Mina mí katã míawɔ amenuveɣi sia ŋudɔ le nunya me. Eye neva eme be míawɔ nu wòasɔ ɖe alesi nuwɔwɔ hiã kpata le míaƒe ɣeyiɣiawo me nu, eye míawɔ ɖe nya siwo Paulo ŋlɔ na Romatɔwo la dzi be: “Mienya ɣeyiɣi la kɔte bena, gaƒoƒo la de vɔ bena, miafɔ tso alɔ̃ me; elabena azɔ la agbexɔxɔa tu mí wu tsã, esime míexɔ se la. Zã la va yi vɔ, eye ŋu le kekem! Azɔ la minɛ míaɖe viviti me dɔwɔwɔwo ɖa, eye míado kekeli ƒe aʋawɔnuwo! Minɛ míazɔ nyuie, abe alesi dze le ŋkeke me ene, menye le aglotutuwo kple ahamumuwo, menye le ahasiwɔwɔwo kple hadzedzewo, menye le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o; hafi mido Aƒetɔ Yesu Kristo boŋ, eye migana beléle na ŋutilã nazu nudzodzrowo yomenɔnɔ o.”—Romatɔwo 13:11-14.
32. Kakaɖedzinya kawoe wogblɔ na Mawu ƒe amewo?
32 Yehowa ayi edzi ave amesiwo wɔa eƒe aɖaŋuɖoɖo dzi la nu. Ana ŋusẽ kple ŋutete si hiã la wo woatsɔ aɖe gbeƒã nyanyuiae. (Korintotɔwo II, 4:7) Yehowa azã esubɔlawo abe alesi wòzãa wo Kplɔla, Yesu, ene. Ana woƒe nu nanɔ “abe yi ɖaɖɛ ene” ale be woatsɔ nyanyuigbedasia aɖo ɖokuibɔbɔlawo ƒe dzi gbɔ. (Mateo 28:19, 20) Akpɔ eƒe amewo ta “[le] eƒe asi ƒe vɔvɔli te.” Aɣla wo “ɖe eƒe daku me” abe “aŋutrɔ biɖoe” ene. Nyateƒee, Yehowa maŋlɔ eƒe amewo be o!—Psalmo 94:14; Yesaya 49:2, 15.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a “Ðikeke mele eme o be esi Satana de dzesii be Yesue nye Mawu ƒe Vi kple amesi wogblɔ ɖi be agbã ta na ye (Mo I, 3:15) ta la, ewɔ nusianu si wòate ŋui be yeatsrɔ̃ Yesu ɖa. Gake esime mawudɔla Gabriel nɔ alesi woafɔ Yesu ƒe fui gblɔm na Maria la, egblɔ be: ‘Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋĩtɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi.’ (Lu 1:35) Yehowa kpɔ Via ta. Agbagba si wodze be woatsrɔ̃ Yesu le eƒe vidzĩme la zu dzodzro.”—Insight on the Scriptures, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe Babla 2 lia, axa 868.
[Nɔnɔmetata si le axa 139]
Mesia la le abe “aŋutrɔ biɖoe” ene le Yehowa ƒe daku me
[Nɔnɔmetata si le axa 141]
Mesia la nye “kekeli na dukɔwo”
[Nɔnɔmetata si le axa 147]
Mawu lɔ̃ eƒe amewo wu alesi vidada lɔ̃a viae