Ta Wuiatɔ̃lia
Konɔ la Kpɔ Dzidzɔ
1. Nukata vidzidzi dzro Sara vevie, eye aleke wònɔ nɛ le go sia me?
EDZRO Sara vevie be yeadzi vi. Nublanuitɔe la, etsi ko eye esia do nuxaxa nɛ ŋutɔ. Le eƒe ŋkekea me la, wobua kotsitsi be enye vlodoame, gake menye ema ɖeɖeko tae Sara xa nu o. Edi vevie be yeakpɔ be ŋugbe si Mawu do na ye srɔ̃ la va eme. Wogblɔ be Abraham adzi dzidzimevi aɖe si ahe yayra vɛ na anyigba dzi ƒomewo katã. (Mose I, 12:1-3) Gake togbɔ be ƒe bla nanewo va yi tso esime Mawu do ŋugbe ma hã, vi aɖeke menɔ esi o. Sara tsi ku nyagã eye vi menɔ esi o. Ate ŋu awɔ nɛ ɣeaɖewoɣi be ɖewohĩ yeƒe mɔkpɔkpɔwo zu dzodzro. Gake gbeɖeka eƒe dziɖeleameƒoa trɔ zu dzidzɔ!
2. Nukata wòle be míatsɔ ɖe le Yesaya ta 54 lia me nyagblɔɖia me?
2 Nusi me Sara to kpe ɖe mía ŋu be míase nyagblɔɖi si woŋlɔ ɖe Yesaya ta 54 lia me la gɔme. Woƒo nu tso Yerusalem ŋu le afima abe ɖe wònye konɔ si va nya dzidzɔ gã si le vi geɖe dzidzi me ene. Yehowa bu eƒe blema dukɔ la me tɔwo katã be wonye ye srɔ̃ tsɔ ɖe lɔlɔ̃ si le esi na wo fia. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta sia kpe ɖe mía ŋu be míese nusi Biblia yɔna be ‘nya ɣaɣla kɔkɔe’ la ƒe akpa vevi aɖe gɔme. (Romatɔwo 16:25, 26) Amesi ‘nyɔnua’ nye kple nusiwo me wòto si wogblɔ ɖi le nyagblɔɖi sia me la kɔ nu vevi aɖe me le tadedeagu dzadzɛ ŋu egbea.
Woɖe Amesi ‘Nyɔnua’ Nye Fia
3. Nukae ana “konɔ” la nakpɔ dzidzɔ?
3 Wotsɔ dzidzɔnya sia dze ta 54 lia gɔme be: “Wò konɔ, si medzi vi o, tso aseye; kpɔ dzidzɔ, eye nado aƒa, wò amesi melé ku kpɔ o! Yehowa be: Amesi tsi akogo la ƒe viwo sɔ gbɔ wu srɔ̃tɔ ƒe viwo.” (Yesaya 54:1) Dzidzɔ kae nye si Yesaya atsɔ agblɔ nya siawoe! Eye akɔfafa kae nye si wo me vava anye na Yudatɔ siwo woɖe aboyoe le Babilon! Yerusalem akpɔtɔ anye aƒedo ɣemaɣi. Le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu la, adze abe mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be amewo agava nɔ eme ake o ene, abe alesi konɔ mate ŋu akpɔ mɔ be yeadzi vi le yeƒe nyagãkuku me o ene. Gake woayra ‘nyɔnu’ sia geɖe le eƒe etsɔme—ava dzi viwo. Yerusalem agli kple dzidzɔ. “Viwo,” alo emenɔlawo agava sɔ gbɔ fũ.
4. (a) Aleke apostolo Paulo kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be ele be Yesaya ta 54 lia nagava eme wòalolo wu alesi wòva emee le ƒe 537 D.M.Ŋ. me? (b) Nukae nye “dziƒo Yerusalem” la?
4 Togbɔ be ɖewohĩ Yesaya manya o hã la, eƒe nyagblɔɖia ava me wu zi ɖeka. Apostolo Paulo yɔ nya tso Yesaya ta 54 lia eye wòɖe eme be ‘nyɔnua’ tsi tre ɖi na nusi le vevie sã wu Yerusalem si nye anyigba dzi du la. Eŋlɔ bena: “Dziƒo Yerusalem enye ablɔɖe, eyae nye mí katã dada.” (Galatiatɔwo 4:26) Nukae nye “dziƒo Yerusalem” sia? Edze ƒã be menye Yerusalem si nye du nɔ Ŋugbedodonyigbaa dzie wowɔnɛ o. Anyigba dzie du ma le, ke menye “dziƒo” le yamenutome o. “Dziƒo Yerusalem” lae nye Mawu ƒe ‘nyɔnu’ si le dziƒo, si nye eƒe habɔbɔ si me gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔwo le.
5. Le nudzɔdzɔ si nye kpɔɖeŋu si ŋu woƒo nu tsoe le Galatiatɔwo 4:22-31 me la, amekawoe amesiawo tsi tre ɖi na (a) Abraham? (b) Sara? (d) Isak? (ɖ) Hagar? (e) Ismael?
5 Gake aleke kpɔɖeŋunyɔnu eve ate ŋu anɔ Yehowa si—ɖeka nanye dziƒo tɔ eye evelia nanye anyigba dzi tɔ? Ðe nya siawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋua? Kura o. Apostolo Paulo ɖee fia be míakpɔ ŋuɖoɖoa le nyagblɔɖi me kpɔɖeŋu si dze le Abraham ƒe ƒomea me la me. (Galatiatɔwo 4:22-31; kpɔ “Abraham ƒe Ƒomea—Enye Nyagblɔɖi me Kpɔɖeŋu,” le axa 218.) Sara, si nye “ablɔɖenyɔnu” kple Abraham srɔ̃ la tsi tre ɖi na Yehowa ƒe habɔbɔ si le abe srɔ̃a ene si me gbɔgbɔmenuwɔwɔwo le. Hagar, si nye kosi kple Abraham srɔ̃ evelia, alo eƒe ahiãvi, tsi tre ɖi na anyigba dzi Yerusalem.
6. Gɔmesese ka nue Mawu ƒe dziƒohabɔbɔa tsi ko ɣeyiɣi didi aɖe le?
6 Nya mawo na míeva le gɔmesese si tututu le Yesaya 54:1 ŋu la kpɔm. Esi Sara tsi ko ƒe bla nanewo megbe la, edzi Isak esime wòxɔ ƒe 90. Nenema ke Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔa to kotsitsi ƒe ɣeyiɣi didi aɖe me. Keke Eden-bɔa me kee Yehowa do ŋugbe be yeƒe “nyɔnu” la adzi “dzidzimevi” la. (Mose I, 3:15) Ƒe 2,000 kple edzivɔ megbe la, Yehowa bla nu kple Abraham le Dzidzimevi si ŋugbe wòdo la ŋu. Gake ele be Mawu ƒe dziƒo “nyɔnu” la nalala ƒe alafa gbogbo aɖewo hafi adzi Dzidzimevi ma. Ke hã eva dzɔ be amesia si nye “konɔ” tsã la ƒe viwo va sɔ gbɔ wu ŋutilã me Israel-viwo. Konɔ ƒe kpɔɖeŋua kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ nusita wòdzro mawudɔlawo vevie be yewoakpɔ Dzidzimevi si ŋugbe wodo la ƒe vava. (Petro I, 1:12) Ɣekaɣie esia va dzɔ mlɔeba?
7. Ɣekaɣie “dziƒo Yerusalem” va kpɔ dzidzɔ abe alesi wogblɔ ɖi le Yesaya 54:1 ene, eye nukata nèɖo eŋu nenema?
7 Nyateƒe wònye be mawudɔlawo kpɔ dzidzɔ esime wodzi Yesu wòzu ɖevi si nye amegbetɔ. (Luka 2:9-14) Gake menye nudzɔdzɔ siae wogblɔ ɖi le Yesaya 54:1 o. Esime wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe dzi Yesu le ƒe 29 M.Ŋ. me ko hafi wòva zu “dziƒo Yerusalem” la ƒe gbɔgbɔmevi, eye Mawu ŋutɔ ʋu eme le gaglãgbe be enye ye ‘Vi, si gbɔ yemelɔ̃a nu le o.’ (Marko 1:10, 11; Hebritɔwo 1:5; 5:4, 5) Ɣemaɣie Mawu ƒe dziƒo “nyɔnu” la kpɔ dzidzɔ, si na Yesaya 54:1 va eme. Edzi Dzidzimevi si ŋugbe wodo, si nye Mesia la, mlɔeba! Eƒe kotsitsi ƒe alafa geɖe la nu va yi azɔ. Gake eƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mese ɖe afima o.
Konɔ la Dzi Vi Gbogbowo
8. Nukae na Mawu ƒe dziƒo “nyɔnu” la kpɔ dzidzɔ le Dzidzimevi si ŋugbe wodo la dzidzi megbe?
8 Le Yesu ƒe ku kple eƒe tsitretsitsi megbe la, edzɔ dzi na Mawu ƒe ‘dziƒonyɔnu’ sia be wòagaxɔ Via sia si nu wove wònye “ŋgɔgbevi tso ame kukuwo dome” la. (Kolosetɔwo 1:18) Azɔ ete gbɔgbɔmevi bubuwo dzidzi. Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Yesu yomedzela siwo ade 120, eye woto esia dzi xɔ wo wozu Kristo ƒe hadomenyilawo. Emegbe le ŋkeke ma dzi la, wogatsɔ ame 3,000 bubuwo kpe ɖe wo ŋu. (Yohanes 1:12; Dɔwɔwɔwo 1:13-15; 2:1-4, 41; Romatɔwo 8:14-16) Viwo ƒe ha sia me tɔwo nɔ dzidzim ɖe edzi. Le ƒe alafa siwo do ŋgɔ siwo me Kristodukɔa ƒe xɔsegbegbe nɔ ŋusẽ kpɔm la, womenɔ dzidzim ɖe edzi kabakaba o. Gake esia ava trɔ le ƒe alafa 20 lia me.
9, 10. Nukae mɔfiame si nye be ‘woakeke agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe nu’ la afia na nyɔnu avɔgbadɔmenɔla le blema, eye nukata esia nye dzidzɔkpɔɣi na nyɔnu sia tɔgbe?
9 Yesaya yi edzi gblɔ nya ɖi le dzidziɖedzi tɔxɛ ƒe ɣeyiɣi aɖe ŋu be: “Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe nu, eye nahe wò agbadɔvɔ me, megahe asi ɖe megbe o! Didi wò kawo ɖe nu, eye naƒo wò tsyotiwo ɖe to! Elabena àkeke ɖe ɖusi kple mia me, viwòwo axɔ dukɔwo ƒe anyigba, eye woanɔ du zu aƒedowo me. Megavɔ̃ o, elabena ŋu makpe wò o; wò mo megatsi dã o, elabena ŋukpe malé wò o. Elabena àŋlɔ wò ɖetugbime ŋukpe be, eye màɖo ŋu wò ahosinyenye me vlododo o.”—Yesaya 54:2-4.
10 Woƒo nu na Yerusalem le afisia abe ɖe wònye srɔ̃nyɔnu kple vidada si le avɔgbadɔ me ene, si ɖi Sara. Ne wotsɔ viwo yra vidada sia tɔgbe la, ahiã be wòakeke eƒe aƒea ɖe enu. Ehiã be wòakeke eƒe avɔgbadɔ ƒe avɔwo kple eŋu kawo ɖe enu eye wòaƒo tsyotiwo ɖe to ɖe teƒe yeyewo. Dɔ sia wɔwɔ adzɔ dzi nɛ, eye le dɔ sia wɔɣi la, ate ŋu aŋlɔ ƒe siwo wòtsɔ nɔ tame bum vevie nenye be yeava dzi vi gbaɖegbe be ƒomea ƒe dzidzime matsrɔ̃ o la be bɔbɔe.
11. (a) Aleke woyra Mawu ƒe ‘dziƒonyɔnu’ la le ƒe 1914 mee? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔ.) (b) Yayra kae amesiamina siwo le anyigba dzi kpɔ tso ƒe 1919 me yina?
11 Wotsɔ ɣeyiɣi sia tɔgbe yra anyigba dzi Yerusalem le Babilon-boyomenɔnɔ megbe. Woyra “dziƒo Yerusalem” geɖe wu gɔ̃ hã.a Vevietɔ tso ƒe 1919 me la, ‘via’ amesiaminawo dzi ɖe edzi le woƒe gbɔgbɔmenɔƒe si wogbugbɔ ɖo anyi yeyee la. (Yesaya 61:4; 66:8) ‘Woxɔ dukɔwo ƒe anyigbawo’ le gɔmesesea nu be wokaka yi dukɔ geɖe me be yewoadi amesiwo katã ava kpe ɖe yewoƒe gbɔgbɔmeƒomea ŋu. Esia na be vi siwo nye amesiaminawo nuƒoƒoƒu dzi ɖe edzi kabakaba ŋutɔ. Edze abe woƒe xexlẽme si nye 144,000 la de ɣeaɖeɣi le ƒe 1930 ƒeawo me ene. (Nyaɖeɖefia 14:3) Meganye amesiaminawo nuƒoƒoƒu ŋue wolé fɔ ɖo le gbeƒãɖeɖedɔa me ɣemaɣi o. Ke hã dzidziɖedzia mewu enu ɖe amesiaminawo ko dzi o.
12. Le amesiaminawo megbe la, amekawo nue wogaƒo ƒu ɖe Kristo-hamea me tso ƒe 1930-awo me?
12 Yesu ŋutɔ gblɔe ɖi be le ye nɔvi amesiaminawo ƒe “ha sue” la megbe la, “alẽ bubuwo” anɔ ye si, amesiwo wòle be yeakplɔ ava Kristotɔ vavãwo ƒe alẽkpoa me. (Luka 12:32; Yohanes 10:16) Togbɔ be amesiaminawo ƒe zɔhɛ nuteƒewɔla siawo mele “dziƒo Yerusalem” ƒe vi amesiaminawo dome o hã la, wowɔa akpa vevi aɖe si wogblɔ ɖi xoxoxo. (Zaxarya 8:23) Tso ƒe 1930-awo me vaseɖe egbea la, woƒo woƒe “ameha gã” aɖe nu ƒu, wòna takeke si ɖeke mesɔ kpli o le edzi yim le Kristo-hamea me. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10) Egbea ameha gã la ƒe xexlẽme ɖo miliɔn geɖe. Takeke sia katã na wòva hiã be woatu Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo, kple alɔdzedɔwɔƒe geɖe. Edze abe Yesaya ƒe nyawo sɔ fifia wu ɣeɣiɣi bubu ɖesiaɖe ene. Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye be míakpɔ gome le takeke ma si wogblɔ ɖi me!
Vidada si Léa Be Na Viawo
13, 14. (a) Edze ƒã be nuka gɔmee menya sena le nya siwo wogblɔ na Mawu ƒe ‘dziƒonyɔnua’ la dometɔ aɖewo gome o? (b) Nukawo gɔmee alesi Mawu zãa ƒomekadodowo tsɔ wɔa kpɔɖeŋui ana míase?
13 Míekpɔe be le nyagblɔɖia me vava gãtɔ me la, ‘nyɔnua’ tsi tre ɖi na Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔ. Gake ne míexlẽ Yesaya 54:4 la, ɖewohĩ alesi ŋukpe alo vlodoame va gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ƒe habɔbɔ ma dzi me makɔ na mí o. Kpukpui siwo kplɔe ɖo gblɔ be woagbe Mawu ƒe ‘nyɔnua,’ woawɔ fui, eye woadze edzi. Ana Mawu nado dziku ɖe eŋu gɔ̃ hã. Aleke nya siawo ate ŋu aku ɖe gbɔgbɔmenuwɔwɔ deblibo siwo mewɔ nuvɔ̃ kpɔ o ƒe habɔbɔ ŋui? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le alesi nuwo yina le ƒomea mee me.
14 Yehowa zãa ƒomekadodowo—srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu, vidada kple ɖeviwo—tsɔ ɖea gbɔgbɔmenyateƒe goglowo me elabena nya siawo gɔme nya sena na amegbetɔwo. Eɖanye nuka ke me mía ŋutɔwo míaƒe ƒomewo to alo aleke ke nuwo le le eme o, anɔ eme be míenya alesi wòle be srɔ̃ɖeɖe nyui alo dzila kple vi dome ƒomedodo nyui nanɔ. Eyata aleke gbegbe Yehowa fia nu mí eme kɔ nyuie enye si esi wògblɔ be ƒomedodo kplikplikpli si me dzidzɔ kple kakaɖeamedzi le la le ye kple ye subɔla gbɔgbɔmeviwo ƒe ha gã la me tɔwo dome! Eye aleke gbegbe wòfiaa nu mí wòwɔa dɔ ɖe mía dzi enye si be yeƒe dziƒohabɔbɔa léa be na via siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na siwo le anyigba dzi! Ne esubɔla siwo nye amegbetɔwo le fu kpem la, esubɔla nuteƒewɔla siwo le dziƒo, si nye “dziƒo Yerusalem” la hã kpea fu. Nenema ke Yesu gblɔ be: “Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo [siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na] dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.”—Mateo 25:40.
15, 16. Aleke Yesaya 54:5, 6 va eme zi gbãtɔe, eye nukae nye emevava si lolo wu?
15 Eyata mewɔ nuku o be nya si wogblɔ na Yehowa ƒe ‘dziƒonyɔnu’ la ɖe nusiwo me via siwo le anyigba dzi tona fia. Bu nya siawo ŋu kpɔ: “Wɔwòla enye srɔ̃wò, eŋkɔ nye Yehowa Zebaot, eye wò ɖela enye Israel ƒe kɔkɔetɔ la, eŋkɔ nye xexeame blibo ƒe Mawu. Elabena Yehowa yɔ wò abe nyɔnu, si wogblẽ ɖi wòle nu xam ene, eye abe ɖekakpuime srɔ̃, si wogbe ene, Yehowa ye gblɔe.”—Yesaya 54:5, 6.
16 Amekae nye nyɔnu si woƒo nu na le afisia? Le emevava gbãtɔ me la, eyae nye Yerusalem, si tsi tre ɖi na Mawu ƒe amewo. Le ƒe 70 siwo wotsɔ nɔ aboyo me le Babilon me la, woabu be ɖe Yehowa gbe yewo hegblẽ yewo ɖi keŋkeŋ ene. Le emevava gãtɔ me la, “dziƒo Yerusalem” kple “dzidzimevi” si do tso eme mlɔeba si na Mose I, 3:15 va eme la ŋue nya mawo ku ɖo.
Tohehe Vie Kple Yayra Mavɔwo
17. (a) Aleke Mawu ‘nyrã’ le eƒe dɔmedzoedodo me ɖe anyigba dzi Yerusalem dzii? (b) Aleke ‘wonyrã’ ɖe “dziƒo Yerusalem” ƒe viwo dzii?
17 Nyagblɔɖia yi edzi be: “Megblẽ wò ɖi vie ko, ke matsɔ nublanuikpɔkpɔ gã aƒo wò ƒu. Le dɔmedzoedodo ƒe nyanyrã me meɣla nye ŋku me ɖe wò ʋɛ; ke matsɔ amenuveve mavɔ akpɔ nublanui na wò, Yehowa, wò ɖelae gblɔe!” (Yesaya 54:7, 8) Mawu ƒe dɔmedzoedodo ƒe “nyanyrã” gblẽ nu le anyigba dzi Yerusalem ŋu esime Babilon-ʋakɔwo va dze edzi le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Ƒe 70 si wotsɔ nɔ aboyo me la adze ɣeyiɣi didi aɖee. Ke hã dodokpɔ siawo nɔ anyi “vie ko” ne wotsɔe sɔ kple yayra mavɔ siwo wodzra ɖo ɖi na amesiwo axɔ amehehe sia nyuie. Nenema ke wògblẽ nu le “dziƒo Yerusalem” ƒe vi amesiaminawo ŋui abe ɖe Mawu ‘nyrã’ le eƒe dɔmedzoe me ɖe wo ŋu ene, esime Yehowa ɖe mɔ dunyahedziɖuɖu siwo Babilon Gã la de dzi ƒo na la dze wo dzi. Gake aleke gbegbe tohehe ma nɔ kpuie enye si ne míetsɔe sɔ kple gbɔgbɔmeyayra ƒe ɣeyiɣi si va kplɔe ɖo tso ƒe 1919 me!
18. Gɔmeɖose vevi kae míate ŋu akpɔ le Yehowa ƒe dɔmedzoedodo ɖe eƒe amewo ŋu me, eye aleke esia ate ŋu aka míi?
18 Nyateƒe vevi bubu aɖe dze le kpukpui siawo me—eyae nye be Mawu ƒe dɔmedzoe nu yina kaba, gake eƒe nublanuikpɔkpɔ ya li tegbee. Eƒe dziku flana ɖe nuvɔ̃wɔwɔ ŋu, gake eléa enu ɣesiaɣi eye tameɖoɖo nɔa eŋu ɣesiaɣi hã. Eye ne míexɔ Yehowa ƒe amehehe la, eƒe dziku nɔa anyi “vie ko” eye enu fana. Eƒe “nublanuikpɔkpɔ gã”—eƒe tsɔtsɔke kple amenuveve—xɔna ɖe eteƒe. Nusiawo nɔa anyi ‘yia mavɔ me.’ Eyata ne míewɔ nuvɔ̃ la, mele be míahe ɖe megbe le dzimetɔtrɔ kple didi be míaɖɔ mía kple Mawu dome ɖo ŋu gbeɖe o. Ne nuvɔ̃ gã wònye la, ke ele be míate ɖe hamemegãwo ŋu enumake. (Yakobo 5:14) Enye nyateƒe be ɖewohĩ ahiã be woahe to na mí, eye exɔxɔ ate ŋu anye nu sesẽ na mí. (Hebritɔwo 12:11) Gake ɣeyiɣi kpui aɖe ko wòanye ne míetsɔe sɔ kple yayra mavɔ siwo míaxɔ tso Yehowa Mawu ƒe tsɔtsɔke me!
19, 20. (a) Nukae nye anyieʋɔ nubabla la, eye aleke wòku ɖe aboyome siwo nɔ Babilon ŋui? (b) Kakaɖedzi kae “ŋutifafa nubabla” la naa Kristotɔ amesiaminawo egbea?
19 Azɔ Yehowa gblɔ kakaɖedzinya fakɔname aɖe na eƒe amewo be: “Esia le nam abe Noa ƒe tsiɖɔɖɔ ene; alesi meka atam be, Noa ƒe tsiɖɔɖɔ magaɖe anyigba akpɔ o la, nenema ke meka atam be, nyemagado dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye nyemagaka mo na wò azɔ o. Elabena ne towo te ɖa, eye togbɛwo ʋã hã la, nye amenuveve mate ɖa le ŋuwò o, eye nye ŋutifafa nubabla maʋã o, Yehowa, wò nublanuikpɔlae gblɔe!” (Yesaya 54:9, 10) Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Mawu wɔ nubabla aɖe—si woyɔna ɣeaɖewoɣi be anyieʋɔ nubabla la—kple Noa kpakple nu gbagbe bubu ɖesiaɖe. Yehowa do ŋugbe be yemagatsɔ xexeame katã ƒe tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ anyigba azɔ o. (Mose I, 9:8-17) Nukae ema fia na Yesaya kple eƒe amewo?
20 Enye akɔfanya be woanya be zi ɖeka pɛ koe to si woahe na wo—aboyomenɔnɔ le Babilon ƒe 70—la adzɔ. Ne eva yi la, magadzɔ azɔ o. Emegbe Mawu ƒe “ŋutifafa nubabla” awɔ dɔ. Menye aʋawɔwɔ ƒe anyimanɔmanɔ koe Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “ŋutifafa” fia o, ke efia dzidzedzekpɔkpɔ ɖesiaɖe ƒomevi hã. Le Mawu gome la, esia nye nubabla si anɔ anyi ɖaa. Ne togbɛ kple towo bu hã la, eƒe amenuveve na eƒe ame wɔnuteƒewo ya nu mayi o. Ewɔ nublanui be eƒe dukɔ si le anyigba dzi la mava wɔ woƒe akpa dzi le nubablaa me mlɔeba o eye woagbe Mesia la atsɔ agblẽ woa ŋutɔwo ƒe ŋutifafa me. Gake nu dze edzi na “dziƒo Yerusalem” viwo ya ŋutɔ. Ne woƒe toheɣi sesẽa va yi ko la, woka ɖe edzi na wo be Mawu akpɔ wo ta.
Mawu ƒe Amewo ƒe Gbɔgbɔmededienɔnɔ
21, 22. (a) Nukatae wogblɔ be ahom lɔ “dziƒo Yerusalem” ɖe nu? (b) Nukae yayra ƒe nɔnɔme si me Mawu ƒe ‘dziƒonyɔnu’ la ava nɔ fia na ‘via’ siwo le anyigba dzi?
21 Yehowa yi edzi gblɔ eƒe ame wɔnuteƒewo ƒe dedienɔnɔ ɖi be: “Wò hiãtɔ, si ahom lɔ ɖe nu, eye womefa akɔ na wò o, kpɔ ɖa, matsɔ kpe ŋɔŋɔewo aɖo gɔwòme anyi, eye matsɔ adzagba aɖo wò agunu anyi. Mana wò xɔta tsutsuẽwo nanye gbloti, wò agbowo nanye soe, eye wò kpɔtɔtɔ blibo la nanye kpe xɔasiwo. Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ. Dzɔdzɔenyenye woatsɔ ali ke wò; ànɔ adzɔge na ŋutasesẽ, elabena màvɔ̃ o, eye ànɔ adzɔge na ŋɔdzi, elabena mate ɖe ŋuwò o. Kpɔ ɖa, ne ame aɖe wɔ avu la, menye nyee dɔe o; amesi wɔ avu kpli wò la, atsi asiwò me.”—Yesaya 54:11-15.
22 Womewɔ fu Yehowa ƒe “nyɔnu” si le gbɔgbɔnutome kpɔ loo alo be ahom lɔe ɖe nu kpɔ ya o. Gake ekpe fu esime ‘via’ amesiamina siwo le anyigba dzi kpe fu, vevietɔ esime wonɔ gbɔgbɔmeboyo me le ƒe 1918-19 ƒe ɣeyiɣia me. Eye nenema ke ne wodo ‘dziƒonyɔnu’ la ɖe dzi la, nɔnɔme ma tɔgbe ke dzena le via siwo le anyigba dzi hã ŋu. Ekema bu alesi woƒo nu tso “dziƒo Yerusalem” ŋu wònya see la ŋu kpɔ. Kpe xɔasi siwo le agboawo ŋu, “kpe ŋɔŋɔe” xɔasiawo, gɔmeɖoanyiawo, kple kpɔtɔtɔawo gɔ̃ hã fia “nyonyo, atsyɔ̃, dzadzɛnyenye, ŋusẽ, kple kelili,” abe alesi numekugbalẽ aɖe gblɔe ene. Nukae ana Kristotɔ amesiaminawo nava nɔ dedienɔnɔ kple yayra ƒe nɔnɔme sia gbegbe me?
23. (a) Dɔ kae “Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo” nyenye wɔ ɖe Kristotɔ amesiaminawo dzi le ŋkeke mamlɛawo me? (b) Gɔmesese ka nue wotsɔ ‘kpɔtɔtɔ siwo nye kpe xɔasiwo’ yra Mawu ƒe amewo le?
23 Ta 54 ƒe kpukpui 13 lia gblɔ nusi gbɔ wòatso—eyae nye be wo katã woanye “Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo.” Yesu ŋutɔ zã kpukpui sia me nyawo na eyomedzela amesiaminawo. (Yohanes 6:45) Nyagblɔɖila Daniel gblɔe ɖi be le “nuwuɣi” sia me la, woatsɔ sidzedze akuakua kple gbɔgbɔmenugɔmesese geɖe ayra amesiaminawoe. (Daniel 12:3, 4) Nugɔmesese sia na wote ŋu le ŋgɔ xɔm le nufiafiadɔ gãtɔ kekeake si wowɔ kpɔ le ŋutinya me la me hele Mawu ƒe nufiafia kakam le anyigba dzi katã. (Mateo 24:14) Le ɣeyiɣi ma ke me la, nugɔmesese sia kpe ɖe wo ŋu wokpɔ vovototo si le subɔsubɔha vavãtɔ kple alakpa tɔ dome. Yesaya 54:12 yɔ ‘kpɔtɔtɔ siwo nye kpe xɔasiwo.’ Tso ƒe 1919 me la, Yehowa na amesiaminawo gase kpɔtɔtɔ—gbɔgbɔmeseɖoƒewo—la me ɖe edzi wu eye ena woto vovo tso alakpasubɔsubɔ kple xexeametɔ mavɔ̃mawuwo gbɔ. (Xezekiel 44:23; Yohanes 17:14; Yakobo 1:27) Esia na wonye Mawu ŋutɔ ƒe ame siwo woɖe ɖe vovo.—Petro I, 2:9.
24. Aleke míawɔ anɔ Yehowa ƒe nufiame xɔm?
24 Eyata anyo be mía dometɔ ɖesiaɖe nabia eɖokui be, ‘Ðe mele nufiame xɔm tso Yehowa gbɔa?’ Nufiafia sia mevana le eɖokui si o. Ele be míadze agbagba le eŋu. Ne míexlẽa Mawu ƒe Nya edziedzi hedea ŋugble le eŋu, míexɔa nufiame to Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” tana la xexlẽ me, eye míedzraa ɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu hedea kpekpeawo la, Yehowa afia nu mí nyateƒe. (Mateo 24:45-47) Ne míedze agbagba tsɔ nusi míesrɔ̃na wɔa dɔ eye míeyi edzi nɔ mo xexi hele ŋudzɔ le gbɔgbɔ me la, Mawu ƒe nufiafia aɖe mí ɖe vovo tso xexe mavɔ̃mawu sia me tɔwo gbɔ. (Petro I, 5:8, 9) Gawu la, ana ‘míate ɖe Mawu ŋu.’—Yakobo 1:22-25; 4:8.
25. Nukae ŋutifafa ŋugbe si Mawu do la fia na eƒe ame siwo li le egbeɣeyiɣiwo me?
25 Yesaya ƒe nyagblɔɖia ɖee fia hã be wotsɔ ŋutifafa geɖe yra amesiaminawoe. Ðe esia fia be womedzea woamawo dzi gbeɖe oa? Ao, gake Mawu na kakaɖedzi wo be yemaɖe gbe be woadze wo dzi loo alo aɖe mɔ be amedzidzedze siawo nakpɔ dzidzedze o. Míexlẽ be: “Kpɔ ɖa, nyee wɔ gbede, amesi ƒlɔa dzo ɖo, eye wòtua lãnu le eƒe dɔwɔwɔ nu; eye nyee wɔ nugblẽla hã, be wòagblẽ nu. Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye àbu fɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye, Yehowa ye gblɔe!”—Yesaya 54:16, 17.
26. Nukata nyanya be Yehowae nye ameƒomea katã Wɔla naa kakaɖedzi mí?
26 Yehowa gaɖo ŋku edzi na esubɔlawo zi evelia le Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta sia me be yee nye Wɔla. Egblɔ na eƒe kpɔɖeŋu srɔ̃a do ŋgɔ be yee nye eyama ‘Wɔla.’ Fifia egblɔ be yee nye ameƒomea katã Wɔla. Kpukpui 16 lia ƒo nu tso gbede si le dzo ƒlɔm ɖo esi wòle eƒe ametsrɔ̃nu tum kple aʋawɔla si nye ‘nugblẽla si gblẽa nu’ ŋu. Ðewohĩ vɔvɔ̃ anɔ amesiawo ŋu na wo hati amegbetɔwo ya, gake aleke woate ŋu akpɔ mɔ be yewoakpe woa ŋutɔwo Wɔla la dzii? Eyata egbea ne xexe sia me ʋakɔ sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã dze Yehowa ƒe amewo dzi la, madze edzi na wo keŋkeŋ o. Aleke esia adzɔe?
27, 28. Nuka dzie míate ŋu aka ɖo le xaxaɣi siawo me, eye nukata míenya be Satana makpe mía dzi le eƒe amedzidzedzewo me o?
27 Ɣeyiɣi si me woadze Mawu ƒe amewo kple woƒe tadedeagu le gbɔgbɔ kple nyateƒe me dzi atsrɔ̃ wo la nu va yi. (Yohanes 4:23, 24) Yehowa ɖe mɔ na Babilon Gã la wòdze wo dzi zi ɖeka hekpɔ dzidzedze ɣeyiɣi kpui aɖe. “Dziƒo Yerusalem” kpɔe wòsusɔ vie ko woamia nu na viawo ɣeyiɣi kpui aɖe esi wotɔ te gbeƒãɖeɖedɔa keŋkeŋ kloe. Esia magadzɔ akpɔ gbeɖe o! Fifia ele aseye tsom ɖe viawo ta, elabena womate ŋu aɖu wo dzi o, le gbɔgbɔmegɔmesese nu. (Yohanes 16:33; Yohanes I, 5:4) Nyateƒee wònye be wotu aʋawɔnuwo ɖe wo ŋu, eye woagatu geɖe akpee. (Nyaɖeɖefia 12:17) Gake nusiawo mekpɔ dzidzedze o eye madze edzi hã o. Aʋawɔnu aɖeke mele Satana si si ate ŋu aɖu amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo ƒe xɔse kple veviedodo ŋkubiãtɔe dzi o. Gbɔgbɔmeŋutifafa sia nye “Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu,” eyata ame aɖeke mate ŋu axɔe le wo si sesẽe o.—Psalmo 118:6; Romatɔwo 8:38, 39.
28 Ao, naneke meli si Satana ƒe xexea ate ŋu awɔ atsɔ axe mɔ ɖe dɔa kple Mawu subɔla ɖeadzɔgbewo ƒe tadedeagu dzadzɛ si li ɖaa la nu o. Kakaɖedzi sia faa akɔ na “dziƒo Yerusalem” ƒe vi amesiaminawo ŋutɔ. Nenema ke enye ameha gã la me tɔwo hã. Zi alesi míenya nu tso Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔa kple kadodo si le wo kple eƒe nuwɔwɔ kple esubɔla siwo le anyigba dzi dome ŋu la, zi nenemae míaƒe xɔse asẽe. Zi alesi xɔse sesẽ le mía si la, Satana ƒe aʋawɔnuwo makpɔ dzidzedze le aʋawɔwɔ kpli mí me o!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Nyaɖeɖefia 12:1-17 gblɔ be woyra Mawu ƒe “nyɔnu” la geɖe esi wòdzi ‘via’ si nye vevitɔ kekeake—menye gbɔgbɔmevi ɖeka aɖe o, ke Mesia Fiaɖuƒea le dziƒo. Edzii le ƒe 1914 me. (Kpɔ Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, axa 177-86.) Dzidzɔ si wòkpɔ le esi Mawu yra via siwo le anyigba dzi ta la dzie Yesaya ƒe nyagblɔɖia he susu yii.
[Aɖaka si le axa 218, 219]
Abraham ƒe Ƒomea—Enye Nyagblɔɖi me Kpɔɖeŋu
Apostolo Paulo ɖe eme be Abraham ƒe ƒomea nye nyagblɔɖi me kpɔɖeŋu na ƒomedodo si le Yehowa kple eƒe dziƒohabɔbɔa kpakple anyigba dzi Israel-dukɔ si nɔ Mose ƒe Se ƒe nubablaa te dome.—Galatiatɔwo 4:22-31.
Abraham si nye ƒomea ƒe ta la tsi tre ɖi na Yehowa Mawu. Alesi Abraham lɔ̃ faa be yeatsɔ ye vi lɔlɔ̃a Isak asa vɔe la nye kpɔɖeŋu na Yehowa ƒe lɔlɔ̃ faa be yeatsɔ ye ŋutɔ ye Vi malɔ̃nugbɔa asa vɔe ɖe ameƒomea ƒe nuvɔ̃wo ta.—Mose I, 22:1-13; Yohanes 3:16.
Sara tsi tre ɖi na Mawu ‘srɔ̃’ si le dziƒo, si nye eƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ƒe habɔbɔ. Woyɔ dziƒohabɔbɔ ma wòsɔ be enye Yehowa srɔ̃, elabena ƒomedodo kplikplikpli le wo kple Yehowa dome, ebɔbɔ ɖe eƒe tanyenye te, eye wòwɔa nu kplii aduadu le eƒe tameɖoɖo dzi wɔwɔ ade goe me. Wogayɔnɛ hã be “dziƒo Yerusalem.” (Galatiatɔwo 4:26) “Nyɔnu” ma kee woyɔ le Mose I, 3:15, eye woƒo nu tso eŋu le Nyaɖeɖefia 12:1-6, 13-17.
Isak tsi tre ɖi na Mawu ƒe nyɔnu la ƒe gbɔgbɔ me Dzidzimevi la. Yesu Kristo koŋue nye dzidzimevi sia. Gake Kristo nɔvi amesiaminawo, amesiwo woxɔ wozu gbɔgbɔmeviwo eye wova zu Kristo ƒe hadomenyilawo la hã va nye dzidzimevia ƒe akpa aɖe.—Romatɔwo 8:15-17; Galatiatɔwo 3:16, 29.
Hagar, Abraham srɔ̃ evelia, alo eƒe ahiãvi, nye kosi. Esɔ nyuie be etsi tre ɖi na anyigba dzi Yerusalem, afisi wotsɔ Mose ƒe Sea kplɔ amewo le, wòɖee fia be etenɔlawo katã nye nuvɔ̃ kple ku ƒe kluviwo. Paulo gblɔ be: ‘Hagar enye Sinai-to la le Arabia,’ elabena afimae woɖo Se ƒe nubabla la anyi le.—Galatiatɔwo 3:10, 13; 4:25.
Ismael si nye Hagar viŋutsu la tsi tre ɖi na ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo, amesiwo nye Yerusalemtɔ siwo ganɔ Mose ƒe Sea te. Abe alesi Ismael ti Isak yomee ene la, nenemae Yudatɔ mawo hã ti Kristotɔ siwo nye kpɔɖeŋu Sara, si nye “dziƒo Yerusalem” la ƒe vi amesiaminawo yomee. Eye abe alesi Abraham nya Hagar kple Ismael dzoe ene la, nenemae Yehowa hã va gbe Yerusalem kple eƒe vi dzeaglãwoe mlɔeba.—Mateo 23:37, 38.
[Nɔnɔmetata si le axa 220]
Wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Yesu le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe, eye Yesaya 54:1 te emevava le mɔ vevitɔ kekeake nu
[Nɔnɔmetata si le axa 225]
Yehowa ɣla ŋkume ɖe Yerusalem “ʋɛ”
[Nɔnɔmetata siwo le axa 231]
Aʋakalẽtɔ kple gbede ate ŋu akpe wo Wɔla dzia?