Ta Wuiadelia
Mɔkpɔkpɔ Gbedasi na Aboyome Siwo Ƒo Dzi Ðe Le
1. Ƒo nu tso nɔnɔme si me Yudatɔ aboyomewo nɔ le Babilon ŋu.
ƔEYIƔI sesẽ aɖee wònye le Yuda ƒe ŋutinya me. Wozi Mawu ƒe ame siwo wòbla nu kplii dzi kplɔ wo dzoe le wo denyigba dzi eye fifia wonɔ fu kpem le aboyo me le Babilon. Enye nyateƒe be woɖe mɔ na wo vaseɖe afi aɖe be woawɔ woƒe gbesiagbedɔwo ya. (Yeremya 29:4-7) Wo dometɔ aɖewo srɔ̃ asinudɔwo alo tsa asi.a (Nexemya 3:8, 31, 32) Ke hã agbenɔnɔ menɔ bɔbɔe na Yudatɔ aboyomeawo o. Wonɔ kluvinyenye me le ŋutilã me kple gbɔgbɔ me siaa. Mina míakpɔ alesi wòdzɔe ɖa.
2, 3. Aleke aboyomenɔnɔa gblẽ nu le Yudatɔwo ƒe tadedeagu na Yehowa ŋui?
2 Esime Babilon-ʋakɔwo tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la, menye dukɔa dome koe wogblẽ o; ke wogblẽ nu le tadedeagu vavãtɔ hã ŋu. Wolɔ Yehowa ƒe gbedoxɔa me nuwo hegbã teƒea, eye wogblẽ nunɔlanyenye ƒe ɖoɖoa me esi wokplɔ Lewi-toa me tɔ aɖewo yi aboyo me hewu ame bubuwo. Esi tadeaguƒe, vɔsamlekpui, kple nunɔlanyenye si ŋu ɖoɖo le meganɔ Yudatɔwo si o ta la, womete ŋu sa vɔ siwo Mawu vavã la bia le Sea me la o.
3 Ke hã Yudatɔ nuteƒewɔlawo te ŋu lé woƒe mawusubɔsubɔ me ɖe asi to aʋatsotso na wo viwo kple Sea dzi wɔwɔ alesi woate ŋui me. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu agbe nuɖuɖu siwo wotsri na wo la ɖuɖu ahawɔ ɖe Sabat-sea dzi. Gake esia wɔwɔ na amesiwo lé wo aboyoe ɖu fewu le wo ŋu, elabena Babilontɔwo bua Yudatɔwo ƒe subɔsubɔkɔnuwo bometsinuwoe. Míate ŋu akpɔ aboyome siwo ƒo dzi ɖe le la ƒe nɔnɔme le hakpala la ƒe nya siawo me be: “Babel-tɔsisiwo nu, gama míebɔbɔ nɔ anyi ɖo hele avi fam, esime míaƒe ŋku ɖo Zion dzi. Amuti, siwo le afima la, ŋu míeku míaƒe kasaŋkuwo ɖo. Elabena afima amesiwo ɖe aboyo mí la, di ha tso mía nu, eye amesiwo ha mí la, di dzidzɔ tso mía si le hegblɔ be: Midzi Zion-ha na mí!”—Psalmo 137:1-3.
4. Nukata maɖe vi aɖeke be Yudatɔwo nadi xɔname tso dukɔ bubuwo gbɔ o, gake ameka gbɔe woate ŋu adi kpekpeɖeŋu le?
4 Ekema ameka gbɔe Yudatɔ aboyomewo ayi akpɔ akɔfafa? Afikae woƒe xɔname atso ava? Edze ƒã be matso dukɔ siwo ƒo xlã wo dometɔ aɖeke gbɔ o! Ame mawo katã mate ŋu anɔ te ɖe Babilon-ʋakɔwo nu o, eye wo dometɔ geɖe lé fu Yudatɔwo. Gake mefia be wɔna aɖeke megali o. Yehowa, amesi ŋu wodze aglã ɖo esime wonɔ ablɔɖe me la, kpe wo dɔmenyotɔe tsɔ de dzi ƒo na wo togbɔ be wonɔ aboyo me hã.
“Miva Tsi Gbɔ!”
5. Nukae nya siwo nye “miva tsi gbɔ” la fia?
5 Yehowa to Yesaya dzi ƒo nu le nyagblɔɖi me na Yudatɔ aboyome siwo nɔ Babilon la be: “Kuwui! Mi ame tsikɔwuwo katã, miva tsi gbɔ! Mi amesiwo si ga mele o, miva ƒle nu, ne miaɖu! Miva, ne miadze wein kple notsi, menye kple ga alo le asixɔxɔ nu o!” (Yesaya 55:1) Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ geɖe le nya siawo me. Le kpɔɖeŋu me, bu amekpekpe si nye: “Miva tsi gbɔ” la ŋu kpɔ. Agbe manya nɔ tsi manɔmee o. Kwasiɖa ɖeka aɖe koe mí amegbetɔwo míate ŋu anɔ agbe ne míekpɔ nu xɔasi ma o. Eyata esɔ be Yehowa zã tsi tsɔ wɔ alesi eƒe nyawo awɔ dɔ ɖe Yudatɔ aboyomewo dzii ƒe kpɔɖeŋu. Eƒe gbedasi ana ŋusẽ nagaɖo wo ŋu, abe tsi fafɛ le ŋdɔkutsu me ene. Aɖe woƒe blanuilélea ɖa, eye wòakpɔ nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye ƒe tsikɔ si le wo wum la gbɔ. Eye ana ablɔɖekpɔkpɔ tso aboyomenɔnɔ me ƒe mɔkpɔkpɔ nasu wo si. Ke hã ele be Yudatɔ aboyomeawo naxɔ Mawu ƒe gbedasia, woalé to ɖe eŋu, eye woawɔ ɖe edzi hafi wòaɖe vi na wo.
6. Vi kae wòaɖe na Yudatɔwo ne wodze “wein kple notsi”?
6 Yehowa gblɔ be yeana “wein kple notsi” hã wo. Notsi doa ŋusẽ vidzĩwo eye wònaa ɖeviwo tsina. Nenema ke Yehowa ƒe nyawo ado ŋusẽ eƒe amewo le gbɔgbɔ me eye wòana ƒomedodo si le wo kplii dome nanyo ɖe edzi. Ke wein la ya ɖe? Zi geɖe la, azãɖuɣiwoe wozãa wein. Wozãnɛ le Biblia me tsɔ kuna ɖe dzidzedzekpɔkpɔ kple aseyetsotso ŋu. (Psalmo 104:15) Esi Yehowa gblɔ na eƒe amewo be ‘woadze wein’ la, enɔ kakaɖedzi nam wo be ne wotrɔ va tadedeagu vavãtɔ gbɔ tso dzi blibo me la, ‘woakpɔ dzidzɔ wòatso eme.’—Mose V, 16:15; Psalmo 19:9; Lododowo 10:22.
7. Nukata Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ ɖe aboyomeawo ŋu ɖe dzesi, eye nukae esia fia mí le eyama ŋu?
7 Nublanuikpɔkpɔ kae nye si Yehowa ɖe fia esi wòdo ŋugbe be yeado ŋusẽ Yudatɔ aboyomewo le gbɔgbɔ me! Eƒe nublanuikpɔkpɔ gadze kɔte wu ne míeɖo ŋku Yudatɔwo ƒe ŋutinya si me godzedze kple aglãdzedze nɔ dzi. Medze be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu hafi o. Gake hakpala Dawid ŋlɔ ƒe alafa geɖe do ŋgɔ be: “Nublanuikpɔla kple amenuvela enye Yehowa, egbɔa dzi ɖi blewu, eye amenuveve bɔ ɖe esi. Menɔa dzre dzi ɖaa o, eye meléa dziku ɖe dɔme tegbee o.” (Psalmo 103:8, 9) Yehowa meɖoe gbeɖe be yeaɖe yeƒe amewo ɖa o, ke boŋ eɖe afɔ gbãtɔ hena wo kpakpli wo dome dzadzraɖo. Mawu si si ‘amenuveve bɔ ɖoe’ wònye vavã.—Mixa 7:18.
Ŋuɖoɖeameŋu Madzemadzee
8. Amekawo ŋue Yudatɔ geɖe ɖo ŋu ɖo, togbɔ be wona nuxlɔ̃ame ka wo hã?
8 Vaseɖe fifia la, Yudatɔ geɖe meɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe be axɔ na yewo o. Le kpɔɖeŋu me, do ŋgɔ na Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ la, eƒe fiawo kpɔa dukɔ sẽŋuwo sinu be woakpe ɖe yewo ŋu, eye wowɔ gbolo kple Egipte kpakple Babilon siaa le kpɔɖeŋumɔ nu. (Xezekiel 16:26-29; 23:14) Susu nyui aɖe tae Yeremya xlɔ̃ nu wo ɖo be: “Ale Yehowa gblɔ esi: Aɖi ŋutsu, si ƒe dzi te ɖa le Yehowa ŋu, eye wòle dzi ɖom ɖe amegbetɔ ŋu hetsɔ ŋutilã wɔ eƒe alɔe la ŋuti kpekpekpe!” (Yeremya 17:5) Ke hã nusia tututue Mawu ƒe amewo wɔ!
9. Anye aleke Yudatɔ geɖe nɔ ‘ga xlẽm ɖe nusi menye abolo o ŋu’?
9 Fifia dukɔ siwo ŋu woɖo ŋu ɖo la dometɔ ɖeka wɔ wo kluviwoe. Ðe wosrɔ̃ nu tso emea? Anye be wo dometɔ geɖe mesrɔ̃ nu tso eme o, elabena Yehowa bia be: “Nukata miebe, yewoaxlẽ ga ɖe nusi menye abolo o la ta, eye miawɔ dɔ ɖe nusi meɖia ƒo o la ta?” (Yesaya 55:2a) Ne Yudatɔ aboyomeawo ɖo ŋu ɖe ame bubu aɖe ŋu tsɔ wu Yehowa la, ke wole ‘ga xlẽm ɖe nusi menye abolo o ta.’ Edze ƒã be womakpɔ ablɔɖe tso Babilon o elabena woƒe ɖoɖoe nye be womeɖea mɔ gbeɖe be aboyomewo natrɔ ayi wo de o. Le nyateƒe me la, nu nyui aɖeke mele Babilon kple eƒe fiagãdziɖuɖu, asitsatsa, kple alakpasubɔsubɔ la si wòana Yudatɔ aboyomenɔlawo o.
10. (a) Aleke Yehowa aɖo eteƒe na Yudatɔ aboyomewoe ne woɖo toe? (b) Nubabla kae Yehowa wɔ kple Dawid?
10 Yehowa ƒo koko na eƒe amewo be: “Miɖo tom ko, ekema miaɖu nu nyui, eye miaƒe luʋɔ ƒe dzeme akɔ ɖe ami ŋu. Miƒu to anyi, eye miva gbɔnye! Mise nu, ekema miaƒe luʋɔ anɔ agbe! Mabla nu mavɔ kpli mi, mana Dawid ƒe amenuveve, si li ke la mi.” (Yesaya 55:2b, 3) Yehowa, amesi le nu ƒom na wo fifia le nyagblɔɖi me to Yesaya dzi la, koe nye dukɔ sia si nuɖuɖu mesuna le gbɔgbɔ me o la ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. Toɖoɖo Mawu ƒe gbedasi dzie woƒe agbe ŋutɔŋutɔ nɔ te ɖo, elabena egblɔ be ne woɖo to la, woƒe “luʋɔ anɔ agbe.” Gake nukae nye ‘nubabla mavɔ’ si Yehowa awɔ kple amesiwo ɖoa toe la? “Dawid ƒe amenuveve” ŋue nubabla ma ku ɖo. Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la, Yehowa do ŋugbe na Dawid be eƒe fiazikpui “ali ke tegbee.” (Samuel II, 7:16) Eyata fianyenye ŋue ‘nubabla mavɔ’ si woyɔ le afisia la ku ɖo.
Fiaɖuƒe Mavɔ aɖe ƒe Domenyila
11. Nukata aboyome siwo nɔ Babilon ate ŋu abui be ŋugbe si Mawu do na Dawid la mate ŋu ava eme o?
11 Enye nyateƒe be ɖewohĩ Yudatɔ aboyomewo bu Dawid ƒe ƒomea me fianyenye be enye nusi mate ŋu ava eme o. Woxɔ woƒe anyigba kple woƒe dukɔa gɔ̃ hã le wo si! Gake ɣeyiɣi kpui aɖe koe wòanɔ alea. Yehowa meŋlɔ nu si wòbla kple Dawid la be o. Aleke ke wòɖadze le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nui be esia manya wɔ o, Mawu ƒe tameɖoɖo ku ɖe Fiaɖuƒe mavɔ si atso Dawid ƒe ƒomea me la ava eme godoo. Gake aleke wòava emee eye ɣekaɣie? Le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, Yehowa ɖe eƒe amewo tso Babilontɔwo ƒe aboyo me eye wòna wogava nɔ wo denyigba dzi. Ðe esia na wova ɖo fiaɖuƒe mavɔ aɖe anyia? Ao, woyi edzi nɔ trɔ̃subɔlawo ƒe fiaɖuƒe bubu, si nye Medo-Persia, te. Dukɔwo ƒe “ɣeyiɣi” si woatsɔ aɖu dzi la mevɔ haɖe o. (Luka 21:24) Esi fia aɖeke menɔ Israel o ta la, ƒe alafa geɖe va yi esi ŋugbe si Yehowa do na Dawid la mekpɔ va eme o.
12. Afɔ kae Yehowa ɖe be yeawɔ ɖe Fiaɖuƒenubabla si wòwɔ kple Dawid la dzi?
12 Ƒe 500 kple edzivɔ le Israel ɖeɖe tso Babilontɔwo ƒe aboyo me megbe la, Yehowa wɔ afɔɖeɖe vevi aɖe le Fiaɖuƒenubabla la dzi wɔwɔ me esime wòɖe eƒe Ŋgɔgbevi, amesi wòwɔ hafi wɔ nu bubu ɖesiaɖe la, ƒe agbe tso dziƒoŋutikɔkɔe me tsɔ de Maria si nye Yudatɔ ɖetugbi leaƒe la ƒe vidzidɔ me. (Kolosetɔwo 1:15-17) Yehowa ƒe dɔla gblɔ na Maria tsɔ ɖe gbeƒã nudzɔdzɔ siae be: “Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; eye wòaɖu fia le Yakob ƒe aƒe dzi tegbetegbe, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.” (Luka 1:32, 33) Eyata wodzi Yesu ɖe Dawid ƒe fiaƒomea me eye wònyi fianyenye dome. Ne woɖo Yesu fiazikpui dzi la, aɖu fia “ɖaseɖe mavɔ me.” (Yesaya 9:6; Daniel 7:14) Eyata mɔ ʋu ɖi azɔ be ŋugbe si Yehowa do ƒe alafa geɖe do ŋgɔ be yeana ame aɖe nanyi Fia Dawid ƒe dome tegbee la nava eme.
‘Dukɔwo Dziɖula’
13. Aleke Yesu zu “ɖasefo na dukɔwo” le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi kple le eƒe dziƒoyiyi megbee?
13 Nukae amesia si ava zu fia le etsɔme la awɔ? Yehowa gblɔ be: “Kpɔ ɖa, metsɔe ɖo ɖasefo na dukɔwo, eye metsɔe ɖo dukɔwo ƒe amegã kple dziɖula.” (Yesaya 55:4) Esime Yesu tsi la, ezu Yehowa teƒenɔla le anyigba dzi, eye wònye Mawu ƒe ɖasefo na dukɔwo. Le eƒe amegbetɔ ƒe agbenɔɣi la, ewɔ eƒe subɔsubɔdɔa le “Israel ƒe me alẽ, siwo bu” la dome. Gake do ŋgɔ na Yesu ƒe dziƒoyiyi teti la, egblɔ na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo . . . Kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” (Mateo 10:5, 6; 15:24; 28:19, 20) Eyata le ɣeɣiɣi aɖe megbe la, wogblɔ Fiaɖuƒegbedasia na amesiwo menye Yudatɔwo o, eye wo dometɔ aɖewo kpɔ gome le nubabla si wowɔ kple Dawid la me vava me. (Dɔwɔwɔwo 13:46) Esia na Yesu yi edzi nye Yehowa ƒe “ɖasefo na dukɔwo” le eƒe ku, tsitretsitsi, kple dziƒoyiyi megbe gɔ̃ hã.
14, 15. (a) Aleke Yesu ɖee fiae be yenye “amegã kple dziɖula”? (b) Mɔkpɔkpɔ kae nɔ Yesu yomedzelawo si le ƒe alafa gbãtɔ me?
14 Wogblɔ be Yesu anye “amegã kple dziɖula” hã. Nyagblɔɖinya sia va eme pɛpɛpɛ le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi esime wòtsɔ eƒe tanyenye ƒe agbanɔamedzia bliboe hexɔ ŋgɔ le nusianu me, eye esia he amehawo ɖe eŋu, efia nyateƒenya wo, eye wòɖe viɖe si amesiwo nɔa eƒe kpɔkplɔ te kpɔna la fia. (Mateo 4:24; 7:28, 29; 11:5) Ena hehe eƒe nusrɔ̃lawo nyuie hedzra wo ɖo be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔ si nɔ wo ŋgɔ. (Luka 10:1-12; Dɔwɔwɔwo 1:8; Kolosetɔwo 1:23) Yesu tsɔ ƒe etɔ̃ kple afã pɛ ko ɖo gɔmeɖoanyi na dukɔwo dome hame wɔɖeka si me ameƒomevi vovovo akpe geɖewo nɔ! “Amegã kple dziɖula” akuaku koe ate ŋu awɔ dɔ gã sia ade goe.b
15 Wotsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na amesiwo nu woƒo ƒu ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea me, eye woƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoava zu hatidziɖulawo kple Yesu le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me. (Nyaɖeɖefia 14:1) Gake ɣeyiɣi si yi ŋgɔ wu Kristotɔnyenye ƒe gɔmedzeɣi ŋue Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒo nu tsoe. Kpeɖodziwo ɖee fia be Yesu Kristo mezu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia nɔ dzi ɖum do ŋgɔ na ƒe 1914 o. Ema megbe kpuie la, nɔnɔme aɖe do mo ɖa le Kristotɔ amesiaminawo dome le anyigba dzi si ɖi Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me la tɔ le go geɖe me. Le nyateƒe me la, nusi dzɔ ɖe Kristotɔ mawo dzi nye Yesaya ƒe nyagblɔɖia me vava le mɔ si lolo wu nu.
Egbeŋkekea me Aboyomenɔnɔ Kple Ablɔɖekpɔkpɔ
16. Fukpekpe kae kplɔ Yesu ƒe fiazuzu le ƒe 1914 me ɖo?
16 Fukpekpe si ɖeke mesɔ kplii o va xexeame esime woɖo Yesu zi dzi wòzu Fia le ƒe 1914 me. Nukatae? Elabena esi Yesu va zu Fia la, enya Satana kple gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi bubuwo le dziƒo. Esi wosika Satana ɖe anyigba dzi la, eho aʋa ɖe ame kɔkɔe susɔe siwo nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe ame susɔeawo ŋu. (Nyaɖeɖefia 12:7-12, 17) Aʋa sia ɖo eƒe sesẽaƒe le ƒe 1918 me esime wotɔ te dutoƒogbeƒãɖeɖedɔa keŋkeŋ kloe eye wotso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe ŋgɔnɔlawo nu alakpatɔe be wonye aglãdzelawo hede wo gaxɔ me. Yehowa ƒe egbeŋkekea me subɔlawo yi gbɔgbɔmeboyo me le mɔ sia nu, wòɖi ŋutilãmeboyo si me blema Yudatɔwo yi. Esia he vlodoame geɖe va wo dzi.
17. Aleke nɔnɔme si me amesiaminawo nɔ trɔ le ƒe 1919 mee, eye aleke wodo ŋusẽ wo ɣemaɣii?
17 Gake Mawu subɔla amesiaminawo ƒe aboyomenɔnɔ la menɔ anyi ɣeyiɣi didi o. Le March 26, 1919, dzi la, woɖe asi le ŋgɔnɔla siwo wode gaxɔ me la ŋu, eye emegbe wote fli ɖe nya siwo katã wotsɔ ɖe wo ŋu la me. Yehowa kɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe eƒe ame siwo wòna ablɔɖee la dzi, eye wòdo ŋusẽ wo ɖe dɔ si nɔ wo ŋgɔ woava wɔ la ŋu. Wotsɔ dzidzɔ wɔ ɖe amekpekpe si gblɔ be ‘mixɔ agbetsi la no faa’ la dzi. (Nyaɖeɖefia 22:17) Wodze ‘wein kple notsi eye menye kple ga alo le asixɔxɔ nu o’ eye wodo ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me ɖe alesi dɔa gbɔna ta keke ge nukutɔe, si amesiaminawo mekpɔ do ŋgɔ o, la ŋu.
Ameha Gã aɖe Ƒu Du Va Mawu ƒe Amesiaminawo Gbɔ
18. Ƒuƒoƒo eve kawoe le Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo dome, eye nukae wozu egbea?
18 Mɔkpɔkpɔ eve dometɔ ɖekae le Yesu ƒe nusrɔ̃lawo si. Gbã, woƒo “ha sue” si me tɔwo nye ame 144,000 la nu ƒu—wonye Kristotɔ amesiamina siwo nye Yuda kple Dukɔwo me tɔwo, amesiwo nye “Mawu ƒe Israel” eye woƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoaɖu fia kple Yesu le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me. (Luka 12:32; Galatiatɔwo 6:16; Nyaɖeɖefia 14:1) Evelia, “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” aɖe do le ŋkeke mamlɛawo me. Amesiawo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi. Hafi xaxa gã la nadze egɔme la, ame gbogbo siawo—siwo ƒe xexlẽme womeɖo ɖi o la—subɔna kple alẽha sue la, eye ƒuƒoƒo evea siaa zu “alẽha ɖeka” le “alẽkplɔla ɖeka” te.—Nyaɖeɖefia 7:9, 10; Yohanes 10:16.
19. Aleke “dukɔ” aɖe si Mawu ƒe Israel menya tsã o wɔ ɖe gbɔgbɔmedukɔ ma ƒe yɔyɔa dzii?
19 Míate ŋu akpɔ ameha gã sia nuƒoƒoƒu ŋu nya le Yesaya ƒe nyagblɔɖinya siwo gbɔna me: “Kpɔ ɖa, àyɔ dukɔ, si mènya o la vɛ, eye dukɔ, si menya wò o la, aƒu du ava gbɔwò le Yehowa, wò Mawu, kple Israel ƒe kɔkɔetɔ la ta, elabena ede bubu ŋuwò.” (Yesaya 55:5) Le ƒe siwo kplɔ amesiamina susɔeawo ɖeɖe tso gbɔgbɔmeboyo me ɖo me la, womete ŋu kpɔe le gɔmedzedzea me be hafi Harmagedon nava la, woazã yewo le “dukɔ” gã aɖe si metso yewo dome o yɔyɔ va Yehowa ƒe tadedeagu me la me o. Gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, dzianukwaretɔ geɖe siwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ menɔ o te hadede kple amesiaminawo eye wotsɔ veviedodo si amesiaminawo ɖena fiana la ke nɔ Yehowa subɔmee. Ame yeye siawo de dzesi Mawu ƒe amewo ƒe atsyɔ̃, eye wokpɔe be Yehowa le wo dome. (Zaxarya 8:23) Le ƒe 1930-awo me la, amesiaminawo va nya amesiwo tututu ƒuƒoƒo sia si me tɔwo nɔ dzidzim ɖe edzi le wo dome la nye. Wova de dzesii be amewo nuƒoƒoƒudɔ gã aɖe nɔ yewo ŋgɔ. Ameha gã la me tɔwo wɔ kabakaba va de ha kple Mawu ƒe dukɔ si wòbla nu kpli la, eye susu nyui aɖe tae wowɔe nenema.
20. (a) Nukata wòhiã kpata le míaƒe ŋkekea me be ‘woadi Yehowa,’ eye aleke wodia eyamae? (b) Aleke Yehowa axɔ amesiwo dinɛ lae?
20 Yɔyɔa ɖi le Yesaya ƒe ɣeyiɣia me be: “Midi Yehowa, ŋkeke alesi wòle gaglãgbe, miyɔe, esime wòtsɔ kpuiƒe.” (Yesaya 55:6) Nya siawo sɔ le míaƒe ŋkekea me na amesiwo nye Mawu ƒe Israel kple ameha gã si le dzidzim ɖe edzi la me tɔwo siaa. Menye amesiame ko Yehowa yrana o, eye mayi edzi anɔ amewo kpem ɖaa hã o. Fifiae nye ɣeyiɣi si me woadi Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ. Atsi megbe akpa ne Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi de na ʋɔnudɔdrɔ̃. Eyata Yesaya gblɔ be: “Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ekema akpɔ nublanui nɛ, eye wòatrɔ ɖe mía Mawu ŋu, elabena etsɔa nuvɔ̃ kena geɖe.”—Yesaya 55:7.
21. Aleke Israel-dukɔa ɖee fiae be yewomewɔ ɖe nya si yewo tɔgbuiwo gblɔ dzi o?
21 Nyagbɔgblɔ si nye “wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu” fia be ƒomedodo aɖe nɔ amesiwo hiã dzimetɔtrɔ la kple Mawu dome tsã. Nyagbɔgblɔ ma na míeɖoa ŋku edzi be Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa sia me nya geɖe va eme zi gbãtɔ ɖe Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le Babilon dzi. Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la, aboyome siawo tɔgbuiwo ɖe woƒe tameɖoɖo kplikpaa be yewoaɖo to Yehowa la gblɔ be: “Nede megbe xaa tso mía gbɔ be, míagblẽ Yehowa ɖi asubɔ mawu bubuwo!” (Yosua 24:16) Ŋutinya ɖee fia be nusi wobe “nede megbe xaa” la boŋue dzɔ—eye edzɔ enuenu! Mawu ƒe amewo ƒe xɔsemanɔamesi tae wozu aboyomewo le Babilon.
22. Nukata Yehowa gblɔ be yeƒe susuwo kple mɔwo kɔ boo wu amegbetɔ tɔ?
22 Nukae adzɔ ne wotrɔ dzime? Yehowa to Yesaya dzi do ŋugbe be ‘yeatsɔ ake wo geɖe.’ Eye egblɔ kpee be: “Elabena Yehowa be: Nye susuwo menye miaƒe susuwo o, eye miaƒe mɔwo menye nye mɔwo o; ke boŋ alesi dziƒo kɔ boo wu anyigbae la, nenema nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo kple nye susuwo wu miaƒe susuwoe.” (Yesaya 55:8, 9) Yehowa de blibo, eye eƒe susu kple mɔwo kɔ boo. Mí amegbetɔwo míate ŋu akpɔ mɔ be míaɖo afisi eƒe nublanuikpɔkpɔ ɖona gbeɖe o. Bu eŋu kpɔ: Ne míetsɔ ke mía havi amegbetɔ la, nuvɔ̃wɔla si tsɔ ke nuvɔ̃wɔla ƒe nya ko wònye. Míekpɔnɛ dzea sii be ava hiã gbeɖeka be mía havi amegbetɔ aɖe natsɔ ake míawo hã. (Mateo 6:12) Gake Yehowa ya tsɔ “kena geɖe,” togbɔ be mehiã be woatsɔ nuvɔ̃ ake eyama gbeɖe o hã! Mawu si si amenuveve bɔ ɖoe wònye vavã. Eye Yehowa kpɔa nublanui na ame heʋua dziƒo nu dudua yayra ƒona ɖe amesiwo tsoa dzi blibo me trɔna vaa egbɔ la dzi.—Maleaxi 3:10.
Amesiwo Trɔna Vaa Yehowa Gbɔ ƒe Yayrawo
23. Aleke Yehowa wɔ kakaɖedzi si le eƒe nya ŋu ƒe kpɔɖeŋui?
23 Yehowa do ŋugbe na eƒe amewo be: “Alesi tsidzadza kple sno dzana tso dziƒo, eye megagbugbɔna yina o, ke boŋ wòdea tsi anyigba wònana wòmiea nu heʋãa nu, eye wònaa nuku nuƒãla kple abolo, ne woaɖu la, nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.” (Yesaya 55:10, 11) Kakaɖedzi le nya sia nya si Yehowa gblɔ ŋu be ava eme. Abe alesi tsi kple sno si dzana tso yame ƒe taɖodzinu si nye be woade tsi anyigba be wòawɔ nu vaa emee ene la, nenema ke kakaɖedzi blibo le nya si do tso Yehowa ƒe nu me hã ŋui. Nusi ŋugbe wòdo la, awɔ edzi—eye kakaɖedzi blibo nɔa eŋu.—Mose IV, 23:19.
24, 25. Yayra kawoe Yudatɔ aboyome siwo awɔ ɖe gbedasi si Yehowa tsɔ na to Yesaya dzi la akpɔ?
24 Eyata ne Yudatɔwo wɔ ɖe nya si wogblɔ na wo le nyagblɔɖi me to Yesaya dzi la, woakpɔ xɔname si ŋugbe Yehowa do la. Esia ana woakpɔ dzidzɔ geɖe. Yehowa gblɔ be: “Miaʋu adzo kple dzidzɔ, eye woaɖo mi ɖa le ŋutifafa me. Towo kple togbɛwo atso aseye le mia ŋgɔ, eye gbemetiwo katã aƒu akpe. Sesewuwo amie ɖe ŋuvewo teƒe, eye gbe ʋeʋẽewo amie ɖe dzawo teƒe, eye wòazu kafukafu na Yehowa kple ŋkuɖodzinu mavɔ, si nu mayi o.”—Yesaya 55:12, 13.
25 Le ƒe 537 D.M.Ŋ. ɖo me la, Yudatɔ aboyomewo tsɔ aseyetsotso dzoe le Babilon. (Psalmo 126:1, 2) Esime wova ɖo Yerusalem la, wokpɔe be ŋuve kple dzawo xɔ anyigba la dzi—ɖo ŋku edzi be anyigba la zu aƒedo ƒe bla nanewo. Gake Mawu ƒe ame siwo trɔ va wo de la ate ŋu awɔ dɔ azɔ atsɔ atrɔe wòazu teƒe dzeani! Ati kɔkɔ, siwo ƒe ɖee nye sesewu kple gbe ʋeʋẽewo axɔ ɖe ŋuwo kple dzawo teƒe. Yehowa ƒe yayra adze gaglãa esi eƒe amewo tsɔ ‘aseyetsotso’ le esubɔm. Anɔ abe ɖe anyigba la ŋutɔe le aseye tsom ene.
26. Yayra ƒe nɔnɔme ka mee Mawu ƒe amewo le egbea?
26 Le ƒe 1919 me la, woɖe Kristotɔ amesiamina susɔeawo tso woƒe gbɔgbɔmeboyo me. (Yesaya 66:8) Wo kple alẽ bubuwo ƒe ameha gã la tsɔ aseyetsotso le Mawu subɔm fifia le gbɔgbɔmeparadiso me. Esi wovo tso Babilontɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖesiaɖe me ta la, wove wo nu, eye ezu “kafukafu” na Yehowa. Woƒe gbɔgbɔmedzidzedzekpɔkpɔ kafua eƒe ŋkɔ eye wòdonɛ ɖe dzi be eyae nye nyagblɔɖi vavã ƒe Mawu. Nusi Yehowa wɔ na wo ɖe eƒe Mawunyenye fia eye enye eƒe nyadziwɔwɔ kple nublanuikpɔkpɔ na amesiwo trɔ dzime la ƒe kpeɖodzi. Neva eme be amesiwo katã yia edzi ‘dzea wein kple notsi, menye kple ga alo le asixɔxɔ nu o’ la nakpɔ dzidzɔ le esubɔsubɔ me tegbee!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Wokpɔ Yudatɔwo ƒe ŋkɔ geɖe le blema Babilon ƒe asitsatsa ŋuti nuŋlɔɖiwo me.
b Yesu yi edzi le nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa dzi kpɔm. (Nyaɖeɖefia 14:14-16) Egbea Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnuwo bua Yesu be eyae nye hamea ƒe Ta. (Korintotɔwo I, 11:3) Eye le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, Yesu anye “amegã kple dziɖula” si awɔ nu le mɔ bubu nu, esime wòanɔ ŋgɔ awɔ nyametsoʋa kple Mawu ƒe futɔwo le Harmagedon-ʋa la me.—Nyaɖeɖefia 19:19-21.
[Nɔnɔmetata si le axa 234]
Wokpe Yudatɔ siwo gbɔgbɔmetsikɔ le wuwum be ‘woava tsi gbɔ’ eye be ‘woadze wein kple notsi’
[Nɔnɔmetata si le axa 239]
Yesu ɖee fia be yenye dukɔwo ƒe “amegã kple dziɖula”
[Nɔnɔmetata siwo le axa 244, 245]
“Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu”