Ta Blaeve Vɔ Adrelia
Yehowa Yrana ɖe Tadedeagu Dzadzɛtɔ Dzi
1. Nyati kawo ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya ƒe ta mamlɛa me, eye biabia kawo ŋue woɖo?
LE YESAYA ƒe ta mamlɛa me la, wowu nyati vevi siwo ŋu woƒo nu tsoe le nyagblɔɖigbalẽ sia me la dometɔ aɖewo nu le mɔ wɔdɔɖeamedzi ŋutɔ aɖe nu, eye woɖo biabia vevi geɖe hã ŋu. Nyati siwo ŋu woƒo nu tsoe la dometɔ aɖewoe nye ɖoƒe kɔkɔ si Yehowa le, eƒe fuléle alakpanuwɔwɔ, eƒe tameɖoɖo kplikpaa be yeatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo, kple eƒe lɔlɔ̃ na nuteƒewɔlawo kple ɖetsɔtsɔ le eme na wo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woɖo biabia siwo gbɔna hã ŋu: Vovototo kae le nyateƒe subɔsubɔ kple alakpa tɔ dome? Nukata míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ahe to na alakpanuwɔla siwo wɔa nu abe ɖe wole kɔkɔe ene gake wotea Mawu ƒe amewo ɖe anyi? Eye aleke Yehowa ayra amesiwo yia edzi wɔa nuteƒe nɛ?
Nusi Dzi Tadedeagu Dzadzɛ Nɔ Te Ðo
2. Nya kae Yehowa gblɔ le eƒe gãnyenye ŋu, eye nukae nya siawo mefia o?
2 Nyagblɔɖia te gbe ɖe Yehowa ƒe gãnyenye dzi tsɔ dze egɔmee be: “Ale Yehowa gblɔ esi; Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miebe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe?” (Yesaya 66:1) Ame aɖewo xɔe se be ɖe nyagblɔɖila la nɔ dzi ɖem le Yudatɔwo ƒo be ne dukɔa gbɔ va wo denyigba dzi la, womagagbugbɔ gbedoxɔ atu na Yehowa o. Menye nenemae o; Yehowa ŋutɔ ade se be woagbugbɔ gbedoxɔa atu. (Ezra 1:1-6; Yesaya 60:13; Xagai 1:7, 8) Ke nukae nya sia fia?
3. Nukata wòsɔ be woyɔ anyigba la be Yehowa ƒe “afɔɖodzinu”?
3 Gbã la, míate ŋu abu nusita wogblɔ be anyigba nye Yehowa ƒe “afɔɖodzinu” ŋu. Menye gbɔɖiamenyae nya sia nye o. Anyigba ɖeɖekoe woyɔ ŋkɔ tɔxɛ sia na le dziƒonu biliɔn geɖe siwo le xexeame la katã dome. Míaƒe ɣletinyigba la anye nu tɔxɛ tegbee, elabena afisiae Yehowa ƒe Tenuvi la xe tafe la le, eye afisia hãe Yehowa aʋli eƒe dziɖulanyenye ta le to Mesia Fiaɖuƒea dzi. Aleke gbegbe wòsɔe nye si be woayɔ anyigba la be Yehowa ƒe afɔɖodzinu! Fia ate ŋu aɖo afɔ eƒe afɔɖodzinu dzi ne eyina eƒe fiazikpui kɔkɔ dzi nɔ ge eye emegbe wòada afɔ ɖe edzi.
4. (a) Nukata manya wɔ be anyigba dzi xɔ aɖe nanye Yehowa Mawu ƒe gbɔɖemeƒe o? (b) Nukae nyagbɔgblɔ “nusiawo katã” la fia, eye nya kae míate ŋu agblɔ le tadedeagu na Yehowa ŋu?
4 Le nyateƒe me la, fia menɔa eƒe afɔɖodzinu dzi o, eye Yehowa hã menɔa anyigba sia dzi o. Wogblɔ be dziƒo si lolo gãa la gɔ̃ hã melolo nɛ o! Eyata Yehowa mate ŋu anɔ xɔ gbɔlo aɖeke me le anyigba dzi wòanye eƒe aƒe ŋutɔŋutɔ o. (Fiawo I, 8:27) Yehowa ƒe fiazikpui kple eƒe gbɔɖemeƒe le gbɔgbɔnutome, eye esiae nye gɔmesese si le “dziƒo” si wozã le Yesaya 66:1 la ŋu. Kpukpui si kplɔe ɖo kɔ nya la me be: “Yehowa be: Nye asie wɔ nusiawo katã, ale be nusiawo katã li.” (Yesaya 66:2a) Kpɔ alesi Yehowa awɔ asii atsɔ afia “nusiawo katã” la ɖa le susu me—atsɔ asi afia nusianu si le dziƒo kple anyigba dzi. (Yesaya 40:26; Nyaɖeɖefia 10:6) Esi wònye xexeame katã Wɔla Gã ta la, edze be woatsɔ nusi yi ŋgɔ wu xɔtutu dzro ko ana eyama. Edze na nusi yi ŋgɔ wu gotagome tadedeagu ko.
5. Aleke míeɖenɛ fiana be míenye “hiãtɔwo kple amesiwo ƒe gbɔgbɔ wote ɖe anyi”?
5 Tadedeagu kae sɔ na Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã la? Eya ŋutɔ gblɔe na mí be: “Melé ŋku ɖe amesiawo ŋu: ɖe hiãtɔwo kple amesiwo ƒe gbɔgbɔ wote ɖe anyi, eye wovɔ̃a nye nyawo la ŋu.” (Yesaya 66:2b) Ẽ, dzi ƒe nɔnɔme nyui si anɔ tadeagula si nye nu vevi aɖe le tadedeagu dzadzɛ me. (Nyaɖeɖefia 4:11) Ele be Yehowa subɔla nanye ‘hiãtɔ kple amesi ƒe gbɔgbɔ wote ɖe anyi.’ Ðe esia fia be Yehowa medi be míakpɔ dzidzɔ oa? Ao, ‘dzidzɔ Mawu’ ye wònye, eye edi be ye subɔlawo hã nakpɔ dzidzɔ. (Timoteo I, 1:11; Filipitɔwo 4:4) Gake mí katã míewɔa nuvɔ̃ edziedzi, eye mele be míabu míaƒe nuvɔ̃wo nu tsɛe o. Ele be ‘wòawɔ fu’ mí, eye míalé blanui be míeda Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo ƒu. (Psalmo 51:19) Ele be míaɖee afia be ‘nu te ɖe míaƒe gbɔgbɔ dzi’ to dzimetɔtrɔ, avuwɔwɔ kple míaƒe dzodzro vɔ̃wo, kple gbedodoɖa na Yehowa abia tsɔtsɔke me.—Luka 11:4; Yohanes I, 1:8-10.
6. Gɔmesese ka nue wòle be tadeagula vavãwo ‘navɔ̃ Mawu ƒe nya’ le?
6 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa léa ŋku ɖe amesiwo ‘vɔ̃a eƒe nya’ ŋu. Ðe wòfia be ele be dzidzi naƒo mí ɣesiaɣi si míaxlẽ eƒe nyawoa? Ao, ɖe wòdi boŋ be míatsɔ dzodzo nyanyanya kple bubu deto abu yeƒe nyawo ŋu. Míedia eƒe aɖaŋuɖoɖo le anukwareɖiɖi me, eye míezãnɛ wònyea mɔfianu le agbemenuwɔna ɖesiaɖe me. (Psalmo 119:105) Míate ŋu ‘avɔ̃’ hã le gɔmesese sia nu be míevɔ̃a eŋu bubu be míagbe toɖoɖo Mawu, be míatsɔ amegbetɔ ƒe kɔnyinyiwo aƒo ɖi eƒe nyateƒea, alo abui nu tsɛe. Ðokuibɔbɔ nɔnɔme sia le vevie le tadedeagu dzadzɛ me—gake ewɔ nublanui be nɔnɔme sia mebɔ ɖe egbe xexeame o.
Yehowa Lé Fu Tadedeagu me Alakpanuwɔwɔ
7, 8. Aleke Yehowa bua mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔlawo ƒe subɔsubɔ nuwɔnawoe?
7 Esi Yesaya nɔ eŋɔlimetɔwo ŋu bum la, enya nyuie be wo dometɔ ʋɛ aɖewo ko sie nɔnɔme si Yehowa dina tso esubɔlawo gbɔ la le. Esia ta Yerusalem si gbe xɔse la dze na eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna ɖe edzi. Kpɔ alesi Yehowa bua tadedeagu si wowɔna le dua mee ɖa: ‘Amesi wu nyitsu la, sɔ kple amesi wu ame, amesi tsɔ alẽvi sa vɔe la, sɔ kple amesi tro kɔ le avũ nu, amesi sa nuɖuvɔ la, sɔ kple amesi tsɔ haʋu sa vɔe, amesi do dzudzɔ ʋeʋẽe la, sɔ kple amesi kafua trɔ̃wo. Amesiawo tiaa woawo ŋutɔ ƒe mɔ, eye woƒe luʋɔ kpɔa dzidzɔ le woƒe ŋunyɔnuwo ŋu.’—Yesaya 66:3.
8 Nya siawo na míeɖo ŋku Yehowa ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta gbãtɔ me dzi. Le afima la, Yehowa gblɔ na eƒe dukɔ dzego la be menye ɖeko woƒe subɔsubɔnuwɔnawo medzea ye ŋu ko evɔ o ke eho yeƒe dziku dzɔdzɔe wòfla ɖe edzi elabena tadeagulaawo wɔa alakpanu. (Yesaya 1:11-17) Fifia Yehowa tsɔ woƒe vɔsanuwo sɔ kple hlɔ̃nu vɔ̃ɖiwo. Woƒe nyitsu xɔasi tsɔtsɔ sa vɔe madze Yehowa ŋu o abe alesi woƒe amegbetɔ wuwu madze eŋu o ene! Wotsɔ vɔsa bubuwo sɔ kple avu alo ha, siwo nye lã siwo ŋu mekɔ o le Mose ƒe Sea te eye wòdze ƒã be womesɔ na vɔsasa o la tsɔ sa vɔe. (Mose III, 11:7, 27) Ðe Yehowa agbe tohehe ɖe mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔwɔ sia taa?
9. Aleke Yudatɔ akpa gãtɔ xɔ ŋkuɖodzinya siwo Yehowa tsɔ to Yesaya dzi na wo lae, eye nukae adzɔ ɖe wo dzi godoo?
9 Azɔ Yehowa gblɔ be: “Nenema nye hã makpɔ dzidzɔ le ŋutasesẽ le wo ŋu ŋuti, eye mahe nusi dzia ŋɔ na wo la, ava wo dzi; elabena meyɔ ame, ke ame aɖeke metɔ o, meƒo nu, ke womesee o, wowɔ nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye wotia nusi medze ŋunye o.” (Yesaya 66:4) Ðikeke mele eme o be Yesaya te ŋu tsɔ kakaɖedzi si tso dzime gblɔ nya siawoe. Yehowa zãe ƒe geɖe tsɔ ‘yɔ’ Eƒe dukɔa ‘heƒo nu’ na wo. Nyagblɔɖila la nya nyuie be ame akpa gãtɔ meɖo to o. Esi woyi nuvɔ̃ɖiwɔwɔ dzi ta la, woahe to na wo godoo. Yehowa atia to si wòahe na eƒe dukɔ si gbe xɔse la eye wòahe ŋɔdzinuwo ava wo dzi.
10. Nukae Yehowa ƒe nuwɔwɔ ɖe Yudatɔwo ŋu fia mí le alesi wòbua Kristodukɔae ŋu?
10 Egbeŋkekea me Kristodukɔa hã wɔ nusiwo medzea Yehowa ŋu o nenema ke. Trɔ̃subɔsubɔ bɔ ɖe eƒe sɔlemehawo me, wokafua xexemenunya kple kɔnu siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o le eƒe kplɔ̃wo ta, eye eƒe dunyaheŋusẽ didi na wònyrɔ eɖokui ɖe gbɔgbɔmehasiwɔwɔ kple xexemedukɔwo me vĩ. (Marko 7:13; Nyaɖeɖefia 18:4, 5, 9) Abe alesi wòdzɔ ɖe blema Yerusalem dzii ene la, Kristodukɔa ƒe tohehe si dze—nusi “dzia ŋɔ” nɛ—la gbɔna edzi godoo. Alesi wòtu nu kple Mawu ƒe amewo nye nusiwo ta woahe to nɛ godoo la dometɔ ɖeka.
11. (a) Nukae na Yesaya ƒe ŋkekea me xɔsegbelawo ƒe nuvɔ̃ galolo ɖe edzi? (b) Gɔmesese ka nue Yesaya ŋɔlimetɔwo nyã nuteƒewɔlawo ɖa ‘le Mawu ƒe ŋkɔ ta’ le?
11 Yesaya yi edzi be: “Mi amesiwo vɔ̃a Yehowa ƒe nya la, mise eƒe nya la! Mia nɔvi, siwo lé fu mi, eye wonyã mi ɖa le nye ŋkɔ ta hele gbɔgblɔm be: ‘Yehowa nede bubu eɖokui ŋu, ne míakpɔ míaƒe dzidzɔ’ la, ŋukpe alé wo.” (Yesaya 66:5) Enye agbanɔamedzi si tso Mawu gbɔ na Yesaya ‘nɔvi’ siwo nye eya ŋutɔ detɔwo be woanɔ Yehowa Mawu teƒe eye woabɔbɔ ɖe eƒe dziɖulanyenye te. Nusia si wodo kpo wɔwɔ ƒe nuvɔ̃ la lolo ŋutɔ. Gake nusi gana woƒe nuvɔ̃a lolo ɖe edzie nye be wolé fu amesiwo nye nuteƒewɔla kple ɖokuibɔbɔlawo, abe Yesaya ene. Xɔsegbela siawo lé fu nuteƒewɔlawo henyã wo ɖa le esi amesiawo nɔa Yehowa Mawu teƒe nyateƒetɔe ta. Gɔmesese ma nue wonyã wo ɖa ‘le Mawu ƒe ŋkɔ ta’ le. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yehowa subɔla alakpatɔ siawo gblɔ be yewole eteƒe, esi wozãa mawusubɔsubɔ me nyagbɔgblɔ siwo ƒe ɖee nye “Yehowa nede bubu eɖokui ŋu,” abe ɖe wovɔ̃nɛ kakaka ene.a
12. Alesi mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔlawo ti Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo yome ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye kawo?
12 Menye nu yeyee alakpasubɔsubɔha ƒe fuléle tadedeagu dzadzɛ me léɖeasilawo nye o. Enye nyagblɔɖi si le Mose I, 3:15, si me wogblɔ fuléle si anɔ Satana ƒe dzidzimevi kple Mawu ƒe nyɔnu la ƒe Dzidzimevi dome ɣeyiɣi didi aɖe ɖi le la me vava bubu. Yesu gblɔ na eyomedzela amesiaminawo le ƒe alafa gbãtɔ me be woawo hã woakpe fu le wo detɔwo si me—woanyã wo le ƒuƒoƒewo eye woati wo yome awu wo gɔ̃ hã. (Yohanes 16:2) Ke míaƒe ɣeyiɣia me hã ɖe? Le “ŋkeke mamlɛawo” ƒe gɔmedzedze la, Mawu ƒe amewo kpɔe be yometiti ma tɔgbe le yewo ŋgɔ. (Timoteo II, 3:1) Le keke ƒe 1914 me ke la, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ yɔ nya siwo le Yesaya 66:5 hegblɔ be: “Yometiti siwo va Mawu ƒe amewo dzi la katã kloe tso amesiwo be Kristotɔ yewonye la gbɔ.” Nyati ma ke gblɔ hã be: “Míenya ne woava wɔ nusi gbɔ eme le míaƒe ŋkekea me o—awu mí le hadomegbenɔnɔ gome, awu mí le kplamatsedodo na habɔbɔa gome, eye ɖewohĩ woawu mí ŋutɔŋutɔ aɖe míaƒe agbe ɖa.” Nenema tututue nya mawo va emee! Ɣeyiɣi kpui aɖe le nya siawo tata vɔ megbe la, yometiti si osɔfowo le megbe na ɖo eƒe sesẽaƒe le Xexemeʋa I wɔɣi. Gake wodo ŋukpe Kristodukɔa abe alesi wogblɔe ɖi ene. Le mɔ ka nu?
Gbugbɔɖoanyi si Va Kaba le Vome
13. Nukae nye “howɔwɔ ƒe ɖiɖi [si] tso dua me” le nya sia me vava gbãtɔ me?
13 Yesaya gblɔ nya ɖi be: “Howɔwɔ ƒe ɖiɖi tso dua me, gbe tso gbedoxɔ me, Yehowa, amesi ɖo eteƒe na eƒe futɔwo la ƒe gbe ye!” (Yesaya 66:6) “Dua” ye nye Yerusalem, afisi Yehowa ƒe gbedoxɔa nɔ, le nya siawo me vava gbãtɔ me. “Howɔwɔ ƒe ɖiɖi” la fia aʋawɔwɔ ƒe zitɔtɔ, si wose le dua me esime Babilontɔ siwo va afima la dze dua dzi le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Ke aleke wòva eme le míaƒe ŋkekea mee?
14. (a) Nya kae Maleaxi gblɔ ɖi le alesi Yehowa va Eƒe gbedoxɔ me ŋu? (b) Le Xezekiel ƒe nyagblɔɖia me la, nukae dzɔ esime Yehowa va eƒe gbedoxɔa me? (d) Ɣekaɣie Yehowa kple Yesu lé ŋku ɖe gbɔgbɔmegbedoxɔa me ŋu, eye dɔ kae esia wɔ ɖe amesiwo be yewole tadedeagu dzadzɛtɔ me dzi?
14 Yesaya ƒe agbalẽa me nya siawo wɔ ɖeka kple nyagblɔɖinya eve bubu. Woŋlɔ ɖeka ɖe Xezekiel 43:4, 6-9 eye evelia le Maleaxi 3:1-5. Xezekiel kple Maleaxi siaa gblɔ ɣeyiɣi si me Yehowa Mawu ava eƒe gbedoxɔ me ɖi. Maleaxi ƒe nyagblɔɖia ɖee fia be Yehowa ava lé ŋku ɖe eƒe tadedeagu dzadzɛ ƒe aƒe la ŋu eye wòawɔ nu abe Galólola ene, ale be wòagbe amesiwo menaa woƒoa nu nyui le eŋu o. Wokpɔ Yehowa le Xezekiel ƒe ŋutega la me wòge ɖe gbedoxɔa me eye wòbia be woaɖe nusianu si do ƒome kple agbegbegblẽnɔnɔ kple trɔ̃subɔsubɔ ɖa.b Le nyagblɔɖi siawo me vava egbegbe tɔa me la, nu vevi aɖe dzɔ le gbɔgbɔ me le ƒe 1918 me le Yehowa ƒe tadedeagu me. Edze ƒã be Yehowa kple Yesu lé ŋku ɖe amesiwo katã gblɔna be yewole tadedeagu dzadzɛtɔ me la ŋu. Ŋkuléleɖenuŋu ma na wova gbe Kristodukɔ gblẽku la mlɔeba. Le Kristo yomedzela amesiaminawo gome la, ŋkuléleɖenuŋu ma nye wo ŋu kɔkɔ ƒe ɣeyiɣi kpui aɖe eye gbɔgbɔmegbugbɔɖoanyi si yi edzi kabakaba la kplɔe ɖo le ƒe 1919 me.—Petro I, 4:17.
15. Vidzidzi kae wogblɔ ɖi, eye aleke wòva emee le ƒe 537 D.M.Ŋ. me?
15 Woƒo nu tso gbugbɔɖoanyi sia ŋu nyuie le Yesaya ƒe agbalẽa me kpukpui siwo kplɔe ɖo me wòsɔ nyuie be: “Woadzi vi, hafi woava lé ku, woadzi ŋutsuvi, hafi fu nava ɖu wo. Ameka se esia tɔgbe kpɔ, eye ameka kpɔ esia tɔgbe kpɔ? Ðe anyigba aɖe adzɔ gbe ɖeka, eye ɖe woadzi dukɔ aɖe zi ɖeka? Hafi Zion ya lé ku, eye wodzi viawo zi ɖeka.” (Yesaya 66:7, 8) Yudatɔ aboyome siwo nɔ Babilon la kpɔ nya sia me vava dodzidzɔname aɖe. Wogaƒo nu le Zion, alo Yerusalem, ŋu be enye nyɔnu si le vi dzim, gake vidzidzi wɔmoyaa kae nye si wònye! Edzɔ kaba le vome ale gbegbe be hafi fu nava ɖui la, edzi vi hã xoxo! Woɖɔ nɔnɔmea wòsɔ nyuie ŋutɔ. Mawu ƒe dukɔa dzidzi le ƒe 537 D.M.Ŋ. me be woanye dukɔ ɖedzesi la dzɔ kaba le vome ale gbegbe be wòdze nukunui. Tso ɣeyiɣi si Kores na ablɔɖe Yudatɔwo tso aboyo me vaseɖe ɣeɣiɣi si me ame susɔe wɔnuteƒewo trɔ va wo denyigba dzi nye ɣleti aɖewo ko! Aleke gbegbe wòto vovo na nusiwo dzɔ hafi wova dzi Israel-dukɔa zi gbãtɔ lae nye si! Le 537 D.M.Ŋ. me la, mehiã be woaɖe kuku na fiagã si ƒe nya me sẽ aɖeke be wòana ablɔɖe wo o, mehiã be woasi le futɔwo ƒe aʋakɔ aɖeke nu o, eye mehiã be woatsɔ ƒe 40 aɖeke atsa le gbedzi o.
16. Nukae Zion tsi tre ɖi na le Yesaya 66:7, 8 me vava si nye míaƒe ɣeyiɣia me tɔ la me, eye aleke wogadzi viawoe?
16 Le emevava si nye míaƒe ɣeyiɣia me tɔ me la, Zion tsi tre ɖi na Yehowa ƒe ‘dziƒonyɔnu’ si nye eƒe dziƒohabɔbɔ si me gbɔgbɔmenuwɔwɔwo le. Le ƒe 1919 me la, edzɔ dzi na “nyɔnu” sia esi wòdzi via amesiaminawo le anyigba dzi wozu amesiwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo, wonye “dukɔ.” Wo dzidzi ake alea dzɔ kaba le vome.c Le ɣleti aɖewo ko me la, amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒoa tso le dɔmawɔmawɔ ƒe nɔnɔme si sɔ kple ku me va nɔ dɔ wɔm dzonɔamemetɔe le woƒe “anyigba,” si nye gbɔgbɔmedɔwɔwɔ ƒe nɔƒe si Mawu tsɔ na wo la dzi. (Nyaɖeɖefia 11:8-12) Va ɖo ƒe 1919 ƒe kele me la, woɖe gbeƒã magazine yeye si woata akpe ɖe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ŋu. Agbalẽ yeye ma si woyɔ be The Golden Age (si nye Nyɔ! fifia) la nye ɖaseɖiɖi be wogbɔ agbe Mawu ƒe amewo eye wogawɔ ɖoɖo na wo be woasubɔ.
17. Aleke Yehowa na kakaɖedzi eƒe amewo be naneke mate ŋu axe mɔ ɖe tame si yeɖo ɖe gbɔgbɔ me Israel ŋu dzi wɔwɔ nu o?
17 Ŋusẽ aɖeke mele xexeame si ate ŋu axe mɔ ɖe gbɔgbɔmevidzidzi sia nu o. Kpukpui si kplɔe ɖo gblɔe alea eme kɔ nyuie be: “Yehowa be: Nye amesi ʋua vidzidɔ nu, ɖe mana be, womadzi vi oa? Wò Mawu be: Nye amesi na wodzia vi, ɖe maxe mɔa?” (Yesaya 66:9) Abe alesi ne wodze vidzidzi gɔme womegate ŋu xea mɔ ɖe enu o ene la, nenema ke esi gbɔgbɔ me Israel dzidzi nya dze egɔme ko la, naneke mete ŋu xe mɔ ɖe enu o. Nyateƒe wònye be tsitretsiɖeŋuwo nɔ anyi, eye anɔ eme be tsitretsiɖeŋu geɖe agava le etsɔme ya. Gake Yehowa koe ate ŋu atɔ te nusi gɔme wòdze, eye mewɔa nu nenema gbeɖe o! Gake aleke Yehowa wɔ nu ɖe eƒe dukɔ si wògbɔ agbee la ŋui?
Yehowa ƒe Belélename Lɔlɔ̃tɔe
18, 19. (a) Kpɔɖeŋu ʋãme kae Yehowa zã, eye aleke wòku ɖe eƒe dukɔ si woɖe aboyoe la ŋu? (b) Aleke nuɖuɖunaname kple beléle lɔlɔ̃tɔe ɖe vi na amesiamina susɔe siwo li egbeae?
18 Kpukpui ene siwo kplɔe ɖo ƒo nu tso Yehowa ƒe belélename lɔlɔ̃tɔe ŋu le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu. Yesaya gblɔ gbã be: “Mikpɔ dzidzɔ kple Yerusalem, eye mitso aseye ɖe eŋu, mi amesiwo katã lɔ̃a eƒe nya! Mitso aseye kplii le dzidzɔ me, mi amesiwo katã xaa nu le eŋu! Ne miano eƒe akɔfafa ƒe no, wòaɖi kɔ na mi, eye miakplɔ eƒe atsyɔ̃ɖoɖo ƒe nu gbogboawo hlohlohlo, miaƒe dzi nagbɔ ɖe eme.” (Yesaya 66:10, 11) Yehowa zã nyɔnu si le no nam via si nye vidzĩ tsɔ wɔ kpɔɖeŋui. Ne dɔ le vidzĩ wum la, enɔa avi dzi. Gake ne wotsɔe ɖo dadaa ƒe no nu be wòano la, eƒe nuxaxa trɔna zua akɔfafa kple dzidzeme dzidzɔtɔe. Nenema ke woaɖe Yudatɔ nuteƒewɔla susɔe siwo le Babilon tso nuxaxa ƒe nɔnɔme me kabakaba ayi ɖe dzidzɔ kple dzidzeme nɔnɔme me ne woƒe ablɔɖekpɔkpɔ kple gbugbɔɖoanyiɣia ɖo. Woatso aseye. Yerusalem ƒe atsyɔ̃ɖoɖo agaɖo esi ake ne wogatsoe eye amewo gava nɔ eme. Dua ƒe atsyɔ̃ɖoɖo anɔ eme tɔ wɔnuteƒewo hã dzi. Nunɔla siwo ƒe ŋku biã ɖe dɔ ŋu aganyi wo ake le gbɔgbɔ me.—Xezekiel 44:15, 23.
19 Wotsɔ nuɖuɖu gbogbo aɖe yra gbɔgbɔ me Israel hã esi wogbugbɔ wo ɖo anyi le ƒe 1919 me megbe. Tso ɣemaɣi la, wokpɔa nuɖuɖu si “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” nana la ɖaa. (Mateo 24:45-47) Le nyateƒe me la, esia nye akɔfafa kple dzidzɔ ƒe ɣeyiɣi na amesiamina susɔeawo. Gake wogayra wo le nu bubuwo me hã.
20. Aleke wotsɔ “tɔʋu, si gba go” yra Yerusalem, le blema kple míaƒe ɣeyiɣia me siaae?
20 Nyagblɔɖia yi edzi be: “Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matrɔ ŋutifafa ɖe eŋu abe tɔsisi ene kple dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eŋu abe tɔʋu, si gba go ene, be miano no, woatsɔ mi ɖe axada me, eye woalé mi ɖe akɔ dzaa.” (Yesaya 66:12) Le afisia la, wotsɔ nonana vi wɔ ɖeka kple yayra gbagowo ƒe kpɔɖeŋu—si nye “tɔsisi” kple “tɔʋu, si gba go.” Menye ŋutifafa gbogbo si tso Yehowa gbɔ koe woatsɔ ayra Yerusalem o ke akpɔ “dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe,” si yia Mawu ƒe amewo gbɔ heyraa wo la hã. Esia fia be dukɔwo me tɔwo anye zi ayi Yehowa ƒe amewo gbɔ. (Xagai 2:7) Esi nya sia va eme le blema la, ame geɖe siwo tso dukɔ vovovowo me va wɔ ɖeka kple Israel, eye wozu trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo. Gake eva eme le mɔ si lolo wu nu le mía ŋutɔwo míaƒe ɣeyiɣia me esime “ameha gã, si . . . tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me”—amesiwo nye ameƒomea ƒe tɔʋu si gba go nyateƒe—va wɔ ɖeka kple gbɔgbɔ me Yudatɔwo ƒe ame susɔeawo.—Nyaɖeɖefia 7:9; Zaxarya 8:23.
21. Akɔfafa ka ƒomevi ƒe nyae wogblɔ ɖi le kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔ dodzidzɔname aɖe me?
21 Yesaya 66:12 ƒo nu tso nyagbɔgblɔ siwo ɖe vidada ƒe lɔlɔ̃ fia—viléle ɖe akɔ afe nɛ kple ekɔkɔ ɖe axada me—hã ŋu. Wogblɔ nya sia tɔgbe le kpukpui si kplɔe ɖo me le nɔnɔme bubu me wònya se. “Alesi ŋutsu aɖe dada fa akɔ nɛ la, nenema mafa akɔ na mii, eye miaƒe akɔ afa le Yerusalem ŋu.” (Yesaya 66:13) Fifia ɖevia zu “ŋutsu,” si nye ame tsitsi. Gake didia gale dadaa me kokoko be wòafa akɔ nɛ le xaxaɣi.
22. Aleke Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ gã kple belélename fiae?
22 Mɔ dodzidzɔname sia nue Yehowa wɔ eƒe lɔlɔ̃ gã kple alesi wòléa be na eƒe dukɔ lae ƒe kpɔɖeŋu le. Vidada ƒe lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake gɔ̃ hã mede Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto na eƒe ame wɔnuteƒewo nu o. (Yesaya 49:15) Aleke gbegbe wòle vevie enye si be Kristotɔwo katã naɖe wo Fofo si le dziƒo ƒe nɔnɔme nyui sia afia! Apostolo Paulo wɔe nenema, eye wòto esia me ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na hamemegã siwo le Kristo-hamea me. (Tesalonikatɔwo I, 2:7) Yesu gblɔ be lɔlɔ̃e anye eyomedzelawo ƒe dzesidenu vevitɔ.—Yohanes 13:34, 35.
23. Ƒo nu tso Yehowa ƒe dukɔ si wogbugbɔ ɖo anyi ƒe dzidzɔ ŋu.
23 Yehowa ɖea eƒe lɔlɔ̃ fiana le nuwɔna me. Eyata eyi edzi gblɔ be: “Miakpɔe, miaƒe dzi akpɔ dzidzɔ, eye miaƒe ƒuwo amie abe gbe ene, Yehowa ƒe asi aɖe eɖokui afia ɖe eƒe dɔlawo ŋu, eye wòado dziku ɖe eƒe futɔwo ŋu.” (Yesaya 66:14) Hebrigbe ŋuti se nyala aɖe gblɔ be nyagbɔgblɔ “miakpɔe” la fia be ne aboyome siwo trɔ gbɔ la trɔ kpɔ afisiafi le woƒe anyigba si wogbugbɔ ɖo anyi dzi la, “dzidzɔ sɔŋ ko wòanye na wo.” Woatso aseye nyateƒe, eye dzi adzɔ wo ŋutɔ be wogbugbɔ yewo va yewo denyigba lɔlɔ̃a dzi. Woakpɔe be ŋusẽ yeye ɖo yewo ŋu, abe ɖe woƒe ƒuwo gale sesẽm ɖe edzi ene, eye ŋusẽ agaɖo wo ŋu abe gbe si mie le adame ene. Wo katã woakpɔe be menye amegbetɔ aɖeke ƒe agbagbadzedze mee yayra ƒe nɔnɔme sia to va o, ke boŋ “Yehowa ƒe asi” dzie wòto.
24. (a) Nya kae nàgblɔ ne èbu nusiwo dzɔ le Yehowa ƒe amewo dome egbea ŋu? (b) Nukae wòle be wòanye míaƒe tameɖoɖo kplikpaa?
24 Ðe nèkpɔnɛ be Yehowa ƒe asie le dɔ wɔm le eƒe amewo dome egbea? Amegbetɔ aɖeke mate ŋu ahe tadedeagu dzadzɛ gbugbɔɖoanyi vɛ o. Menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso be ame xɔasi miliɔn gbogbo siwo tso dukɔwo katã me va wɔ ɖeka kple ame susɔe nuteƒewɔlawo le woƒe gbɔgbɔmenyigba dzi o. Yehowa Mawu koe ate ŋu awɔ nusiawo. Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia siawo na míekpɔ susu si ta wòle be míakpɔ dzidzɔ geɖe. Megadzɔ gbeɖe be míabu eƒe lɔlɔ̃ nu tsɛe o. Mina míayi edzi ‘avɔ̃ eƒe nya.’ Mina míaɖoe kplikpaa be míanɔ agbe ɖe Biblia me gɔmeɖosewo nu eye be dzi nadzɔ mí le Yehowa subɔsubɔ me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Egbea ame geɖe siwo le Kristodukɔa me gbea Yehowa ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ zazã, eye woɖee ɖa le Biblia gɔmeɖeɖe geɖe me gɔ̃ hã. Ame aɖewo ɖea alɔme le Mawu ƒe amewo ŋu ɖe eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ la zazã ta. Ke hã amesiawo dometɔ geɖe lɔ̃a nya “Haleluya,” si gɔmee nye “Mikafu Yah,” la gbɔgblɔ abe ɖe wovɔ̃a Mawu ene.
b Nyagbɔgblɔ “woƒe fiawo ƒe kukuawo” si wozã le Xezekiel 43:7, 9 la ku ɖe legbawo ŋu. Yerusalem kplɔlawo kple dukɔ dzeaglã la tsɔ legbawo ƒo ɖi Mawu ƒe gbedoxɔae, nuwɔna si sɔ kple alesi woatsɔ legbaawo aɖo fiawoe.
c Menye vidzidzi si wogblɔ ɖi le afisia la ke ŋue woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 12:1, 2, 5 o. Le Nyaɖeɖefia ƒe ta ma me la, “ŋutsuvi” la tsi tre ɖi na Mesia Fiaɖuƒe, si dze dziɖuɖu gɔme le ƒe 1914 me. Gake “nyɔnu” ma ke ŋue woƒo nu tsoe le nyagblɔɖi evea siaa me.
[Nɔnɔmetata si le axa 395]
“Nye asie wɔ nusiawo katã”
[Nɔnɔmetata si le axa 402]
Yehowa atsɔ “dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe” ana Zion