Ta Blaeve Vɔ Atɔ̃lia
Fia la Kple Eƒe Amegãwo
1, 2. Nukae míate ŋu agblɔ le Yesaya ƒe Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsa la me nuŋɔŋlɔa ŋu?
LE ƑE 1940 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo la, wokpɔ agbalẽxatsaxatsawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe le agado siwo te ɖe Ƒukukua ŋu me le Palestina. Wova yɔ wo be Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo eye woxɔe se be anye le ƒe 200 D.M.Ŋ. vaseɖe ƒe 70 M.Ŋ. domee woŋlɔ wo. Wo dometɔ siwo wonya nyuie wue nye Yesaya ƒe agbalẽxatsaxatsa si woŋlɔ ɖe Hebrigbe me ɖe lãgbalẽ sesẽ aɖe dzi. Agbalẽxatsaxatsa la ƒe akpa ɖesiaɖe kloe nɔ eme, eye vovototo vi aɖe koe le eƒe nuŋɔŋlɔawo kple esi Masoretwo ŋlɔ kple asi anɔ ƒe 1,000 megbe la dome. Eyata agbalẽxatsaxatsa la ɖee fia be wokpɔ Biblia me nyawo ta nyuie wòva ka mía si.
2 Nane si ɖe dzesi le Yesaya ƒe Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo ŋue nye be agbalẽŋlɔla aɖe wɔ dzesi si nye “X” ɖe akpa si nye Yesaya ta 32 lia egbea la ƒe axadzi. Míenya nusita agbalẽŋlɔla la wɔ dzesi sia ya o, gake míenya be nu tɔxɛ aɖe dze le Biblia Kɔkɔea ƒe akpa sia.
Fiaɖuɖu le Dzɔdzɔenyenye Kple Ʋɔnudzɔdzɔedɔdrɔ̃ Me
3. Dukplɔɖoɖo kae wogblɔ ɖi le Yesaya kple Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽawo me?
3 Yesaya ta 32 lia dze egɔme kple nyagblɔɖi dodzidzɔname aɖe si le eme vam le míaƒe ŋkekea me wòɖe dzesi. “Kpɔ ɖa, fia aɖu fia ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye amegãwo aɖu dzi ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu.” (Yesaya 32:1) Ẽ, “Kpɔ ɖa”! Ɣlidonya sia na míeɖo ŋku nya ma tɔgbe si dze le Biblia me nyagblɔɖigbalẽ mamlɛtɔ me dzi be: ‘Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mele nuwo katã wɔm yeyee!’ (Nyaɖeɖefia 21:5) Biblia-gbalẽ siwo nye Yesaya kple Nyaɖeɖefia siaa, siwo ŋlɔɣi dome ƒe 900 tso la, ƒo nu tso dukplɔɖoɖo yeye aɖe—“dziƒo yeye,” si me tɔwoe nye Fia Kristo Yesu si woɖo zi dzi le dziƒo le ƒe 1914 me kple eƒe hatidziɖula 144,000 siwo “woƒle tso anyigba dzi”—tsɔ kpe ɖe “anyigba yeye,” si nye amegbetɔ siwo wɔ ɖeka ƒe xexeame katã ƒe habɔbɔ la ŋu le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu.a (Nyaɖeɖefia 14:1-4; 21:1-4; Yesaya 65:17-25) Kristo ƒe tafevɔsa lae ʋu mɔ ɖi wote ŋu wɔ ɖoɖo sia katã.
4. Amesiwo ava nye anyigba yeyea la dometɔ kawoe li fifia?
4 Esi apostolo Yohanes kpɔ ŋutega le ame 144,000 siawo nu tetre ŋu vɔ la, egblɔ be: ‘Mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋkume.’ Amesiawoe nye anyigba yeye la—wonye ameha gã siwo ƒe xexlẽme de miliɔn geɖe siwo nu woƒo ƒu wova wɔ ɖeka kple ame 144,000 ƒe ame susɔe ʋɛ siwo ƒe akpa gãtɔ tsi xɔ ƒe geɖe. Ameha gã sia atsi agbe atso xaxa gã si le du dzi gbɔna eye nuteƒewɔla siwo woafɔ ɖe tsitre kple ame biliɔn geɖe bubu siwo woana mɔnukpɔkpɔe be woaɖe xɔse afia la ava kpe ɖe wo ŋu le Paradisonyigba la dzi. Woatsɔ agbe mavɔ nɔnɔ ayra amesiwo katã awɔe nenema.—Nyaɖeɖefia 7:4, 9-17.
5-7. Dɔ kae ‘amegã’ siwo ƒe nya wogblɔ ɖi la wɔna le Mawu ƒe alẽha la dome?
5 Gake zi alesi fifi xexe si yɔ fũ kple fuléle li la, ahiã be woakpɔ ameha gã la me tɔwo ta. ‘Amegã’ siwo “aɖu dzi ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu” la koŋue wɔa ametakpɔdɔ sia. Ðoɖo kae nyo ale! Wogaƒo nu tso ‘amegã’ siawo ŋu yi ŋgɔe le Yesaya ƒe nyagblɔɖinya dodzidzɔname siawo me be: “Amesiame anɔ abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.”—Yesaya 32:2.
6 Fifi laa le ɣeyiɣi sia si me xexeame katã ɖo xaxa me la, míehiã na “amegãwo,” ẽ, hamemegã siwo ‘akpɔ alẽha blibo la katã dzi,’ eye woalé be na Yehowa ƒe alẽwo ahadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe wòawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawo. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Ele be ‘amegã’ siawo naɖo nudidi siwo wogblɔ ɖe Timoteo I, 3:2-7 kple Tito 1:6-9 la gbɔ.
7 Yesu gblɔ le eƒe nyagblɔɖi vevi si ku ɖe ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu’ si me xaxa geɖe anɔ la ŋu me be: “Kpɔ ɖa, migaɖi vo o.” (Mateo 24:3-8) Nukata afɔku ƒe nɔnɔme siwo le xexeame egbea la medoa voɖi na Yesu yomedzelawo o? Nu ɖekae nye be ‘amegãawo’—woɖanye amesiaminawo alo “alẽ bubuwo” o—kpɔa alẽha la ta nuteƒewɔwɔtɔe. (Yohanes 10:16) Wotsɔa dzideƒo léa be na wo nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le ŋɔdzinuwo abe towo dome ʋawɔwɔwo kple gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ ɖa ene gɔ̃ hã me. Le xexe sia si gbɔgbɔmedɔ le amewo wum le me la, wokpɔa egbɔ be yewotsɔ Mawu ƒe Nya, Biblia, me nyateƒewo tu blanuilélawo ɖoe.
8. Aleke Yehowa le hehe nam ‘amegã’ siwo nye alẽ bubuawo me tɔwo hele wo zãmee?
8 Le ƒe 50 siwo va yi me la, ‘amegãawo’ ƒe dɔwɔna va dze nyuie. Wole hehe nam ‘amegã’ siwo nye alẽ bubuawo me tɔwo be woava zu “aƒekɔnunɔlawo, [NW]” ƒe ha ale be le xaxa gã la megbe la, wo dometɔ siwo dze asu te be woaɖo wo woasubɔ le dɔdzikpɔƒewo le “anyigba yeyea” dzi. (Xezekiel 44:2, 3; Petro II, 3:13) Wotoa mɔfiafia kple tutuɖo si wonana le woƒe ŋgɔxɔxɔ le Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa me la me ɖenɛ fiana be yewole ‘abe agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli ene,’ eye wohea gbɔdzɔe vɛ na alẽha la le woƒe tadedeagu me.b
9. Nɔnɔme kawoe ɖee fia be míehiã na “amegãwo” egbea?
9 Kristotɔwo hiã na ametakpɔkpɔ sia vevie le Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛ siawo si me afɔku le la me. (Timoteo II, 3:1-5, 13) Alakpanufiafia kple nya totrowo ƒe ya sesẽwo le ƒoƒom. Ahom siwo nye aʋa siwo wɔm wole le dukɔwo dome kple le dukɔwo me kpakple Yehowa Mawu subɔla nuteƒewɔlawo dzi dzedze tẽ la le tutum. Kristotɔwo hiã na tsi nyui ƒe tɔsisi siwo nye nyateƒe si wometɔ tsii o la vevie be woatsɔ atsi woƒe gbɔgbɔmetsikɔwuame nu le xexe si ƒu kplakplakpla le gbɔgbɔmekuɖiɖi ta la me. Dzidzɔtɔe la, Yehowa do ŋugbe be yeƒe Fia si le dzi ɖum la ato nɔvia amesiaminawo kple ‘amegã’ kpekpeɖeŋunala siwo nye alẽ bubuawo me tɔwo dzi ana dzideƒo kple mɔfiafia blanuilélawo kple amesiwo ƒo dzi ɖe le le hiãɣi sia me. Yehowa ato esia me akpɔ egbɔ be dzɔdzɔenyenye kple nusi le eteƒe nanɔ anyi.
Nana be Míaƒe Ŋku, To, Kple Dzi Nanɔ Nya Ŋu
10. Ðoɖo kawoe Yehowa wɔ ale be eƒe amewo nate ŋu ‘akpɔ’ gbɔgbɔmenuwo ‘ahase’ nya?
10 Aleke ameha gã la wɔa nu ɖe Yehowa ƒe teokrasiɖoɖoa ŋui? Nyagblɔɖia yi edzi be: “Nukpɔlawo ƒe ŋku maganyẽ atre o, eye nuselawo aƒu to anyi.” (Yesaya 32:3) Le ƒeawo me la, Yehowa na nufiame esubɔla siwo xɔ asi le eŋkume la hena woɖo tsitsi gbɔ. Teokrasi Subɔsubɔ Suku kple kpekpe bubu siwo wowɔna le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me; nutome gã takpekpewo, dukɔ me takpekpewo kple dukɔwo dome takpekpewo; kpakple hehe tɔxɛ si wonaa “amegãwo” be woatsɔ beléle akpɔ alẽha la dzi lɔlɔ̃tɔe la katã tu xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ wɔɖeka si me ame miliɔn geɖe le la ɖo. Afisiafi si alẽkplɔla siawo le le anyigba dzi la, wokea to ɖi be yewoase tɔtrɔ siwo ava le nyateƒenya si le ŋgɔ yim la ƒe gɔmesese ŋu. Esi wotsɔ Biblia na hehe woƒe dzitsinya ta la, wonɔa klalo ɣesiaɣi be yewoase nya ahawɔ ɖe edzi.—Psalmo 25:10.
11. Nukata Mawu ƒe amewo tsɔa kakaɖedzi ƒoa nui fifia eye womekɔkɔna le kakaɖedzimanɔamesi ta o?
11 Azɔ woxlɔ̃ nu le nyagblɔɖia me be: “Ame mabutamewo ƒe dzi adze si nunya, eye kɔkɔlawo ƒe aɖe aƒo nu eme nakɔ.” (Yesaya 32:4) Mele be ame aɖeke natsi klokloklo atso nya me le nyui kple vɔ̃ ŋu o. Biblia gblɔ be: “Èle ŋutsu, si tsi klokloklo dzi le nuƒoƒo me la, kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila ŋu wu eyama.” (Lododowo 29:20; Nyagblɔla 5:1) Do ŋgɔ na ƒe 1919 la, wotsɔ Babilon nukpɔsusuwo ƒo ɖi Yehowa ƒe amewo gɔ̃ hã. Gake tso ƒe ma me la, Yehowa na wova le eƒe tameɖoɖowo gɔme sem nyuie wu. Wokpɔe be nyateƒe siwo wòɖe fia yewo la menye nya siwo wotsɔ dzitsitsi gblɔ o, ke boŋ be wobu wo ŋu nyuie, eye fifia wotsɔ dzixɔse si ŋu kakaɖedzi le ƒoa nui, eye womekɔkɔna le kakaɖedzimanɔamesi ta o.
“Bometsilawo”
12. Amekawoe nye “bometsilawo” egbea, eye mɔ ka nue womenyoa dɔme le o?
12 Azɔ Yesaya ƒe nyagblɔɖia ɖe nane si to vovo fia: “Womagayɔ bometsilawo be bubumewo azɔ o, eye womagayɔ ayetɔwo be ŋkutatɔwo o. Elabena bometsila gblɔa bometsinya.” (Yesaya 32:5, 6a) Amekawoe nye “bometsilawo”? Fia Dawid ɖo nya sia ŋu zi eve abe ɖe wòdi be yeate gbe ɖe edzi ene be: “Abunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me be: Mawu aɖeke meli o. Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo. Ame aɖeke meli, si wɔa nu nyui o.” (Psalmo 14:1; 53:2) Le nyateƒe me la, mawudzimaxɔsela siwo gbea woƒe susu tɔtrɔ gblɔna be Yehowa aɖeke meli o. Ne míagblɔe la, nenemae “agbalẽnyawo” kple ame bubu siwo wɔa nu abe ɖe Mawu meli o ene hã gblɔna, eye woxɔe se be ame aɖeke mabia akɔnta yewo o. Nyateƒea mele amesiawo me o. Dɔmenyowɔwɔ aɖeke mele dzime na wo o. Lɔlɔ̃ ƒe nyanyui aɖeke mele wo si o. Wometsona ɖe kpekpeɖeŋu nana amesiwo hiã tu ŋu kaba abe alesi Kristotɔ vavãwo wɔnɛ ene o alo womenaa kpekpeɖeŋu aɖeke kura o.
13, 14. (a) Aleke egbeŋkekea me xɔsegbelawo wɔa nu vɔ̃ɖii? (b) Nukae xɔsegbelawo medi be wòaɖo dɔwuitɔwo kple tsikɔwuitɔwo gbɔ o, gake nukae ado tso eme mlɔeba?
13 Bometsila siawo dometɔ geɖe va léa fu Mawu ƒe nyateƒea taʋlilawo. “Eƒe dzi hea dzɔgbevɔ̃e va aƒee, ne [wòagbe xɔse, “NW”] ahagblɔ nya trama ɖe Yehowa ŋu.” (Yesaya 32:6b) Aleke gbegbe nya sia ɖɔ egbeŋkekea me xɔsegbelawo nyuie enye si! Le Europa kple Asia dukɔ geɖe me la, xɔsegbelawo wɔ ɖeka kple nyateƒea ƒe futɔ bubuwo hekaa aʋatso tẽ na dziɖuɖuwo kple susu be woaxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo nu alo aɖo asi woƒe dɔwo dzi. Woɖea “dɔla vɔ̃ɖi” la ƒe nɔnɔme fiana, amesi ŋu Yesu gblɔ ɖi le be: “Ke ne dɔla vɔ̃ɖi la agblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la tsi anyi, eye wòade asi eƒe hadɔtsɔlawo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu kple ahamulawo, dɔla ma ƒe aƒetɔ ava le ŋkeke, si dzi mele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo, si menya o la dzi, eye wòafe eyama ɖe eve, eye wòana eƒe gomee akpe ɖe alakpatɔwo ŋu; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.”—Mateo 24:48-51.
14 Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, xɔsegbelawo nana be “dɔwuitɔwo natsi dɔmeɣi, eye nunono nahiã tsikɔwuitɔwo.” (Yesaya 32:6d) Nyateƒea ƒe futɔwo dzea agbagba be gbɔgbɔmenuɖuɖu nagaɖo amesiwo nyateƒea ƒe dɔ le wuwum gbɔ o, eye wodzea agbagba be tsikɔwuitɔwo nagakpɔ Fiaɖuƒegbedasia ƒe tsi nyuiwo ano o. Gake nusi ava dzɔ mlɔebae nye nya si Yehowa gblɔ na eƒe amewo to eƒe nyagblɔɖila bubu dzi be: “Woawɔ avu kpli wò, ke woado kpoe, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!”—Yeremya 1:19; Yesaya 54:17.
15. Amekawo koŋue nye ‘ayetɔwo’ egbea, “alakpanya” kawo dzie wode, eye nukae do tso eme?
15 Tso ƒe alafa 20 lia ƒe domedome la, agbegbegblẽnɔnɔ va bɔ ɖe Kristodukɔa ƒe anyigbawo dzi ale gbegbe. Nukatae? Wogblɔ nusiwo gbɔ wòtso dometɔ ɖeka ɖi le nyagblɔɖia me be: “Ayetɔ ɖoa ta me vɔ̃ɖi, edea adaŋu vɔ̃ be, yeatsɔ alakpanya agblẽ hiãtɔwoe, nenye be, ame dahe la to nya dzɔdzɔe hã.” (Yesaya 32:7) Alesi nya siawo va emee nye be osɔfowo koŋ dometɔ geɖe va ɖe mɔ ɖe gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe, anyinɔnɔ ɖekae srɔ̃maɖemaɖe, kpakple ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ ŋu—le nyateƒe me la, woɖe mɔ ɖe “ahasiwɔwɔ kple makɔmakɔnyenye katã” ŋu. (Efesotɔwo 5:3) Ale wogblɔa alakpanyawo tsɔ ‘gblẽa’ woƒe alẽhawoe.
16. Nukae naa Kristotɔ vavãwo kpɔa dzidzɔ?
16 Gake aleke nyagblɔɖila la ƒe nya siwo kplɔe ɖo ya fa akɔ na amee nye si! “Ke dɔmenyotɔ ya, dɔmenyonuwo ŋue wòdea aɖaŋu le; eye dɔmenyonuwo ŋue wòatso ɖo.” (Yesaya 32:8, “NW”) Yesu ŋutɔ de dɔmenyowɔwɔ ƒe dzi ƒo esime wògblɔ be: “Mina, eye woana mi, dzidzenu nyui, si wote, eye woʋuʋu wògbã go la, woatsɔ aɖo miaƒe akɔ; elabena dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.” (Luka 6:38) Apostolo Paulo hã ƒo nu tso yayra siwo dɔmenyotɔwo kpɔna ŋu esime wòŋlɔ bena: “Miaɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya, siwo eya ŋutɔ gblɔ dzi bena: ‘Nana enye yayra wu xɔxɔ.’” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Menye ŋutilã me kesinɔnuwo kpɔkpɔ loo alo hadomeŋkɔxɔxɔ ye na Kristotɔ vavãwo kpɔa dzidzɔ o, ke dɔmenyowɔwɔ boŋue—abe alesi tututu woƒe Mawu, Yehowa, hã nye dɔmenyotɔ ene. (Mateo 5:44, 45) Wokpɔa dzidzɔ gãtɔ kekeake le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me, le wo ɖokui tsɔtsɔ na dɔmenyotɔe be woana ame bubuwo nanya “Mawu yayratɔ ƒe ŋutikɔkɔe nyanyui” la me.—Timoteo I, 1:11.
17. Amekawoe le abe “nyɔnu siwo li bɔkɔɔ” siwo ŋu Yesaya ƒo nu tsoe la egbea?
17 Yesaya yi eƒe nyagblɔɖia dzi be: “Mi nyɔnu, siwo li bɔkɔɔ, mitso, ne miase nye gbe! Mi nyɔnuvi, siwo le ablɔɖe me, miƒu to anyi ɖe nye nyawo ŋu. Ne ƒe kple edzi ŋkekewo va yi la, mi ablɔɖewo miadzo nyanyanya, elabena weintsetsexaɣi nu yi, eye kutsetsegbeɣi megbɔna o. Mi [nyɔnu siwo, “NW”] li bɔkɔɔ, dzidzi neƒo mi; mi ablɔɖewo, midzo nyanyanya!” (Yesaya 32:9-11a) Nyɔnu siawo ƒe nɔnɔme ana míaɖo ŋku amesiwo gblɔna be yewole Mawu subɔm egbea gake womedoa vevie eƒe subɔsubɔdɔa wɔna o dzi. ‘Babilon gã si nye gbolowo dada’ la ƒe subɔsubɔhawo mee amesiawo le. (Nyaɖeɖefia 17:5) Le kpɔɖeŋu me, Kristodukɔa ƒe sɔlemeviwo sɔ ɖe alesi Yesaya ɖɔ ‘nyɔnu’ siawoe nu tututu. ‘Woli bɔkɔɔ,’ eye wometsɔ ɖeke le ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tɔtɔ si me woava nɔ kpuie la me o.
18. Amekawoe wogblɔ na be ‘woasa akpanya ɖe ali,’ eye nukatae?
18 Eyata yɔyɔa yi na alakpasubɔsubɔ be: “Miɖe avɔ ɖi, miɖe amama, eye misa akpanya ɖe ali! Woƒo akɔta le agble nyowo kple weinka tsekuwo ta. Aŋɔkawo kple ŋuwo mie ɖe nye dukɔ la ƒe anyigba dzi kple du sevivi la ƒe dzidzɔxɔwo katã me.” (Yesaya 32:11b-13) Edze abe nyagbɔgblɔ “miɖe avɔ ɖi, miɖe amama” la mefia be woaɖe awu keŋkeŋ o ene. Nusi ame geɖe wɔna le blema enye be wodoa awu ʋlaya ɖe awu si wodo dzi. Zi geɖe la, awu ʋlaya si ame donae wotsɔna dea dzesi amesi ƒomevi wònye. (Fiawo II, 10:22, 23; Nyaɖeɖefia 7:13, 14) Eyata nyagblɔɖia le se dem na alakpasubɔsubɔhawo me tɔwo be woaɖe woƒe awu ʋlayawo—si nye wo ɖokui wɔwɔ Mawu subɔlawoe—ɖi eye woata akpanya, si nye konyifafa ɖe woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si tu aƒe ta la ƒe dzesi. (Nyaɖeɖefia 17:16) Womate ŋu akpɔ mawumekutsetse aɖeke le Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo, siwo gblɔna be yewonye Mawu ƒe “du sevivi” la me loo alo le alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea ƒe akpa susɔea me tɔwo me o. Ðekematsɔleme kple bemaléname ƒe ‘aŋɔkawo kple ŋuwoe’ miena ɖe afisi woxɔ aƒe ɖo.
19. Nɔnɔme kae Yesaya ɖe fia le “Yerusalem” si gbe xɔse ŋu?
19 Dzɔgbevɔ̃e ƒe nya sia ku ɖe “Yerusalem” si gbe xɔse la ƒe akpa ɖesiaɖe ŋu: “Fiasãwo zu xɔdo, eye du, si me zi nɔ la, zu gbegbe, [Ofel, “NW”] kple gbetakpɔxɔ zu agado, wozu gbetedziwo ƒe adzrɔɖiƒe kple gbeɖuƒe na lãhawo.” (Yesaya 32:14) Ẽ, Ofel hã le eme. Ofel nye togbɛ aɖe le Yerusalem eye wònye ametakpɔnu sesẽ aɖe. Egbɔgblɔ be Ofel zu agado la fia be dua zu aƒedo keŋkeŋ. Yesaya ƒe nyawo fia be “Yerusalem” si gbe xɔse—si nye Kristodukɔa—mele ŋudzɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu o. Ezu aƒedo le gbɔgbɔ me, eye nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye aɖeke mele eme o—eye lã ƒe nɔnɔme si gbɔ emee va le esi.
Ŋutikɔkɔe ƒe Vovototo Aɖe!
20. Nukae do tso Mawu ƒe gbɔgbɔ si wòkɔ ɖe eƒe amewo dzi me?
20 Azɔ Yesaya ƒo nu tso mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname aɖe ŋu na amesiwo wɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Ne wona Mawu ŋutɔ ƒe amewo lé blanui hã la, ɖeko wòanɔ anyi “vaseɖe esime woatrɔ gbɔgbɔ akɔ ɖe mia dzi tso dzi me, eye gbegbe nazu atibɔ, eye woabu atibɔwo ɖe avewo dome.” (Yesaya 32:15) Dzidzɔtɔe la, Yehowa kɔ eƒe gbɔgbɔ ɖe eƒe amewo dzi fũ tso ƒe 1919 me eye wògaɖo Ðasefo amesiaminawo ƒe atibɔ tseku la te le kpɔɖeŋumɔ nu, eye alẽ bubuawo ƒe ave si le ta kekem la va kpe ɖe wo ŋu. Dzidzedzekpɔkpɔ kple dzidziɖedzie nye nu ɖedzesiwo le eƒe habɔbɔ si le anyigba dzi egbea me. “Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kple mía Mawu ƒe atsyɔ̃” ye nye nusi eƒe amewo ɖena fiana le gbɔgbɔmeparadiso si wogaɖo anyi la me, esi wole gbeƒã ɖem eƒe Fiaɖuƒe si gbɔna la le xexeame katã.—Yesaya 35:1, 2.
21. Afikae míakpɔ dzɔdzɔenyenye, gbɔdzɔe, kple dedienɔnɔ le egbea?
21 Azɔ se Yehowa ƒe ŋugbedodo dodzidzɔnamea ɖa: “Nu dzɔdzɔe wɔwɔ anɔ gbegbe, eye dzɔdzɔenyenye anɔ atibɔwo me; dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔwɔ anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe viɖe anye gbɔdzɔe kple dziɖeɖi tegbee.” (Yesaya 32:16, 17) Aleke gbegbe nya sia ɖɔ Yehowa ƒe amewo ƒe gbɔgbɔmenɔnɔme egbea enye si! Kristotɔ vavãwo mele abe ameƒomea ƒe akpa gãtɔ siwo me fuléle, ŋutasesẽ, kple gbɔgbɔmehedada kolikoli de mamae la ene o, ke boŋ wowɔ ɖeka le xexeame katã, togbɔ be wotso “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” hã. Wonɔa anyi, wɔa dɔ, hesubɔna le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye, eye wowɔa esia kple kakaɖedzi be mlɔeba la, yewoava nɔ ŋutifafa vavãtɔ kple dedienɔnɔ me ayi ɖe mavɔmavɔ me.—Nyaɖeɖefia 7:9, 17.
22. Vovototo kae le Mawu ƒe amewo ƒe nɔnɔme kple alakpasubɔsubɔ me tɔwo tɔ dome?
22 Yesaya 32:18 le eme vam xoxo le gbɔgbɔmeparadisoa me. Afima gblɔ be: “Nye dukɔ anɔ ŋutifafa teƒe kple dziɖeɖi teƒewo kpakple ablɔɖe gbɔɖemeƒewo.” Gake nusi adzɔ ɖe yeaɖi Kristotɔwo ya dzie nye be, “ne dzikpewo dza la, ave la amũ, eye du la aɖo agu.” (Yesaya 32:19) Ẽ, Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si le abe dzikpe ƒe dzadza ene la aƒo ɖe alakpasubɔsubɔ ƒe alakpadu la dzi, eye wòagbã edzidelawo ƒe “ave” la ahatsrɔ̃ wo tegbee!
23. Xexeame katã ƒe dɔ kae gogo eƒe nuwuwu, eye nukae amesiwo le gome kpɔm le eme la akpɔ?
23 Woƒo nyagblɔɖia ƒe akpa sia ta be: “Woayra mi, amesiwo ƒã nu ɖe tɔwo to sɔŋ, mi amesiwo ɖe ka nyiwo kple tedziwo wole yiyim.” (Yesaya 32:20) Nyi kple tedzi nye agbatsɔlã siwo Mawu ƒe amewo zãna le blema tsɔ ŋlɔa agble heƒaa nukui. Egbea Yehowa ƒe amewo zãa agbalẽtamɔ̃wo, elektrik ŋudɔwɔnuwo, egbegbe xɔtutu kple mɔzɔzɔ mɔnuwo, kple esi ƒo ye katã ta la, teokrasi habɔbɔ wɔɖeka la, tsɔ taa Biblia-srɔ̃gbalẽ biliɔn geɖe hemaa wo. Dɔwɔla siwo lɔ̃ faa zãa dɔwɔnu siawo tsɔ ƒaa Fiaɖuƒenyateƒea ƒe nukuwoe le xexeame katã, eye woƒanɛ ɖe “tɔwo to sɔŋ” ŋutɔŋutɔ. Woxa ŋutsu kple nyɔnu mawuvɔ̃la miliɔn geɖe xoxo, eye ameha bubuwo va le ɖeka wɔm kpli wo. (Nyaɖeɖefia 14:15, 16) “Woayra” amesiawo katã nyateƒe!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Anye be Fia Xizkiya ŋue “fia” si woyɔ le Yesaya 32:1 la ku ɖo gbã. Gake Fia Kristo Yesu ŋu koŋue Yesaya ta 32 lia me vava gãtɔ ku ɖo.
b Kpɔ Gbetakpɔxɔ, March 1, 1999, si Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania ta ƒe axa 13-18.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 331]
Wotsɔ ŋɔŋlɔdzesi “X” de dzesi Yesaya ta 32 lia le Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo me
[Nɔnɔmetata siwo le axa 333]
‘Amegã’ ɖesiaɖe le abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe, kple vɔvɔli le ŋdɔ nu ene
[Nɔnɔmetata si le axa 338]
Kristotɔwo kpɔa dzidzɔ geɖe le nyanyuia gbɔgblɔ na ame bubuwo me