Yona Srɔ̃ Nu tso Yehowa Ƒe Nublanuikpɔkpɔ ŋu
DƆDASI aɖe le Yehowa si na eƒe nyagblɔɖila Yona. Ɣeyiɣia nye ƒe alafa asiekelia D.M.Ŋ., eye Yerobeam II ye le dzi ɖum le Israel. Yona tso Gat-Xefer si nye Zebulon-viwo ƒe du me. (Yosua 19:10, 13; Fiawo II, 14:25) Mawu le Yona dɔm ɖe Asur ƒe dugã, Niniwe, si didi kilometa 800 tso wo dedu ƒe dzigbeɣedzeƒe gome gbɔ la me. Ele be wòaxlɔ̃ nu Niniwetɔwo be Mawu gbɔna wo tsrɔ̃ ge.
Ðewohĩ Yona anya susu be: ‘Dugã ma kple eƒe dukɔ mee mayia? Wometsɔ wo ɖokui na Mawu gɔ̃ hã o. Asurtɔ ʋukɔɖeanyila mawo mebla nu kple Yehowa abe Israel-viwo ene o. Nuka, dukɔ vɔ̃ɖi ma me tɔwo abu nye nuxlɔ̃amea be enye ŋɔdzidodo eye woava tsrɔ̃ Israel! Ke menye nyee o! Nyemayi o. Masi ayi Yafo eye matso ƒu ayi akpa keme—keke Tarsis ke, le keke Ƒu Gã la ƒe gome kemɛ ke. Nu mae mawɔ!’—Yona 1:1-3.
Ŋɔdzi le Ƒu Dzi!
Medidi o Yona va ɖo Yafo le Mediterranea-ƒu ta. Exe eƒe ʋuɖofe eye wòɖo tɔdziʋu si yina Tarsis si wogblɔna be ele Spania, si didi wu kilometa 3,500 tso Niniwe ƒe ɣetoɖoƒe gome gbɔ. Esi nyagblɔɖila si ŋu ɖeɖi te ɖo ƒu dzi ko la, eyi ɖe ʋua gɔme heyi alɔ̃ me ʋĩ. Eteƒe medidi kura o, Yehowa kplɔ ahomya sesẽ aɖe ƒu atsiaƒua dzi, eye ʋukula ɖesiaɖe si vɔvɔ̃ ɖo la dze eƒe mawu yɔyɔ gɔme hena kpekpeɖeŋu. Tsi kpakawo nɔ tɔdziʋua nyamam ale gbegbe be wòle be woafɔ ʋua me nuwo aƒu gbe ɖe ƒua me ne ʋua nanɔ wodzoe. Ke hã la, edze abe ʋua le gbagbã ge kokoko ene, eye Yona se ʋumefia si tsi dzodzodzoe la ƒe ɣli be: “Alɔ̃ dɔm wòa nèlea? Fɔ nayɔ wò Mawu! Ame aɖe menya nu o Mawu aɖo ŋku mía dzi, be míagatsrɔ̃ o hĩ.” Yona fɔ heyi ʋua tame.—Yona 1:4-6.
Ʋukulawo gblɔ be: “Mina míadzidze nu, ne míakpɔ amesi ta dzɔgbevɔ̃e sia dzɔ ɖe mía dzi ɖo la!” Nudzidzea dze Yona dzi. De ŋugble le alesi wòavɔ̃ le nya si ƒudzidɔwɔlawo gblɔ la ŋu kpɔ: “Gblɔ nusi ta dzɔgbevɔ̃e sia dzɔ ɖe mía dzi ɖo la na mí! Dɔ ka wɔla nènye, eye afika nètso? Mia de ɖe, eye dukɔ ka me nètso?” Yona gblɔ be yenye Hebritɔ si dea ta agu na “Yehowa, dziƒo Mawu la,” eye be yevɔ̃a “amesi wɔ atsiaƒu kple anyigba ƒuƒui” la. Ahom la va wo dzi elabena yele sisim tso Yehowa ŋkume le esi teƒe be yeatsɔ toɖoɖo atsɔ Mawu ƒe gbedasia ayi Niniwe.—Yona 1:7-10.
Ƒudzidɔwɔlawo biae be: “Nuka míawɔ wò, be atsiaƒu la nadze kɔ anyi le mía ŋu godoo?” Esi ƒu la ƒe nyanyra nu ganɔ sesẽm ɖe edzi la, Yona gblɔ be: “Mikɔm ƒu gbe ɖe ƒua me, ekema ƒua adze anyi le mia ŋu godoo; elabena menyae be, tanyee ahom gã sia va mia dzi ɖo.” Esi womedi be yewoatsɔ Yehowa subɔla aƒu gbe ɖe ƒua me si ana wòaku godoo o ta la, ŋutsuawo dze agbagba be yewoatrɔ ayi gota. Esi wodo kpo nu la, ƒudzidɔwɔlawo do ɣli be: “Ao, Yehowa, megana míatsrɔ̃ le ŋutsu sia ƒe agbe ta o, eye megatsɔ ʋu maɖifɔ ɖo mía dzi o; elabena Yehowa nènye, eye nusi dze ŋuwò la, nèwɔna.”—Yona 1:11-14.
Etsɔtsɔ Ƒu Gbe ɖe Ƒua Me!
Tete ƒudzidɔwɔlawo tsɔ Yona ƒu gbe ɖe ƒua me. Esi wònɔ ƒutsotsoeawo gɔme yim la, eƒe agbodzedze nu dze fafa gɔme. Esi ŋutsuawo kpɔ esia la, ‘wovɔ̃ Yehowa ŋutɔ, eye wosa vɔ na Yehowa, eye woɖe adzɔgbe.’—Yona 1:15, 16.
Ðikekemanɔmee la, Yona nɔ gbe dom ɖa esi wòbu ɖe tsia me. Tete wòde dzesii be yele ɖiɖim to mɔ bui bɔbɔe aɖe me ɖage ɖe nɔƒe si lolo wu la me. Nukutɔe la, egate ŋu le gbɔgbɔm! Esi Yona ɖe ƒugɔmegbewo le eƒe tagbɔ vɔ la, ekpɔ be yele teƒe tɔxɛ aɖe vavã. Nenemae wòle elabena “Yehowa dɔ ƒumelã gã aɖe, be wòaɖami Yona; eye Yona nɔ lã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.”—Yona 2:1.
Yona ƒe Gbedodoɖa Vevie
Ɣeyiɣi nɔ anyi na Yona be wòdo gbe ɖa le ƒumelã gã la ƒe dɔme. Eƒe nya aɖewo de sɔsɔ ge kple psalmo aɖewo. Emegbe Yona ŋlɔ eƒe gbedodoɖa siwo ɖe mɔkpɔkpɔbuɖeame kple dzimetɔtrɔ fia la ɖi. Le kpɔɖeŋu me, ewɔnɛ abe ƒumelã la ƒe dɔme azu Sheol, eƒe yɔdo me ene. Eyata edo gbe ɖa be: “Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam; medo ɣli tso tsieƒe ƒe ƒodo me, eye nèse nye gbe.” (Yona 2:2, 3) Mɔzɔha eve—ɖewohĩ woawoe Israel-viwo dzina ne woyina Yerusalem hena ƒe sia ƒe ŋkekenyuiwo ɖuɖu—ɖe seselelãme mawo tɔgbe fia.—Psalmo 120:1; 130:1, 2.
Esi Yona nɔ nu ƒom tso eƒe ƒua gɔme yiyi ŋu la, edo gbe ɖa be: “[Yehowa tsɔm] ƒu gbe ɖe tɔ gɔme le atsiaƒu titina, tsi sisiwo ɖe to ɖem, eye wò tsi kpakawo katã kple wò tsi tsotsoewo to tanye yi.”—Yona 2:4; tsɔe sɔ kple Psalmo 42:8; 69:3.
Yona vɔ̃ be yeƒe tomaɖomaɖoa ana Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu o eye be yemagakpɔ Mawu ƒe gbedoxɔ akpɔ gbeɖe o. Edo gbe ɖa be: “Megblɔ be, wonyãm ɖa le ŋkuwò me, ɖe magakpɔ wò gbedoxɔ kɔkɔe la akpɔa?” (Yona 2:5; tsɔe sɔ kple Psalmo 31:23.) Yona ƒe nɔnɔmea dze abe ɖe wòvɔ̃ɖi ale gbegbe eyata edo gbe ɖa be: “Tsiwo ɖe to ɖem de keke nye luʋɔ gbɔ [si na eƒe agbe ɖo afɔku me]; tɔ gɔme le ŋunye godoo, eye [ƒumegbewo] xatsa ɖe ta nam.” (Yona 2:6; tsɔ sɔ kple Psalmo 69:2.) Kpɔ alesi ŋɔ adzi Yonae ɖa, elabena egblɔ kpee be: “Mede towo ƒe agunu ke [le ƒumelã la ƒe dɔme], eye anyigba do gameti [abe yɔdo me ene] ɖe nunye ɖikaa, ke èhe nye agbe tso do me [le ŋkeke etɔ̃a gbe], Yehowa, nye Mawu!”—Yona 2:7; tsɔe sɔ kple Psalmo 30:4.
Togbɔ be Yona nɔ ƒumelã la ƒe dɔme hã la, meɖe susu be: ‘Blanui lém ale gbegbe be nyemate ŋu agado gbe ɖa o.’ Ke boŋ edo gbe ɖa be: “Esi nu te nye luʋɔ ŋu le menye [le ku ƒe agbo nu] la, meɖo ŋku Yehowa dzi [le xɔse me be enye Amesi si ŋusẽ kple nublanuikpɔkpɔ si ɖeke mesɔ kplii o la le], eye nye gbedodoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.” (Yona 2:8) Mawu se Yona ƒe gbe tso dziƒogbedoxɔa me hexɔ nɛ.
Mlɔeba Yona do gbe ɖa be: “Amesiwo subɔa yakanu dzodzrowo [to ŋuɖoɖo ɖe legba manɔagbe siwo nye alakpamawuwo ŋu me] la, gblẽa woƒe amenuveve ɖi [esi wogblẽ Amesi ɖea nɔnɔme sia fiana la ɖi]. Ke nye la matsɔ akpedagbe asa vɔ na wò [Yehowa Mawu], eye mawɔ adzɔgbe, si meɖe [le nuteƒekpɔkpɔ sia me alo ɣeyiɣi bubu me] la dzi. Xɔname enye Yehowa tɔ!” (Yona 2:9, 10; tsɔe sɔ kple Psalmo 31:7; 50:15.) Esi wòdze sii be Mawu koe ate ŋu aɖe ye tso ku me la, nyagblɔɖila si trɔ dzime (abe Fia Dawid kple Salomo siwo do ŋgɔ nɛ ene la,) gblɔ be Yehowa gbɔe xɔname tso.—Psalmo 3:9; Lododowo 21:31.
Yona Wɔ Gbe Dzi
Le tamebubu geɖe kple gbedodoɖa vevie vɔ megbe la, Yona see be wole ye liɔm to mɔ bui si me ye to va la me. Mlɔeba la, wodzɔe ɖe anyigba ƒuƒui dzi. (Yona 2:11) Esi Yona kpɔ ŋudzedze ɖe eƒe ɖeɖe ŋu ta la, ewɔ ɖe Mawu ƒe nya dzi be: “Tso, nàyi Niniwe, du gã la me, eye nàɖe gbeƒã nya, si gblɔ ge mala na wò la nɛ.” (Yona 3:1, 2) Yona dze mɔ yina Asur ƒe fiadu me. Esime wòva nya ŋkeke si gbemagbe nye la, ekpɔe be yenɔ ƒumelã la ƒe dɔme ŋkeke etɔ̃. Nyagblɔɖila la tso Frat-tɔsisi la le eƒe abu gã si le ɣetoɖoƒekpa dzi, zɔ mɔ yi ɣedzeƒe ɖato Mesopotamia ƒe dzigbe gome, eva ɖo Tigris-tɔsisia gbɔ, eye mlɔeba wòva ɖo du gã la me.—Yona 3:3.
Yona ge ɖe Niniwe si nye du gã aɖe la me. Etsa le dua me ŋkeke ɖeka eye wòɖe gbeƒã be: “Esusɔ ŋkeke blane, ne Niniwe natsrɔ̃!” Ðe wona Yona se Asurtɔwo degbe nukutɔea? Womegblɔe na mí o. Gake nenye Hebrigbee wògblɔ eye ame aɖe ɖe egɔme hã la, viɖe do go tso eƒe gbeƒãɖeɖea me. Niniwetɔwo dze Mawu dzixɔxɔse gɔme. Wodo kpo, eye tso wo dome amegãwo dzi ɖaseɖe ame gbɔlowo dzi tsi nu dɔ heta akpanya. Esi nya la ɖo Niniwe-fia gbɔ la, etso le eƒe fiazikpui dzi, eɖe eƒe awu ʋlaya da ɖi, eye wòta akpanya hebɔbɔ nɔ dzowɔ me.—Yona 3:4-6.
Yona ƒe nu ku ale gbegbe! Asur-fia la dɔ kpodolawo ɖa be woaɖe gbeƒã be: “Amegbetɔwo kple lãwo, nyiwo kple alẽwo megade naneke nu me o; womegaɖu gbe alo ano tsi o, ke boŋ amegbetɔwo kple lãwo siaa nata akpanya, woayɔ Mawu sesĩe, eye amesiame naɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo kple nu vɔ̃ɖi, si le edome la ŋuti. Ame aɖe menya nu o Mawu atrɔ ta me, avee, eye eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu afa, be míatsrɔ̃ o hĩ!”—Yona 3:7-9.
Niniwetɔwo wɔ ɖe woƒe fia ƒe sededea dzi. Esi Mawu kpɔ be wotrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi la, vɔ̃ si wògblɔ be yeawɔ wo la vee, eyata megawɔe o. (Yona 3:10) Le woƒe dzimetɔtrɔ, ɖokuibɔbɔ, kple xɔse ta la, Yehowa ɖoe be yemagahe ʋɔnu si wòɖo be yeadrɔ̃ wo la va wo dzi o.
Nyagblɔɖila la Bi Dzi
Ŋkeke blane va yi eye naneke medzɔ ɖe Niniwe dzi o. (Yona 3:4) Esi Yona kpɔe be womagatsrɔ̃ Niniwetɔwo o la, ete ɖe edzi ŋutɔ eye wòdo dziku do gbe ɖa be: “Oo, Yehowa, esia ŋu pɛ mebu, esime mele mía de; eyata medo ŋgɔ be, masi ayi Tarsis; elabena menyae be, Mawu amenuvela kple nublanuikpɔla nènye, ègbɔa dzi ɖi blewu, dɔmenyo bɔ ɖe asiwò, eye vɔ̃wɔwɔ vea wò. Eyata Yehowa, xɔ nye agbe le asinye! Elabena enyo nam be, maku wu esi manɔ agbe.” Mawu tsɔ nyabiase sia ɖo eŋu be: “Ðe nèle dɔmedzoe dom ɖe eteƒea?”—Yona 4:1-4.
Tete Yona do go le dua me dzikutɔe. Esi wòyi ɣedzeƒe gome la, etu agbadɔ be yeanɔ eƒe vɔvɔli te vaseɖe esime wòakpɔ nusi adzɔ ɖe dua dzi. Eyata Yehowa tsɔ veveseseɖeamenu na ‘treklɔnu mie ɖe Yona tame, ne wòado vɔvɔli ɖe edzi ahafa eƒe dzikudodo nu nɛ.’ Aleke Yona kpɔ dzidzɔ ɖe treklɔnu la ŋutie nye si! Ke esi agu dze la, Mawu na ŋɔ va ɖu treklɔnu la wòdze yɔyrɔ gɔme. Eteƒe medidi o eku keŋkeŋ. Mawu na ɣedzeƒeya xɔdzo aɖe hã ƒo. Ɣe la dze nyagblɔɖila la ƒe ta ɖuɖu gɔme vevie ale be gbafa dze eƒoƒo. Eyi edzi nɔ biabiam be yeaku. Ẽ, Yona nɔ gbɔgblɔm atraɖii be: “Ne meku la, enyo wu esi manɔ agbe.”—Yona 4:5-8.
Yehowa ƒo nu azɔ. Ebia Yona be: “Ðe nèle dziku dom ɖe eteƒe le treklɔnu la taa?” Yona ɖo eŋu be: “Tɔnye dzɔ be, mado dziku, vaseɖe esime maku.” Nya si ko gblɔm Yehowa le na nyagblɔɖila la enye be: ‘Treklɔnu la ƒe nya ve wò. Gake mèdze agbagba le eŋu alo kpɔ edzi wòtsi o. Emie heku abe numiemie ko ene le zã ɖeka me.’ Mawu yi edzi gblɔ be: ‘Ke le gonyeme la, ɖe du gã Niniwe, si me amewo le wu ame 120,000, siwo menya nukae nye ɖusi kple mia hekpe ɖe lã geɖewo ŋu la ƒe nu mavem oa?’ (Yona 4:9-11) Nyaŋuɖoɖo si sɔ la dze ƒã.
Yona trɔ dzime eye wònɔ agbe ŋlɔ Biblia-gbalẽ si tɔ eƒe ŋkɔ. Aleke wòwɔ nya be ƒudzidɔwɔlawo vɔ̃ Yehowa, sa vɔ Nɛ, eye woɖe adzɔgbe? Anya see to Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe ameʋaʋã me alo le gbedoxɔa me le ƒudzidɔwɔla alo ʋuɖolawo dometɔ ɖeka nu.—Yona 1:16; 2:5.
“Yona ƒe Dzesi La”
Esime agbalẽfialawo kple Farisitɔwo bia dzesi Yesu Kristo la, egblɔ be: “Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi biam, eye womele dzesi na gee o, negbe nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la ko.” Yesu gblɔ kpee be: “Elabena abe alesi Yona nɔ ƒumelãtsu ƒe dɔ me xɔ ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃ ene la, nenema ke amegbetɔvi la anɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃.” (Mateo 12:38-40) Yudatɔwo ƒe ŋkeke dzea egɔme tso ɣeɖoto. Kristo ku le Fiɖa ŋdɔ, Nisan 14, ƒe 33 M.Ŋ. me. Woda eƒe kukua ɖe yɔdo me hafi ɣe ɖo to gbemagbe. Nisan 15 dze egɔme tso fiẽ ma ɖase ɖe Memleɖa, si nye ŋkeke adrelia kple kwasiɖaŋkeke mamlea dzi. Nisan 16 dze egɔme tso ɣemaɣi vaseɖe ŋkeke si míeyɔna be Kwasiɖa ƒe ɣeɖoto me. Eyata Yesu ku henɔ yɔdo me le Nisan 14 lia ƒe ŋkekea ƒe akpa aɖe, enɔ yɔdo me le Nisan 15 lia ƒe ŋkeke bliboa katã, eye enɔ yɔdo me le Nisan 16 lia ƒe zã ɣeyiɣiawo me. Esime nyɔnu aɖewo va yɔdoa to le Kwasiɖa ŋdi la, wofɔe ɖe tsitre xoxo.—Mateo 27:57-61; 28:1-7.
Yesu nɔ yɔdoa me le ŋkeke etɔ̃a ƒe akpa aɖe. Eyata eƒe futɔwo se “Yona ƒe dzesi la” gɔme, gake Kristo gblɔ be: “Niniwe-ŋutsuwo atsi tre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kple nenem dzidzime sia, eye woabu fɔe; elabena wotrɔ le woƒe dzi me le Yona ƒe gbeƒãɖeɖe la nu; eye kpɔ ɖa, amesi wu Yona la, le afii!” (Mateo 12:41) Nyateƒe tututue! Yudatɔwo domee Yesu Kristo nɔ—nyagblɔɖila si lolo wu Yona. Togbɔ be Yona nye dzesi blibo na Niniwetɔwo hã la, Yesu tsɔ ŋusẽ kple kpeɖodzi geɖe ɖe gbeƒã wu alesi nyagblɔɖila ma wɔe. Gake Yuda-dukɔa mexɔ edzi se o.—Yohanes 4:48.
Yuda-dukɔ bliboa mebɔbɔ eɖokui xɔ Nyagblɔɖila si lolo wu Yona la o, eye womexɔ Edzi se o. Ke wo tɔgbuiwo ya ɖe? Xɔse kple ɖokuibɔbɔgbɔgbɔ menɔ woawo hã me o. Le nyateƒe me la, edze abe ɖe Yehowa dɔ Yona ɖe Niniwe be wòana vovototo si le Niniwetɔ dzimetrɔlawo kple Israel-vi kɔlialiatɔ siwo ƒe xɔsemanɔamesi kple ɖokuimabɔmabɔ vɔ̃ɖi la dome nadze ene.—Tsɔe sɔ kple Mose V, 9:6, 13.
Ke Yona ŋutɔ ya ɖe? Esrɔ̃ alesi gbegbe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ loloe. Gawu la, ele be alesi Yehowa wɔ nu ɖe liʋiliʋi si Yona lĩ le nublanui si wokpɔ na Niniwetɔ dzimetrɔlawo ŋu la nana míadzudzɔ nyatoƒoetoto ne míaƒe dziƒo Fofo la kpɔ nublanui na amewo le míaƒe ŋkekea me. Le nyateƒe me la, mína míatso aseye be ame akpe geɖe tsɔ xɔse kple ɖokuibɔbɔ si tso dzime le tɔtrɔm ɖe Yehowa ŋu ƒe sia ƒe.