“Wò Asi Megado Agblɔ O”
“Wò asi megado agblɔ o! Yehowa, wò Mawu la, le dowòme, kalẽtɔ, si ate ŋu axɔ na ame la wònye.”—ZEFANYA 3:16, 17.
1. Nya kae Biblia-ŋutinunyala aɖe gblɔ le Zefanya ƒe nyagblɔɖia ŋu?
ZEFANYA ƒe nyagblɔɖia yi ŋgɔ wu emevava gbãtɔ le ƒe alafa adrelia kple adelia D.M.Ŋ. me. Le Nufialagã C. F. Keil ƒe numeɖeɖe tso Zefanya ŋu me la, eŋlɔ be: “Zefanya ƒe nyagblɔɖia . . . menye ʋɔnudɔdrɔ̃ gã si ava xexeame katã dzi, si me ʋɔnudɔdrɔ̃ atso ava Yuda dzi le eƒe nuvɔ̃wo ta, kple xexemedukɔwo dzi le esi wosẽ ŋuta le Yehowa ƒe amewo ŋu ƒe gbeƒã koe wòɖe tsɔ dze egɔmee o; ke eƒo nu tso Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la katã ŋu.”
2. Aleke nɔnɔme siwo nɔ anyi le Zefanya ŋɔli kple alesi nuwo le le Kristodukɔa me egbea ɖi wo nɔewoe?
2 Egbea Yehowa ƒe afiatsotso enye be yeaƒo dukɔwo nu ƒu hena tsɔtsrɔ̃ si alolo wu Zefanya ƒe ŋkekea me tɔ. (Zefanya 3:8) Dukɔ siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye koŋ dzie fɔbubu le le Mawu ŋkume. Abe alesi Yerusalem kpe fu vevie le woƒe nuteƒemawɔmawɔ na Yehowa ta ene la, nenema ke wòle be Kristodukɔa nabu akɔnta na Mawu le eƒe hadzenuwɔnawo ta. Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si wogblɔ ɖe Yuda kple Yerusalem ŋu le Zefanya ŋɔli la ku ɖe Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo kple kɔmamãwo ŋu geɖe wu. Woawo hã tsɔ woƒe nufiafia siwo medea bubu Mawu ŋu o, siwo dometɔ geɖe dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me la, ƒo ɖi tadedeagu dzadzɛ lae. Wotsɔ wo vi sesẽ miliɔn geɖe sa vɔe ɖe aʋawɔwɔ ƒe vɔsamlekpui si li egbea dzi. Hekpe ɖe eŋu la, kpɔɖeŋu Yerusalem me tɔwo tsɔ ɣletivimefakaka, gbɔgbɔyɔyɔwo, kple gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ɖigbɔ siwo sɔ kple Baal subɔsubɔ tsaka yeaɖi Kristotɔnyenyee.—Zefanya 1:4, 5.
3. Nya kae woate ŋu agblɔ le xexemedziɖulawo kple dunyahedziɖuɖu geɖe ŋu egbea, eye nya kae Zefanya gblɔ ɖi?
3 Kristodukɔa ƒe dunyahela geɖe dina be yewoaxɔ ŋkɔ gã le sɔleme. Gake abe Yuda ƒe “amegãwo” ene la, wo dometɔ geɖe zãa ameawo madzemadzee ɖe woƒe viɖe ta abe “dzata ɖegbe” kple “amegãxi” nyanyrãwo ene. (Zefanya 3:1-3) Ame tsɛ siwo kplɔa amesiawo ɖo le dunyahehe me la “[tsɔa] ŋutasesẽ kple alakpadada yɔa woƒe aƒetɔ ƒe xɔwo taŋ.” (Zefanya 1:9) Zãnuxɔxɔ kple nufitifitiwɔwɔ bɔ. Dunyahedziɖuɖu siwo le Kristodukɔa me kple egodo dometɔ siwo le agbɔ sɔm ɖe edzi la ‘kana ɖe’ aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe amewo, eƒe Ðasefowo ‘ŋu vevie,’ eye wowɔa nu ɖe wo ŋu abe “kɔmamã” nyɔŋuwo ene. (Zefanya 2:8; Dɔwɔwɔwo 24:5, 14) Zefanya gblɔ nya ɖi ɖe dunyahela siawo kple wo yomedzelawo katã ŋu be: “Woƒe klosalo kple sika hã mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o, eye eƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la; elabena ele anyigbadzitɔwo katã tsrɔ̃ ge zi ɖeka.”—Zefanya 1:18.
“Woatsɔ Mi Aɣla le Yehowa ƒe Dzikudogbe La”
4. Nukae ɖee fia be amewo atsi agbe le Yehowa ƒe ŋkeke gã la dzi, gake nuka wòle be woawɔ?
4 Menye Yudatɔwo katãe wotsrɔ̃ le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. me o. Nenema ke amewo atsi agbe le Yehowa ƒe ŋkeke gã la dzi. Yehowa to eƒe nyagblɔɖila Zefanya dzi gblɔ na amesiawo be: “Hafi ne tameɖoɖo la ƒe vidziɣi naɖo, eye ɣeyiɣi la nu nayi, abe alesi gbe ƒuƒu ʋua yae ene, hafi ne Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli nava mia dzi, eye hafi ne Yehowa ƒe dzikudogbe nava mia dzi! Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, ame aɖe menya nu o woatsɔ mi aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!”—Zefanya 2:2, 3.
5. Amekawoe wɔ ɖe Zefanya ƒe nuxlɔ̃amea dzi gbã le nuwuɣi sia me, eye aleke Yehowa wɔ wo ŋudɔe?
5 Gbɔgbɔ me Israel ƒe ame susɔeawo, Kristotɔ amesiaminawoe nye ame gbãtɔ siwo wɔ ɖe nyagblɔɖi ƒe amekpekpea dzi le xexe sia ƒe nuwuɣia me. (Romatɔwo 2:28, 29; 9:6; Galatiatɔwo 6:16) Esi wodi dzɔdzɔenyenye kple ɖokuibɔbɔ eye wode bubu Yehowa ƒe afiatsotsowo ŋu ta la, woɖe wo tso Babilon Gã, alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe, la me eye wogbugbɔ ɖo wo Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ me le ƒe 1919 me. Tso ɣemaɣi, eye vevietɔ tso ƒe 1922 me la, nuteƒewɔla susɔe siawo le gbeƒã ɖem Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo kple kɔmamãwo kpakple dunyahedukɔwo vɔvɔ̃manɔmee.
6. (a) Nya kae Zefanya gblɔ ɖi le nuteƒewɔla susɔeawo ŋu? (b) Aleke nyagblɔɖi sia va emee?
6 Zefanya gblɔ nya ɖi le nuteƒewɔla susɔe siawo ŋu be: “Makpɔtɔ dukɔ ɖagbi, si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, ɖe mewò, eye woaɣla wo ɖokui ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me. Israel ƒe ame mamleawo mawɔ nu gbegblẽ o, womaka aʋatso o, eye alakpaɖe manɔ nu me na wo o; ke boŋ woaɖu nu, eye woatsyɔ akɔ anyi ɖi, ame aɖeke mado voɖi na wo o.” (Zefanya 3:12, 13) Kristotɔ amesiamina siawo tsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ ɣesiaɣi, gake vevietɔ wowɔe nenema tso ƒe 1931 me, esime wotsɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo. (Yesaya 43:10-12) To gbetete ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋuti nya la dzi me la, wode bubu Mawu ƒe ŋkɔ ŋu, eye esia zu sitsoƒe na wo. (Lododowo 18:10) Yehowa na nuɖuɖu wo le gbɔgbɔ me fũ, eye wole gbɔgbɔmeparadiso me vɔvɔ̃ aɖeke manɔmee.—Zefanya 3:16, 17.
“Bubu Kple Kafukafu le Anyigba dzi Dukɔwo Katã Dome”
7, 8. (a) Nyagblɔɖi ka hãe gava eme ɖe gbɔgbɔ me Israel ƒe ame susɔeawo dzi? (b) Nukae ame miliɔn geɖe va kpɔ dze sii, eye aleke wò ŋutɔ nèsena le ɖokuiwò me le go sia me?
7 Alesi ame susɔeawo ku ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ kple gɔmeɖose dzɔdzɔe siwo le eƒe Nya me ŋu goŋgoŋ la meto amewo ƒe ŋku ŋu yi o. Anukwaretɔwo va kpɔ vovototo si le ame susɔeawo ƒe nuwɔna kple xexe sia ƒe dunyahelawo kple subɔsubɔhakplɔlawo ƒe nufitifitiwɔwɔ kple alakpanuwɔwɔ dome dze sii. Yehowa yra “[gbɔgbɔ me] Israel ƒe ame mamleawo.” Ede bubu wo ŋu esi wòna mɔnukpɔkpɔ wo be yeƒe ŋkɔ nanɔ wo ŋu, eye wòna be ŋkɔ nyui va le wo ŋu le anyigba dzi dukɔwo dome. Esia le abe alesi Zefanya gblɔe ɖi ene be: “Makplɔ mi agbɔe ɣemaɣi, eye maƒo mia nu ƒu ɣemaɣi; elabena ne meɖo mi te miekpɔ kple ŋku la, matsɔ mi awɔ bubu kple kafukafu le anyigba dzi dukɔwo katã dome; Yehowa ye gblɔe!”—Zefanya 3:20.
8 Tso ƒe 1935 la, ame miliɔn geɖe va kpɔe dze sii be Yehowa ƒe yayra le ame susɔeawo dzi. Wotsɔ dzidzɔ kplɔ gbɔgbɔ me Yudatɔ alo Israel-vi siawo ɖo le gbɔgblɔm be: “Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.” (Zaxarya 8:23) ‘Alẽ bubu’ siawo kpɔe be amesiaminawo ƒe ame susɔeawoe nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si Kristo ɖo “eƒe [anyigba dzi] nuwo katã dzi.” Woɖua gbɔgbɔ me nuɖuɖu si dɔla ƒe ha la nana “le ɣeyiɣi nyui dzi” kple akpedada.—Yohanes 10:16; Mateo 24:45-47.
9. “Gbegbɔgblɔ” kae ame miliɔn geɖe srɔ̃, eye dɔ gã kae alẽ bubuawo tsɔ “nusɔsɔ” le wɔwɔm kple amesiamina susɔeawo?
9 Alẽ bubu miliɔn geɖe siawo wɔ ɖeka kple ame susɔeawo le esrɔ̃m be yewoanɔ agbe ahaƒo nu wòasɔ ɖe “gbegbɔgblɔ dzadzɛ” la nu.a Yehowa gblɔ nya ɖi to Zefanya dzi be: “Ɣemaɣi la, mana gbegbɔgblɔ dzadzɛ dukɔwo, ne wo katã nayɔ Yehowa ŋkɔ, eye woatsɔ nusɔsɔ asubɔe.” (Zefanya 3:9, NW) Ẽ, alẽ bubuawo tsɔ “nusɔsɔ” le Yehowa subɔm ɖekae kple “alẽha sue” ƒe amesiaminawo le dɔ si hiã kpata si nye gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia . . . bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã” la me.—Luka 12:32; Mateo 24:14.
‘Yehowa ƒe Ŋkekea Le Vava Ge’
10. Nuka dzie amesiamina susɔeawo kana ɖo ɣesiaɣi, eye nuka teƒee woƒe ha la anɔ anyi akpɔ?
10 Amesiamina susɔeawo léa apostolo Petro ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me la ɖe susu me ɣesiaɣi be: “Menye ɖe [Yehowa, NW] le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi ame aɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egbɔ dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti. Ke [Yehowa, NW] ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene.” (Petro II, 3:9, 10) Ðikeke aɖeke menɔ dɔla nuteƒewɔla ƒe ha me tɔwo me ɖe Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava le míaƒe ŋkekea me ŋu kpɔ o. Ŋkeke gã ma adze egɔme esi woahe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava Kristodukɔ, si nye kpɔɖeŋu Yerusalem, kple Babilon Gã la ƒe akpa susɔea dzi.—Zefanya 1:2-4; Nyaɖeɖefia 17:1, 5; 19:1, 2.
11, 12. (a) Zefanya ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa bubu ka hãe va eme ɖe ame susɔeawo dzi? (b) Aleke amesiamina susɔeawo wɔ ɖe yɔyɔ si nye be “Wò asi megado agblɔ o!” la dzi?
11 Edzɔa dzi na nuteƒewɔla susɔeawo be woɖe yewo tso Babilon Gã la, alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe, ƒe gbɔgbɔmeboyo me le ƒe 1919 me. Zefanya ƒe nyagblɔɖi va eme na wo be: “Zion-nyɔnuvi, tso aseye, Israel, do ɣli; Yerusalem-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ, natso aseye tso dzi blibo me! Yehowa ɖe wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖa, eye wòkplɔ wò futɔ dzoe; Yehowa, Israel ƒe fia la, le dowòme, nu vɔ̃ɖi aɖeke madzi ŋɔ na wò azɔ o. Ɣemaɣi la woagblɔ na Yerusalem be: Megavɔ̃ o; Zion, wò asi megado agblɔ o! Yehowa, wò Mawu la, le dowòme, kalẽtɔ, si ate ŋu axɔ na ame la wònye.”—Zefanya 3:14-17.
12 Esi kakaɖedzi kple kpeɖodzi geɖe le amesiamina susɔeawo si be Yehowa le yewo dome ta la, woɖe zɔ yi ŋgɔ vɔvɔ̃manɔmee le dɔ si Mawu de asi na wo wɔwɔ me. Woɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia eye wogblɔ Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ Kristodukɔa, Babilon Gã la ƒe akpa susɔea, kple Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi bliboa katã na amewo. Togbɔ be woto nɔnɔme sesẽ ƒomeviwo katã me le ƒeawo me tso ƒe 1919 me hã la, wowɔ ɖe Mawu ƒe sedede sia dzi be: “Megavɔ̃ o; Zion, wò asi megado agblɔ o!” Womewɔ kuvia le trakt biliɔn nanewo, magazinewo, agbalẽwo, kple agbalẽvi siwo le gbeƒã ɖem Yehowa ƒe Fiaɖuƒea mamã me o. Wonye xɔse ƒe kpɔɖeŋu si ʋã alẽ bubuawo be wolɔ hoo le woƒe akpa dzi vam tso ƒe 1935.
“Wò Asi Megado Agblɔ O!”
13, 14. (a) Nukatae Yudatɔ aɖewo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ, eye aleke esia va dzee? (b) Nuka mee nunya manɔ be míawɔ o, eye dɔ ka wɔwɔ mee mele be míaƒe asi nado agblɔ le o?
13 Esi míeyi edzi le Yehowa ƒe ŋkeke gã la ‘sinu kpɔm’ la, aleke míate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ tso Zefanya ƒe nyagblɔɖia mee? Gbã la, ele be míakpɔ nyuie be míagazu abe Yudatɔ siwo nɔ anyi le Zefanya ŋɔli, amesiwo gbugbɔ le Yehowa yome le esi ɖikekewo nɔ wo me le Yehowa ƒe ŋkekea ƒe aƒetutu ŋu ta la ene o. Yudatɔ mawo meɖe woƒe ɖikekewo gblɔ le gaglãgbe kokoko o, gake woƒe nuwɔna ɖee fia be womexɔe se ŋutɔŋutɔ be Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe o. Le esi teƒe be woakpɔ Yehowa sinu la, woƒe susuwo nɔ kɔlili ŋutilãmenuwo ɖi boŋ ŋu.—Zefanya 1:12, 13; 3:8.
14 Menye fifiae wòle be míaɖe mɔ ɖikekewo naɖo míaƒe dzi me o. Nunya manɔ eme kura be míanɔ Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava tutum ɖe ŋgɔ le míaƒe susu alo dzi me o. (Petro II, 3:1-4, 10) Mele be míatrɔ le Yehowa yome alo ‘ana míaƒe asi nado agblɔ’ le esubɔsubɔ me o. Ebia hã be mele be míawɔ “alɔgblɔlɔ” le míaƒe gbeƒãɖeɖe “nyanyui la” me o.—Lododowo 10:4; Marko 13:10.
Avuwɔwɔ Kple Ðekematsɔleme
15. Nukae ate ŋu ana míawɔ alɔgblɔlɔ le Yehowa subɔsubɔ me, eye aleke wogblɔ kuxi sia ŋuti nya ɖi le Zefanya ƒe nyagblɔɖia me?
15 Eveliae nye be ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe nusiwo ɖekematsɔleme ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo gblẽna ŋu. Le Ɣetoɖoƒedukɔ geɖe me la, ɖeke matsɔmatsɔ le gbɔgbɔmenyawo me ate ŋu aɖe dzi le nyanyuigbeƒãɖela aɖewo ƒo. Ðekematsɔleme sia nɔ anyi le Zefanya ŋɔli. Yehowa gblɔ to eƒe nyagblɔɖila dzi be: “Mahe to na amesiwo katã [le] . . . gbɔgblɔm le woƒe dzi me be: Yehowa mele nyui alo vɔ̃ wɔ ge o.” (Zefanya 1:12) A. B. Davidson ŋlɔ le nya la ƒe akpa sia ŋu ɖe Cambridge Bible for Schools and Colleges me be amesiwo “metsɔ ɖeke le eme kura alo xɔe se be ŋusẽ triakɔ aɖe ade nu ameƒomea ƒe nyawo me o” ŋue wòku ɖo.
16. Susu kae le Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo ƒe hamevi geɖe si, gake dzideƒo kae Yehowa na mí?
16 Ðekematsɔleme ye nye nɔnɔme si bɔ ɖe anyigba ƒe akpa geɖe egbea, vevietɔ le dukɔ siwo me kesinɔnuwo le wu me. Kristodukɔa ƒe hameviwo gɔ̃ hã mexɔe se be Yehowa Mawu ade nu amegbetɔ ƒe nyawo me le míaƒe ŋkekea me o. Wotsɔa ɖikeke alo ŋuɖoɖo kpui si nye be “Nyemedii mase o!” tua afɔkpo agbagba siwo míedzena be míatsɔ Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia yi na wo lae. Kutrikuku le ɖaseɖiɖidɔa me le nɔnɔme siawo me ate ŋu asesẽ ŋutɔ. Edoa míaƒe dzidodo kpɔna. Gake Yehowa toa Zefanya ƒe nyagblɔɖia dzi doa ŋusẽ eƒe nuteƒewɔlawo be: “Wò asi megado agblɔ o! Yehowa, wò Mawu la, le dowòme, kalẽtɔ, si ate ŋu axɔ na ame la wònye. Akpɔ dzidzɔ le ŋuwò vevie, azi ɖoɖoe le lɔlɔ̃ me, eye wòakpɔ dzidzɔ atso aseye ɖe ŋuwò!”—Zefanya 3:16, 17.
17. Kpɔɖeŋu nyui kae wòle be ame yeye siwo le alẽ bubuawo dome nasrɔ̃, eye aleke woasrɔ̃e?
17 Enye nyateƒe le Yehowa ƒe amewo ƒe egbeŋutinya me be ame susɔeawo kple ame tsitsi siwo le alẽ bubuawo dome wɔ amewo nuƒoƒoƒudɔ gã aɖe le ŋkeke mamle siawo me. Kristotɔ nuteƒewɔla siawo katã do dzi le ƒeawo me. Womena ame akpa gãtɔ siwo le Kristodukɔa me ƒe ɖekematsɔleme ɖe dzi le wo ƒo o. Eyata ame yeye siwo le alẽ bubuawo dome megaɖe mɔ alesi amewo metsɔa ɖeke le gbɔgbɔmenyawo me o, si bɔ ɖe dukɔ geɖe me egbea la naɖe dzi le wo ƒo o. Womegana ‘woƒe asi nado agblɔ’ alo awɔ kuvia gbeɖe o. Wo newɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ ne woatsɔ Gbetakpɔxɔ, Nyɔ!, kple agbalẽ nyui bubu siwo katã ŋu wotrɔ asi le etɔxɛ be wòakpe ɖe amesiwo ɖi alẽwo ŋu woasrɔ̃ nyateƒea le Yehowa ƒe ŋkekea me kple yayra siwo akplɔe ɖo ŋu la ayi na amewo.
Miyi Ŋgɔ Esi Míele Ŋkeke Gã la Lalam!
18, 19. (a) Dzidodo ƒe dzideƒonamenya kae le Mateo 24:13 kple Yesaya 35:3, 4? (b) Yayra kae míaxɔ ne míetsɔ ɖekawɔwɔ le ŋgɔgbe yim le Yehowa subɔsubɔ me?
18 Yesu gblɔ be: “Amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.” (Mateo 24:13) Eyata migana míawɔ ‘alɔgblɔlɔ’ alo awɔ míaƒe ‘klowo belie’ esi míele Yehowa ƒe ŋkeke gã la lalam o! (Yesaya 35:3, 4) Zefanya ƒe nyagblɔɖia gblɔ kakaɖedzinya sia le Yehowa ŋu be: “Kalẽtɔ, si ate ŋu axɔ na ame la wònye.” (Zefanya 3:17) Ẽ, Yehowa axɔ na “ameha gã” la le “xaxa gã” la ƒe akpa mamlea me ne eɖe gbe na Via be wòagbã dunyahedukɔ siwo yi edzi le ‘kakam ɖe’ eƒe amewo ‘ŋu’ gudugudu.—Nyaɖeɖefia 7:9, 14; Zefanya 2:10, 11; Psalmo 2:7-9.
19 Esi Yehowa ƒe ŋkeke gã la le aƒe tum la, mina míayi ŋgɔgbe dzonɔamemetɔe, eye míatsɔ “nusɔsɔ” asubɔe! (Zefanya 3:9) Ne míewɔe alea la, mía ŋutɔwo kple ame bubu geɖe míadze be “woatsɔ [mí] aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe la,” ale míakpɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋutikɔkɔ teƒe.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ Gbetakpɔxɔ, Vol. 112, No. 7, axa 20-5, kple Vol. 112, No. 9, axa 10-20 hena “gbegbɔgblɔ dzadzɛ” la ŋuti numedzodzro bliboa katã.
Numetoto
◻ Go kawo mee alesi subɔsubɔnyawo le le Kristodukɔa me sɔ kple Zefanya ŋɔli me tɔwo?
◻ Aleke dunyahela siwo li egbea dometɔ geɖe ɖi ‘dumegã’ siwo nɔ anyi le Zefanya ŋɔli?
◻ Ŋugbedodo kawoe le Zefanya me siwo va eme ɖe ame susɔeawo dzi?
◻ Nukae ame miliɔn geɖe va kpɔ dze sii?
◻ Nukata mele be míana míaƒe asi nado agblɔ le Yehowa subɔsubɔ me o?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]
Abe Zefanya ene la, Kristotɔ amesiamina nuteƒewɔla susɔeawo le gbeƒã ɖem Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo vɔvɔ̃manɔmee
[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]
‘Alẽ bubuawo’ meɖe mɔ amewo ƒe ɖekematsɔleme ɖe dzi le wo ƒo o