Nusitae Medzudzɔ Nunɔladɔ Hege ɖe Subɔsubɔdɔ si Nyo Wu Me
WOÐOM Katoliko-ha ƒe nunɔlae le ƒe 1955 ƒe July 31 lia dzi esime mexɔ ƒe 24. Enye ɖevimeƒe 12 siwo mezã le nunɔlawo ƒe nuto gã ƒe nunɔladɔsrɔ̃suku le Rachol, Goa, India la taƒoƒo. Eye nukae nyɔ nunɔla zuzu ƒe didi ɖe menye?
Wodzim le Bombay, India, le ƒe 1930 ƒe September 30 lia dzi. Fofonye xɔ dzudzɔ le dɔ me le ƒe si kplɔe ɖo me, eye ƒomea va nɔ teƒe ɖeka le Salvador do Mundo, Bardez, Goa, le India ƒe dzieheɣetoɖoƒe ƒugo ŋu. Nyee nye ɖevi eneawo ƒe suetɔ. Wokplam tso ɖevime ke le Portugal Katoliko-ha ƒe agbenɔnɔ kple kɔnu, si nɔ anyi le Goa tso ƒe 1510 me, esime Portugaltɔwo ɖu afi ma dzi la nu.
Dzinyewo, amesiwo lé woƒe dzixɔsewo me ɖe asi goŋgoŋ la nye Katolikotɔ dovevienu siwo ɖua Kristmas, Lent, Easter, kple azã bubuwo ƒe sia ƒe tsɔna dea bubu Ðetugbi Nɔaƒe Maria kple “ame kɔkɔe” geɖewo ŋui. Nunɔla siwo kpɔa gome le azãɖuɖu siawo me la va dzea míaƒe aƒeme zi geɖe, ɣeaɖewoɣi la, wonɔa anyi wòwua ŋkeke ewo. Eyata ƒomedodo yi edzi nɔ mía kpli wo dome, eye woƒe nu wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.
Nye Subɔsubɔ le Goa, Salamanca, Kple Roma
Metsɔ dzonɔameme gã dze nunɔladɔ la gɔmee, eye ɖikeke aɖeke menɔ menye le Katoliko-ha la ƒe nufiafiawo kple nuwɔnawo ƒe nyateƒenyenye ŋu o. Le nye subɔsubɔ le Goa ƒe ƒe adre gbãtɔwo me la, mewɔa hadome- kple nunɔladɔwo le Ame Kɔkɔe Thomas ƒe Gbedoxɔ me le Panaji si nye Goa ƒe fiadu me. Le ɣeyiɣi ma ke me le Portugal-dziɖuɖua ƒe Aɖaŋudɔsrɔ̃suku si nɔ anyi le ɣemaɣi me la, mexɔ dziɖuɖu ƒe dɔ aɖe si me dɔwɔna ƒokpli eve le—sukua ƒe nufialagã kple edzikpɔla.
Le ƒe 1962 me la, woɖom ɖe Salamanca ƒe Yunivɛsiti le Spania, afisi mexɔ Seŋutinunya kple Mawu ƒe Se ƒe ɖaseɖigbalẽ le. Le nye ʋɔnudrɔ̃sewo ƒe hehe xɔxɔ me la, nusiwo mesrɔ̃ dometɔ aɖewo vevietɔ, Romatɔwo ƒe Sewo kple Mawu ƒe Se Ŋutinya, de dzo menye be maku alesi Katoliko-ha la ƒe Hakplɔse wɔ trɔ vivivi heva yɔ papa be enye Petro teƒenɔla si ‘si gome tɔxɛ le be wòaɖu ha la dzi’ la me.
Mekpɔ dzidzɔ be wonɔ ɖoɖowo wɔm hena nye mawuŋutinunya ƒe nusɔsrɔ̃wo le Roma, Italia, afisi mɔnukpɔkpɔ asu asinye le be masrɔ̃ nu geɖe tso sɔlemeha la ƒe nunɔlawo ŋuti. Meʋu yi Roma le ƒe 1965 ƒe dzomeŋɔli me.
Le ɣeyiɣi sia me la, ɖekawɔɖaŋuɖoha ƒe Vatikan II ɖo eƒe kɔkɔƒe kekeake. Esi menɔ nye mawuŋutinunyanuwo srɔ̃m la, meɖo dze vivi kple mawuŋutinunyala geɖewo kple “Aɖaŋuɖotakpekpea me Nunɔlawo,” amesiwo tsi tre ɖe blemakɔnutaʋlila siwo le aɖaŋuɖoha me la ŋuti. Papa si nɔ anyi le ɣemaɣi mee nye Paul VI, amesi meƒo nu kplii esi menye India-nunɔlawo ƒe Habɔbɔ si le Roma ƒe ŋgɔnɔla ƒe kpeɖeŋutɔ ta.
Masɔmasɔ Kple Ðikeke Gbãtɔwo
Le kadodo siawo kple nye nusɔsrɔ̃ kple numekuku hena nye mawuŋutinunya ƒe ɖaseɖigbalẽ xɔxɔ ƒe ɣeyiɣi sia katã me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye be mesrɔ̃ nu tso Katoliko-ha la ƒe ŋutinya kple eƒe nɔnɔme bliboa katã ŋu yi ŋgɔe.a Amesiwo lɔ̃na ɖe tɔtrɔwɔwɔ dzi dze agbagba na aɖaŋuɖoha la da asi ɖe Sɔlemeha la ƒe Nufiafiase (Latingbe me tanya, Lumen Gentium, Dukɔwo ƒe Kekeli) dzi, esi to vovo na blemakɔnutaʋlila siwo nɔ aɖaŋuɖoha me, siwo Pius XII (ƒe 1939-58) ƒe dziɖuɖu si ɖoa tɔ ɖe nu nu mã ƒe nukpɔsusuwo. Eƒe ta 3 lia ƒo nu tso gome si le bisiɔpwo si be woakpɔ gome le ŋusẽ blibo deŋgɔ si le papa si ɖe hamea dzi me ŋuti hekpe ɖe nu bubuwo ŋuti. Nufiafia sia ƒo ke ɖe to sesĩe ɖe blemakɔnuwo me gake blemakɔnutaʋlilawo bui be enye aglãdzenufiafia kple tɔtrɔ hehe vɛ ƒe agbagbadzedze.
Mekpɔ be vodada le nukpɔsusu eveawo siaa ŋu, elabena Nyanyuigbalẽwo me nyateƒe aɖeke meɖo kpe wo dzi o. Wonye Mateo 16:18, 19 me nyawo gɔmesese tɔtrɔ gboe eye wòɖe mɔ ɖe sɔlemeha ƒe nufiafia kple dzixɔse siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o, siwo wofia va yi kple esiwo woagafia le etsɔ me la ŋuti.b Mede dzesii be Helagbe me nya siwo wozã le kpukpui sia me si nye, peʹtra (nyɔnuƒome), si gɔmee nye “kpe gbadza,” kple peʹtros (atsuƒome), si gɔmee nye “kpe kakɛ,” menye nya siwo Yesu zã abe nya siwo ƒe gɔmesese sɔ kple wo nɔewo ene o. Hekpe ɖe eŋu la, ne ɖe wona nɔƒe kɔkɔ Petro be wòanye kpe gbadza abe dzogoedzikpe ene la, anye ne nyaʋiʋliwo maɖo apostoloawo dome emegbe le amesi nye gãtɔ le wo dome ŋuti o. (Tsɔe sɔ kple Marko 9:33-35; Luka 22:24-26.) Hekpe ɖe eŋu la, anye ne atse mable Paul be yeaka ŋkume na Petro le dutoƒo be ‘mele zɔzɔm dzɔdzɔe le nyanyuie la ƒe nyateƒea nu o.’ (Galatiatɔwo 2:11-14) Meva de dzesii mlɔeba be Kristo yomedzela siwo katã wotsɔ gbɔgbɔ dzii dometɔ ɖesiaɖe le abe kpe ene, eye Yesu nye woƒe gɔmeɖoanyi ƒe dzogoedzikpe.—Korintotɔwo I, 10:4; Efesotɔwo 2:19-22; Nyaɖeɖefia 21:2, 9-14.
Zi alesi mesrɔ̃ nu hesrɔ̃ nunɔladɔwo yi ŋgɔ hedzro nu geɖe me kple amewo yi ŋgɔe la, zi geɖe nenema kee nye susu kple dzi ɖe ɖa le Katoliko-ha la ƒe nufiafiawo ŋu, vevietɔ esiwo ku ɖe nunɔlawo ɖoɖo le “Misa ƒe Vɔsa Kɔkɔe la” nu ŋuti kple “Nuɖuɖu Kɔkɔe ƒe Sakramento Kɔkɔetɔ Kekeake”—si woyɔna be nuɖuɖu kɔkɔea ƒe tɔtrɔ azu Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu ŋutɔŋutɔ nukutɔe.
Le Katolikotɔwo ƒe nyagbɔblɔ nu la, “Misa ƒe Vɔsa Kɔkɔe la” nye Yesu ƒe vɔsasa le “atitsoga” ŋu ƒe azã si woɖuna ɖaa kple eƒe vɔsa gbugbɔgasa si me ʋu mele o. Gake Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo kple vevietɔ agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Hebritɔwo ɖeɖe me kɔ nam kɔtee mese egɔme be Yesu ƒe vɔsasa nye vɔsa deblibo. Eƒe dɔ la de blibo. Megahiã nu bubuwo, nugbugbɔgawɔ, alo ewɔwɔ wòanyo wu o. Wosa vɔ la “zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu.”—Hebritɔwo 7:27, 28.
Nye Nyateƒea Didi Yi Edzi
Be matsɔ ado ɖokuinye kpɔe la, meyi edzi wɔ dɔ le nunɔlawo ƒe nuto geɖewo kple nuto gã siwo le Ɣetoɖoƒe Europa me, mewɔ dɔ le nunɔlawo ƒe nuto gã si le New York me eye mewɔ dɔ le Fairbanks ƒe nuto si le Alaska me. Enye ƒe asieke ƒe dodokpɔ si me vevesese nɔ le nye nyateƒea didi me. Ðoɖowo dzi koŋ ye mekpɔna, esiwo nye sɔlemeha ƒe senyawo kple ʋɔnudrɔ̃nyawo. Meɖe ɖokuinye ɖe aga boo tso sɔlemewɔkɔnuwo kple azãɖuɖuwo gbɔ alesi mate ŋui. Gbesiagbe ƒe Misa wɔwɔe nye nu sesẽtɔ kekeake nam. Ena meke ɖi le ɖokuinye me vevie elabena nyemexɔ Kristo ƒe vɔsa si me ʋu mele o si wogbugbɔgasana alo nuɖuɖu kɔkɔe ƒe tɔtrɔ azu Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu ŋutɔŋutɔ alo anyigba dzi nunɔladɔ kɔkɔe si wobia be woawɔ nuɖuɖu kɔkɔe ƒe tɔtrɔ wòazu Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu ƒe “akunya” la wòasɔ nyuie ɖe se nu la dzi se o.
Le Vatikan ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe Evelia me la, zitɔtɔ aɖe do mo ɖa le “akunyawɔwɔ” sia ŋu. Amesiwo lɔ̃na ɖe tɔtrɔwo dzi siwo ŋgɔ Netherlands Katoliko-nunɔlawo nɔ la da asi ɖe “nu ƒe vɔvɔlinyenye” ɖeɖeko dzi, esi nye be abolo kple wein la fia alo tsi tre ɖi na Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu. Gake blemakɔnutaʋlila siwo ŋgɔ Italia Katoliko-nunɔlawo nɔ la ʋli “nuwo ƒe tɔtrɔ wòazu nua ŋutɔŋutɔ nukutɔe,” esi nye aboloa kple wein ƒe tɔtrɔ azu Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu ŋutɔŋutɔ to ‘nya kɔkɔe’ siwo wogblɔna le Misa wɔwɔ me la ta vevie. Eyata wogblɔna be: ‘Le Holland la, nuwo katã trɔna, negbe abolo kple wein ko, evɔ le Italia la, naneke metrɔna o negbe abolo kple wein ko.’
Medo le Haa Me
Le Kristo kple eƒe nyanyuia ŋuti nukpɔsusu gbegblẽ mawo ta la, dzi ɖe le ƒonye vevie eye metɔtɔ ale gbegbe be alakpanufiafiawo gblẽ nye tameɖoɖo be makafu Mawu eye maɖe luʋɔwo la me. Eyata le ƒe 1974 ƒe July me la, meɖe asi le nunɔladɔ wɔwɔ ŋu eye mebia be woaɖe asi le ŋunye keŋkeŋ. Nunya mele eme o eye medze ŋunye kura be mabia ko be woaɖe nunɔladɔ si wometu ɖe Biblia dzi o la ƒe adzɔgbeɖeɖewo ko le dzinye o. Eyata tso ƒe 1974 ƒe July vaseɖe ƒe 1984 ƒe December me la, meɖe ɖokuinye ɖe aga tso sɔlemeha gbɔ keŋkeŋ, eye nyemege ɖe Kristodukɔa ƒe subɔsubɔha aɖeke me o elabena wo dometɔ aɖeke ƒe nyataƒoƒo le Mawuɖekaetɔ̃, luʋɔ ƒe nu makumaku nyenye, kple nufiafia si nye be ame dzɔdzɔewo katã akpɔ agbe mavɔ le dziƒo, eye hell ƒe dzo me funyafunyawɔame li ɖaa ŋuti mesɔ kple tɔnye o. Mebu nufiafia siawo be trɔ̃subɔsubɔ mee wodzɔ tso.
Ememe Ŋutifafa Kple Dzidzɔkpɔkpɔ
Alesi meɖe ɖokuinye ɖa le subɔsubɔha ɖesiaɖe ŋu wu enu le ƒe 1984 ƒe December me. Esi menye Anchorage, Alaska ƒe dɔwɔƒe si Kpɔa Nuƒeƒle Agbanae kple Gadolawo ƒe Ganyawo gbɔ ƒe dɔdzikpɔla ta la, eva hiã be madzro febugbalẽ geɖe me kple míaƒe asisi aɖe si ŋkɔe nye Barbara Lerma. Enɔ kplakplakpla dzi eye wògblɔ be yeyina “Biblia-nusrɔ̃ƒe” aɖe. Nyagbɔgblɔ “Biblia-nusrɔ̃ƒe” he nye susu eye mebia Biblia me nya ʋee aɖewoe. Ena Ŋɔŋlɔawo me ŋuɖoɖo siwo sɔ kple nye ŋutɔ nye nufiafia ŋuti nyataƒoƒowo lam enumake alesi dze. Esi Barbara kpɔ be nyabiabia boo aɖeke megale asinye o ta la, etsɔm de asi na Gald Ronco, amesi nɔ Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Alaska.
Numedzodzro tuameɖo siwo tso Biblia me la na mekpɔ ememe ŋutifafa kple dzidzɔ. Amesiawo tɔgbe dim menɔ—esiwo nye Mawu ƒe amewo. Medo gbe ɖa bia mɔfiafia Mawu eye le ɣeyiɣi si sɔ me la, medze egɔme nɔ ha dem kple Yehowa Ðasefowo abe nyanyuia ƒe gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃ ene. Nye mo wɔ yaa ŋutɔ esi mese be habɔbɔ sia ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York, si didi agbadroƒe ʋee aɖewo ko tso Ƒome Kɔkɔe Ha si le Manhattan gbɔ, afisi mesubɔ le (le ƒe 1969, 1971, kple 1974 me) abe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ ƒe Sɔlemeha si le Nutoa me ƒe nunɔla ƒe kpeɖeŋutɔ ene.
Kpekpe Ðe Nye Ƒomea Ŋu be Woakpɔ Nyateƒea
Le nye hadede kple Yehowa Ðasefo siwo le Anchorage ɣleti ade megbe la, meʋu yi Pennsylvania le ƒe 1985 ƒe July 31 lia dzi. Mɔnukpɔkpɔ su asinye le afisia be megblɔ Yehowa ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na nye nyruiyɔvi Mylene Mendanha, amesi nɔ atikewɔwɔ srɔ̃m le Scranton Yunivɛsiti. Esi Mylene se be mele Yehowa Ðasefowo dim la, eƒe mo wɔ yaa ale gbegbe elabena woblee do ŋgɔ be habɔbɔ sia nye gbɔgbɔyɔha. Gbã la megblɔ nya aɖeke o elabena ebuam abe nyruia kple nunɔla ene eye wòdea bubu deto nye agbalẽnyanya kple nunɔladɔnyanya ŋuti.
Le Kwasiɖagbe si kplɔe ɖo dzi la, Mylene yi Katoliko-ha ƒe Sɔleme hena Misa ɖuɖu, eye nye ya meyi Fiaɖuƒe Akpata me be maɖase Biblia me nuƒo kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ si woawɔ la. Gbemagbe ƒe fiẽ me la, mía kpli míenɔ anyi be míadzro nu me; etsɔ Katolikotɔwo ƒe Jerusalem Bible ɖe asi eye metsɔ New World Translation of the Holy Scriptures. Mefiae ŋkɔ Yahweh le eƒe Biblia me kple ŋkɔ si sɔ kpli si nye Yehowa le New World Translation me. Ekpɔ dzidzɔ esi wòse be ŋkɔ le Mawu si eye edi be míatsɔ yeƒe ŋkɔ ayɔ yee. Megagblɔ alesi nufiafia siwo nye Mawuɖekaetɔ̃, nuɖuɖu kɔkɔe ƒe tɔtrɔ azu Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu ŋutɔŋutɔ, kple luʋɔ makumaku siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o la nɛ eye mefia ŋɔŋlɔ siwo ɖo kpe nya siawo dzi lae. Eƒe nu koe ku!
Mylene ƒe ɖetsɔleme va de to ɖe edzi wu esi megblɔ agbe mavɔ nɔnɔ le Paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ nɛ. Do ŋgɔ la, exaa nu le esi menya nusi adzɔ ɖe edzi le ku me o ta. Esusui be yemele kɔkɔe alesi dze ayi dziƒo tẽ o, gake mesusui be ye vɔ̃ɖi ale gbegbe be woabu fɔ ye be yeayi hell ƒe dzo mavɔ si me wohea to le o. Eyata nusi nɔ eƒe susu me koe nye ŋutiklɔdzo, afisi wòatsɔ dzigbɔɖi alala le be amewo nado gbe ɖa ɖe eta ahawɔ Misawo nɛ be woaɖoe ɖe dziƒo. Gake esi meɖe ŋɔŋlɔ geɖe siwo ƒo nu tso agbe mavɔ nɔnɔ le Paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ ŋuti fiae heɖe wo me nɛ vɔ la, edi vevie be yeagasrɔ̃ nu geɖe tso nyanyui wɔnuku sia ŋuti. Mylene kpe ɖe ŋunye míeyi Fiaɖuƒe Akpata me kpekpewo me. Nutoa me Ðasefo aɖe dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kpli mí. Le ema megbe kpuie la, míeɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu eye míexɔ nyɔnyrɔ̃ ƒe 1986 ƒe May 31 lia dzi.
Esi nye ƒomea, vevietɔ fonye tsitsitɔ Orlando, se be meɖe asi le nunɔladɔ ŋu la, eve wo vevie. Eyi ɖakpɔ nɔvinyenyɔnu Myra Lobo Mendanha, amesi fa dzi nɛ gblɔ be, “Mègana esia naɖe fu na mí o, elabena Alinio malɔ̃ aɖe asi le eƒe dɔ sesẽ wɔwɔ ƒe 43 ŋu susu ɖɔʋu aɖeke manɔmee o.” Le ƒe 1987 ƒe September me la, Myra kple eƒe ƒomea ʋu va gbɔnye le Wisconsin, U.S.A. Katoliko-ha ƒe nufiafiawo kple nuwɔnawo ƒe Ŋɔŋlɔawo me matsomatso me ɖeɖe na wo be woanya mesesẽ nam kura o. Wodi vevie be yewoasrɔ̃ Biblia. Enumake mía kple Mylene míedze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kpli wo. Esi woʋu yi Orlando, Florida la, woyi woƒe nusɔsrɔ̃a dzi.
Ŋutifafa kple dzidzɔ si su mía si la na míegblɔ Yehowa ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ Jessie Lobo, si le Toronto, Canada. Woɖi ɖase nɛ le ƒe 1983 me. Gake esi nɔviaŋutsu nye nunɔla ta la, exɔe se be naneke mana yeatrɔ yeƒe subɔsubɔ o. Le Yehowa Ðasefowo ƒe dzeɖoɖo kplii zi gbãtɔ ƒe ƒe ene megbe la, esi wòva nya be mezu Yehowa Ðasefo eye Myra kple eƒe ƒomea zu nyanyuia ƒe gbeƒãɖelawo la, edi Ðasefo aɖe, amesi wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo kplii enumake. Jessie xɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe 1990 ƒe April 14 lia dzi; Myra, srɔ̃nye nɔviŋutsu Oswald, kple nye nyruiyɔvi Glynis woxɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe 1991 ƒe February 2 lia dzi. Enye dzidzɔ na wo be yewoasubɔ Yehowa, Dziƒoʋĩtɔ la.
Blemakɔnutaʋliawo kple amesiwo dia tɔtrɔwɔwɔ le Katokoli-ha me nye nunyalawo nyateƒe. Woxɔe se be yewole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm. Gake mele be míaŋe aɖaba aƒu nyateƒe si wònye be “xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu . . . bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyui la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o” la dzi o. (Korintotɔwo II, 4:4) Eme kɔ ƒã be nuɖoanyi sia ƒe nunya nye bometsitsi le Mawu gbɔ. (Korintotɔwo I, 3:18, 19) Aleke gbegbe meda akpe hekpɔ dzidzɔe nye si be Yehowa nana “bometsilawo dzea nunya” to eƒe Nya la me sidzedze vavãtɔ sɔsrɔ̃ me.—Psalmo 19:8.
Ƒe 19 siwo menye Katolikotɔwo ƒe nunɔla nye gbaɖegbenya si nu va yi. Fifia menye Yehowa Ðasefo. Enye nye didi be mazɔ Yehowa ƒe toƒewo eye madze Via, Yesu Kristo, míaƒe Fia kple Ðela yome. Enye nye didi be makpe ɖe ame bubuwo ŋu be woanya Yehowa bene woawo hã nadze na agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe fetu la hena Mawu vavã, Yehowa ƒe kafukafu.—Abe alesi Alinio de Santa Rita Lobo gblɔ ene.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Medzo le Salamanca esi mekpɔtɔ nɔ nu me kum le nye Mawu ƒe Seŋutinunya ƒe ɖaseɖigbalẽ xɔxɔ, si meva ɖe fia le ƒe 1968 me la ŋuti.
b Mawunyakpukpui sia ƒe akpa aɖe xlẽ le Katolikotɔwo ƒe New American Bible me be: “Nye la mele egblɔm na wò be ‘Kpee’ nènye, eye kpe sia dzie matu nye ha la ɖo . . . Nusi ke nègblɔ be nenɔ babla le anyigba dzi la anɔ babla le dziƒo; nusi ke nègblɔ be nenɔ tutu le anyigba dzi la anɔ tutu le dziƒo.”—Kpɔ aɖaka si le axa 23.
[Aɖakasi le axa 23]
Fiaɖuƒea ƒe Safuiawo
Le “dziƒofiaɖuƒea ƒe safuiwo” ƒe nya gome la, gɔmesese si le eŋu dze keŋ ne míede ŋugble le mo si Yesu ka na subɔsubɔhakplɔlawo ŋu, be: “Mietsɔ nunya ƒe safui la dzoe, mia ŋutɔwo míeyi ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme la, miexe mɔ na wo.” (Luka 11:52) Mateo 23:13 yi edzi gblɔ ‘eme yiyi’ tsɔ fia asi “dziƒofiaɖuƒea” me yiyi ƒe mɔnui.
Safui siwo ŋugbe Yesu do na Petro wonye nufiafia ƒe dɔdasi tɔxɛ si aʋu mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo ɖi na amewo be woage ɖe Dziƒofiaɖuƒea me. Petro wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ zi etɔ̃ tsɔ kpe ɖe Yudatɔwo, Samariatɔwo, kple Trɔ̃subɔlawo ŋui.—Dɔwɔwɔwo 2:1-41; 8:14-17; 10:1-48; 15:7-9.
Tameɖoɖo si le ŋugbedodoa ŋue nye be, menye be Petro nagblɔ nusi wòle be woabla alo womabla o alo nusi wòle be woatu la na Mawu o, ke boŋ be wole Petro zãm abe dziƒodɔwɔnu aɖe ene hena dɔdasi vevi etɔ̃awo. Aleae nya la le elabena Yesu yi edzi nye hamea ƒe Ta vavãtɔ.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 11:3; Efesotɔwo 4:15, 16; 5:23; Kolosetɔwo 2:8-10; Hebritɔwo 8:6-13.
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Alinio de Santa Rita Lobo zu Ðasefo fifia