“Dɔla” Si Nye Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela Siaa
“Amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu?”—MATEO 24:45.
1, 2. Nukatae wòle vevie be míakpɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu ɣesiaɣi egbea?
LE Braɖa, Nisan 11, ƒe 33 M.Ŋ. ƒe ŋdɔ me la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo bia nya aɖe si ŋu gɔmesese deto le na mí egbea. Wobiae be: “Ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?” Yesu tsɔ nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi aɖe ɖo eŋu na wo. Eƒo nu tso zitɔɣi siwo me aʋawɔwɔ, dɔwuame, anyigbaʋuʋu, kple dɔlélewo anɔ ŋu. Ke “fuɖuame ƒe gɔmedzedze” koe esia anye. Ava vloe ɖe edzi awu. Mɔkpɔkpɔ doŋɔdziname kae nye si!—Mateo 24:3, 7, 8, 15-22; Luka 21:10, 11.
2 Yesu ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa gãtɔ va eme tso ƒe 1914 me. “Fuɖuame” la nu sẽ ɖe ameƒomea dzi. Ke hã, mehiã be Kristotɔ vavãwo navɔ̃ o. Yesu do ŋugbe be yeatsɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nyiame alé wo ɖe te. Esi Yesu le dziƒo fifia ɖe, alekee wòwɔ ɖoɖo na mí le anyigba dzi afisia be míakpɔ míaƒe gbɔgbɔmenuɖuɖui?
3. Ðoɖo kae Yesu wɔ na mí be míakpɔ ‘nuɖuɖu le ɣeyiɣi nyui dzi’?
3 Yesu ŋutɔ he susu yi biabia sia ƒe ŋuɖoɖo dzi. Esi wònɔ nya gã aɖe gblɔm ɖi la, ebia be: “Amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu, ne wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã?” Emegbe wògblɔ be: “Woayra dɔla ma, si, ne eƒe aƒetɔ ava la, akpɔe be, ewɔ nenema. Vavã mele egblɔm na mi bena, aɖoe eƒe nuwo katã dzi.” (Mateo 24:45-47) Ẽ, “dɔla” aɖe si wode dɔ asi na be wòana gbɔgbɔmenuɖuɖu, si anye “dɔla” nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela siaa, anɔ anyi. Ðe dɔla ma nye ame ɖeka aɖe koŋ, amesiwo ava ɖe wo nɔewo yome, loo alo nu bubu aɖea? Esi wònye be dɔla wɔnuteƒe ma naa gbɔgbɔmenuɖuɖu si hiã vevie ta la, aɖe vi na mí be míanya ŋuɖoɖoa.
Ame Ðeka Aɖee loo alo Hae?
4. Aleke míewɔ nya be “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la mate ŋu anye ame ɖeka aɖe o?
4 “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la mate ŋu anye ame ɖeka o. Nukatae? Elabena dɔla la dze gbɔgbɔmenuɖuɖu mama gɔme tso keke ƒe alafa gbãtɔ me ke, eye le Yesu ƒe nya nu la, dɔla la anɔ dɔ sia dzi kakaka eƒe Aƒetɔ nado le 1914 me. Ema afia be ame ɖeka natsɔ ƒe siwo anɔ 1,900 asubɔ nuteƒewɔwɔtɔe. Metusala gɔ̃ hã menɔ agbe wòdidi nenema gbegbe o!—Mose I, 5:27.
5. Gblɔ nusita nya “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” meku ɖe Kristotɔ ɖeka ɖesiaɖe ŋu o.
5 Ekema ɖe wòate ŋu anye be nyagbe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” afia Kristotɔ ɖeka ɖesiaɖe koa? Ele eme baa be ele be Kristotɔ ɖesiaɖe nanye nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ya; ke hã, edze ƒã be nusi yi ŋgɔ wue nɔ susu me na Yesu esime wòƒo nu tso “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ŋu. Aleke míewɔ nya esia? Elabena egblɔ be ‘ne aƒetɔ la va la’ aɖo dɔla la ‘eƒe nuwo katã dzi.’ Aleke woaɖo Kristotɔ ɖeka ɖesiaɖe nuwo katã dzii—si nye Aƒetɔ la ƒe nuwo “katã” dzi? Manya wɔ o!
6. Alekee woɖoe be Israel-dukɔa nanye Mawu ƒe ‘dɔlae’?
6 Ekema nyataƒoƒo ɖeka si me susu le enye be Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe yɔmee Yesu le be “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela.” Ðe dɔla ƒe ƒuƒoƒo aɖe ate ŋu anɔ anyia? Ẽ. Ƒe 700 do ŋgɔ na Kristo la, Yehowa yɔ Israel dukɔ bliboa be “nye ɖasefowo” kple ‘nye dɔla si metia.’ (Yesaya 43:10) Israel dukɔa me tɔ ɖesiaɖe nye dɔla ƒe ha sia me tɔ tso ƒe 1513 D.M.Ŋ. esime wotsɔ Mose ƒe Sea na vaseɖe ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi. Israel-vi akpa gãtɔ mekpɔ gome tẽ le dukɔa ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ me loo alo le eƒe gbɔgbɔ me nuɖuɖu nana dɔa me o. Yehowa zã fiawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, nyagblɔɖilawo, nunɔlawo, kple Lewi-viwo tsɔ kpɔ dɔ mawo gbɔe. Ke hã, ele be Israel-dukɔ bliboa katã nanɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye teƒe ahagblɔ eƒe kafukafunyawo le dukɔwo dome. Ele be Israel-vi ɖesiaɖe nanye Yehowa ƒe ɖasefo.—Mose V, 26:19; Yesaya 43:21; Maleaxi 2:7; Romatɔwo 3:1, 2.
Wonyã “Dɔla” Aɖe
7. Nukatae wogbe blema Israel-dukɔa be wòaganye Mawu ƒe “dɔla” o?
7 Esi Israel nye Mawu ƒe “dɔla” ƒe alafa geɖewo va yi la, eya kee ganye dɔla si ŋu Yesu ƒo nu tsoea? Ao, elabena blema Israel meva nye nuteƒewɔla alo aɖaŋudzela o. Paulo to nyaa ɖe eme kpuie heyɔ Yehowa ƒe nya si wògblɔ na dukɔa be: “Le miawo ŋuti la wogblɔa busunya ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti le trɔ̃subɔlawo dome.” (Romatɔwo 2:24) Le nyateƒe me la, Israel ƒe aglãdzedze ɣeyiɣi didi la ɖo eƒe yɔyrɔe nu esime wogbe Yesu, si na be Yehowa hã gbe wo ɣemaɣi.—Mateo 21:42, 43.
8. Ɣekaɣi wotia “dɔla” aɖe be wòaxɔ ɖe Israel teƒe, eye nɔnɔme ka mee wotiae le?
8 “Dɔla,” Israel, ƒe nuteƒemawɔmawɔ mefia be tadeagula nuteƒewɔlawo magakpɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu akpɔ gbeɖe o. Ŋkeke 50 le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe, si nye le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe eƒe nusrɔ̃la siwo anɔ ame 120 dzi le dziƒoxɔ aɖe me le Yerusalem. Ɣemaɣi la, wodzi dukɔ yeye aɖe. Esɔ ŋutɔ be edzidzi ŋu nya kaka esime eme nɔlawo tsɔ dzideƒo dze “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo” gbɔgblɔ na Yerusalemtɔwo gɔme. (Dɔwɔwɔwo 2:11) Eyata dukɔ yeye ma, si nye gbɔgbɔmedukɔ aɖe la, va zu “dɔla” si aɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe na dukɔwo ahana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi. (Petro I, 2:9) Esɔ be wova yɔe emegbe be “Mawu ƒe Israel.”—Galatiatɔwo 6:16.
9. (a) Amekawoe ƒo ƒu wɔ “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la? (b) Amekawoe nye ‘aƒeametɔwo’?
9 “Mawu ƒe Israel” la me tɔ ɖesiaɖe nye Kristotɔ ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ si wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na si si dziƒomɔkpɔkpɔ le. Eyata nyagbɔgblɔ si nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la fia gbɔgbɔmedukɔ si wosi ami na la me tɔwo katã abe ƒuƒoƒo ene le anyigba dzi le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me tso keke ƒe 33 M.Ŋ. me vaseɖe fifia, abe alesi ko Israel-vi ɖesiaɖe si nɔ anyi ɣeaɖeɣi tso ƒe 1513 D.M.Ŋ. va ɖo ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la nye dɔla ƒe ƒuƒoƒo si nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia me tɔ ene. Gake amekawoe nye ‘aƒeametɔ’ siwo xɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu nyiame tso dɔla la gbɔ? Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ nɔ Kristotɔ ɖesiaɖe si. Eyata aƒeametɔwo hã nye Kristotɔ amesiaminawo, menye abe ƒuƒoƒo ene o, ke boŋ abe ame ɖekaɖekawo ene. Wo katã, tsɔ kpe ɖe amesiwo le agbanɔamedzinɔƒewo le hamea me ŋu, hiã na gbɔgbɔmenuɖuɖu tso dɔla la gbɔ.—Korintotɔwo I, 12:12, 19-27; Hebritɔwo 5:11-13; Petro II, 3:15, 16.
“Amesiame Xɔ Eƒe Dɔ”
10, 11. Aleke míewɔ nya be menye dɔ ɖeka tɔgbee wode dɔla ƒe ha me tɔwo katã si o?
10 Togbɔ be “Mawu ƒe Israel” nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha si wode dɔ aɖe asi na hã la, amesiame kple eƒe dɔe. Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Marko 13:34 na esia me kɔ. Egblɔ be: ‘Ele abe ame aɖe si yi nugbe, egblẽ eƒe aƒe ɖi, eye wòna ŋusẽ eƒe dɔlawo, amesiame xɔ eƒe dɔwɔwɔ eye wòde se na xɔnuvi la bena wòanɔ ŋudzɔ la ene.’ Eyata wona dɔdasi dɔla ƒe ha me tɔ ɖesiaɖe—be wòadzi Kristo ƒe anyigba dzi nunɔamesiwo ɖe edzi. Ewɔa eƒe dɔdasia ɖe ŋutete kple mɔnukpɔkpɔ si su esi nu.—Mateo 25:14, 15.
11 Gakpe ɖe eŋu la, apostolo Petro gblɔ na Kristotɔ amesiamina siwo nɔ anyi le eŋɔli be: ‘Misubɔ mia nɔewo le alesi amesiame xɔ amenuvevenunana la nu, abe Mawu ƒe amenuveve bubu ƒomevi geɖewo ƒe xɔnuvi nyuiwo ene.’ (Petro I, 4:10) Eyata agba le amesiamina mawo dzi be woatsɔ nunana si woxɔ tso Mawu gbɔ la asubɔ wo nɔewoe. Gakpe ɖe eŋu la, Petro ƒe nyawo ɖee fia be menye ŋutete, agbanɔamedzi, alo mɔnukpɔkpɔ ɖeka tɔgbee anɔ Kristotɔwo katã si o. Ke hã, dɔla ƒe ha la me tɔ ɖesiaɖe ate ŋu akpe asi ɖe gbɔgbɔmedukɔa ƒe tsitsi ŋu le mɔ aɖe nu. Le mɔ ka nu?
12. Aleke dɔla ƒe ha la me tɔ ɖesiaɖe, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, kpe asi ɖe dɔla la ƒe tsitsi ŋui?
12 Gbã la, enye wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe agba be wòanye Yehowa ƒe ɖasefo, anɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒeŋutinya nyuia. (Yesaya 43:10-12; Mateo 24:14) Hafi Yesu nayi dziƒo teti la, ede se na eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo katã, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, be woanye nufialawo. Egblɔ be: ‘Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.’—Mateo 28:19, 20.
13. Mɔnukpɔkpɔ kae su amesiaminawo katã si?
13 Ne woke ɖe nusrɔ̃la yeyewo ŋu la, ele be woafia nu wo nyuie be woawɔ ɖe nusiwo katã ƒe se Kristo de na eƒe nusrɔ̃lawo dzi. Vivivi la, amesiwo xɔ nyaa dze hefia nu ame bubuwo. Wodzra gbɔgbɔmenuɖuɖu nyiame ɖo na amesiwo ava zu dɔla la ƒe ha me tɔwo le dukɔ geɖe me. Kristotɔ amesiaminawo katã, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, kpɔ gome le nusrɔ̃lawo wɔwɔ ƒe dɔdasia me. (Dɔwɔwɔwo 2:17, 18) Wokpɔ mɔ be dɔ sia nayi edzi tso esime dɔla la dze eƒe dɔ gɔme ʋuu va ɖo nuɖoanyia ƒe nuwuwu.
14. Amekawo ko sie wotsɔ nufiafia le hamea me ƒe mɔnukpɔkpɔwo dee, eye alekee nyɔnu amesiamina wɔnuteƒewo se le wo ɖokui me tso eŋu?
14 Amesiamina xɔnyɔnyrɔ yeyewo va zu dɔla la ƒe akpa aɖe, eye ameka kee ɖafia nu wo le gɔmedzedzea me o, wo katã woyia edzi xɔa nufiame tso hamea me tɔ siwo dze le Ŋɔŋlɔa nu be woasubɔ abe ame tsitsiwo ene gbɔ. (Timoteo I, 3:1-7; Tito 1:6-9) Eyata mɔnukpɔkpɔ wònye su ŋutsu siwo woɖo la si be woakpe asi ɖe dukɔa ƒe tsitsi ŋu le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Nyɔnu Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo medo dziku be Kristotɔ ŋutsuwo ɖeɖekoe wotsɔ nufiafia hamea de asi na o. (Korintotɔwo I, 14:34, 35) Ke boŋ la, edzɔ dzi na wo be yewokpɔa viɖe tso hamea me ŋutsuwo ƒe veviedodonu me eye wodaa akpe ɖe mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi na nyɔnuwo, siwo ƒe ɖee nye be woatsɔ dzidzɔnyawo ayi na ame bubuwo la ta. Nɔvinyɔnu amesiamina veviedonula siwo li egbea hã ɖea ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme ma ke fiana ne hamemegã siwo woɖo la nye amesiaminawo loo alo womenyee o.
15. Afika koŋue gbɔgbɔmenuɖuɖu tsona le ƒe alafa gbãtɔ me, eye amekawoe xɔ ŋgɔ le emama me?
15 Gbɔgbɔmenuɖuɖu vevitɔ si womana le ƒe alafa gbãtɔ me nyea lɛta siwo apostolowo kple nusrɔ̃la siwo xɔ ŋgɔ la ŋlɔ tẽ. Wotsɔa lɛta siwo woŋlɔ—vevietɔ esiwo le agbalẽ 27 siwo tso gbɔgbɔ me siwo ƒo ƒu wɔ Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me—tsanae le hameawo me eye ɖikeke mele eme o be woawo dzie hamemegã siwo le hamea me ƒe nufiafiawo nɔ te ɖo. Aleae dɔla la teƒenɔlawo maa gbɔgbɔmenuɖuɖu nyiame na Kristotɔ dzianukwaretɔwo nuteƒewɔwɔtɔe. Ƒe alafa gbãtɔ me dɔla ƒe ha la yi eƒe dɔ si wode asi nɛ la wɔwɔ dzi nuteƒewɔwɔtɔe.
“Dɔla” la le Ƒe Alafa 19 Megbe
16, 17. Aleke dɔla la ƒe ha la ɖee fia be yenye nuteƒewɔla le eƒe dɔdasia wɔwɔ me ʋuu va ɖo ƒe 1914?
16 Ke egbea ya ɖe? Esi Yesu xɔ anyinɔ le ƒe 1914 me la, ɖe wòkpɔ Kristotɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe wòle nuɖuɖu nam le ɣeyiɣi nyui dzia? Ẽ, ekpɔe. Woate ŋu akpɔ ƒuƒoƒo sia adze sii bɔbɔe le ku si tsem wòle la ta. (Mateo 7:20) Tso ɣemaɣi dzi la, ŋutinya ɖo kpe edzi be eya tututue.
17 Esime Yesu va ɖo la, aƒeametɔ siwo anɔ 5,000 la nɔ Biblia me nyateƒea kakam ŋkubiãtɔe. Dɔwɔlawo mede ha o, gake dɔla la zã aɖaŋumɔnu geɖe tsɔ kaka nyanyuiae. (Mateo 9:38) Le kpɔɖeŋu me, wowɔ ɖoɖo be woata mawunya siwo wotu ɖe Biblia me nyatiwo dzi ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ siwo ade 2,000 me. Ale Mawu ƒe Nya ƒe nyateƒea kaka ɖo ame akpe geɖe siwo axlẽe la gbɔ enumake. Gakpe ɖe eŋu la, wotrɔ asi le foto kple sinima ɖeɖefia si xɔa gaƒoƒo enyi ŋu. To aɖaŋuwɔwɔ sia dzi la, woɖe Biblia me gbedasia si tso Nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze va ɖo Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu fia nukpɔla siwo ƒe xexlẽme wu miliɔn asieke le anyigbagã etɔ̃ dzi. Agbalẽ siwo wota nye mɔnu bubu siwo hã ŋudɔ wowɔ. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1914 me la, wota agbalẽ siawo anɔ 50,000.
18. Ɣekaɣie Yesu ɖo dɔla la eƒe nuwo katã dzi, eye nukatae?
18 Nyateƒee, esime Aƒetɔa va ɖo la, ekpɔ be dɔla nuteƒewɔla la le nuɖuɖu nam eƒe aƒemetɔwo nyuie hele gbeƒã ɖem nyanyuia. Azɔ agbanɔamedzi siwo lolo wu nɔ dɔla sia lalam. Yesu gblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi bena, aɖoe eƒe nuwo katã dzi.” (Mateo 24:47) Yesu wɔ esia le ƒe 1919 me, esime dɔla la to dodokpɔɣi aɖe me megbe. Gake nukata “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la xɔ agbanɔamedzi gãwo wu? Elabena Aƒetɔ la ƒe nunɔamesiwo dzi ɖe edzi. Wotsɔ fianyenye la na Yesu le ƒe 1914 me.
19. Ðe alesi wokpɔ “ameha gã” la ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ la me.
19 Nukawoe nye nusiwo dzi Aƒetɔ si woɖo fia yeyee la tsɔ dɔla nuteƒewɔla la ɖoe? Gbɔgbɔmenu siwo katã nye Etɔ le anyigba dzi afisiae. Le kpɔɖeŋu me, esi woɖo Kristo zi dzi ƒe blaeve megbe tso 1914 la, wova de dzesi ‘alẽ bubuawo’ ƒe “ameha gã” aɖe. (Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:16) Amesiawo menye “Mawu ƒe Israel” ƒe amesiamina me tɔwo o, ke boŋ wonye ŋutsu kple nyɔnu dzianukwaretɔ siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le siwo lɔ̃a Yehowa eye wodi be yewoasubɔe abe alesi amesiaminawo le ewɔm ene. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, wogblɔ na “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la bena: “Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.” (Zaxarya 8:23) Kristotɔ nyɔnyrɔxɔla yeye siawo ɖua gbɔgbɔmenuɖuɖu nyiame si amesiamina siwo nye aƒeametɔwo ɖuna la ke eye ha eve siawo ɖua nu le gbɔgbɔmekplɔ̃ ma ke ŋu vaseɖe fifia. Yayra ka gbegbee nye si esia nye na “ameha gã” la me tɔwo!
20. Dɔ kae “ameha gã” la wɔ le Aƒetɔ la ƒe nunɔamesiwo dzidziɖedzi me?
20 “Ameha gã” la me tɔwo tsɔ dzidzɔ wɔ ɖeka kple dɔla ƒe ha la wonye nyanyuigbeƒãɖelawo. Le woƒe gbeƒãɖeɖea me la, Aƒetɔ la ƒe anyigba dzi nuwo dzi ɖe edzi, si wɔe be “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe agbanɔamedziwo dzi ɖe edzi. Esi nyateƒea dilawo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi ta la, eva hiã be woadzi agbalẽtaƒewo ɖe edzi be woate ŋu ata Biblia-srɔ̃gbalẽ woasu wo. Woɖo Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo ɖe dukɔ geɖe me. Wodɔ dutanyanyuigblɔlawo ɖo ɖe “anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Egbea la, Mawu kafulawo dzi ɖe edzi tso amesiamina siwo anɔ akpe atɔ̃ le ƒe 1914 me va zu ame miliɔn ade kple edzivɔ, eye wo dometɔ akpa gãtɔ nye “ameha gã” la me tɔwo. Ẽ, le nyateƒe me la, Fia la ƒe nuwo dzi ɖe edzi zi gbɔ zi nanewo tso esime woɖoe zi dzi le ƒe 1914 me!
21. Lododo eve kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?
21 Esiawo katã fia be dɔla la nye ‘nuteƒewɔla kpakple aɖaŋudzela.’ Esi Yesu nya ƒo nu tso “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ŋu vɔ ko la, edo lo eve aɖewo siwo te gbe ɖe nɔnɔme siawo dzi: ɖetugbi aɖaŋudzelawo kple ɖetugbi abunetɔwo ŋuti lododoa kpakple talento ŋuti lododoa. (Mateo 25:1-30) Enyɔ ɖetsɔleme ɖe mía me! Gɔmesese kae le lododo mawo ŋu na mí egbea? Míadzro biabia sia me le nyati si kplɔe ɖo me.
Nukae Nye Wò Susu?
• Amekawoe nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la?
• Amekawoe nye ‘aƒeametɔwo’?
• Ɣekaɣie woɖo dɔla nuteƒewɔla la Aƒetɔ la ƒe nunɔamesiwo katã dzi, eye nukatae wònye ɣemaɣie?
• Amekawoe kpe asi ɖe Aƒetɔa ƒe nunɔamesiwo dzidziɖedzi ŋu le ƒe siawo me, eye aleke wowɔe?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Ƒe alafa gbãtɔ me dɔla la wɔ eƒe dɔdasia nuteƒewɔwɔtɔe