Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu
Ame Vevitɔ Kekeake Subɔ Ðokuibɔbɔtɔe
YESU nya be yeƒe gaƒoƒo mamlɛ siwo yeanɔ anyi kple yeƒe nusrɔ̃lawo anɔ vevie ŋutɔ. Eteƒe madidi o, woalée, eye woado eƒe xɔse akpɔ le mɔ si medzɔ ɖe edzi kpɔ o nu. Ele nyanya na Yesu hã be yayra gãwo le ŋgɔ na ye. Eteƒe madidi o woadoe ɖe dzi le Mawu ƒe nuɖusi me eye woatsɔ “ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ ta la kee, bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me.”—Filipitɔwo 2:9, 10.
Gake dzimaɖitsitsi ɖe alesi madidi o Yesu akui ta loo alo teƒeɖoɖo si ƒe ŋugbe wodo nɛ ƒe edzodzro vevie mena eƒe susu dzo le eƒe apostoloawo ƒe nuhiahiãwo dzi o. Emegbe Yohanes ŋlɔ ɖe eƒe Nyanyuia me be “elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.” (Yohanes 13:1) Eye le Yesu ƒe agbenɔnɔ abe amegbetɔ deblibo ene ƒe gaƒoƒo mamlɛ siawo me la, efia nu vevi aɖe eƒe apostoloawo.
Ðokuibɔbɔ ƒe Nufiame Aɖe
Apostoloawo kple Yesu nɔ dziƒoxɔ aɖe dzi le Yerusalem be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekenyuia. Do ŋgɔ la, Yesu se wonɔ nya ʋlim le amesi nye gãtɔ le wo dome la ŋu. (Mateo 18:1; Marko 9:33, 34) Edzro nya sia me kpli wo eye wòdze agbagba be yeaɖɔ woƒe nukpɔsusu ɖo kpɔ. (Luka 9:46) Gake fifia ya Yesu zã mɔnu bubu tsɔ te gbe ɖe nufiame mawo dzi. Menye ɖeko wòtiae be yeaƒo nu na wo tso ɖokuibɔbɔ ŋu o ke be yeawɔ eƒe kpɔɖeŋu hã afia wo.
Yohanes ŋlɔ be Yesu ‘tsi tre le fiẽnua ɖuƒe, eye wòɖe eƒe awudziwuwo, hetsɔ tsiletse, sa ɖe ali. Esia megbe la, eku tsi ɖe nu me eye wòde asi eƒe nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo ŋuti kɔklɔ me, eye wòle wo tutum kple tsiletse, si wòsa ɖe ali.’—Yohanes 13:4, 5.
Le blema Titinaɣedzeƒe la, alesi xexeme xɔa dzoe ta, zi geɖe amewo doa atokota siwo ƒe axadzi womexe o tsɔ zɔa mɔ siwo dzi ʋuʋudedi le. Ne woge ɖe ame tsɛwo ƒe aƒeme la, aƒetɔa doa dzaa na wo, eye wòkua tsi ɖe nu me na wo wotsɔna klɔa afɔe. Le kesinɔtɔwo ƒe aƒeme la, wonaa subɔvi klɔa afɔ na amedzrowo.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:21; Samuel I, 25:40-42.
Gake le dziƒoxɔa dzi la, menye ame aɖekee xɔ Yesu kple eƒe apostoloawo amedzroe o. Amedzroxɔla aɖeke meli si aku tsi ɖe nu me na wo o, eye subɔvi aɖeke meli si aklɔ afɔ na wo o. Esi Yesu dze apostoloawo ƒe afɔwo kɔklɔ gɔme la, ekpe ŋu na wo. Amesi nye gãtɔ kekeake le wo domee nye sia le subɔvi ƒe dɔ wɔm!
Gbã la, Petro gbe be Yesu maklɔ afɔ na ye o. Gake Yesu gblɔ nɛ be: “Ne nyemeklɔe na wò o la, ekema mèle gome aɖeke kpɔ ge le gbɔnye o.” Esi Yesu klɔ afɔ na apostoloawo katã vɔ la, egblɔ be: “Mienya nusi mewɔ na mia? Mieyɔam bena: Nufiala kple Aƒetɔ, eye miegblɔe nyuie, elabena eyae menye. Azɔ la ne nye, si nye Aƒetɔ kple nufiala la meklɔ miaƒe afɔwo ŋuti la, ele na miawo hã be, miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo ŋuti. Elabena mena kpɔɖeŋu mi, bena miawo hã miawɔ, abe alesi nye la mewɔ na mi ene.”—Yohanes 13:6-15.
Menye afɔkɔklɔ si azu kɔ ɖom anyi Yesu nɔ o. Ke boŋ ɖe wònɔ kpekpem ɖe eƒe apostoloawo ŋu be tamesusu ƒe nɔnɔme yeye nasu wo si—esi anye ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ faa be woasubɔ awɔ dɔ tsɛtɔ kekeake ɖe wo nɔviwo ta. Edze ƒã be eme kɔ na wo. De ŋugble le nusi dzɔ le ƒe aɖewo megbe esime aʋatsotso ŋuti nyaʋiʋlia do mo ɖa la ŋuti kpɔ. Togbɔ be “wowɔ nusesẽe geɖe” hã la, amesiwo nɔ anyi la wɔ nu ɖe ɖoɖo nyui nu eye woɖo to wo nɔewo ƒe nukpɔsusuwo bubutɔe. Gakpe ɖe eŋu la, edze abe amesi nɔ zi me le kpekpea mee nye nusrɔ̃la Yakobo ene—menye apostoloawo dometɔ aɖeke abe alesi míasusu ene, le esi wonɔ anyi ta o. Nuŋlɔɖi sia si dze le Dɔwɔwɔwo me fia be apostoloawo wɔ ŋgɔyiyi geɖe le ɖokuibɔbɔ ɖeɖefia me.—Dɔwɔwɔwo 15:6-29.
Nusɔsrɔ̃ si Le Eme na Mí
Yesu ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi esi wòklɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo. Le nyateƒe me la, mele be Kristotɔwo nabu wo ɖokui ame vevii ale gbegbe be woadi be ame bubuwo nasubɔ yewo o, alo woadi bubunɔƒe alo ɖoƒe kɔkɔ o. Ðe ema teƒe la, ele be woasrɔ̃ kpɔɖeŋu si Yesu ɖo, amesi “meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ [yeƒe] agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta la ene.” (Mateo 20:28) Ẽ, ele be Yesu yomedzelawo nalɔ̃ faa be yewoasubɔ awɔ dɔ tsɛtɔ kekeake na yewo nɔewo.
Eyata susu nyui tae Petro ŋlɔ be: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitsɔ ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.” (Petro I, 5:5) Woɖe Helagbe me nya si wozã na ‘tsyɔ’ tso nya si gɔme nye “subɔvi ƒe awudziwui” si gɔme wòdoa awuʋlaya ɖo me. Ðe wòanye be alesi Yesu tsɔ tsiletse sa ɖe ali klɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo ŋue Petro nɔ nu ƒom lea? Míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi o. Ke hã la, Yesu ƒe subɔsubɔ ɖokuibɔbɔtɔe de dzi gbɔ na Petro vevie, abe alesi wòle be wòawɔ dɔ ɖe amesiwo katã anye Kristo yomedzelawo ƒe dzi dzii ene.—Kolosetɔwo 3:12-14.