Mina Míaƒo Kpli Ado Yehowa Ƒe Ŋkɔ Ðe Dzi
“Mido kɔkɔ Yehowa ɖem ti, eye mina míaƒo kpli ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi!”—PSALMO 34:4.
1. Kpɔɖeŋu nyui kae Yesu ɖo ɖi esime wònɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi?
LE ƑE 33 M.Ŋ. ƒe Nisan 14 lia ƒe zã me la, Yesu kple eƒe apostolowo dzi kafukafuha na Yehowa ɖekae le dziƒoxɔ aɖe me le Yerusalem. (Mateo 26:30) Emae nye zi mamlɛtɔ si Yesu kple eƒe apostolowo kafu Yehowa ɖekae. Ke hã, esɔ nyuie ŋutɔ be Yesu wu kpekpe si wòwɔ kpli wo la nu nenema. Tso Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze va se ɖe eƒe nuwuwu la, ekafu Fofoa heɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ la dzonɔamemetɔe. (Mateo 4:10; 6:9; 22:37, 38; Yohanes 12:28; 17:6) Eto esia wɔwɔ me nɔ amewo kpem vividoɖeameŋutɔe abe ale si hakpala la wɔe ene be: “Mido kɔkɔ Yehowa ɖem ti, eye mina míaƒo kpli ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi!” (Psalmo 34:4) Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi wòle be míasrɔ̃!
2, 3. (a) Aleke míewɔ nya be nyagblɔɖinyawo le Psalmo 34 lia me? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me?
2 Gaƒoƒo ʋɛ aɖewo le kafukafuha dzidzi kple Yesu vɔ megbe la, apostolo Yohanes kpɔ nudzɔdzɔ aɖe si to vovo kura la teƒe. Ekpɔ eteƒe esime wonɔ eƒe Aƒetɔa kple nu vɔ̃ wɔla eve hem ɖe fuwɔameti ŋuti be woaku. Roma srafowo ŋe nu vɔ̃ wɔlaawo ƒe afɔwo be woaku kaba. Gake Yohanes ka nya ta be womeŋe Yesu ya ƒe afɔwo o, elabena Yesu ku xoxo hafi asrafoawo va te ɖe eŋu be yewoaŋe eƒe afɔwo. Eya ta esi Yohanes nɔ eƒe Nyanyuigbalẽa ŋlɔm la, egblɔ tso nudzɔdzɔ ma ŋu be enye Psalmo 34 lia ƒe akpa aɖe me vava, afi si gblɔ be: “Womaŋe [eƒe ƒuwo] dometɔ aɖeke o.”—Yohanes 19:32-36; Psalmo 34:21.
3 Nya vevi bubu geɖewo le Psalmo 34 lia me na Kristotɔwo. Eya ta le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me la, míadzro nɔnɔme siwo me tom Dawid nɔ hafi ŋlɔ psalmo sia la me, eye míade ŋugble tso nya dedziƒoname siwo le psalmoa ŋutɔ me la ŋu.
Dawid Ƒe Sisi Le Saul Nu
4. (a) Nu ka tae wosi ami na Dawid be wòava zu Israel fia ɖo? (b) Nu ka tae Dawid ƒe nu ‘va lé dzi’ na Saul vevie?
4 Esime Dawid nye ɖekakpui la, Saul nye fia le Israel. Gake Saul va gbe toɖoɖo eye Yehowa megava kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o. Le esia ta, nyagblɔɖila Samuel gblɔ nɛ be: “Yehowa dze Israel fiaɖuƒe la le asiwò egbe, eye wòtsɔe na hawòvi, si nyo wu wò.” (Samuel I, 15:28) Emegbe Yehowa gblɔ na Samuel be wòasi ami na Dawid, ame si nye ɖevitɔ le Isai viŋutsuwo dome, be wòava nye Israel fia si axɔ ɖe Saul teƒe. Le ɣeyiɣi mawo me la, Fia Saul megate ŋu kpɔa dzidzɔ o, le esi Mawu ƒe gbɔgbɔ dzo le edzi la ta. Eya ta wokplɔ Dawid, si bi ɖe haƒoƒo me ŋutɔ la, va Gibea be wòasubɔ fia la, eye Dawid ƒe haƒoƒowo na Saul ƒe dzi dze eme, eye esia na “eƒe nu lé dzi nɛ ŋutɔ.”—Samuel I, 16:11, 13, 21, 23.
5. Nu ka tae Saul ƒe nɔnɔme ɖe Dawid ŋu va trɔ, eye nu kae esia ƒoe ɖe Dawid nu be wòawɔ?
5 Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Yehowa ɖee fia be yele megbe na Dawid. Yehowa kpe ɖe eŋu wòɖu Filistitɔ dzɔtsu Goliat dzi, eye edze Yehowa ŋu be wode bubu Dawid ŋu le Israel ɖe eƒe kalẽwɔwɔ le aʋa me ta. Gake ale si Yehowa yra Dawid la na be Saul ʋã ŋui, eye vivivi la, eva lé fui vevie ŋutɔ. Zi eve sɔŋ, esime Dawid nɔ saŋku ƒom na Saul la, fia la da akplɔe. Dawid te ŋu de axa akplɔa zi evea siaa. Esi Saul gatee kpɔ zi etɔ̃lia be yeawui la, Dawid, ame si gbɔna Israel ƒe fia zu ge la kpɔe dze sii azɔ be ele be yeasi le fiasãa me atsɔ akpɔ yeƒe agbe ta. Esi Saul yi edzi le agbagba dzem be yealé Dawid ahawui ta la, Dawid ɖoe be yeasi adzo le Israel nyigbaa dzi kuraa aɖadi sitsoƒe le afi bubu.—Samuel I, 18:11; 19:9, 10.
6. Nu ka tae Saul na wowu Nobtɔwo katã?
6 Esi Dawid nɔ mɔ dzi yina ɖe Israel ƒe liƒo dzi la, etɔ ɖe Nob, si nye du si me Yehowa ƒe avɔgbadɔa nɔ. Anɔ eme be ɖekakpuiwo ƒe ha aɖe nɔ Dawid ŋu esime wònɔ sisim, eye Dawid yi ɖadi nuɖuɖu na eya ŋutɔ kpli wo siaa. Saul see be nunɔlagã la na nuɖuɖu Dawid kple eƒe ameawo hetsɔ yi si Dawid ɖe le Goliat ŋu esime wòwui la hã nɛ. Dzi ku Saul vevie eye wòna wowu dua me tɔwo katã hekpe ɖe nunɔla 85 ŋu.—Samuel I, 21:2, 3; 22:12, 13, 18, 19; Mateo 12:3, 4.
Egasi Le Ku Nu Ake
7. Nu ka tae Gat menye bebeƒe nyui na Dawid o?
7 Dawid si tso Nob heɖo ta Filistitɔwo ƒe anyigba, si le ɣetoɖoƒe gome, si gbɔ didi kilomita 40 la dzi, eye wòyi ɖadi sitsoƒe le Fia Axis gbɔ le Gat, si nye du si me Goliat tso. Ðewohĩ Dawid bui be Saul masusui gbeɖe be yeayi aɖadi sitsoƒe le afi ma o. Gake eteƒe medidi o, Gat fia ƒe dɔlawo kpɔ Dawid dze sii. Esi Dawid see be wokpɔ ye dze sii la, ‘ede asi Gat fia Axis vɔvɔ̃ me vevie.’—Samuel I, 21:11-13.
8. (a) Nu kae Psalmo 56 lia gblɔ na mí le nu si me Dawid to le Gat ŋu? (b) Aleke Dawid wɔ gate ŋu si le ku nu ake esime eƒe agbe ɖo afɔku me?
8 Emegbe Filistitɔawo ƒe asi su Dawid dzi. Anɔ eme be ɣemaɣie Dawid ŋlɔ psalmo wɔdɔɖeamedzi sia si ɖe eƒe dzimenyawo fia, si me wòƒo koko na Yehowa le be: “Ède nye aɖatsiwo wò goe me!” (Psalmo 56:1, 9) Dawid to esia me ɖee fia be yeka ɖe edzi bliboe be Yehowa maŋlɔ yeƒe nuxaxawo be o, ke boŋ be alé be na ye lɔlɔ̃tɔe ahakpɔ ye ta. Dawid to ayemɔ aɖe hã dzi flu Filistitɔwo ƒe fia la. Ewɔ eɖokui abe tagbɔgbegblẽtɔ ene. Esi Fia Axis kpɔ esia la, eka mo na eƒe dɔlawo be wokplɔ “tagbɔgbegblẽtɔ” aɖe va do ɖe ye gbɔ. Eme kɔ ƒãa be Yehowa yra ɖe aye si Dawid dze la dzi. Wonya Dawid do goe le dua me, eye ale wɔ ekpɔtɔ vie wowui kloe, ke hã, egasi le ku nu ake.—Samuel I, 21:14-16.
9, 10. Susu kawo tae Dawid ŋlɔ Psalmo 34 lia ɖo, eye ame kawo hãe anya nɔ susu me nɛ esime wònɔ psalmo sia ŋlɔm?
9 Biblia megblɔe nenye be ame siwo de Dawid dzi la si yi ɖe Gat du la me kpli loo, alo wonɔ edzɔm le kɔƒedu siwo te ɖe eŋu le Israel nyigba dzi me o. Aleke kee wòɖale o, dzi anya dzɔ wo ŋutɔ ne Dawid gblɔ ale si Yehowa gaɖee ake la ŋuti nya na wo. Nudzɔdzɔ mawo megbee wòŋlɔ Psalmo 34 lia, abe ale si wòdze le kpukpui gbãtɔa mee ene. Le psalmo sia ƒe kpukpui enyi gbãtɔawo me la, Dawid kafu Mawu le ale si wòɖee ta, eye wòkpe ame siwo le eŋu la be woawɔ ɖeka kpli ye yewoakafu Yehowa, ame si nye Xɔnametɔ Gã na eƒe dukɔ la.—Psalmo 34:4, 5, 8.
10 Dawid kple eƒe ameawo yi ɖakpɔ dedienɔƒe le Adulam gado, si le Israel ƒe tonuto si didi tso Gat gbɔ anɔ abe kilometa 15 ene, le ɣedzeƒe kpa dzi la me. Israel vi siwo Fia Saul ƒe dziɖuɖua te nɔnɔ ti kɔ na la va nɔ ɖeka wɔm kpli wo le afi ma. (Samuel I, 22:1, 2) Ame siawoe anya nɔ susu me Dawid esime wònɔ Psalmo 34:9-23 me nyawo ŋlɔm. Ŋkuɖodzinya siwo le kpukpui siawo me hã le vevie na mí egbea, eye psalmo sia me dzodzro tsitotsito aɖe vi na mí godoo.
Ðe Wò Didi Vevitɔ Sɔ Kple Dawid Tɔa?
11, 12. Susu kawo tae wòle be míanɔ Yehowa kafum madzudzɔmadzudzɔe?
11 “Makafu Yehowa ɣeawokatãɣi, eye eƒe kafukafu anɔ nunye me ɖaa.” (Psalmo 34:2) Esi wònye be ɖe wonya Dawid de gbe ta la, ŋutilãmenu geɖe anya hiãe vevie, gake abe ale si nya siawo ɖee fiae ene la, meɖe mɔ be eƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔdzɔ eƒe tameɖoɖo kplikpaa be yeakafu Yehowa la me o. Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi wònye na mí ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom! Míeɖale suku, dɔme, nɔvi Kristotɔwo dome loo, alo le dutoƒosubɔsubɔdɔa me o, ele be míaƒe didi vevitɔ kekeake nanye be míakafu Yehowa. Wò ya bu susu vovovo siwo ta wòle be míawɔ nenema ŋu kpɔ! Le kpɔɖeŋu me, seɖoƒe meli na nu siwo ado dzidzɔ na mí, siwo ŋu míate ŋu ake ɖo le Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo me o. Eye bu nu siwo wòwɔ to eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la dzi ŋu kpɔ! Togbɔ be eme tɔwo mede blibo o hã la, Yehowa zãa amegbetɔ wɔnuteƒewo egbea le mɔ wɔnuku aɖe nu. Ne míetsɔ nu siwo amegbetɔ siwo xexea dea ta agu na la te ŋu wɔ sɔ kple Mawu ƒe dɔwɔwɔwo la, alekee wole? Ekema ɖe mèlɔ̃ ɖe nya siawo si Dawid gblɔ be, “Ame aɖeke mede nuwò le mawuwo dome o, eye naneke mede wò dɔwɔwɔwo nu o” la dzi oa?—Psalmo 86:8.
12 Yehowa ƒe dɔwɔwɔ siwo ɖeke mesɔ kpli o la ʋãa míawo hã be míakafui abe ale si Dawid wɔe ene. Gawu la, edzɔa dzi na mí ŋutɔ esi míenyae be fifia, Mawu ƒe Fiaɖuƒea le Dawid ƒe domenyila Yesu Kristo, si anɔ anyi ɖaa, si me. (Nyaɖeɖefia 11:15) Esia fia be nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu tu aƒe, eye amegbetɔ siwo wu biliɔn ade ƒe etsɔme mavɔ ɖo afɔku me. Eya ta ehiã kpata fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe be míaƒo nu tso Mawufiaɖuƒea ŋu na amewo, agblɔ nu siwo wòawɔ na ameƒomea kpuie la na wo ahakpe ɖe wo ŋu be woava wɔ ɖeka kpli mí míakafu Yehowa. Ðikeke mele eme o be ele be míaƒe nu vevitɔ le agbe me nanye be míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ atsɔ ade dzi ƒo na amewo woaxɔ ‘nyanyui’ sia hafi wòatsi megbe akpa.—Mateo 24:14.
13. (a) Ame ka mee Dawid ƒo adegbe le, eye ame ka ƒomeviwoe te ɖe Yehowa ŋu le esia ta? (b) Mɔ ka dzie woto na ɖokuibɔbɔlawo va wɔ ɖeka kple Kristo hamea egbea?
13 “Nye luʋɔ atsɔ Yehowa aƒo adegbee, hiãtɔwo asee, eye woakpɔ dzidzɔ.” (Psalmo 34:3) Le afi sia la, Dawid meƒo adegbe le nu si eya ŋutɔ te ŋu wɔ ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, medo eɖokui ɖe dzi le ale si wòwɔ te ŋu flu Gat fia la ŋu o. Ke boŋ ekpɔe dze sii be Yehowae kpɔ ye ta esime yenɔ Gat, eye Yehowa ƒe kpekpeɖeŋue na yete ŋu do le eme. (Lododowo 21:1) Eya tae Dawid ƒo adegbe le Yehowa me ɖo, ke menye le eɖokui me o. Esi Dawid do Yehowa ɖe dzi ta la, esia he ame tsɛwo va Yehowa gbɔ. Nenema kee Yesu hã do Yehowa ɖe dzi, si wɔe be ɖokuibɔbɔla siwo lɔ̃na be woafia nu yewo la te ŋu te ɖe Yehowa ŋu. Egbea hã, ɖokuibɔbɔla siwo tso dukɔ vovovo me la va wɔ ɖeka kple Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame, si Yesu nye Ta na, la. (Kolosetɔwo 1:18) Ne ame siawo see Mawu ƒe subɔla ɖokuibɔbɔlawo le eƒe ŋkɔa kafum, eye ne wose Biblia me gbedeasi si gɔme wosena to Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu me la, ewɔa dɔ ɖe wo dzi vevie.—Yohanes 6:44; Dɔwɔwɔwo 16:14.
Kpekpewo Doa Ŋusẽ Míaƒe Xɔse
14. (a) Ðe wòdzɔ dzi na Dawid be ye ɖeka yeakafu Yehowa? (b) Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi na mí ku ɖe kpekpe hena tadedeagu ŋu?
14 “Mido kɔkɔ Yehowa ɖem ti, eye mina míaƒo kpli ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi!” (Psalmo 34:4) Dawid medi be ye ɖeka yeakafu Yehowa o. Ekpe ehatiwo vividoɖeameŋutɔe be woava wɔ ɖeka kpli ye yewoado Mawu ƒe ŋkɔ ɖe dzi. Nenema kee wòdzɔa dzi na Yesu Kristo, si nye Dawid Gãtɔ la, hã be yeakafu Yehowa le dutoƒo—le woƒe nutoa me ƒuƒoƒe, le ŋkekenyuiwo ɖuƒe le Mawu ƒe gbedoxɔa me le Yerusalem, kpakple ne woa kple eyomedzelawo ƒo ƒu ɖekae. (Luka 2:49; 4:16-19; 10:21; Yohanes 18:20) Mɔnukpɔkpɔ dodzidzɔname kae nye esi be míadze Yesu ƒe kpɔɖeŋua yome ahanɔ Yehowa kafum le mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si asu mía si me, le ɖekawɔwɔ me kple mía nɔvi haxɔsetɔwo, vevietɔ esi míekpɔ bena, “ŋkeke la le ɖoɖom la”!—Hebritɔwo 10:24, 25.
15. (a) Dɔ kae nu siwo me Dawid to la wɔ ɖe eƒe amewo dzi? (b) Aleke kpekpewo dede ɖea vi na míi?
15 “Medi Yehowa, etɔ nam, eye wòɖem tso nye ŋɔdziwo katã me.” (Psalmo 34:5) Esi wònye be nu siwo me Dawid to la nɔ vevie nɛ ŋutɔ ta la, eyi edzi gblɔ be: “Esi hiãtɔ sia yɔe la, Yehowa ɖo toe, eye wòɖee tso eƒe hiãwo katã me.” (Psalmo 34:7) Ne míebɔ ha kple mía nɔvi haxɔsetɔwo la, mɔnukpɔkpɔ geɖe sua mía si be míagblɔ nu siwo me míeto kple ale si Yehowa kpe ɖe mía ŋu míedo dzi le nɔnɔme sesẽwo me la na wo. Esia doa ŋusẽ mía nɔviwo ƒe xɔse, abe ale si ko Dawid ƒe nyawo do ŋusẽ ame siwo nɔ eŋu la ƒe xɔsee ene. Le Dawid gome la, ame siwo nɔ eŋu la nye “amesiwo tsɔ ŋku ɖo [Yehowa ŋu,] eye dzidzɔ ɖo mo na wo, eye woƒe mo metsi dã o.” (Psalmo 34:6) Togbɔ be wonɔ sisim le Fia Saul nu hã la, ŋu mekpe wo o. Woka ɖe edzi be Mawu le megbe na Dawid, eye dzidzɔ yɔ mo na wo. Nenema kee ɖetsɔlemetɔ yeyewo kple ame siwo nye Kristotɔ vavãwo ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la siaa kpɔa Yehowa sinu hena kpekpeɖeŋu. Esi wokpɔe be Yehowa kpena ɖe yewo ŋu ta la, woƒe mo yɔ fũu kple dzidzɔ, si ɖe ale si gbegbe woɖoe kplikpaa be yewoayi edzi alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la fia.
Kpɔ Ŋudzedze Ðe Mawudɔlawo Ƒe Kpekpeɖeŋu Ŋu
16. Aleke Yehowa zãa eƒe dɔlawo tsɔ xɔna na míi?
16 “Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.” (Psalmo 34:8) Dawid mebu ale si Yehowa ɖee la be ye ɖeka koe Yehowa ate ŋu aɖe nenema o. Le nyateƒe me la, Dawid, si Yehowa si ami na be wòava nye Israel ƒe fia la, nya be Yehowa zãa mawudɔlawo tsɔ dzɔa esubɔla wɔnuteƒewo katã ŋu, woɖanye ame ŋkutawo loo, alo ame tsɛwo o. Le egbeŋkekeawo me la, tadeagula vavãwo hã kpɔ Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ teƒe ŋutɔŋutɔ. Le Nazi Germany—kple le Angola, Malawi, Mozambique kpakple dukɔ bubu aɖewo me—la, dziɖuɖuwo ho aʋa ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu hetee kpɔ be yewoatsrɔ̃ wo ɖa. Gake woƒe agbagbadzedzewo zu dzodzro. Le esia teƒe la, ɖeko Yehowa ƒe amewo le dzidzim ɖe edzi le dukɔ mawo me hele Mawu ƒe ŋkɔ kafum ɖekae. Nu ka tae? Elabena Yehowa zãa eƒe dɔla kɔkɔeawo tsɔ kpɔa eƒe amewo ta hefiaa mɔ wo.—Hebritɔwo 1:14.
17. Mɔ kawo nue mawudɔlawo kpena ɖe mía ŋu le?
17 Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa ƒe dɔlawo kpɔa egbɔ be woɖea ame sia ame si ɖia ame bubuwo nu la ɖa le Yehowa ƒe amewo dome. (Mateo 13:41; 18:6, 10) Eye togbɔ be manɔ nyanya na mí ɣeaɖewoɣi o hã la, mawudɔlawo ɖea kplamatsedonu ɖe sia ɖe si ate ŋu agblẽ subɔsubɔ si míetsɔna naa Mawu me la ɖa, eye wokpɔa mía ta tsoa nu siwo ate ŋu ana mía kple Yehowa dome ƒomedodoa naɖo afɔku me la me. Esi le vevie wue nye be, wofiaa mɔ mí le dɔ si nye be míagblɔ “nyanyui mavɔ” na ameƒomea katã la me, eye wokpena ɖe mía ŋu le teƒe siwo gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ mele bɔbɔe le o hã. (Nyaɖeɖefia 14:6) Kpekpeɖeŋu siwo mawudɔlawo nana la ŋuti nuteƒekpɔkpɔ ƒe kpeɖodzi geɖewo dzena le Biblia srɔ̃gbalẽ siwo Yehowa Ðasefowo tana la me edziedzi.a Nuteƒekpɔkpɔ siawo sɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu agblɔ be nudogoɖenunue wonye o.
18. (a) Nu kae wodi tso mía si hafi mawudɔlawo nayi edzi anɔ kpekpem ɖe mía ŋu? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?
18 Hafi mawudɔlawo nayi edzi anɔ mɔ fiam mí ahanɔ mía ta kpɔm la, ele be míayi edzi anɔ Yehowa ƒe ŋkɔ kafum, ne amewo tsi tre ɖe mía ŋu kura gɔ̃ hã. Ðo ŋku edzi be, Mawu ƒe dɔlawo ƒua asaɖa ‘anyi ɖe ame siwo vɔ̃a Yehowa la’ ɖeɖe ko ŋu. Nu kae nya sia fia? Nu kae nye mawuvɔvɔ̃, eye aleke míate ŋu atu nɔnɔme sia ɖoe? Nu ka tae Mawu lɔ̃ame adi be míavɔ̃ ye ɖo? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ agbalẽ siwo nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom, (Les Témoins de Jéhovah: Prédicateurs du Royaume de Dieu) axa 550; 2005 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, (Annuaire des Témoins de Jéhovah—2005) axa 53-54; Gbetakpɔxɔ, March 1, 2000, axa 5-6 ; January 1, 1991, (Vol. 112, No. 1-EW) axa 27; kple February 15, 1991 tɔ, (Vol. 112, No. 4-EW) axa 26.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Esime Dawid nye ɖekakpui la, dodokpɔ kawo mee wòdo dzi le?
• Abe Dawid ene la, nu kawoe nye nu vevitɔwo na mí?
• Aleke míebua Kristotɔwo ƒe kpekpewoe?
• Aleke Yehowa zãa eƒe dɔlawo tsɔ kpena ɖe mía ŋui?
[Anyigbatata si le axa 21]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Rama
Gat
Ziklag
Gibea
Nob
Yerusalem
Betlexem
Adulam
Kegila
Xebron
Sif
Ave la Me (Horesh)
Karmel
Maon
En-Gedi
Dzeƒu
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Anyigbatata: Based on maps copyrighted by Pictorial Archive (Near Eastern History) Est. and Survey of Israel
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Togbɔ be wonya Dawid de gbe hã la, ekafu Yehowa ƒe ŋkɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Ne mía nɔviwo gblɔ nu siwo me woto na mí le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la, wodoa ŋusẽ míaƒe xɔse