Teokrasi Dɔdzikpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe Ɣeyiɣi Me
“Le eƒe ŋudzedze . . . nu . . . woaƒo nuwo katã nu ƒu ade ta ɖeka te le Kristo me, nusiwo le dziƒo kple nusiwo le anyigba dzi.”—EFESOTƆWO 1:9, 10.
1, 2. (a) Aleke “nusiwo le dziƒo” nuƒoƒoƒu la yi edzii tso esime wòdze egɔme le ƒe 33 M.Ŋ. me? (b) Aleke Kristotɔ amesiaminawo ɖe Mose kple Eliya ƒe gbɔgbɔ fiae tso ƒe 1914 me ke?
“NUSIWO le dziƒo” nuƒoƒoƒu sia dze egɔme le ƒe 33 M.Ŋ. me, esime wodzi “Mawu ƒe Israel” la. (Galatiatɔwo 6:16; Yesaya 43:10; Petro I, 2:9, 10) Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me megbe la, esi “gbe wuwlui” siwo nye xɔsegbelawo, si Satana wu la vu tsyɔ Kristotɔ vavãtɔwo (siwo Yesu yɔ be ‘luwo’) dzi la, nuƒoƒoƒudɔa megatsɔ afɔ o. Gake esi “nuwuɣi” la nɔ aƒe tum la, Mawu ƒe Israel vavãtɔ gadze ake eye le ƒe 1919 me la, woɖoe Yesu ƒe nuwo katã dzi.a—Mateo 13:24-30, 36-43; 24:45-47; Daniel 12:4.
2 Le xexemeʋa gbãtɔ me la, Kristotɔ amesiaminawo wɔ ŋusẽdɔwo, abe alesi Mose kple Eliya hã wɔ woe ene.b (Nyaɖeɖefia 11:5, 6) Tso ƒe 1919 me ke la, woɖe gbeƒã nyanyuia le xexe si lé fu wo me, eye wotsɔ dzideƒo si ɖi Eliya tɔ wɔ dɔ siae. (Mateo 24:9-14) Eye tso ƒe 1922 me ke la, woɖe gbeƒã Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo ava ameƒomea dzi, abe alesi Mose he Mawu ƒe fuwɔamewo va blema Egipte dzii ene. (Nyaɖeɖefia 15:1; 16:2-17) Kristotɔ amesiamina siawo ƒe ame susɔewoe nye amesiwo ŋu Yehowa Ðasefowo ƒe xexeme yeye habɔbɔa ƒo ƒu ɖo egbea.
Dziɖuha aɖe si Nɔ Dɔ Dzi
3. Nudzɔdzɔ kawoe fia be ɖoɖowɔwɔ nyui nɔ Kristo-hame gbãtɔa me?
3 Tso gɔmedzedzea me ke la, ɖoɖowɔwɔ nɔ Yesu yomedzela amesiaminawo ƒe ha la me. Esi nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi la, woɖo hamewo ɖe teƒeteƒewo eye woɖo hamemegãwo ɖe wo me. (Tito 1:5) Le ƒe 33 M.Ŋ. me megbe la, apostolo 12 la wɔ dɔ abe dziɖuha si fiaa mɔ ene. Esia wɔe be woxɔ ŋgɔgbe vɔvɔ̃manɔmee le ɖaseɖiɖidɔa me. (Dɔwɔwɔwo 4:33, 35, 37; 5:18, 29) Woawoe wɔ ɖoɖo ɖe nuɖuɖu mamã na amesiwo hiã tu ŋu, eye woawoe ɖo Petro kple Yohanes ɖe Samaria ɖe ɖetsɔlemetɔ siwo ƒe nya wose be wokpɔ le afima gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 6:1-6; 8:6-8, 14-17) Barnaba kplɔ Paulo yi wo gbɔe bene woaka ɖe edzi be amesia si nɔ yewo yome tim tsã la zu Yesu yomedzela azɔ. (Dɔwɔwɔwo 9:27; Galatiatɔwo 1:18, 19) Eye esi Petro ɖe gbeƒã na Kornelio kple eƒe aƒe vɔ megbe la, egbugbɔ yi Yerusalem va ɖe alesi gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nya sia me fia na apostoloawo kple Yudea nɔvi bubuawo.—Dɔwɔwɔwo 11:1-18.
4. Agbagba ka wodze be woawu Petro, gake aleke woɖe eƒe agbee?
4 Esia megbe wova dze dziɖuha la dzi anyratɔe. Wode Petro gaxɔ me, eye mawudɔla aɖee de nu eme hafi womewui. (Dɔwɔwɔwo 12:3-11) Esiae nye zi gbãtɔ si ame aɖe si menɔ apostolo 12 la dome o la va le ɖoƒe vevi aɖe le Yerusalem. Esi woɖe Petro le gaxɔa me la, egblɔ na ameha aɖe si ƒo ƒu ɖe Yohanes Marko dada ƒeme be: “Mika nusiawo ta na Yakobo [Yesu dadavi] kple nɔviawo.”—Dɔwɔwɔwo 12:17.
5. Le Yakobo ƒe xɔsetaku megbe la, tɔtrɔ kae va le dziɖuha la me nɔnɔ me?
5 Do ŋgɔ na ema la, esi Yuda Iskariot, apostolo mawɔnuteƒe la, wu eɖokui la, wokpɔ be ehiã be woatsɔ eƒe “dɔ,” si nye eƒe apostolonyenye la ana ame aɖe si nɔ anyi kple Yesu le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me eye wòkpɔ eƒe ku kple tsitretsitsi teƒe. Gake esi wowu Yakobo, Yohanes nɔvi la, wometia ame aɖeke be wòanɔ eteƒe anye ame 12 la dometɔ ɖeka o. (Dɔwɔwɔwo 1:20-26; 12:1, 2) Ke boŋ ɣebubuɣi si wogayɔ dziɖuha la ŋkɔ le Ŋɔŋlɔawo me la, míekpɔ be woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi. Esi nyaʋiʋli aɖe do mo ɖa le ne ele be Dukɔwo me tɔ siwo zu Yesu yomedzelawo nawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi alo womawɔ ɖe edzi o ŋu la, wotsɔ nya la yi na “apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem” be woatso nya me le eŋu. (Dɔwɔwɔwo 15:2, 6, 20, 22, 23; 16:4) Nukatae ‘hamemegãwo’ va le dziɖuha la me abe alesi wòle dzedzem ene? Biblia megblɔe na mí o, gake edze ƒã be eɖe vi. Yakobo ƒe ku kple Petro dede gaxɔ me fia be woate ŋu alé apostoloawo ade game alo awu wo gbeɖeka. Ne edzɔ nenema la, hamemegã bubu siwo dze eye wonya alesi dziɖuha la wɔa dɔe ƒe anyinɔnɔ ana dzikpɔkpɔdɔa nayi edzi le ɖoɖo nu.
6. Aleke dziɖuha la yi edzi wɔ dɔe le Yerusalem, esime amesiwo nye emetɔ gbãtɔwo meganɔ du ma me o gɔ̃ hã?
6 Esi Paulo va Yerusalem le ƒe 56 M.Ŋ. me lɔƒo la, eyi Yakobo gbɔ, eye Biblia gblɔ be “hamemegãwo katã va afima.” (Dɔwɔwɔwo 21:18) Nukatae womeyɔ apostolowo ŋkɔ le kpekpe sia me o? Biblia megblɔ eya hã na mí o. Gake ŋutinyaŋlɔla Eusebius gblɔ emegbe be ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ na ƒe 66 M.Ŋ. la, “wonyã apostolo susɔeawo, amesiwo ŋu wote ŋu ɖoa nugbe ɖo be woawu wo ɣesiaɣi la de gbe tso Yudea. Gake bene woafia woƒe gbedasia ta wozɔ mɔ yi anyigba ɖesiaɖe dzi le Kristo ƒe ŋusẽ me.” (Eusebius, Agbalẽ III, V, kpukpui 2) Ele eme baa be Eusebius ƒe nyawo mekpe ɖe nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me ŋu o, gake wowɔ ɖeka kple nusi nuŋlɔɖi ma gblɔ. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 62 M.Ŋ. me la, Petro nɔ Babilon—si didi ʋĩ tso Yerusalem gbɔ. Gake le ƒe 56 M.Ŋ. me la, dziɖuha aɖe nɔ dɔ dzi le Yerusalem, eye edze kɔte be wonɔ dɔ dzi anye va de asi ƒe 66 M.Ŋ. me ke.
Dzikpɔkpɔdɔa le Míaƒe Ɣeyiɣiawo Me
7. Ne míetsɔ ƒe alafa gbãtɔ me dziɖuha la sɔ kple Dziɖuha si li egbea la, vovototo kae le amesiwo nye egbe tɔa me tɔwo dome?
7 Edze ƒã be tso ƒe 33 M.Ŋ. me vaseɖe xaxa si va Yerusalem dzi me la, Yudatɔ Kristotɔwoe nye dziɖuha la me tɔwo. Esi Paulo va Yerusalem le ƒe 56 M.Ŋ. me la, ese be togbɔ be Yudatɔ Kristotɔ geɖe siwo nɔ afima “lé Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, . . . ƒe dzixɔse me ɖe asi” hã la, “wonye ŋuʋãlawo ɖe [Mose ƒe] se la ŋu.”c (Yakobo 2:1; Dɔwɔwɔwo 21:20-25) Asesẽ na Yudatɔ mawo be woasusui be Dukɔwo me tɔ aɖe anɔ dziɖuha la me. Gake le míaƒe ɣeyiɣia me la, tɔtrɔ bubu va le amesiwo nye dziɖuha la me tɔwo gome. Egbea la, Kristotɔ amesiamina siwo tso Dukɔwo mee emetɔwo katã nye, eye Yehowa yra ɖe woƒe dzikpɔkpɔdɔa dzi ŋutɔ.—Efesotɔwo 2:11-15.
8, 9. Tɔtrɔ kawoe va le Dziɖuha la me le míaƒe ɣeyiɣia me?
8 Tso esime woɖo Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania wònye dɔwɔha le se nu le ƒe 1884 me vaseɖe ƒe 1972 me la, ŋusẽ geɖe nɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla si le Yehowa ƒe habɔbɔa me, eye wobua Habɔbɔa ƒe dɔdzikpɔha la me tɔwo be woawoe nye Dziɖuha la. Yayra siwo wokpɔ le ƒe mawo me ɖo kpe edzi be Yehowa da asi ɖe ɖoɖo ma si wowɔ dzi. Le ƒe 1972 kple 1975 dome la, Dziɖuha la me tɔwo dzi ɖe edzi ɖo ame 18. Nuwo de sɔsɔ ge kple ƒe alafa gbãtɔ me tɔ si me wona ŋusẽ gã aɖe ƒuƒoƒo sia me tɔ siwo dzi ɖe edzi, amesiwo dometɔ aɖewo nye Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania la ƒe dɔdzikpɔha me tɔwo.
9 Tso ƒe 1975 me la, ame 18 siawo dometɔ aɖewo wu woƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu. Woɖu xexeame dzi eye ‘wobɔbɔ nɔ anyi kple Yesu le eƒe dziƒofiazikpui la dzi.’ (Nyaɖeɖefia 3:21) Le esia kple susu bubuwo ta la, ame ewo ye le Dziɖuha la me fifia, eye wo dometɔ ɖeka nye amesi wotsɔ kpee le ƒe 1994 me. Wo dometɔ akpa gãtɔ zu ame tsitsiwo. Gake wonaa kpekpeɖeŋu nyui aɖe nɔvi amesiamina siawo le woƒe dɔ sesẽ siwo wɔm wole me. Afikae kpekpeɖeŋu ma tsona? Míakpɔ ŋuɖoɖoa ne míelé ŋku ɖe nusiwo dzɔ le Mawu ƒe amewo dome le míaƒe ɣeyiɣia me ŋu.
Kpekpeɖeŋu Nana Mawu ƒe Israel La
10. Amekawoe va kpe amesiaminawo le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me le ŋkeke mamlɛ siawo me, eye aleke wogblɔ esia ƒe nya ɖii?
10 Le ƒe 1884 me la, amesiwo dea ha kple Mawu ƒe Israel la katã kloe nye Kristotɔ amesiaminawo. Gake vivivi la, ƒuƒoƒo bubu va nɔ dzedzem, eye le ƒe 1935 me la, wova de dzesi ƒuƒoƒo sia be eyae nye Nyaɖeɖefia ta 7 me ƒe “ameha gã” la. Esi wònye anyigba dzi mɔkpɔkpɔe le wo si ta la, amesiawoe nye “nusiwo le anyigba dzi” siwo nu Yehowa ɖo be yeaƒo ƒui ade Kristo te. (Efesotɔwo 1:10) Woawoe nye ‘alẽ bubuawo’ le Yesu ƒe alẽhawo me lododoa me. (Yohanes 10:16) Tso ƒe 1935 me la, alẽ bubuawo ƒo zi ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa me. “[Wole] ya ʋum abe alilikpo ene, eye abe ahɔnee yina ɖe eƒe xɔ gbɔ ene.” (Yesaya 60:8) Esi ameha gã la dzi ɖe edzi eye amesiaminawo ƒe ha la dzi ɖe kpɔtɔ le esi wo dometɔ geɖe wu woƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu le ku me ta la, alẽ bubuawo me tɔ siwo dze la va le dɔ siwo dzi ɖe edzi wɔm le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me. Le mɔ kawo nu?
11. Mɔnukpɔkpɔ siwo nye Kristotɔ amesiaminawo ɖeɖeko tɔ tsã kawoe wotsɔ na alẽ bubuawo?
11 Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo gbɔgblɔ fia nye agbanɔamedzi tɔxɛ aɖe na Mawu ƒe “dukɔ kɔkɔe” la ɣeawokatãɣi. Paulo gblɔ be enye gbedoxɔ me vɔsa, eye Yesu de gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔ asi na amesiwo anye “fia nunɔlanyenye” la me tɔwo. (Mose II, 19:5, 6; Petro I, 2:4, 9; Mateo 24:14; 28:19, 20; Hebritɔwo 13:15, 16) Ke hã la, August 1, 1932, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ de dzi ƒo na amesiwo Yonadab nye vɔvɔli na la tẽ be woakpɔ gome le dɔ sia wɔwɔ me. Le nyateƒe me la, alẽ bubu siawo dometɔ geɖe nɔ dɔ sia wɔm xoxo. Egbea, alẽ bubuawoe le gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa gãtɔ wɔm wònye ‘subɔsubɔ kɔkɔe si wole wɔwɔm na Mawu zã kple keli le eƒe gbedoxɔ la me’ ƒe akpa vevi aɖe. (Nyaɖeɖefia 7:15) Nenema ke le Yehowa ƒe amewo ƒe egbegbe ŋutinya me la, Kristotɔ amesiaminawoe nyea hamemegãwo, amesiwo nye “ɣletivi” siwo Yesu Kristo lé ɖe eƒe nuɖusi me. (Nyaɖeɖefia 1:16, 20) Gake May 1, 1937, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ɖe gbeƒãe be alẽ bubuawo me tɔ siwo dze la ate ŋu anye ƒuƒoƒo subɔlawo (dzikpɔla zimenɔlawo). Ne amesiaminawo li hã la, woate ŋu azã alẽ bubuawo ne amesiaminaawo mate ŋu atsɔ agba sia o. Egbea hamemegãwo katã kloe nye alẽ bubuawo me tɔwo.
12. Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu kawoe li si fia be woate ŋu atsɔ dɔdzikpɔkpɔgbanɔamedzi kpekpewo ana alẽ bubuawo me tɔ siwo dze?
12 Ðe wònye vodada be woatsɔ agbanɔamedzi kpekpe siawo ade asi na alẽ bubuawoa? Ao, esɔ ɖe ŋutinya me kpɔɖeŋu nu. Dukɔ bubu me tɔ siwo trɔ dzime va Yuda-subɔsubɔ me (amedzrowo) dometɔ aɖewo nɔ nɔƒe kɔkɔwo le blema Israel. (Samuel II, 23:37, 39; Yeremya 38:7-9) Esi wogbɔ tso Babilon ƒe aboyo me la, wona gbedoxɔa me subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ siwo nye Lewi-viwo ɖeɖeko tɔ la Netinim-vi (gbedoxɔ me subɔvi siwo menye Israel-viwo o) siwo dze. (Ezra 8:15-20; Nexemya 7:60) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mose, amesi wokpɔ le nɔnɔmetɔtrɔa me wòle Yesu gbɔ la lɔ̃ xɔ aɖaŋu nyui si Midiantɔ Yetro ɖo nɛ. Emegbe ebia tso Yetro viŋutsu Hobab si be wòakplɔ yewo ato gbeadzi.—Mose II, 18:5, 17-24; Mose IV, 10:29.
13. Le agbanɔamedzi tsɔtsɔ de asi na alẽ bubuawo me tɔ siwo dze me la, ameka ƒe gbɔgbɔ nyui si wòɖe fia srɔ̃mee amesiaminawo le?
13 Esi woƒe ƒe 40 ƒe gbeadzinɔnɔ la yina ɖe eƒe nuwuwu eye Mose nyae be yemele Ŋugbedodonyigba la dzi ɖo ge o la, edo gbe ɖa na Yehowa be wòana ame aɖe si axɔ ɖe ye teƒe. (Mose IV, 27:15-17) Yehowa gblɔ nɛ be wòade dɔ asi na Yosua le dukɔ bliboa ŋkume, eye Mose wɔe nenema, togbɔ be ŋusẽ gakpɔtɔ nɔ eŋu eye medzudzɔ Israel subɔsubɔ enumake o hã. (Mose V, 3:28; 34:5-7, 9) Amesiaminawo tsɔ ɖokuibɔbɔgbɔgbɔ ma tɔgbe ke le mɔnukpɔkpɔ siwo dzi ɖe edzi nam ŋutsu siwo dze le alẽ bubuawo dome xoxo.
14. Nyagblɔɖi kawoe fia be alẽ bubuawo awɔ akpa aɖe le dɔdzikpɔdɔ siwo le dzidzim ɖe edzi la me?
14 Wogblɔ alesi wotsɔ dɔdzikpɔkpɔgbanɔamedzi siwo le dzidzim ɖe edzi le alẽ bubuawo nam la hã ɖi. Zaxarya gblɔ ɖi be Filistitɔ si menye Israel-vi o la ‘anɔ abe Yuda ƒe amegã ene.’ (Zaxarya 9:6, 7) Amegã siawoe nye towo ƒe tatɔwo, eyata Zaxarya le gbɔgblɔm be amesi nye Israel-viwo ƒe futɔ tsã la age ɖe tadedeagu vavãtɔ me eye wòava zu abe towo ƒe tatɔ ene le Ŋugbedodonyigba la dzi. Gakpe ɖe eŋu la, esi Yehowa nɔ nu ƒom na Mawu ƒe Israel la, egblɔ be: “Du bubu me tɔwo atsi tre ɖi anyi miaƒe lãhawo, eye amedzroviwo anye miaƒe agbledelawo kple miaƒe weingbledelawo. Ke miawo la, woatsɔ ŋkɔ na mi be ‘Yehowa ƒe nunɔlawo,’ eye woayɔ mi be ‘mía Mawu ƒe subɔlawo.’ ” (Yesaya 61:5, 6) ‘Du bubu me tɔawo’ kple ‘amedzroviawoe’ nye alẽ bubuawo. Wole asi ɖem le agbanɔamedziwo ŋu na amesiawo bene woawɔ dɔ siwo le ta kekem ɖe edzi esime amesiamina susɔea siwo le tsitsim la le woƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu wum eye woanye “Yehowa ƒe nunɔlawo” le gɔmesese deblibo nu, anye “mía Mawu ƒe subɔlawo” aƒo xlã Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe fiazikpui la.—Korintotɔwo I, 15:50-57; Nyaɖeɖefia 4:4, 9-11; 5:9, 10.
“Megbeviwo”
15. Le nuwuɣi sia me la, Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo kae ɖo woƒe “amegãkuku me” eye ƒuƒoƒo kae tsi tre ɖi na “megbeviwo”?
15 Enye amesiamina susɔeawo ƒe didi vevie be yewoana hehe alẽ bubuawo me tɔwo hena agbanɔamedzi siwo dzi ɖe edzi la tsɔtsɔ. Psalmo 71:18 gblɔ be: “Eyata, Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, vaseɖe esime maɖe gbeƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã!” Esi December 15, 1948, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ nɔ mawunyakpukpui sia me ɖem la, etɔ asi edzi be Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame la ɖo woƒe amegãkuku me nyateƒe. Egblɔ yi edzi be amesiaminawo tsɔ dzidzɔ geɖe “kpɔ etsɔme ɖa le Biblia ƒe nyagblɔɖi me eye wokpɔ dzidzime yeye aɖe.” Amekawo koŋ ŋu nya gblɔm wole? Gbetakpɔxɔ la gblɔ be: “Yesu yɔ wo be yeƒe ‘alẽ bubuwo.’ ” ‘Megbeviawoe’ nye amegbetɔ siwo anɔ anyigba ƒe dziɖuɖu yeye si dzi dziƒo Fiaɖuƒea akpɔ ŋusẽ ɖo la te.
16. Yayra kawoe ‘megbeviawo’ le mɔ kpɔm na vevie?
16 Biblia megblɔ ɣeyiɣi si me Kristotɔ amesiaminawo katã agblẽ wo nɔvi ‘megbeviawo’ ɖi bene woakɔ wo ŋu akpe ɖe Yesu Kristo ŋu o. Gake amesiamina siawo ka ɖe edzi be esia wɔwɔ ƒe ɣeyiɣi la le aƒe tum. Nudzɔdzɔ siwo ƒe nya Yesu gblɔ ɖi le “nuwuɣi” la ƒe nyagblɔɖi vevia me le eme vam tso ƒe 1914 me, si fia be xexe sia ƒe tsɔtsrɔ̃ le aƒe tum. (Daniel 12:4; Mateo 24:3-14; Marko 13:4-20; Luka 21:7-24) Madidi o Yehowa ahe xexe yeyea si me “megbeviwo” ƒe dzidzime la ‘anyi fiaɖuƒe [eƒe anyigba dzi nutome] si wodzra ɖo ɖi na wo tso xexeame ƒe gɔmedzedze la ƒe dome’ la vɛ. (Mateo 25:34) Edzɔa dzi na wo be woakpɔ mɔ na Paradiso la gbugbɔɖoanyi kple ame kuku miliɔn geɖe ƒe fɔfɔ tso Hades. (Nyaɖeɖefia 20:13) Ðe amesiaminawo anɔ anyi axɔ tsitretsila siawoa? Le keke ƒe 1925 me la, May 1 Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ gblɔ be: “Mele be míatso ko agblɔ nusi Mawu awɔ alo mawɔ o. . . . [Gake] nyataƒoƒo si ŋu míeke ɖoe nye be woakɔ Ha la me tɔwo [Kristotɔ amesiaminawo] ŋu do ŋgɔ na blematɔ siwo dze [ɖasefo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli] ƒe tsitretsitsi.” Nenema ke esi September 1, 1989, Gbetakpɔxɔ nɔ nu ƒom tso nenye be amesiamina aɖewo anɔ anyi axɔ amesiwo woafɔ ɖe tsitre alo womanɔ anyi o ŋu la, egblɔ be: “Esia mahiã o.”d
17. Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku kawo mee amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒoa akpɔ gome le kple Yesu Kristo, Fia si woɖo zi dzi?
17 Nyateƒee, míenya nusi adzɔ le Kristotɔ amesiamina ɖesiaɖe gome ya o. Gake Mose kple Eliya ƒe Yesu gbɔ nɔnɔ le nɔnɔmetɔtrɔ ŋutega la me fia be enye nusi wokpɔ mɔ na be Kristotɔ amesiamina siwo wofɔ ɖe tsitre la anɔ anyi kple Yesu ne eva le ŋutikɔkɔe me be ‘yeaɖo eteƒe na amesiame ɖe eƒe nuwɔna nu’ ne ele ʋɔnu drɔ̃m hele emetsonuwo hem vɛ. Gakpe ɖe eŋu la, míeɖo ŋku ŋugbe si Yesu do be yeana Kristotɔ amesiamina siwo “ɖu dzi” la nakpɔ gome kple ye le ‘gatikplɔ tsɔtsɔ kplɔ dukɔwoe’ le Harmagedon me la dzi. Ne Yesu va le ŋutikɔkɔe me la, woabɔbɔ nɔ anyi kplii ‘adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒome wuieveawo.’ Woakpe ɖe Yesu ŋu ‘agbã Satana ɖe woƒe afɔ te gudugudu.’—Mateo 16:27–17:9; 19:28; Nyaɖeɖefia 2:26, 27; 16:14, 16; Romatɔwo 16:20; Mose I, 3:15; Psalmo 2:9; Tesalonikatɔwo II, 1:9, 10.
18. (a) Aleke nuwo le le ‘nusiwo le dziƒo nuƒoƒoƒu de Kristo te’ gome? (b) Nukae míate ŋu agblɔ le ‘nusiwo le anyigba dzi nuƒoƒoƒu de Kristo te’ ŋu?
18 Le Yehowa ƒe dukplɔɖoɖoa me la, ele ‘nuwo katã nu ƒom ƒu ake vivivi le Kristo te dem.’ Le “nusiwo le dziƒo” gome la, esusɔ vie ko eƒe tameɖoɖo nava eme vɔ keŋkeŋ. Ame 144,000 la katã ƒe ɖekawɔwɔ kple Yesu le dziƒo na “Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyui” la tu aƒe. Eyata wole agbanɔamedzi kpekpewo dem asi na nɔvi siwo tso alẽ bubuawo dome, amesiwo tsi tre ɖi na “nusiwo le anyigba dzi” la me tɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me eye wosubɔ ƒe geɖe la dometɔ geɖe wu bene woatsɔ akpe asi ɖe wo nɔvi amesiaminawo ŋu. Dzidzɔɣeyiɣi kawoe nye si me míele! Dzidzɔ kae nye si wònye be míakpɔe be Yehowa ƒe tameɖoɖo yina ɖe eme va ge keŋkeŋ! (Efesotɔwo 1:9, 10; 3:10-12; Nyaɖeɖefia 14:1; 19:7, 9) Eye dzidzɔ kae nye si wònye na alẽ bubuawo be yewoakpe asi ɖe yewo nɔvi amesiaminawo ŋu esi ƒuƒoƒo evea siaa le subɔsubɔm ɖekae abe “alẽha ɖeka” si le “alẽkplɔla ɖeka” te, eye wobɔbɔ wo ɖokui ɖe Fia Yesu Kristo te ene, eye be wòanye ŋutikɔkɔe na Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã Yehowa Mawu!—Yohanes 10:16; Filipitɔwo 2:9-11.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ August 1, 1981, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 16-26.
b Le kpɔɖeŋu me, tso ƒe 1914 me la, woɖe “The Photo-Drama of Creation” (Xexemewɔwɔ ƒe Foto Drama)—sinimaɖeɖe si le akpa ene me si me nukpɔkpɔwo kple nuƒowo le—na nukpɔla siwo yɔ fefewɔƒewo tititi le Ɣetoɖoƒenyigbawo katã dzi.
c Kpɔ Insight on the Scriptures, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., ta la ƒe Babla 2, axa 1163-4, na nusiwo anye woawo tae Yudatɔ Kristotɔwo atsɔ dzo ɖe Sea me léle ɖe asi ŋu la ƒe numeɖeɖe.
d Kpɔ Gbetakpɔxɔ, August 15, 1990, axa 30-1; December 15, 1990, axa 30.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
◻ Aleke Mawu ƒe habɔbɔ la yi ŋgɔe le ƒe alafa gbãtɔ me?
◻ Aleke nuwo yi edzii le Dziɖuha la gome le Yehowa Ðasefowo ƒe egbegbe ŋutinya me?
◻ Ŋɔŋlɔ kawoe ɖe mɔ be woana ŋusẽ alẽ bubuawo le Yehowa ƒe habɔbɔa me?
◻ Aleke woƒo “nusiwo le dziƒo” kple “nusiwo le anyigba” nu ƒu ɖekae de Kristo te?
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Esime dziɖuha la me tɔ gbãtɔwo meganɔ Yerusalem o hã la, dziɖuha aɖe gakpɔtɔ nɔ afima wɔ dɔ
[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]
Kristotɔ amesiamina siwo tsi le gbɔgbɔ me nye yayra na Yehowa ƒe amewo
C. T. Russell 1884-1916
J. F. Rutherford 1916-42
N. H. Knorr 1942-77
F. W. Franz 1977-92
M. G. Henschel 1992-